Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbɔgbɔ Vɔ̃wo—Aleke Míawɔ Atsi Tre Ðe Wo Ŋu?

Gbɔgbɔ Vɔ̃wo—Aleke Míawɔ Atsi Tre Ðe Wo Ŋu?

Gbɔgbɔ Vɔ̃wo—Aleke Míawɔ Atsi Tre Ðe Wo Ŋu?

“Mawudɔla, siwo medzra woƒe amegãnyenye ɖo o, ke wogblẽ woa ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi la, [Mawu tsɔ] kɔsɔkɔsɔ mavɔwo bla wo hedzra wo ɖo ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hena ŋkeke gã la ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃.”—YUDA 6.

1, 2. Nyabiase kawoe fɔ ɖe te ku ɖe Satana Abosam kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu?

APOSTOLO Petro xlɔ̃ nu be: “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene.” (Petro I, 5:8) Apostolo Paulo gblɔ tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu be: “Nyemele didim bena, miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo o. Miate ŋu ano Aƒetɔ la ƒe kplu, agano gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplu hã o; miate ŋu akpɔ gome le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋuti, agakpɔ gome le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋuti hã o.”—Korintotɔwo I, 10:20, 21.

2 Ke ame kawoe Satana Abosam kple gbɔgbɔ vɔ̃wo nye? Alekee wowɔ va dzɔ eye ɣekaɣie? Mawue wɔ woa? Ŋusẽ ka gbegbee wokpɔna ɖe amegbetɔwo dzi? Ðe nane li míate ŋu awɔ atsɔ akpɔ mía ɖokui ta tso wo si mea?

Aleke Satana Kple Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Wɔ Va Dzɔ?

3. Aleke Mawu ƒe dɔla aɖe wɔ va zu Satana Abosam?

3 Le amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze, esime wodze agbe gɔme le Eden bɔa me la, mawudɔla aɖe dze aglã ɖe Mawu ŋu. Nu ka tae? Elabena akpa si wòwɔna le Yehowa ƒe ɖoɖowo me le dziƒo la medze eŋu o. Eya ta esime wowɔ Adam kple Xawa la, ekpɔe be mɔnukpɔkpɔ su ye si azɔ be yeable wo woaɖo to ye ahade ta agu na ye ɖe Mawu vavã la teƒe. Mawudɔla sia wɔ eɖokui Satana Abosam esi wòtsi tre ɖe Mawu ŋu eye wòble amegbetɔ gbãtɔwo wowɔ nu vɔ̃. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, mawudɔla bubuwo va dze aglã kpe ɖe eŋu. Aleke esia dzɔe?—Mose I, 3:1-6; Romatɔwo 5:12; Nyaɖeɖefia 12:9.

4. Nu kae mawudɔla dzeaglã aɖewo wɔ do ŋgɔ na Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa?

4 Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la gblɔ be do ŋgɔ na Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔ gã la, mawudɔla aɖewo va trɔ susu ɖe anyigba dzi nyɔnuwo ŋu madzemadzee. Biblia gblɔ be le susu vɔ̃ ta la, “[mawuvi siwo le dziƒo] kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ, eye woɖe wo dometɔ, siwo katã dze wo ŋu.” Srɔ̃ɖeɖe siawo mesɔ le dzɔdzɔme nu o, eye esia na wodzi dzidehlɔ̃mevi siwo nye ame dzɔtsuwo. (Mose I, 6:2-4) Gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo siwo meɖo to Mawu o la, va wɔ ɖeka kple Satana le aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu me.

5. Nu kae dzɔ ɖe aglãdzelaawo dzi esi Yehowa tsɔ Tsiɖɔɖɔ gã la tsrɔ̃ amewo?

5 Esi Yehowa he Tsiɖɔɖɔa va ameƒomea dzi la, ame dzɔtsuawo kple wo dada siwo nye amegbetɔwo katã tsrɔ̃. Esia ƒoe ɖe mawudɔla dzeaglãwo nu be woaɖe woƒe amegbetɔŋutilã ɖi ahatrɔ ayi gbɔgbɔmenutowo me. