Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fiaɖuƒe Si Metso “Xexe Sia Me O” La Sinu Kpɔkpɔ

Fiaɖuƒe Si Metso “Xexe Sia Me O” La Sinu Kpɔkpɔ

Agbemeŋutinya

Fiaɖuƒe Si Metso “Xexe Sia Me O” La Sinu Kpɔkpɔ

Abe Ale Si Nikolai Gutsulyak Gblɔe Ene

Metsi gamenɔla aglãdzelawo dome hena ŋkeke 41 sɔŋ. Esime menɔ alɔ̃ dɔm le zã aɖe me la, aʋawɔtu gãgãwo ƒe ɖiɖi sesĩe nyɔm le vome. Aʋawɔʋuwo kple asrafowo lũ ɖe asaɖaa me henɔ tu dam gamenɔlaawo. Nye agbe ɖo afɔku me.

NU KAE na meva ɖo nɔnɔme sia me? Mina maɖe eme na mi. Nu sia dzɔ le ƒe 1954 me esime mexɔ ƒe 30. Abe ale si wònɔ le Yehowa Ðasefo geɖe siwo nɔ Soviet dziɖuɖua te gome ene la, wolém de game le akpaɖekedzimademade le dunyahehe me kple gbeƒãɖeɖe tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu na amewo ta. Mí Ðasefo ŋutsu 46 kple nyɔnu 34 ye nɔ gakpɔa me. Míenɔ dɔsesẽwɔsaɖa si te ɖe kɔƒedu si nye Kengir, si le Kazakhstan ƒe titinanutowo me la me. Míenɔ gamenɔla akpe geɖewo dome le afi ma.

Joseph Stalin, si nye Soviet dziɖuɖua ŋgɔnɔla la, ku le ƒe si do ŋgɔ me. Eya ta gamenɔla geɖe kpɔ mɔ be ɖewohĩ dziɖuɖu yeye si le Moscow la aɖo to yewoƒe konyifafa le nɔnɔme sesẽ siwo me tom yewole le asaɖaa me ta. Gamenɔlawo ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe nɔnɔme siwo me wonɔ ŋu va do gã ɖe edzi hezu aglãdzenuwɔna ŋutɔŋutɔ. Nyaʋiʋli va do mo ɖa le gamenɔlawo kple dzɔlawo dome, eye ɣemaɣi la, ele na mí Ðasefowo be míaɖe nu me na gamenɔlawo kple dzɔlawo siaa nyuie be míele akpa aɖeke dzi o. Ebia Mawu dzixɔse hafi míate ŋu alé akpaɖekedzimademade me ɖe asi le nɔnɔme sia me.

Aglãdzedze!

Aglãdzenuwɔnawo dze egɔme le asaɖaa me le May 16 lia dzi. Le ŋkeke eve megbe la, gamenɔla siwo wu 3,200 sɔŋ la gbe be yewomawɔ dɔ o henɔ biabiam be woana nɔnɔmeawo naka ɖe eme na yewo, eye wobia hã be woana gomenɔamesi aɖewo nasu ame siwo wolé de ga le dunyahenyawo ta la si. Nuwo dzɔ kplɔ wo nɔewo ɖo kabakaba. Gbã la, aglãdzelawo nyã dzɔlawo do goe le asaɖaa me. Emegbe wogba gli si ƒo xlã asaɖaa la ƒe teƒe vovovowo. Esia megbe la, womu gli siwo tso ŋutsuwo kple nyɔnuwo dome la, si wɔe be gamenɔlawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, va nɔ anyi ɖekae le ƒuƒoƒo vovovo siwo woa ŋutɔwo woyɔ be ƒomewo la me. Le ŋkeke siwo kplɔe ɖo me la, gamenɔlawo tu aglo eye wo dometɔ aɖewo va ɖe wo nɔewo gɔ̃ hã, eye subɔsubɔhanunɔla siwo hã nye gamenɔlawo lae kpɔ woƒe srɔ̃ɖewɔnawo dzi. Le asaɖaa ƒe akpa etɔ̃awo, siwo me aglãdzenuwɔnawo yi edzi le me la, gamenɔla 14,000 siwo nɔ afi ma la dometɔ akpa gãtɔ kpɔ gome le eme.

