Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Nàwɔ Ade Dzesi Subɔsubɔha Vavãtɔ

Ale Si Nàwɔ Ade Dzesi Subɔsubɔha Vavãtɔ

Ale Si Nàwɔ Ade Dzesi Subɔsubɔha Vavãtɔ

SUBƆSUBƆHA akpa gãtɔ gblɔna be Mawu gbɔe yewoƒe nufiafiawo tso. Eya ta ehiã be míawɔ ɖe Yesu ƒe apostolo Yohanes ƒe nya siwo wòŋlɔ ɖi la dzi be: “Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ; eye gbɔgbɔ sia gblɔɖila geɖewo do go yi ɖe xexeame.” (Yohanes I, 4:1) Aleke míawɔ ado nane akpɔ ahanya ne Mawu gbɔe wòtso?

Nu sia nu si tso Mawu gbɔ la ɖea eƒe amenyenye fiana, vevietɔ eƒe nɔnɔme si ɖe dzesi wu, si nye lɔlɔ̃. Le kpɔɖeŋu me, ŋutete si le mía si be míeʋẽa nu sena, si nana míesea gbewo, seƒoƒowo, alo abolo si womè dzodzoe ƒe ʋeʋẽ lilili si doa dzidzɔ na ame la nye Mawu ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia. Ale si míete ŋu kpɔa ɣe ƒe amigogbagba, kpakpaluʋui, alo vidzĩ ƒe alɔgbɔnukoko la ɖea ale si Mawu lɔ̃ míi la fiana. Nenema kee wòle le ŋutete si le mía si be míesea hadzidzi viviwo, xewo ƒe xɔxlɔ̃, alo míaƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe gbe la hã gome. Amegbetɔ ƒe amenyenye gɔ̃ hã ɖea Mawu ƒe lɔlɔ̃ fiana, togbɔ be míede blibo o hã. Esia tae míekpɔa ‘dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ’ abe ale si Yesu gblɔe ene ɖo. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Esi wònye ‘Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔ’ mí ɖo tae lɔlɔ̃ɖeɖefia amewo doa dzidzɔ na mí ɖo. (Mose I, 1:27) Togbɔ be nɔnɔme vovovowo le Yehowa si hã la, eƒe amenyenye si ɖe dzesi wue nye lɔlɔ̃.

Ele be nuŋlɔɖi siwo tso Mawu gbɔ la naɖe eƒe lɔlɔ̃ afia. Blemanuŋlɔɖi gbogbo aɖewo le subɔsubɔha siwo le xexea me la si. Ðe agbalẽ siawo te ŋu ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ fia wòdze ƒãa?

Nyateƒeae nye be, subɔsubɔhawo ƒe blemanuŋlɔɖi akpa gãtɔ meƒo nu boo aɖeke tso ale si Mawu lɔ̃ míi alo ale si míate ŋu alɔ̃ Mawui la ŋu o. Eya ta ame miliɔn geɖewo mekpɔa ŋuɖoɖo na biabia sia o, be: “Nu ka tae Mawu ƒe lɔlɔ̃ dzena le nu siwo wòwɔ me, evɔ fukpekpe kple vɔ̃ɖinyenye gakpɔtɔ li ɖo?” Gake le mawusubɔsubɔ ŋuti blemanuŋlɔɖiwo katã dome la, Biblia koe ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ fia bliboe. Efiaa ale si míawɔ aɖe lɔlɔ̃ afia amewo hã mí.

Agbalẽ Si Ƒo Nu Tso Lɔlɔ̃ Ŋu

Mawu ƒe Nya, Biblia la, ɖee fia be Yehowa nye ‘lɔlɔ̃ ƒe Mawu.’ (Korintotɔwo II, 13:11) Biblia ƒo nu tso ale si lɔlɔ̃ ʋã Yehowa wòna ame eve gbãtɔawo nɔ agbe le nɔnɔme si me dɔléle kple ku menɔ o la me ŋu. Gake aglãdzedze ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋue he fukpekpe va ameƒomea dzi. (Mose V, 32:4, 5; Romatɔwo 5:12) Yehowa ɖe afɔ be yeagbugbɔ nu si wobu la aɖo eteƒe na mí. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gana numekɔkɔ geɖe mí ku ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋu esi woƒo nu tso ale si Mawu ɖo dziɖuɖu deblibo aɖe, si le Yesu ƒe kpɔkplɔ te, be yeagbugbɔ ahe ŋutifafa vɛ na amegbetɔ toɖolawo la ŋu.—Daniel 7:13, 14; Petro II, 3:13.

