Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòhiã Be Nàtia Subɔsubɔhawo Mea?

Ðe Wòhiã Be Nàtia Subɔsubɔhawo Mea?

Ðe Wòhiã Be Nàtia Subɔsubɔhawo Mea?

MÍ KATÃ kloe míedina be míawɔ tiatia nyuitɔ ne míeyi asi me be míaɖaƒle nane. Ne wotsɔ atikutsetse kple amagbe hamehamewo ɖo mía ŋku me la, míetiaa wo me nyuie be míake ɖe esiwo adzɔ dzi na mí wu eye woanyo na míaƒe ƒomea la ŋu. Ne míekpɔ awu hamehame, siwo ƒe atsyã kple amadede le vovovo le awudzraƒe aɖe la, míete ŋu tiaa wo me be míakpɔ esi sɔ na mí nyuie wu la. Míaƒe dzodzrowo dzi koe míetua tiatia siwo míewɔna le agbe me la dometɔ aɖewo ɖo. Gake bubuwo, abe nuɖuɖu nyui alo xɔlɔ̃ nyanuwo tiatia ene, ya kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe dedienɔnɔ dzi. Ne nenemae la, ke subɔsubɔha si me míanɔ la tiatia ya ɖe? Mía ŋutɔwo ƒe dzodzrowo dzi koe wòle be míatu subɔsubɔha si míatia la ɖoa? Alo ɖe tiatia sia nye ŋkubiãnya si kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe dedienɔnɔ dzia?

Subɔsubɔha gbogbo aɖewo li siwo dome míawɔ tiatia le. Subɔsubɔblɔɖe le dukɔ geɖe me fifia, eye ame gbogbo aɖewo le dodom le wo dzilawo ƒe subɔsubɔha me faa. Numekuku aɖe si wowɔ le United States (États-Unis) ɖee fia be Amerikatɔ 80 le alafa me “xɔe se be subɔsubɔha ɖe sia ɖe me nɔnɔ ate ŋu ana woakpɔ ɖeɖe.” Le numekuku ma ke ƒe nya nu la, “ame siwo wobia gbee la dometɔ ɖeka le atɔ̃ ɖe sia ɖe me gblɔ be esime yewotsi va ɖo yewo ɖokui si la, yewova nɔ subɔsubɔhawo ɖɔlim.” Numekuku aɖe si wowɔ le Brazil la hã ɖee fia be Braziltɔ ɖeka le ene ɖe sia ɖe me do le subɔsubɔha aɖe me va ɖo bubu me.

Tsã la, amewo hea nya le vovototo si le subɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo me ŋu vevie. Fifia ya la, nukpɔsusu si bɔe nye be, ‘mehiã be nàtia subɔsubɔhawo me o.’ Gake nyateƒee wònyea? Ðe subɔsubɔha si nàtia la ate ŋu akpɔ ŋusẽ aɖe ɖe dziwòa?

Esi wònye be nuƒlela nyanuwo biaa nya tso nu si woaƒle ƒe wɔwɔme kple dzɔtsoƒe ŋuti godoo ta la, nunya anɔ eme be wò hã nàbia be, ‘Alekee subɔsubɔha vovovo siwo li la wɔ va dzɔ, eye nu ka tae?’ Biblia ɖo biabia siawo ŋu.

Alekee Subɔsubɔhawo Wɔ Va Dzɔ?

Anɔ abe ƒe akpe ɖeka ene do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigba dzi vava la, Fia Yerobeam to subɔsubɔ yeye aɖe vɛ le blema Israel. Yerobeam ye nye Israel ƒe dziehefiaɖuƒe nɔɖokuisi la ƒe fia gbãtɔ. Menɔ bɔbɔe nɛ be wòakplɔ dukɔa le mɔ si ana wòaɖo eya ŋutɔ ƒe ɖokuitɔdiditaɖodzinuwo gbɔ la nu o. Eya ta ‘fia la de adaŋu hewɔ sikanyivi eve, eye wògblɔ na dukɔa bena: Miede Yerusalem wòsɔ gbɔ azɔ! Israel, kpɔ ɖa, wò mawue nye si.’ (Fiawo I, 12:28) Edze ƒãa be fia la di be yeaɖo subɔsubɔ aɖe anyi, si awɔe be ameawo ƒe dzi natrɔ ɖa le tadeaguƒe yiyi le Yerusalem ŋu. Subɔsubɔ si Yerobeam to vɛ ɣemaɣi la nɔ anyi hena ƒe alafa geɖe, eye tsɔtsrɔ̃e va do tso eme na Israel dukɔa me tɔ xɔsegbela miliɔn geɖe, esime Mawu he ʋɔnudɔdrɔ̃ va wo dzi. Yerobeam ƒe dziɖuɖua dodo ɖe ŋgɔ tae wòto subɔsubɔ ma vɛ ɖo. Dunyahehe me taɖodzinuwo gbɔ ɖoɖo tae woɖo subɔsubɔha gã aɖewo siwo woyɔna le dukɔ aɖewo me be Dukɔa ƒe subɔsubɔha la hã ɖo, eye wo dometɔ aɖewo gakpɔtɔ li va se ɖe egbea.