Aglãdzelawo ɖo asaɖamekɔmiti aɖe bene yewoado go kple asrafoawo ahalé nyawo akpɔ. Gake eteƒe medidi o, dzre dzɔ ɖe kɔmitia me tɔwo dome, eye asaɖaa dzi kpɔkpɔ va tsi wo dometɔ siwo ƒe nya me sẽ kpaɖii la si me. Nɔnɔmeawo wɔe be ame geɖewo ƒe dziku va fla. Aglãdzelawo ƒe ŋgɔnɔlawo ɖo dedienɔnɔgbɔkpɔha, asrafonyawo gbɔkpɔha, kple nyatakakadɔwɔƒe, ale be yewoana nu si woa ŋutɔwo yɔ be “ɖoɖo” la nanɔ anyi. Aglãdzelawo ƒe ŋgɔnɔlawo zã gbeɖiɖimɔ̃ siwo wotsi ɖe ati kɔkɔwo ŋu ƒo xlã asaɖa la tsɔ nɔ gbeƒã ɖem dzikunyawo, si nana be aglãdzedze ƒe gbɔgbɔa nu gasẽna ɖe edzi. Aglãdzelaawo xe mɔ na amewo be woagasi o, wohe to na ame siwo tsi tre ɖe wo ŋu, eye wogblɔ be yewole klalo awu ame sia ame si mawɔ ɖeka kpli yewo o la. Afluiwo nɔ ɖiɖim be wowu gamenɔla aɖewo xoxo.

Esi aglãdzelaawo nyae be asrafowo ate ŋu ava dze yewo dzi ta la, wodzra ɖo nyuie be yewoakpe akɔ kpli wo. Aglãdzelawo ƒe ŋgɔnɔlawo ɖe gbe be gamenɔlawo katã nadi lãnuwo ɖe asi kple susu be wo dometɔ akpa gãtɔ nasu te akpe akɔ kple asrafoawo. Eya ta gamenɔlaawo ɖe fesremegawo tsɔ tu hɛwo kple lãnu bubuwo. Wote ŋu to mɔ aɖewo nu be tuwo kple bɔmbwo gɔ̃ hã su wo si.

Woƒoe Ðe Mía Nu Be Míakpɔ Gome Le Eme

Ɣemaɣi la, aglãdzelawo dometɔ eve va gbɔnye. Ðeka lé hɛ ɖaɖɛ aɖe ɖe asi hegblɔ nam be: “Xɔ hɛ sia! Àva hiãe atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta.” Medo gbe ɖa le tame hebia Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye maɖu ɖokuinye dzi. Meɖo eŋu be: “Kristotɔ Yehowa Ðasefoe menye. Menye kametete kple amewo tae wolé mía kple Ðasefo bubu siwo le afi sia ɖo o, ke boŋ kametete kple gbɔgbɔ makpɔmakpɔwo tae wolé mí ɖo. Míaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ na Mawu ƒe Fiaɖuƒeae nye aʋawɔnu siwo míetsɔ le kame tem kpli wo.—Efesotɔwo 6:12.

Ewɔ nuku nam be ŋutsua lɔ̃ ta be yese egɔme. Gake ŋutsu evelia ya ƒom sesĩe, emegbe wotrɔ dzo. Aglãdzelaawo nɔ tsatsam tso gaxɔ me yi gaxɔ me henɔ agbagba dzem be yewoazi Ðasefowo dzi woawɔ ɖeka kpli yewo le aglãdzenuwɔnaa me, gake mía nɔvi Kristotɔwo katã, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa gbe.

Aglãdzelawo ƒe kɔmitia dzro Yehowa Ðasefowo ƒe akpaɖekedzimademade ƒe nyaa me le woƒe kpekpe aɖe me. Wogblɔ be: “Xɔsehawo katã me tɔwo—Pentekosttɔwo, Adventisttɔwo, Baptisttɔwo, kple ame bubuwo katã—wɔ ɖeka kpli mí. Yehowa Ðasefowo koe gbe. Nu kae míatu kpli wo?” Ame ɖeka do susua ɖa be, yewoatsɔ Ðasefoawo dometɔ ɖeka aƒu gbe ɖe kpodzo si le asaɖaa me la me atsɔ ade vɔvɔ̃ lãme na mí ame susɔeawo. Gake ame aɖe, si nye asrafomegã kpɔ, si hã wolé de gae, si ŋu wodea bubui la, tso hegblɔ be: “Nunya mele eme o. Ele be míaƒo wo katã nu ƒu ɖe gaxɔ si le asaɖaa ƒe agbo nu tututu la me, ale be ne asrafoawo tsɔ aʋawɔʋuwo va dze mía dzi la, Ðasefoawoe anye ame gbãtɔ siwo woawu. Eye womabu fɔ mí be míawoe wu wo o.” Ame susɔeawo lɔ̃ ɖe eƒe susua dzi.

