Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Sinu Kpɔkpɔ Dzidzɔtɔe

Yehowa Sinu Kpɔkpɔ Dzidzɔtɔe

Yehowa Sinu Kpɔkpɔ Dzidzɔtɔe

ÐE NÈÐU atikutsetse gbogbo kpɔa? Ðikeke mele eme o be mevivi nuwò kura o. Exɔa ɣeyiɣi hafi atikutsetse ɖina, eye edea ame dzi be woakpɔ atikutsetsea sinu wòaɖi. Gake nɔnɔme bubuwo hã li siwo me wòɖea vi le ŋutɔ be woalala. Biblia gblɔ be: “Enyo be, woanɔ anyi kpoo anɔ Yehowa ƒe xɔname sinu kpɔm.” (Konyifahawo 3:26; Tito 2:13) Mɔ kawo nue wòle be Kristotɔwo nakpɔ Yehowa sinu le? Aleke Yehowa sinu kpɔkpɔ ate ŋu aɖe vi na míi?

Mawu Sinu Kpɔkpɔ —Nu Kae Wòlɔ Ðe Eme?

Abe Kristotɔwo ene la, ‘míele lalam, eye míaƒe susu le Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋu vevie.’ Míele ɖeɖekpɔkpɔ lalam le esime Mawu ava ‘tsrɔ̃ ame mavɔ̃mawuwo ɖa.’ (Petro II, 3:7, 12, NW) Yehowa ŋutɔ hã le didim vevie be yeahe vɔ̃ɖinyenyewo katã ava nuwuwu, gake ele dzi gbɔm ɖi blewuu ale be wòate ŋu axɔ na Kristotɔwo le mɔ si akɔ eƒe ŋkɔa ŋuti la nu. Biblia gblɔ be: “Mawu, esime wòle didim be, yeaɖe eƒe dziku ɖe go afia, eye yeana woanya eƒe ŋusẽ la, tsɔ dzigbɔgbɔ blewu geɖe lé dziku ƒe ze, siwo wodzra ɖo ɖi hena gbegblẽ la, ɖe asi, bene yeana woanya eƒe ŋutikɔkɔe ƒe agbɔsɔsɔ hã ɖe nublanuikpɔkpɔ ƒe ze [la ŋu].” (Romatɔwo 9:22, 23) Abe ale si ko Yehowa wɔ le Noa ƒe ŋkekeawo mee ene la, enya ɣeyiɣi si tututu dzi wòaɖe eƒe amewo egbea hã. (Petro I, 3:20) Eya ta Mawu sinu kpɔkpɔ bia be woalala akpɔ esinu va se ɖe ɣeyiɣi si dzi wòaxɔ na ame.

Esi míele Yehowa ƒe ŋkekea lalam la, dzi ate ŋu aku mí ɣeaɖewoɣi ne míekpɔ ale si gbegbe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo le to yim ɖe edzi le xexe si ƒo xlã mí mee la. Le ɣeyiɣi mawo me la, anyo be míade ŋugble le Mawu ƒe nyagblɔɖila Mixa ƒe nya siawo ŋu be: “Nuteƒewɔlawo nu yi le anyigba dzi, eye ame dzɔdzɔe aɖeke megale amegbetɔwo dome o.” Emegbe egblɔ kpee be: “Ke nye la matsa ŋu na Yehowa, eye makpɔ Mawu, nye xɔnametɔ sinu.” (Mixa 7:2, 7) ‘Mawu sinu kpɔkpɔ’ ƒe nɔnɔme kae wòle be míatu ɖo? Esi wònye be zi geɖe la, lala medoa dzidzɔ na ame o ta la, aleke míate ŋu anɔ dzidzɔ kpɔm esime míele Mawu sinu kpɔm?

Dzidzɔkpɔkpɔ Esime Míele Lalam

Míate ŋu asrɔ̃ nɔnɔme nyuitɔ tso Yehowa gbɔ. ‘Dzidzɔ Mawue’ wònye tso tititi ke. (Timoteo I, 1:11) Ele dzidzɔ kpɔm esime wòle lalam, elabena eyi edzi le dɔ wɔm be yeana yeƒe tame si yeɖo be yeagbugbɔ akplɔ amegbetɔwo woaɖo blibodede gbɔ, abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene la nava eme. (Romatɔwo 5:12; 6:23) Ekpɔe be viɖe nyuiwo le dodom tso yeƒe dɔwɔnawo me—eyae nye be ame miliɔn geɖe le ŋudzedze kpɔm ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu. Yesu gblɔ be: “Fofonye le dɔ wɔm vaseɖe fifi, eye nye hã mele dɔ wɔm.” (Yohanes 5:17) Nuwo wɔwɔ na ame bubuwo le vevie bene míakpɔ dzidzɔ. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Nenema kee Kristotɔ vavãwo hã menɔa lalam naneke mawɔmawɔe o. Ke boŋ woyia edzi nɔa kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso tameɖoɖo si le Mawu si na ameƒomea la ŋu.