Apostolo Paulo ɖe nu bubu aɖe si ʋãa amewo be woaɖo subɔsubɔha yeye la ɖe go esi wògblɔ be: “Menya bena, le nye dzodzo megbe la amegãxi nyanyrawo laɖo mia dome, amesiwo makpɔ alẽha la ta o; eye le mia ŋutɔwo dome la ŋutsu, siwo gblɔa nya dadawo la, latsi tre, be woahe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui yome.” (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) Zi geɖe la, subɔsubɔha me ŋgɔnɔla dadala aɖewo toa subɔsubɔ yeye vɛ be yewoatsɔ ahe amewo ɖe yewo ɖokui ŋu. Mamã ɖoa sɔlemeha siwo yɔa wo ɖokui alakpatɔe be Kristotɔwo la dome edziedzi, si wɔnɛ be ɖeko sɔlemeha yeyewo nɔa dodom tso wo nɔewo me.

Ame Ka Ŋue Subɔsubɔhawo Dina Be Yewoadze?

Ame aɖewo ɖoa subɔsubɔha yeye le esi wodi be yewoawɔ nu si me ame akpa gãtɔ tsɔa ɖe le vevie la na wo ta. Le kpɔɖeŋu me, magazine si nye Economist na nyatakaka aɖewo ku ɖe United States ƒe yeaɖi sɔlemehagãwo ŋu. Magazine la de dzesii be “ayemɔnu si adzɔha kpɔdzidzedzewo katã zãna, si nye agbagbadzedze be woawɔ woƒe asisiwo ƒe didiwo dzi la” kee sɔlemeha siawo hã zãna, si wɔe be wo me nɔlawo te ŋu le dzidzim ɖe edzi. Sɔlemeha siawo dometɔ aɖewo na be “videowo ɖeɖe, dramawo wɔwɔ, kple ha siwo le tsia dzi la dzidzi va zu woƒe subɔsubɔwɔnawo ƒe akpa vevi aɖe.” Sɔlemeha siawo ƒe ŋgɔnɔla aɖewo gblɔna be yewofiaa yewoƒe hameviwo ale si woawɔ anye “kesinɔtɔwo, kple ale si woawɔ anɔ lãmesẽ me eye kuxi aɖeke maɖe fu na wo o.” Le magazinea ƒe nya nu la, togbɔ be wohea nya ɖe sɔlemeha siawo ŋu be wozu “kpekpe ɖe ame ɖokui ŋu ƒe gadimɔnu” kple fefewɔhawo hã la, “didi be yewoadze yewoƒe hameviwo ŋu koe kplɔa wo dea nu mawo wɔwɔ me.” Magazine la ƒo nya ta be: “Asitsatsa tsɔtsɔ tsaka kple mawusubɔsubɔ alea le dzidzedze kpɔm ŋutɔ.”

Togbɔ be asitsanuwɔnawo medzena le subɔsubɔha aɖewo me gaglã o hã la, sɔlemeha siwo le “nu wɔm ɖe hameviwo ƒe didi nu” la na míeɖo ŋku nuxlɔ̃ame si Paulo na la dzi bena: “Ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu. Eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti, eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ.”—Timoteo II, 4:3, 4.

Esi wònye be dunyaheŋusẽnɔƒedidi, ŋkɔxɔxɔ, kple amewo ŋudzedze tae woɖoa subɔsubɔha geɖewo ɖo, ke menye didi be woadze Mawu ŋu o ta la, mewɔ nuku o be subɔsubɔhawo kpɔa gome le nu gbegblẽ wɔwɔwo abe, ɖeviwo gbɔ dɔdɔ, nu fitifiti wɔwɔ, aʋawɔwɔ, alo amewo dzi dzedze ŋutasesẽtɔe, ene me. Zi geɖe la, ameflunu koe subɔsubɔhawo nyena. Ke alekee nàwɔ be woagaflu wò o?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

Dunyaheŋusẽnɔƒe didi, ŋkɔxɔxɔ, kple amewo ŋudzedze tae woɖoa subɔsubɔha geɖewo ɖo, ke menye didi be woadze Mawu ŋu o