Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Se Agbe Ƒe Vivi Le Yehowa Vɔvɔ̃ Me

Se Agbe Ƒe Vivi Le Yehowa Vɔvɔ̃ Me

Se Agbe Ƒe Vivi Le Yehowa Vɔvɔ̃ Me

“Mivɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, elabena amesiwo vɔ̃nɛ la, hiã metua wo o.”—PSALMO 34:10.

1, 2. (a) Nukpɔsusu vovovo kawoe le Kristodukɔa si ku ɖe mawuvɔvɔ̃ ŋu? (b) Biabia kawo mee míadzro azɔ?

NE Kristodukɔa ƒe mawunyagblɔla aɖewo le nu fiam ku ɖe mawuvɔvɔ̃ ŋu la, zi geɖe la, wonɔa te ɖe nufiafia siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o dzi gblɔna be, Mawu hea to na nu vɔ̃ wɔlawo le dzomavɔ me. Nufiafia ma tsi tre ɖe nu si Biblia fia ku Yehowa, ame si nye lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu ŋu la ŋuti. (Mose I, 3:19; Mose V, 32:4; Romatɔwo 6:23; Yohanes I, 4:8) Kristodukɔa ƒe subɔsubɔnunɔla bubuwo ya gafiaa nu bubu kura. Womeƒoa nu tso mawuvɔvɔ̃ ŋu gbeɖe o. Ke boŋ wofiaa nu be ame sia ame kloe ƒe nu dzea Mawu ŋu, metsɔ le agbe si ƒomevi amea nɔna me o. Ema hã menye Biblia ƒe nufiafia o.—Galatiatɔwo 5:19-21.

2 Le nyateƒe me la, Biblia de dzi ƒo na mí be míavɔ̃ Mawu. (Nyaɖeɖefia 14:7) Nyateƒenya ma fɔ nyabiase aɖewo ɖe te. Nu ka tae Mawu si lɔ̃a ame la adi be woavɔ̃ ye ɖo? Vɔvɔ̃ ka ƒomevie Mawu dina? Aleke mawuvɔvɔ̃ ate ŋu aɖe vi na míi? Psalmo 34 lia ƒe akpa mamlɛawo me dzodzro akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo.

Nu Si Ta Wòle Be Míavɔ̃ Mawu

3. (a) Alekee nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe sedede si nye be míavɔ̃ Mawu la ŋu? (b) Nu ka tae ame siwo vɔ̃a Yehowa la kpɔa dzidzɔ ɖo?

3 Edze be míavɔ̃ Yehowa, elabena eyae nye xexea katã Wɔla kple Dziɖulagã. (Petro I, 2:17) Ke hã, vɔvɔ̃ sia menye ŋɔdzi si alé ame le mawu ŋutasẽla aɖe ŋu o. Enye mawusosroɖa kple bubu deto dede Yehowa ŋu le ame si ƒomevi wònye ta. Egafia vɔvɔ̃ be woawɔ nu siwo medzea eŋu o hã. Mawuvɔvɔ̃ menye ŋɔdzi kple dzodzodzoetsitsi o, ke boŋ enye vɔvɔ̃ nyuitɔ si tua ame ɖo. Yehowa, ‘Mawu dzidzɔtɔ’ la, di be yeƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo nase agbe ƒe vivi. (Timoteo I, 1:11) Gake hafi esia nava eme na mí la, ele be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu. Le ame geɖe gome la, esia bia be woatrɔ asi le woƒe agbenɔnɔ ŋu. Ame siwo katã wɔa tɔtrɔ siwo hiã la kpɔa hakpala Dawid ƒe nya siawo ƒe nyateƒenyenye dzea sii kɔte be: “Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo; woayra ŋutsu, si sii tso. Mivɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, elabena amesiwo vɔ̃nɛ la, hiã metua wo o.” (Psalmo 34:9, 10) Nu siwo ɖea vi hena ɣeyiɣi didi la dometɔ aɖeke metoa ame siwo katã vɔ̃a Yehowa ŋu o, le esi wole ƒomedodo nyui me kple eyama ta.