Biblia gblɔ nu siwo katã wobia tso amegbetɔwo si la kpuie ale: “‘Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.’ Esia nye se gbãtɔ si le vevie. Eye evelia, si ɖii la, enye bena: ‘Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ Se blibo la katã . . . ku ɖe nenem se eve siawo ŋuti.” (Mateo 22:37-40) Kpeɖodziwo le Biblia me siwo ɖee fia be agbalẽ si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ mee wònye vavã. Esi Biblia ɖe Mawu ƒe amenyenye fia wòdze ƒãa ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be etso ‘lɔlɔ̃ ƒe Mawu’ la gbɔ vavã.—Timoteo II, 3:16.

Ne míezã dzidzenu sia la, míate ŋu ade dzesi blemanuŋlɔɖi siawo dometɔ si tututu tso Mawu gbɔ. Míedzea si tadeagula vavãwo to ale si woɖea lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewoe hã dzi, elabena wosrɔ̃a Mawu le lɔlɔ̃ɖeɖefia me.

Ale Si Nàwɔ Ade Dzesi Ame Siwo Lɔ̃a Mawu

Woate ŋu akpɔ ame siwo lɔ̃a Mawu le nyateƒe me la adze sii bɔbɔe, vevietɔ fifia si míele ɣeyiɣi si Biblia yɔ be “ŋkeke mamlɛawo” la me. “Ðokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, . . . amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu” va le dzidzim ɖe edzi ŋutɔ.—Timoteo II, 3:1-4.

Alekee nàwɔ ade dzesi ame siwo lɔ̃a Mawu? Biblia na míenya be: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi.” (Yohanes I, 5:3) Lɔlɔ̃ na Mawu ʋãa amewo wodea bubu Biblia ƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, sewo le Mawu ƒe Nya la me ku ɖe srɔ̃ɖeɖe kple gbɔdɔdɔ ŋu. Srɔ̃tɔwo koe woɖe mɔ na be woakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me, eye ele be srɔ̃ɖeɖe nanye nu si nɔa anyi ɖaa. (Mateo 19:9; Hebritɔwo 13:4) Esi nyɔnu aɖe si le Spain, ame si srɔ̃ nu tso mawuŋutinunya ŋu, de Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe si me wonɔ Biblia ƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenuwo srɔ̃m movevieɖoɖotɔe le la, egblɔ be: “Esi medzo le takpekpea la, menye Ŋɔŋlɔawo me nuƒo siwo me nufiame le la ɖeɖe koe do ŋusẽm o, ke ɖekawɔwɔ si le ame siawo dome, woƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo, kple woƒe nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia hã do ŋusẽm.”

Tsɔ kpe ɖe ale si wolɔ̃a Mawui ŋu la, nu bubu si hã ɖea dzesi le Kristotɔ vavãwo ŋu bɔbɔe lae nye ale si woɖea lɔlɔ̃ fiaa wo haviwo. Woƒe dɔ vevitɔe nye nuƒoƒo tso ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia, si nye Mawufiaɖuƒea, ŋu na amewo. (Mateo 24:14) Naneke mate ŋu ahe viɖe mavɔwo vɛ na wo haviwo wu kpekpe ɖe wo ŋu be Mawu ŋuti sidzedze nasu wo si o. (Yohanes 17:3) Kristotɔ vavãwo ɖea woƒe lɔlɔ̃ fiana le mɔ bubuwo hã nu. Wonaa kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ ame siwo le fu kpem. Le kpɔɖeŋu me, esi anyigbaʋuʋu aɖe gblẽ nu le Italy vevie la, nutoa me nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be Yehowa Ðasefowo “na kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ amewo, wokpe ɖe ame siwo dze afɔku la ŋu, metsɔ le subɔsubɔha si me amea le me o.”