Woda Mí Ðe Afɔku Teƒe

Eteƒe medidi o, gamenɔlawo nɔ tsatsam le asaɖaa me henɔ ɣli dom be, “Yehowa Ðasefowo, mido go!” Emegbe wokplɔ mí ame 80 la katã ɖo ta gaxɔ si le agboa nu la gbɔ. Wohe abatiwo do goe le gaxɔa me bene mɔ nanɔ eme, eye woɖe gbe na mí be míage ɖe eme. Gaxɔ ma va zu míaƒe gaxɔ le asaɖaa me.

Bene mí ŋutsuwo kple nyɔnuwo míagatsaka o la, mía nɔvinyɔnuawo tɔ abadzivɔwo tsiã ɖe wo nɔewo nu, eye míezãe tsɔ ma gaxɔa me ɖe eve—akpa ɖeka nye ŋutsuwo tɔ eye akpa evelia nye nyɔnuwo tɔ. (Emegbe Ðasefo aɖe si nye Russiatɔ la ta gaxɔ sia, abe ale si wòdze le ete ene.) Esi míenɔ teƒe ma si xaxa ale gbegbe la, mí katã míedoa gbe ɖa ɖekae henɔa koko ƒom na Yehowa be wòana nunya kple “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la mí.—Korintotɔwo II, 4:7.

Le ɣeyiɣi mawo katã me la, wotsɔ mí ɖo afɔku teƒe, aglãdzelaawo le míaƒe akpa ɖeka, eye Soviet srafoawo hã le míaƒe akpa kemɛ. Mía dometɔ aɖeke menya nu si akpa ɖe sia ɖe awɔ tso ɣeyiɣi ma dzi yina o. Nɔviŋutsu Kristotɔ tsitsi wɔnuteƒe aɖe xlɔ̃ nu mí be: “Mehiã be mianɔ nu si ate ŋu adzɔ la ŋu bum o. Yehowa magblẽ mí ɖi o.”

Mía nɔvinyɔnu Kristotɔ lɔlɔ̃awo—sɔhɛwo kple tsitsiawo siaa—ɖe dzidodoŋutete wɔnuku aɖe fia. Ðeka xɔ ƒe 80 eye wòhiã kpekpeɖeŋu tɔxɛ. Bubuwo dze dɔ eye ehiã be woawɔ atike na wo. Le ɣeyiɣi mawo katã me la, aglãdzelaawo na gaxɔa ƒe ʋɔtruawo nɔ ʋuʋu ɖi ale be yewoanɔ ŋku lém ɖe mía ŋu edziedzie. Ne zã do la, gamenɔlawo dometɔ aɖewo léa tu ɖe asi vaa gaxɔa me. Ɣeaɖewoɣi la, míesenɛ wo dometɔ aɖewo gblɔna be “Mawu ƒe Fiaɖuƒea dɔ alɔ̃.” Le ŋkeke me, ne woɖe mɔ na mí míeyi nuɖuƒe la, míeƒoa ƒu ɖekae ɣesiaɣi henɔa gbe dom ɖa na Yehowa be wòakpɔ mía ta tso ŋutasẽlawo si me.

Le gaxɔa me la, míedzea agbagba doa ŋusẽ mía nɔewo le gbɔgbɔ me. Le kpɔɖeŋu me, edziedzi la, nɔviŋutsu aɖe kɔa gbe dzi vie gblɔa Biblia me ŋutinya aɖe na mí. Emegbe eɖea eme wòsɔna ɖe nɔnɔme si me tom míele nu. Gideon kple eƒe asrafowo ƒe ŋutinya gbɔgblɔ dzɔa dzi na nɔviŋutsu tsitsi aɖe ale gbegbe. Eɖo ŋku edzi na mí be: “Ame 300 siwo lé haƒonuwo ɖe asi la, wɔ aʋa kple asrafo 135,000 siwo bla aʋakpa la heɖu wo dzi le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Gake womewɔ nuvevi ame 300 la dometɔ aɖeke o.” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:16, 22; 8:10) Biblia me kpɔɖeŋu sia kple bubuwo do ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me. Ɣeyiɣi ʋɛ aɖe koe nye ma mezu Ðasefo, gake nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu kpɔnuteƒewo ƒe xɔse sẽŋu la teƒe kpɔkpɔ de dzi ƒo nam ŋutɔ. Mese le ɖokuinye me be Yehowa nɔ kpli mí vavã.