4. Kakaɖedzinya kae Dawid kple Yesu siaa gblɔ?

4 De dzesii be Dawid yɔ exɔlɔ̃awo be “ame kɔkɔewo” tsɔ de bubu wo ŋu, abe ale si wowɔnɛ ɣemaɣi ene. Wonye Mawu ƒe dukɔ kɔkɔea me tɔwo. Wode woƒe agbe hã afɔku me, le esi wokplɔ Dawid ɖo ta. Togbɔ be ɖe wonɔ sisim le Fia Saul nu hã la, Dawid ka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi akpɔ woƒe nuhiahiã veviwo gbɔ na wo. Dawid ŋlɔ bena: “Hiã tua dzataviwo, eye dɔ wua wo, ke amesiwo dia Yehowa la, kesinɔnu aɖeke mehiãa wo o.” (Psalmo 34:11) Yesu hã gblɔ kakaɖedzinya mawo tɔgbi na eyomedzelawo.—Mateo 6:33.

5. (a) Ame ka ƒomeviwoe Yesu yomedzela geɖewo nye? (b) Aɖaŋu kae Yesu ɖo ku ɖe vɔvɔ̃ ŋu?

5 Ame siwo Yesu nɔ nu ƒom na ɣemaɣi la dometɔ akpa gãtɔ nye Yudatɔ tsɛ siwo dzi nu mede o. Eya ta Yesu ƒe “dɔme trɔ ɖe wo ŋuti; elabena woƒe lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.” (Mateo 9:36) Ðe dzi anɔ ame tsɛ siawo ƒo woadze Yesu yomea? Hafi woate ŋui la, ele be woatu Yehowa vɔvɔ̃ ɖo, ke menye amegbetɔvɔvɔ̃ o. Yesu gblɔ be: “Migavɔ̃ amesiwo wua ŋutilã, eye esia megbe la naneke megale wo si wu bena, woawɔ o la o. Ke mafia amesi miavɔ̃ la mi: Mivɔ̃ amesi, ne ewu ame, emegbe la ŋusẽ le esi be, wòatsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe me; ẽ, mele egblɔm na mi bena: Eyama miavɔ̃! Alo womedzraa atsutsre atɔ̃ xɔa hotakpo oa? Eye womeŋlɔ wo dometɔ aɖeke be le Mawu ƒe ŋku me o. Ke woxlẽ miaƒe taɖawo katã hã. Migavɔ̃ o; mia tɔ vena wua atsutsre geɖewo tɔ.”—Luka 12:4-7.

6. (a) Yesu ƒe nya kawoe doa ŋusẽ Kristotɔwo? (b) Nu ka tae míagblɔ be Yesue nye ame si ɖo mawuvɔvɔ̃ ŋuti kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi?

6 Ne futɔwo ƒoe ɖe Yehowa vɔ̃lawo nu be woadzudzɔ Mawu subɔsubɔ la, woate ŋu aɖo ŋku Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Amesiame, si ke atsɔm aʋu me le amewo ƒe ŋku me la, Amegbetɔvi la hã aʋu eyama me le mawudɔlawo ƒe ŋku me; ke amesi ke gbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, woagbe nu le eya hã gbɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me.” (Luka 12:8, 9) Nya siawo doa ŋusẽ Kristotɔwo, vevietɔ wo dometɔ siwo le dukɔ siwo me woxe mɔ ɖe tadedeagu vavãtɔ nu le la me. Kristotɔ siawo yia edzi nɔa Yehowa kafum le kpekpewo kple dutoƒosubɔsubɔdɔa me, le tsitretsiɖeŋulawo ƒe manyamanya me. (Dɔwɔwɔwo 5:29) Yesue ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi le ‘mawuvɔvɔ̃’ gome. (Hebritɔwo 5:7) Mawu ƒe Nya la gblɔ ɖi tso eyama ŋu be: “Yehowa ƒe gbɔgbɔ, si nye . . . Yehowa vɔvɔ̃ ƒe gbɔgbɔ la, anɔ edzi. Yehowa vɔvɔ̃ ƒe nu anyo eŋu.” (Yesaya 11:2, 3) Eya ta edze ƒãa be Yesu nye ame si dze nyuie afia nu mí tso mawuvɔvɔ̃ me viɖewo ŋu.

