Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Blema Nugbugbɔŋlɔlawo Kple Mawu Ƒe Nya La

Blema Nugbugbɔŋlɔlawo Kple Mawu Ƒe Nya La

Blema Nugbugbɔŋlɔlawo Kple Mawu Ƒe Nya La

WOWU Hebri Ŋɔŋlɔawo nu le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me ƒe nuwuwu lɔƒo. Le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me la, Yudatɔ agbalẽnyalawo, vevietɔ Soferimwo kple Masoret siwo va ɖe wo yome tsɔ moveviɖoɖo kpɔ Hebrigbe me nuŋlɔɖi gbãtɔwo tae. Ke hã, woŋlɔ Biblia gbalẽ xoxotɔwo tso keke Mose kple Yosua ƒe ŋkekeawo me ke, si nye ƒe akpe ɖeka do ŋgɔ na Soferimwo. Agbalẽ siwo dzi woŋlɔ nuŋlɔɖi siawo ɖo la te ŋu gblẽna; le esia ta wogbugbɔ nɔa agbalẽxatsaxatsawo ŋlɔm enuenu. Nu kae wonya tso nugbugbɔŋlɔlawo ƒe dɔa ŋuti le blemaɣeyiɣi mawo me? Ðe nugbugbɔŋlɔla bibiwo nɔ blema Israel nyigbaa dzia?

Biblia gbalẽ xoxotɔ siwo woŋlɔ kple asi siwo li egbea nye Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo ƒe akpa aɖe, eye woŋlɔ wo dometɔ aɖewo le ƒe alafa etɔ̃lia kple evelia D.M.Ŋ. me. Nufialagã Alan R. Millard, ame si nye Titina Ɣedzeƒe gbewo kple tomenukuku ŋuti ŋunyala gblɔ be: “Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔ gbãtɔwo dometɔ aɖeke megali míakpɔ o.” Egblɔ kpee be: “Dukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe agbemedɔwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nu tso blema nugbugbɔŋlɔdɔa ŋu, eye wòana míakpɔ asixɔxɔ si le Hebrigbe me nuŋlɔɖia kple eƒe ŋutinya ŋu.”

Blema Nugbugbɔŋlɔlawo Ƒe Dɔa

Wonɔa ŋutinyagbalẽwo, subɔsubɔgbalẽwo, segbalẽwo, sukugbalẽwo, kple modzakaɖegbalẽwo tam le Mesopotamia ƒe akpe enee nye esia. Nugbugbɔŋlɔlawo ƒe sukuwo dzi ɖe edzi, eye nu vevi siwo wofiana dometɔ ɖekae nye agbalẽ xoxo siwo li gbugbɔŋlɔ wòade pɛpɛpɛ. Vovototo suesuesue aɖewo koe egbegbe eŋununyalawo de dzesi le Babilontɔwo ƒe agbalẽ siwo wogbugbɔŋlɔ enuenu ƒe akpe ɖeka kple edzivɔwoe nye esia la me.

Menye Mesopotamiatɔwo koe wɔa nugbugbɔŋlɔdɔa o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Aɖaŋu siwo wozãna le nugbugbɔŋlɔƒe siwo nɔ Mesopotamia, Siria, kple Kanaan godoo, kpakple Egipte gɔ̃ hã madze nu yeye aɖeke na Babilontɔ nugbugbɔŋlɔla siwo nɔ anyi le ƒe akpe evelia D.M.Ŋ. ƒe domedome la o.” *The Oxford Encyclopedia of Archaeology in the Near East.

Egiptetɔwo bua nugbugbɔŋlɔlawo ame ŋkutawoe le Mose ƒe ŋkekea me. Nugbugbɔŋlɔlawo gbugbɔ nɔa agbalẽwo ŋlɔm ɣeawokatãɣi. Dɔ sia dzena le ale si woɖo atsyɔ̃ na Egiptetɔwo ƒe yɔdo siwo xɔ ƒe akpe ene kple edzivɔwo me. Numekugbalẽ si me nyawo míeyɔ va yi gblɔ le blema nugbugbɔŋlɔlawo ŋu be: “Kaka ƒe akpe evelia D.M.Ŋ. naɖo la, wogbugbɔ agbalẽ geɖe, siwo ƒo nu tso Mesopotamiatɔwo kple Egiptetɔwo ƒe ŋkuʋuʋu ŋu, ŋlɔ heƒo wo nu ƒu, eye wowɔ sewo kple mɔfiamewo ɖe nugbugbɔŋlɔlawo ƒe dɔa ŋu.”