Tsɔ kpe ɖe Kristotɔ vavãwo ƒe lɔlɔ̃ na Mawu kple wo haviwo ŋu la, wolɔ̃a wo nɔewo hã. Yesu gblɔ be: “Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke. Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—Yohanes 13:34, 35.

Ðe ale si Kristotɔ vavãwo lɔ̃a wo nɔewoe la ɖe dzesi etɔxɛea? Ema, ame si nye nyɔnu si wɔa aƒemedɔ na amewo la bui nenema. Bolivia ƒe dugã si nye La Paz, afi si gbe vovovo dodo dea mama kesinɔtɔwo kple ame dahewo dome le zi geɖe lae wòwɔa dɔ le. Egblɔ be: “Zi gbãtɔ si mede Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe la, mekpɔ aƒetɔ aɖe si dzra ɖo nyuie ŋutɔ la nɔ anyi henɔ dze ɖom kple India nyɔnu aɖe. Nyemekpɔ nu ma tɔgbi kpɔ o. Ɣemaɣi tututue mede dzesii be Mawu ƒe amewoe nye esia.” Brazil ɖetugbui aɖe, si ŋkɔe nye Miriam, hã gblɔ nya mawo tɔgbi ke be: “Nyemenya ale si wokpɔa dzidzɔe o, le nye ƒomea me kura gɔ̃ hã. Yehowa Ðasefowo domee mekpɔ lɔlɔ̃ɖeɖefia ŋutɔŋutɔ le zi gbãtɔ.” Le United States la, televisiondɔwɔƒe aɖe ƒe nyadzɔdzɔwo ŋuti nyatakaka dzikpɔlagã ŋlɔ bena: “Ne ame geɖe nɔ agbe ɖe miaƒe xɔsea nu la, dukɔ sia manɔ abe ale si wòle fifia ene o. Nyadzɔdzɔdɔwɔlae menye, eye menya be wotu miaƒe habɔbɔa ɖe lɔlɔ̃ kple Wɔla la dzixɔxɔse vevie dzi.”

Di Subɔsubɔha Vavãtɔ La

Lɔlɔ̃e nye nu vevi si koŋ wotsɔna dea dzesi tadedeagu vavãtɔ. Yesu tsɔ keke ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋu sɔ kple keke ɖe mɔ nyuitɔ ŋu kple tiatia be woazɔ edzi. Eyae nye mɔ ɖeka kolia si kplɔa ame yia agbe mavɔ me. Yesu gblɔ be: “Miyi ɖe agbo bii la me; elabena agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme. Elabena agbo la le biie, eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋɛwo nye amesiwo kpɔnɛ.” (Mateo 7:13, 14) Kristotɔ vavãwo ƒe ha ɖeka pɛ koe le zɔzɔm kple Mawu ɖekae le tadedeagu vavãtɔa ƒe mɔa dzi. Eya ta subɔsubɔha si me nànɔ tiatia ƒe nya la le vevie ŋutɔ. Ne èke ɖe mɔ ma ŋu eye nètiae be yeazɔ edzi la, ekema èke ɖe agbenɔnɔmɔ nyuitɔ kekeake ŋu, elabena lɔlɔ̃ ƒe mɔe wònye.—Efesotɔwo 4:1-4.

Bu dzidzɔ si gbegbe nàkpɔ ne èle zɔzɔm le tadedeagu vavãtɔ ƒe mɔa dzi la ŋu kpɔ! Ðeko wòle abe zɔzɔ kple Mawu ene. Àte ŋu asrɔ̃ ale si nàdze nunya kple ale si nàɖe lɔlɔ̃ afiae be ƒomedodo nyui nanɔ mia kple amewo dome la tso Mawu gbɔ. Àte ŋu asrɔ̃ nu tso tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋu tso eyama gbɔ, àse Mawu ƒe ŋugbedodowo gɔme, eye etsɔme mɔkpɔkpɔ hã asu asiwò. Subɔsubɔha vavãtɔa didi mave wò akpɔ gbeɖe o.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Le mawusubɔsubɔ ŋuti blemanuŋlɔɖiwo dome la, Biblia koe ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ fia

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Woate ŋu ade dzesi Kristotɔ vavãwo le lɔlɔ̃ si woɖena fiana ta