7. (a) Ne míagblɔe la, aleke Kristotɔwo le wɔwɔm ɖe ame kpekpe si ɖi Dawid tɔ la dzii? (b) Aleke dzilawo ate ŋu asrɔ̃ Dawid ƒe kpɔɖeŋu nyui la?

7 Ne míagblɔe la, ame siwo katã srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋua henɔa agbe ɖe eƒe nufiafiawo nu la, to esia dzi le wɔwɔm ɖe amekpekpe aɖe si sɔ kple Dawid tɔ sia dzi bena: “Viwo, miva, milé to ɖe ŋunye, ne mafia Yehowa-vɔvɔ̃ mi!” (Psalmo 34:12) Esɔ be Dawid yɔ exɔlɔ̃awo be “viwo,” elabena wobua Dawid be eyae nye yewoƒe ŋgɔnɔla. Eya ta Dawid na gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu eyomedzela siawo bene woawɔ ɖeka eye Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi wònye na dzila Kristotɔwo! Yehowa tsɔ agbanɔamedzi de wo si ku ɖe wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo ŋu be ‘woanyi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.’ (Efesotɔwo 6:4) Dzilawo kpena ɖe wo viwo ŋu wosea agbe ƒe vivi le Yehowa vɔvɔ̃ me, to gbɔgbɔmenuwo me dzodzro kpli wo gbe sia gbe kpakple Biblia sɔsrɔ̃ kpli wo edziedzi me.—Mose V, 6:6, 7.

Ale Si Míaɖe Mawuvɔvɔ̃ Afiae

8, 9. (a) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be vivisese le mawuvɔvɔ̃gbenɔnɔ me? (b) Nu kae míaƒe aɖe dzi kpɔkpɔ lɔ ɖe eme?

8 Abe ale si míede dzesii do ŋgɔ ene la, Yehowa vɔvɔ̃ menana míedoa kpo dzidzɔkpɔkpɔ o. Dawid bia be: “Amekae le agbe dim, amesi lɔ̃a ŋkeke geɖe, be yeakpɔ dzɔgbenyuie?” (Psalmo 34:13) Edze ƒãa be Yehowa vɔvɔ̃e nye nu vevi si nana ame te ŋu nɔa agbe didi eye nu dzea edzi nɛ. Gbɔgblɔ be “mevɔ̃a Mawu” le bɔbɔe. Gake eɖeɖefia to míaƒe nuwɔnawo me ya mele bɔbɔe o. Eya ta Dawid yi edzi ɖe nu me ku ɖe ale si míate ŋu aɖe mawuvɔvɔ̃ afiae ŋu.

9 “Kpɔ wò aɖe dzi ɖe vɔ̃ ŋu kple wò nuyiwo dzi, ne womagagblɔ alakpanya o!” (Psalmo 34:14) Gbɔgbɔ ʋã apostolo Petro wòyɔ Psalmo 34 lia ƒe kpukpui sia me nyawo tsɔ ƒo aɖaŋu si wòɖo na Kristotɔwo be woalɔ̃ wo nɔewo abe nɔviwo ene la ta. (Petro I, 3:8-12) Míaƒe aɖe dzi kpɔkpɔ ɖe vɔ̃ ŋu fia be míaƒo asa na ameŋugblẽnyawo gbɔgblɔ. Le esia teƒe la, ele be míadze agbagba be míaƒe nuƒoƒo natu ame siwo le to ɖom mí la ɖo. Gawu la, ele be míadze agbagba alé dzi ɖe ƒo ahato nyateƒe.—Efesotɔwo 4:25, 29, 31; Yakobo 5:16.

10. (a) Ðe nu si wòfia be míate ɖa le nu si nye vɔ̃ ŋu la me. (b) Nu kawoe nye nu nyui siwo míate ŋu awɔ la dometɔ aɖewo?