‘Seawo kple mɔfiameawo’ dometɔ ɖekae nye megbenyawo tsɔtsɔ kpe ɖe agbalẽa me nyawo ŋutɔ ŋu. Nugbugbɔŋlɔlaa ƒe ŋkɔ, ƒe si me wòŋlɔ agbalẽa, agbalẽ si dzi wòkpɔ ŋlɔe ƒe ŋkɔ, fliawo ƒe xexlẽme, kple bubuawo nɔa megbenya sia me. Zi geɖe la, nugbugbɔŋlɔlaa ŋlɔna kpee be: “Meŋlɔ nuawo abe ale si wònɔ le gbãtɔa me ene, eye wogbugbɔ to eme.” Nyatakaka siawo ɖee fia be blema nugbugbɔŋlɔlawo tsia dzi ɖe nuŋlɔɖia ƒe dede pɛpɛpɛ ŋu.

Nufialagã Millard, si ƒe nya míeyɔ va yi, gblɔ be: “Edze kɔte be nugbugbɔŋlɔlawo wɔa aɖaŋu aɖewo koŋ ŋu dɔ le woƒe dɔa me, si lɔ nuawo me toto ake, kple vodadawo ɖɔɖɔɖo ɖe eme, eye aɖaŋumɔ aɖewo koŋ li hena mɔxexe ɖe vodadawo nu. Masoretwo va wɔ aɖaŋu siawo, vevietɔ esiwo nye fliwo kple nyawo xexlẽ, ŋu dɔ le Titinaɣeyiɣiwo me.” Eya ta le Titina Ɣedzeƒe, le Mose kple Yosua ƒe ŋkekeawo me la, wodoa vevie nu le beléle na nuŋlɔɖi siwo li xoxo kple wogbugbɔŋlɔ wòade pɛpɛpɛ me.

Ðe nugbugbɔŋlɔla bibiwo nɔ Israel viwo hã sia? Nu kae Biblia me nyawo ŋutɔ ɖe fia?

Nugbugbɔŋlɔlawo Le Blema Israel

Farao ƒe mee Mose nɔ tsi. (Mose II, 2:10; Dɔwɔwɔwo 7:21, 22) Le ame siwo srɔ̃ nu tso Egipte ŋu ƒe nya nu la, nu siwo Mose srɔ̃ dometɔ aɖewo anya nye Egiptetɔwo ƒe nuŋɔŋlɔwo sɔsrɔ̃ nyuie, tsɔ kpe ɖe nugbugbɔŋlɔɖaŋu vi aɖe ya teti ŋu. Nufialagã James K. Hoffmeier gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Israel in Egypt me be: “Kpeɖodziwo li si ta míaxɔe ase be ŋutete le Mose si be wòaŋlɔ nudzɔdzɔwo kple afi siwo wozɔ mɔ to ŋuti nyawo ɖi ahawɔ nugbugbɔŋlɔdɔ bubuwo hã abe ale si wòdze le Biblia mee ene.” *

Biblia ƒo nu tso ame bubu siwo hã bi ɖe nugbugbɔŋɔŋlɔ me le Israel la ŋu. Le numekugbalẽ si ŋkɔe nye The Cambridge History of the Bible ƒe nya nu la, Mose “ɖo dzikpɔla siwo nye agbalẽnyalawo . . . be woaŋlɔ nyametsotsowo kple dɔwɔɖoɖo bubuwo ɖi.” Wotu nyataƒoƒo sia ɖe Mose V, 1:15 dzi, si gblɔ be: “Eye [nye Mose] metsɔ miaƒe toawo ƒe amegãwo, . . . ɖo amegãwo ɖe mia nu, ɖe ame akpe kple ame alafa, ɖe ame blaatɔ̃ kple ame ewo nu, [kple dzikpɔlawo, NW] eye wonɔ miaƒe toawo nu.” Ame kawoe nye dzikpɔla siawo?

Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “dzikpɔla” la dze zi geɖe le Biblia me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Mose kple Yosua ƒe ŋkekeawo ŋu me. Agbalẽnyala geɖe gblɔ be nya sia fia “agbalẽŋlɔla si wɔa nuŋlɔɖiwo,” “ame si ‘ŋlɔa nu’ alo ‘dzraa nuŋlɔɖiwo ɖo,’” kple “dziɖuɖumegã aɖe si kpena ɖe ʋɔnudrɔ̃la ŋu le agbalẽŋɔŋlɔdɔ me.” Ale si gbegbe Hebrigbe me nya sia dze enuenui ɖee fia be agbalẽŋlɔla siawo ƒomevi geɖe nɔ Israel, eye be agba geɖe nɔ wo dzi le dukɔa ƒe nyawo gbɔkpɔkpɔ me.

Kpɔɖeŋu etɔ̃lia ku ɖe Israel nunɔlawo ŋu. Numekugbalẽ si ŋkɔe nye Encyclopaedia Judaica gblɔ be: “Subɔsubɔdɔ kple agbemedɔ bubu siwo wowɔna bia be woanya agbalẽ.” Le kpɔɖeŋu me, Mose de se na Lewi viwo be: “Ƒe adre sia ƒe adre, . . . naxlẽ se sia ɖe Israel blibo la ƒe to me.” Nunɔlawo va zu ame siwo kpɔa Se si wogbugbɔ ŋlɔ la ta. Woawoe ɖea mɔ be wòagbugbɔ bubuwo aŋlɔ eye wokpɔa dɔa dzi.—Mose V, 17:18, 19; 31:10, 11.