Aʋa La Fe Ati

Kwasiɖa geɖe va yi, eye nɔnɔmeawo nu nɔ sesẽm ɖe edzi le asaɖaa me. Aglãdzelaawo kple dziɖuɖua dome numedzodzrowo nu nɔ sesẽm ɖe edzi. Aglãdzelaawo ƒe ŋgɔnɔlawo te tɔ ɖe edzi be ele be dziɖuɖu si le Moscow la nadɔ eteƒenɔlawo ɖa woava kpe kpli yewo. Dziɖuɖua hã bia tso aglãdzelaawo si be woana ta, eye woaɖe asi le woƒe tuwo ŋu ahatrɔ ayi woƒe dɔwo gbɔ. Akpa ɖe sia ɖe gbe tanana. Le ɣemaɣi la, asrafowo ƒo xlã asaɖaa hesɔ gbe be yewoadze gamenɔlawo dzi ne wonya ɖe gbe na yewo ko. Aglãdzelaawo hã dzra ɖo ɖe aʋa la ŋu, woli kɔ aʋawɔnuwo ɖi eye wotsɔ nuwo xe mɔwo keŋ. Ame sia ame nɔ mɔ kpɔm be aʋa la ate ŋu atɔ zi le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me.

Le June 26 lia ƒe zã me la, aʋawɔtu gãgãwo ƒe gbeɖeɖe sesẽwo nyɔ mí tso alɔ̃ me. Aʋawɔʋuwo gbã glia helũ ɖe asaɖaa me. Asrafohawo dze wo yome bibibi henɔ tu siwo dana tre ɖe enu la dam. Gamenɔlaawo—ŋutsuwo kple nyɔnuwo—hã lɔ hoo gbɔna wokpe ge, nɔ ɣli dom be “Hoyee!” henɔ kpewo, bɔmb wɔwɔewo kple nu sia nu si dzi woƒe asi nya dze ko la dam wo. Aʋa la fe ati azɔ, eye mí Ðasefowo míetsi wo titina. Aleke Yehowa aɖo míaƒe gbedodoɖawo be wòaxɔ na mí la ŋui?

Kasia, asrafowo lũ ɖe míaƒe gaxɔa me. Wodo ɣli be: “Mi ame kɔkɔewo, mido go! Netsɔ, miyi ɖe kpɔa godo!” Asrafomegãa de se na asrafoawo be woagada tu mí o, ke boŋ be woanɔ mía ŋu ahakpɔ mía ta. Esime aʋaa nɔ edzi yim la, míeyi ɖanɔ anyi ɖe gbewo dzi le asaɖaa godo. Míenɔ bɔmbwo ƒe wowó, tuwo ƒe ɖiɖi, ɣlidodowo, kple konyifafawo sem hena gaƒoƒo ene sɔŋ. Esiawo megbe, ɖoɖoe koe zi toŋtoŋ. Esi agu dze la, míekpɔ asrafowo wonɔ ame kukuwo fɔm do goe tso asaɖaa me. Míese be ame alafa geɖewo xɔ abi, eye geɖewo hã ku.

Emegbe, asrafomegã aɖe si menya nyuie la te ɖe mía ŋu. Ebia dadatɔe be: “Nikolai, amekae kpɔ mia ta? Yehowae loo alo míawoe?” Míeda akpe nɛ tso dzime le ale si wokpe ɖe mía ŋu míetsi agbe la ta, hegblɔ kpee be, “Míeka ɖe edzi be mía Mawu ŋusẽkatãtɔ, Yehowae to mia dzi kpɔ mía ta, abe ale si wòto ame bubuwo dzi kpɔ esubɔlawo ta le blema ene.”—Ezra 1:1, 2.