10 “Te ɖa le vɔ̃ ŋu, eye nawɔ nu nyui: di ŋutifafa, eye nati eyome!” (Psalmo 34:15) Míeƒoa asa na nu siwo Mawu tsri la wɔwɔ. Nu siawo dometɔ aɖewoe nye gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ, amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ, fififi, gbɔgbɔyɔyɔ, anyrawɔwɔ, aha tsu nono, kple atike vɔ̃ɖiwo zazã. Míeƒoa asa na modzakaɖeɖe siwo me nuwɔna nyɔŋu siawo nɔna la hã. (Efesotɔwo 5:10-12) Ðe esiawo teƒe la, míezãa míaƒe ɣeyiɣiwo tsɔ wɔa nu nyuiwo. Nu nyuitɔ kekeake si míate ŋu awɔ enye be míakpɔ gome le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me edziedzi, atsɔ akpe ɖe amewo ŋu woakpɔ xɔxɔ. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Dzadzraɖo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu kple wo dede, nudzɔdzɔ hena xexea me katã ƒe dɔa, míaƒe Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo, kple ɖetsɔtsɔ le Kristotɔ siwo dzi nu mede o ƒe nuhiahiãwo me hã nye nu nyui siwo míate ŋu awɔ la dometɔ aɖewo.

11. (a) Aleke Dawid nɔ agbe ɖe nya si eya ŋutɔ gblɔ ku ɖe ŋutifafa me nɔnɔ kple amewo ŋu la nui? (b) Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ ‘ati ŋutifafa yome’ le hamea me?

11 Dawid ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le ŋutifafa yometiti me. Mɔnukpɔkpɔ su esi zi eve sɔŋ be wòawu Saul. Le go evea siaa me la, eƒo asa na ŋutasẽnuwɔwɔ, eye wòƒo nu na fia la bubutɔe emegbe kple susu be yeana ŋutifafa nanɔ yewo dome. (Samuel I, 24:9-12; 26:17-20) Nu kae míate ŋu awɔ egbea, ne nɔnɔme aɖe do mo ɖa, si di be yeagblẽ ŋutifafa si le hamea me la dome? Ele be ‘míadi ŋutifafa, eye míati eyome.’ Eya ta ne míede dzesii be mía kple haxɔsetɔ aɖe dome mele nyuie o la, ele be míawɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Nayi aɖadzra mia kple nɔviwò dome ɖo gbãgbiagbã.” Emegbe míayi edzi alé tadedeagu vavãtɔ ƒe wɔna vevi bubuwo me ɖe asi.—Mateo 5:23, 24; Efesotɔwo 4:26.

Yehowa Vɔvɔ̃ Hea Yayra Gbagowo Vɛ

12, 13. (a) Viɖe kawo kpɔmee mawuvɔ̃lawo le egbea? (b) Teƒeɖoɖo gã kae eteƒe madidi o tadeagula wɔnuteƒewo akpɔ?

12 “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu.” (Psalmo 34:16) Ale si Mawu wɔ nu kple Dawid la ŋuti nuŋlɔɖiwo ɖo kpe edzi be nya siawo nye nyateƒe. Egbea la, míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme deto le esi míenya be Yehowa le mía ta kpɔm la ta. Míeka ɖe edzi be akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí ɣesiaɣi, ne míele xaxawo me tom gɔ̃ hã. Míenyae be, abe ale si wogblɔe ɖi ene la, eteƒe madidi o, Gog si tso Magog adze tadeagula vavãwo katã dzi, eye “Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la” ava. (Yoel 2:11; 3:4; Xezekiel 38:14-18, 21-23) Nɔnɔme ka kee adze ŋgɔ mí ɣemaɣi o, Dawid ƒe nyawo ava eme na mí be: “Wodo ɣli, Yehowa see, eye wòɖe wo tso woƒe xaxawo katã me.”Psalmo 34:18.