Nuteƒewɔla geɖewo kpɔa dzidzeme le kafukafu tsɔtsɔ na Mawu me esime woyi edzi le mɔ kpɔm na eƒe ɣeyiɣi si dzi wòaɖe wo la. Le kpɔɖeŋu me, bu Dawid ŋu kpɔ. Woƒe fia la ŋutɔ ti eyome, eƒe zɔhɛ kplikplikpli zɔ egɔme, eye ye ŋutɔ via hã tso ɖe eŋu. Le nɔnɔme siawo dometɔ ɖe sia ɖe me la, ɖe wòate ŋu anya wɔ be Dawid nanɔ dzidzɔ kpɔm esime wònɔ mɔ kpɔm be ɖeɖekpɔkpɔ ava na ye le Yehowa ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi nyuitɔ dzia? Psalmo 71 lia, si edze ƒãa be Dawid ye ŋlɔe la, gblɔ be: “Ke nyea manɔ mɔkpɔkpɔ dzi ɖaa, eye madzi wò kafukafu ɖe dzi. Nye nu axlẽ wò dzɔdzɔenyenye afia, kple wò xɔname hã ɣesiaɣi.” (Psalmo 71:14, 15) Le esi teƒe be Dawid nanɔ lalam le nuxaxa me la, dzi nɔ edzɔm boŋ, elabena eyi edzi nɔ Yehowa kafum henɔ kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu le tadedeagu vavãtɔ me.—Psalmo 71:23.

Be woalala anɔ Yehowa sinu kpɔm mele abe ʋu aɖe si wowɔ ɖoɖo kpli be wòava kɔ ame le gaƒoƒo aɖe dzi, evɔ wòatsi megbe la ƒe dzikudoname ene o. Ke boŋ, ɖeko wòle abe dzidzɔ si dzilawo kpɔna ne wole mɔ kpɔm be wo viwo natsi ava zu ame ɖɔʋu siwo ŋu woate ŋu akpɔ dzidzɔ ɖo la ene. Wowɔa dɔ geɖe le ƒe mawo me—abe hehenana wo viawo, nufiafia wo, kple wo ɖɔɖɔɖo ene—wowɔa esiawo katã bene woaɖo woƒe taɖodzinua gbɔ. Nenema kee mí ame siwo kpɔa Yehowa sinu hã míekpɔa dzidzɔ le kpekpe ɖe amewo ŋu be woate ɖe Mawu ŋu me. Míawo hã míedi be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu, eye vevietɔ wu la, míedi be míakpɔ ɖeɖe.

Míebua Mɔkpɔkpɔ O

Yehowa sinu kpɔkpɔ fia be woalɔ̃ eyama ahayi edzi anɔ esubɔm eye womabu mɔkpɔkpɔ o. Esia mele bɔbɔe o. Egbea la, mawusubɔla geɖewo le agbe le ame siwo medea asixɔxɔ ame siwo nɔa agbe le xɔse me hekpɔa mɔ na Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu o la dome. Gake bu Israel vi wɔnuteƒe siwo lé woƒe mɔkpɔkpɔ me ɖe asi hena ƒe 70 sɔŋ esime wonɔ aboyo me le Babilon la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Nu kae kpe ɖe wo ŋu? Ðikeke mele eme o be, psalmowo xexlẽ do ŋusẽ wo. Psalmo dedziƒoname aɖe, si anye ɣemaɣie woŋlɔe la, gblɔ be: “Eƒe nya sinu dzɔm mele. Nye luʋɔ le mɔ kpɔm na Aƒetɔ la wu zãdzɔla na ŋdi, wu zãdzɔla gɔ̃ na ŋdi. Israel, kpɔ mɔ na Yehowa.”—Psalmo 130:5-7.