Asrafomegã ma kee gblɔ ale si asrafoawo wɔ nya ame siwo míenye kple afi si tututu míele la na mí. Egblɔ be asrafoawo tso aglãdzelawo nu le woƒe numedzodzroawo dometɔ ɖeka me be wonɔa gamenɔla siwo mewɔ ɖeka kpli wo o la wum. Esi agladzelawo nɔ wo ɖokui nu ɖem la, wogblɔ be Yehowa Ðasefowo mewɔ ɖeka kpli yewo o, ke hã yewomewu wo o. Ke boŋ yewolɔ wo katã de gaxɔ ɖeka me tsɔ he to na wo. Asrafomegãawo ɖo ŋku nya mawo dzi.

Míenɔ Fiaɖuƒea Ƒe Akpa Dzi Sesĩe

Russiatɔ agbalẽŋlɔla Aleksandr Solzhenitsyn, si wonya nyuie la, ŋlɔ nu ku ɖe gamenɔlawo ƒe aglãdzenuwɔna si teƒe míekpɔ la ŋu ɖe eƒe agbalẽ si nye The Gulag Archipelago me. Eŋlɔ ku ɖe nu si dzɔ la ŋuti be, nu si gbɔ aglãdzedzea tsoe nye be “ele eme be míedi be míanɔ ablɔɖe me, . . . gake ame kae ana ablɔɖe ma mí?” Esi wònye be mí Yehowa Ðasefowo hã míenɔ asaɖa ma ke me ta la, míawo hã míekpɔ mɔ vevie be woana ablɔɖe mí. Gake menye ɖeko míedi be míakpɔ ablɔɖe tso gakpɔ me nɔnɔ me o, ke míekpɔ mɔ na ablɔɖe si Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖeɖe ko ate ŋu ana la hã. Esime míenɔ game la, míenya be míehiã ŋusẽdodo tso Mawu gbɔ bene míate ŋu anɔ eƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi sesĩe. Eye Yehowa na nu sia nu si míehiã la mí. Ena míeɖu dzi, yi kple aʋawɔnuwo matsɔmatsɔe.—Korintotɔwo II, 10:3.

Yesu Kristo gblɔ na Pilato be: “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o; nye fiaɖuƒe, ɖe wòtso xexe sia me la, ne nye dɔlawo aʋli tanye.” (Yohanes 18:36) Esi míenye Kristo yomedzelawo ta la, míedea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o. Edzɔ dzi na mí be le aglãdzeɣia kple emegbe siaa la, míaƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu ƒe Fiaɖuƒea dze amewo katã kpɔ. Le nyateƒe me la, Aƒetɔ Solzhenitsyn ŋlɔ nu tso nɔnɔme si míeɖe fia ɣemaɣi la ŋuti be: “Yehowa Ðasefowo vo le wo ɖokui me helé woƒe subɔsubɔdzixɔsewo me ɖe asi tamanamanae; wogbe ametakpɔnuwo tutu eye wogbe be yewomanye dzɔlawo hã o.”

Ƒe 50 kple edzivɔwo va yi tso esime ʋunyaʋunyanuwɔna mawo dzɔ. Gake edziedzi la, meɖoa ŋku ɣeyiɣi mawo dzi kple akpedada elabena mesrɔ̃ nu siwo aɖe vi nam hena ɣeyiɣi didi la tso eme. Esiawo dometɔ ɖekae nye be makpɔ Yehowa sinu ahaɖo ŋu ɖe eƒe alɔkame sesẽ la ŋu bliboe. Ẽ, abe mía nɔvi Ðasefo siwo gbɔ míelɔ̃a nu le o, siwo dometɔ geɖe nɔ afi si nye Soviet Union tsã ene la, míawo hã míekpɔ ale si Yehowa naa ablɔɖe vavãtɔ, ale si wòkpɔa ame ta heɖea ame siwo kpɔa Fiaɖuƒe si “metso xexe sia me o” sinu la teƒe.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Dɔsesẽwɔsaɖa si nɔ Kazakhstan, afi si wode mí game le

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ðasefowo ƒe gaxɔa ƒe nɔnɔmetata, nyɔnuwo ƒe akpa dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Mía kple nɔviŋutsu Kristotɔwo le asiɖeɖe le mía ŋu vɔ megbe