13 Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye na mí ɣemaɣi be míakpɔ eteƒe esime Yehowa ado eƒe ŋkɔ gã la ɖe dzi! Mawusosroɖa kple mawuvɔvɔ̃ bubutɔe ayɔ míaƒe dziwo me geɖe ɣemaɣi wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe, eye woatsrɔ̃ tsitretsiɖeŋulawo katã gbɔɖiametɔe. Elabena psalmo la gblɔ be: “Yehowa klẽ ŋku ɖe amesiwo le vɔ̃ wɔm la, ne yeatsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi.” (Psalmo 34:17) Teƒeɖoɖo gã ka gbegbee nye esi be míakpɔ ɖeɖe age ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye xexe yeyea me!

Ŋugbedodo Siwo Nana Míedoa Dzi

14. Togbɔ be fukpekpewo ava mía dzi hã la, nu kae akpe ɖe mía ŋu míado dzi?

14 Fifia gɔ̃ hã la, toɖoɖo Yehowa le xexe gblẽku vɔ̃ɖi sia me bia dzidodo. Mawuvɔvɔ̃ kpena ɖe mía ŋu geɖe be míanye toɖolawo. Le ɣeyiɣi sesẽ siawo siwo me míele ta la, Yehowa subɔla aɖewo dzea ŋgɔ nɔnɔme siwo nu sẽ ale gbegbe, siwo gbãa dzi na wo heɖea dzi le wo ƒo. Ke hã, woate ŋu aka ɖe edzi bliboe be ne yewotrɔ ɖe Yehowa ŋu la, akpe ɖe yewo ŋu yewoado dzi. Dawid ƒe nya siawo faa akɔ na ame ŋutɔ, be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.” (Psalmo 34:19) Dawid yi edzi gblɔ dzideƒonametɔe be: “Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ, ke Yehowa ɖenɛ tsoa wo katã me.” (Psalmo 34:20) Fukpekpe kawo gbegbee aɖava mía dzi o, ŋusẽ le Yehowa si be wòaɖe mí tso wo katã me.

15, 16. (a) Afɔku ka ŋu nyae Dawid se le Psalmo 34 lia ŋɔŋlɔ vɔ megbe teti? (b) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míado dzi le dodokpɔ sesẽwo me?

15 Esi Dawid wu Psalmo 34 lia ŋɔŋlɔ nu vɔ teti ko la, ese afɔku si dzɔ ɖe Nob dua me nɔlawo dzi, esime Saul na wowu wo katã hekpe ɖe nunɔla akpa gãtɔ ŋuti la ŋu nya. Aleke gbegbee wòaxa nui enye si ne eɖo ŋku edzi be yeƒe Nob dua me yiyie na Saul ƒe dziku fla ɖe wo ŋu! (Samuel I, 22:13, 18-21) Ðikeke mele eme o be Dawid tsɔ nyawo de asi na Yehowa, eye kakaɖedzitɔe la, etsɔme mɔkpɔkpɔ si ku ɖe “ame dzɔdzɔewo” ƒe tsitretsitsi ŋu la anya fa akɔ nɛ.—Dɔwɔwɔwo 24:15.

16 Tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa doa ŋusẽ míawo hã egbea. Míenyae be naneke meli si míaƒe futɔwo awɔ mí, si agblẽ nu le mía ŋu tegbee o. (Mateo 10:28) Dawid ɖe kakaɖedzi ma tɔgbi fia le nya siawo me be: “Ekpɔa [ame dzɔdzɔe la ƒe] ƒuwo katã ta, womaŋe wo dometɔ aɖeke o.” (Psalmo 34:21) Kpukpui sia va eme ŋutɔŋutɔ le Yesu gome. Togbɔ be wowu Yesu ŋutasesẽtɔe hã la, ‘womeŋe’ eƒe ƒuwo dometɔ aɖeke o. (Yohanes 19:36) Le mɔ bubu nu la, Psalmo 34:21 lia na kakaɖedzi mí be nɔnɔme sesẽ ka kee ava Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ “alẽ bubuwo” dzi o, magblẽ nu le wo ŋu tegbee gbeɖe o. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, womaŋe woƒe ƒuwo dometɔ aɖeke o.—Yohanes 10:16.