Woɖo eteƒe na Yudatɔ siwo lé woƒe mɔkpɔkpɔ me ɖe asi to psalmowo xexlẽ kple dzeɖoɖo tso wo ŋu me la mlɔeba, esime dukɔ bubu va ɖu Babilon dzi. Yudatɔ wɔnuteƒe akpe geɖe tso enumake dze mɔ yi Yerusalem. Woŋlɔ tso ɣeyiɣi ma ŋuti be: “Esime Yehowa gaɖo Zion te la, . . . nukoko yɔ míaƒe nume fũ.” (Psalmo 126:1, 2) Yudatɔ mawo mebu mɔkpɔkpɔ o, ke boŋ woyi edzi nɔ ŋusẽ dom woƒe xɔse. Eye womedzudzɔ kafukafuhawo dzidzi na Yehowa gbeɖe o.

Nenema kee Kristotɔ vavã siwo le Mawu sinu kpɔm le “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi” la hã kua kutri ɣesiaɣi be yewoado ŋusẽ yewoƒe xɔse ahalé eme ɖe asi. Wosrɔ̃a Mawu ƒe Nya la, wodea dzi ƒo na wo nɔewo, eye woyia edzi kafua Yehowa to gbeƒãɖeɖe eƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia me.—Mateo 24:3, 14.

Mawu Sinu Kpɔkpɔ Be Eƒe Tohehe Naɖe Vi Na

Mawu ƒe nyagblɔɖila Yeremya ŋlɔ bena: “Enyo be, woanɔ anyi kpoo anɔ Yehowa ƒe xɔname sinu kpɔm.” (Konyifahawo 3:26) Nu si gblɔm Yeremya nɔe nye be, anyo be Mawu ƒe amewo nagato nyatoƒoe le ale si Yehowa he to na wo le esime wòɖe mɔ wogbã Yerusalem la ŋu o. Ke boŋ, ele be woana nu si me tom wonɔ la naɖe vi na wo, to ale si woade ŋugble le woƒe tomaɖomaɖonuwɔnaa ŋu ahade dzesi afi si wòahiã be woawɔ tɔtrɔ le woƒe agbenɔnɔ me le la.—Konyifahawo 3:40, 42.

Míate ŋu atsɔ ale si Yehowa ƒe tohehe ɖea vi na míi la asɔ kple ale si atikutsetse gbogbo wɔna ɖina nyuie. Biblia gblɔ le tohehe si Mawu nana ame la ŋu be: “Etsɔa dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutifafakutsetse na amesiwo wòmã la.” (Hebritɔwo 12:11) Abe ale si ko atikutsetse xɔa ɣeyiɣi hafi ɖina ene la, nenema kee míawo hã míehiã ɣeyiɣi bena míawɔ tɔtrɔ le míaƒe agbenɔnɔ me wòasɔ ɖe hehe si nam Mawu le mí la nu. Le kpɔɖeŋu me, ne vodada aɖe ɖi ɖe mí eye wòhiã be woaxɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖewo le mía si le hamea me la, lɔlɔ̃ faa be míakpɔ Mawu sinu awɔe be dzi maɖe le mía ƒo míabu mɔkpɔkpɔ o. Le nɔnɔme mawo tɔgbi me la, nya siwo gbɔgbɔ ʋã Dawid wòŋlɔ la dea dzi ƒo na ame ŋutɔ. Eŋlɔ bena: “[Mawu ƒe] dziku nu mesena yina o, ke eƒe amenuveve nɔa anyi agbenɔɣi katã; fiẽ la avi dzɔna, ke ŋdi la aseyetsotso vaa aƒe.” (Psalmo 30:6) Ne míetu ale si woalala eyamae ƒe nɔnɔme ɖo eye míewɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo míexɔna tsoa Mawu ƒe Nyaa me kple esiwo míexɔna tsoa eƒe habɔbɔa gbɔ dzi la, míawo hã míaƒe ‘aseyetsoɣi’ ava godoo.

Tsitsi Le Gbɔgbɔ Me Xɔa Ɣeyiɣi

Ne sɔhɛ alo ame si xɔ nyɔnyrɔ nyitsɔ laae nènye la, ɖewohĩ àdi vevie be subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖewo nasu ye si le Kristo hamea me. Gake exɔa ɣeyiɣi hafi wotua gbɔgbɔmemetsitsi ƒe nɔnɔme si hiã bene woate ŋu atsɔ agbanɔamedzi mawo tɔgbi la ɖo. Eya ta wɔ wò sɔhɛmenɔɣia ŋu dɔ nyuie be nàtsi le gbɔgbɔ me. Le kpɔɖeŋu me, sɔhɛmenɔɣi nye ɣiyiɣi nyui aɖe si me wòle be ame naxlẽ Biblia bliboa katã, atu Kristotɔ ƒe nɔnɔme nyuiwo ɖo ahasrɔ̃ ale si wòawɔ abi ɖe nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa ƒe aɖaŋuwo zazã me. (Nyagblɔla 12:1) Ne èsrɔ̃ ale si woalala akpɔ Mawu sinu ɖokuibɔbɔtɔe la, Yehowa ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ade be nàxɔ agbanɔamedzi geɖewo.

Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa hã hiã dzigbɔɖi. Abe ale si ko wòle na agbledela be wòayi edzi anɔ tsi dem eƒe nukuwo va se ɖe esime Mawu nana woatsii ene la, nenema kee wòle le nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa hã me. (Korintotɔwo I, 3:7; Yakobo 5:7) Xɔse kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu tutuɖo ɖe amewo ƒe dzi me bia be míasrɔ̃ Biblia kpli wo dzigbɔɖitɔe hena ɣleti geɖe alo ƒe geɖe kura gɔ̃ hã. Yehowa sinu kpɔkpɔ bia kutrikuku, ne edze le gɔmedzedzea me be nusrɔ̃viawo mele wɔwɔm ɖe nu si srɔ̃m wole dzi o hã. Gake ne woɖea ŋudzedzekpɔkpɔ aɖe si nu fiana la, ema ate ŋu anye dzesi be wole mɔ ɖem be Yehowa ƒe gbɔgbɔa nafia mɔ yewo. Ne èyi edzi gbɔ dzi ɖi la, àte ŋu ava kpɔ dzidzɔ ne èkpɔ eteƒe Yehowa na wò nusrɔ̃via wɔ ŋgɔyiyi va zu Kristo ƒe nusrɔ̃la.—Mateo 28:20.

Lɔlɔ̃ɖeɖefia Esime Míele Lalam

Ale si lala akpɔ ame sinu ate ŋu anye kakaɖeamedzi kple lɔlɔ̃ɖeɖefia ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi. Bu nɔvinyɔnu tsitsi aɖe si le gbegbenuto aɖe si woyɔna be Andes, le Anyiehe Amerika la ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Eya kple nɔvinyɔnu aɖe koe nye Yehowa Ðasefo le woƒe kɔƒea me. Ðe nàte ŋu akpɔ ale si gbegbe wodina vevie be yewo nɔvi Kristotɔwo nava srã yewo kpɔ la le susu mea? Gbe ɖeka, dzikpɔla mɔzɔla aɖe dze mɔ yina wosrã ge akpɔ zi gbãtɔ, ke hã, mɔa va bu ɖee. Enɔ nɛ be wòagbugbɔ atrɔ ayi megbe ahalé ŋku ɖe mɔa ŋu nyuie, eye esia na wòtsi megbe hena gaƒoƒo geɖe. Mlɔeba, eƒo zã ga 12 to eŋu yina hafi wòkpɔ kɔƒea le adzɔge ɖaa. Esi wònye be elektrik menɔ nutoa me o ta la, ewɔ nuku nɛ esi wòkpɔ akaɖi aɖe nɔ keklẽm. Aleke gbegbee dzi dzɔe enye esi esime wòva ɖo kɔƒea ƒe agbo nu mlɔeba, eye wòkpɔ be akaɖia nye gomekaɖi aɖe si nɔvinyɔnu tsitsia da ɖe kɔkɔƒe afi aɖe! Nɔvinyɔnua ka ɖe edzi be ava godoo, eya ta enɔ elalam.

Míawo hã míekpɔa dzidzɔ esime míele Yehowa sinu kpɔm dzigbɔɖitɔe abe nɔvinyɔnu tsitsi sia ke ene. Míeka ɖe edzi be awɔ eƒe ŋugbedodowo dzi godoo. Eye abe dzikpɔla mɔzɔla ma ene la, míekpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo lalana hekpɔa mía sinu le lɔlɔ̃ me la ŋu. Eya ta mewɔ nuku o be, Mawu hã kpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo kpɔa esinu la ŋu. Biblia gblɔ be: ‘Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe amesiwo le eƒe amenuveve lalam la ŋu.’—Psalmo 147:11.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ame siwo yia edzi kua kutri le Mawu kafukafu me la kpɔa dzidzɔ esime wole Yehowa sinu kpɔm