Bu ale si wogbugbɔ Sea ŋlɔ zi gbãtɔ ŋu kpɔ. Le Mose ƒe agbenɔɣi ƒe ɣleti mamlɛa me la, egblɔ na Israel be: “[Ne] nètso Yordan va anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wo ge dzi la, natu kpe gãwo ɖe tsitre, eye nasi akalo na wo. Eye naŋlɔ se sia ƒe nyawo katã ɖe wo dzi.” (Mose V, 27:1-4) Le Yerixo kple Ai tsɔtsrɔ̃ vɔ megbe la, Israel viwo va ƒo ƒu ɖe Ebal to, si le Ŋugbedodonyigbaa ƒe titina lɔƒo la gbɔ. Le afi ma la, Yosua ŋlɔ “se, siwo Mose ŋlɔ” la ɖe vɔsamlekpuia ƒe kpewo dzi nyateƒe. (Yosua 8:30-32) Nu sia ŋɔŋlɔ bia be nuŋlɔlawo kple nuxlẽlawo siaa nanɔ anyi. Esia ɖee fia be gbe ŋuti nunya kple aɖaŋu siwo hiã woatsɔ akpɔ woƒe agbalẽ kɔkɔewo ta wòade pɛpɛpɛ nɔ blema Israel viwo si.

Ŋɔŋlɔawo Ƒe Dede Pɛpɛpɛ

Le Mose kple Yosua ƒe ŋkekeawo megbe la, wogava ŋlɔ Hebrigbe me agbalẽxatsaxatsa vovovowo, eye wogbugbɔ wo ŋlɔ ake. Esi fafa kple dzaƒoƒo gblẽ nu le nu siwo dzi woŋlɔ nuawo ɖo ŋu ta la, eva hiã be woaŋlɔ bubuwo. Agbalẽ gbugbɔŋlɔdɔ sia yi edzi ƒe alafa geɖe.

Togbɔ be ame siwo gbugbɔ Biblia ŋlɔ wɔ dɔa kple beléle blibo hã, vodada aɖewo tsi eme. Gake ɖe ame siwo gbugbɔ Biblia ŋlɔ ƒe vodadawo wɔe be emenyawo trɔa? Kpao! Ne wotsɔ Biblia bliboa la, vodada siawo meɖi naneke kura o, eye metrɔ emenyawo o, abe ale si blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ geɖe siwo li la tsɔtsɔ sɔ kple esiwo wogbugbɔ ŋlɔ ɖo kpe edzii ene.

Le Kristotɔwo gome la, ale si Yesu Kristo bua Biblia gbalẽ gbãtɔawoe nye kpeɖodzi be Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me nyawo de pɛpɛpɛ. Nyagbɔgblɔwo abe “Ðe miexlẽ le Mose ƒe agbalẽ la me?” kple “Alo menye Mose ye na se la mi oa?” ene ɖo kpe edzi be Yesu bua agbalẽ siwo wogbugbɔ ŋlɔ, siwo nɔ anyi esime wònɔ anyigba dzi la, be kakaɖedzi le wo ŋu. (Marko 12:26; Yohanes 7:19) Gawu la, Yesu ɖo kpe Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe nyateƒenyenye dzi esime wògblɔ be: “Ele be, woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo me le ŋutinye la nu.”—Luka 24:44.

Eya ta ele be míaka ɖe edzi be wogbugbɔ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ŋlɔ wòde pɛpɛpɛ tso blema ke. Ðeko wòle abe ale si Yesaya, nyagblɔɖila si gbɔgbɔ ʋã, gblɔe ene be: “Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, ke mía Mawu ƒe nya anɔ anyi tegbee.”—Yesaya 40:8.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Yosua, ame si nɔ agbe le ƒe akpe evelia D.M.Ŋ. ƒe domedome me, ƒo nu tso Kanaan dugã si woyɔna be Kiryat-Sefer, si gɔmee nye “Agbalẽdu” alo “Nugbugbɔŋlɔlawo Ƒe Du,” la ŋu.—Yosua 15:15, 16.

^ mm. 12 Afi siwo woƒo nu tso senya siwo Mose ŋlɔ ɖi ŋu la dze le Mose II, 24:4, 7; 34:27, 28; Mose V, 31:24-26. Woƒo nu tso ha aɖe si wòŋlɔ ɖi ŋu le Mose V, 31:22, eye wohe susu yi eƒe nuŋlɔɖi si ku ɖe woƒe toƒewo le gbedzimɔzɔzɔa me dzi le Mose IV, 33:2.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Egiptetɔ nugbugbɔŋlɔla aɖe si le dɔ dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Woŋlɔ Biblia gbalẽ xoxotɔwo tso keke Mose ƒe ŋkekeawo me ke