17. Afɔku kae le ame siwo tia Yehowa ƒe amewo yome dzimematrɔmatrɔe la lalam?

17 Gake manɔ alea le ame vɔ̃ɖiwo ya gome o. Eteƒe madidi o, woaŋe nu gbegblẽ siwo woƒã la, abe ale si psalmo la gblɔe ene be: “Dzɔgbevɔ̃e wua ame vɔ̃ɖi la, eye amesiwo lé fu ame dzɔdzɔe la la, woakpɔ woƒe dzidada tɔ nua.” (Psalmo 34:22) Afɔku gãtɔ kekeake adzɔ ɖe ame siwo yi edzi le tsitre tsim ɖe Mawu ƒe amewo ŋu la dzi. Le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefiaɣi la, “[woakpɔ] fetu vɔ̃, si nye gbegblẽ mavɔmavɔ la.”—Tesalonikatɔwo II, 1:9.

18. Gɔmesese ka nue “ameha gã” la kpɔ ɖeɖe le xoxo, eye nu ka teƒee woakpɔ le etsɔme?

18 Dawid wu Psalmo 34 lia nu kple kakaɖedzinya siawo be: “Yehowa neɖe eƒe dɔlawo ƒe luʋɔ, eye amesiwo katã sii tso la, womakpɔ woƒe dzidada tɔ nua o.” (Psalmo 34:23) Fia Dawid gblɔ le ƒe 40 siwo wòtsɔ ɖu fia la ƒe nuwuwu lɔƒo be: “[Mawu] ɖem tso hiãwo katã me.” (Fiawo I, 1:29) Abe Dawid ene la, eteƒe madidi o, Yehowa vɔ̃lawo atrɔ akpɔ megbe ahakpɔ dzidzɔ le ale si wòɖe wo tso nu vɔ̃ ƒe fɔɖiɖi ɖe sia ɖe kple dodokpɔ sesẽwo katã me la ta. Kristotɔ amesiaminawo dometɔ akpa gãtɔ xɔ woƒe dziƒofetua xoxo. Fifia la, “ameha gã” aɖe tso dukɔwo katã me le ɖeka wɔm kple Yesu nɔvi mamlɛawo hele Mawu subɔm, eye esia wɔe be tenɔnɔ nyui su wo si le Yehowa ŋku me. Elabena woɖe ŋusẽ si le Yesu ƒe ʋu, si wòkɔ ɖi hena ameƒomea ɖeɖe, ŋu la dzixɔxɔse fia. Le Kristo Ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɣia la, woawɔ tafevɔsa la ƒe viɖewo ŋu dɔ na wo bliboe ahana woaɖo amegbetɔ ƒe blibodede gbɔ.—Nyaɖeɖefia 7:9, 14, 17; 21:3-5.

19. Nu kae “ameha gã” la me tɔwo ɖoe kplikpaa be yewoawɔ?

19 Nu ka tae woayra Mawu subɔla siwo nye “ameha gã” la nenema gbegbe ɖo? Elabena woɖoe kplikpaa be yewoayi edzi avɔ̃ Yehowa, si fia be yewoasubɔe le ŋudzedzekpɔkpɔ geɖe kple toɖoɖo eyama bubutɔe me. Vavãe, Yehowa vɔvɔ̃ nana míesea vivi le agbe me fifia, eye wòle kpekpem ɖe mía ŋu be míaƒe “asi nasu agbe vavã,” si nye agbe mavɔ nɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me, la dzi.—Timoteo I, 6:12, 18, 19; Nyaɖeɖefia 15:3, 4.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu ka ta wòle be míavɔ̃ Mawu, eye nu kae eyama vɔvɔ̃ fia?

• Ŋusẽ kae wòle be mawuvɔvɔ̃ nakpɔ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi?

• Teƒeɖoɖo kawoe le mawuvɔvɔ̃ me?

• Ŋugbedodo kawoe kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Yehowa vɔ̃lawo dzea aɖaŋu le mɔxeɖenu te

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Nu nyuitɔ kekeake si míate ŋu awɔ na mía haviwoe nye be míagblɔ Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na wo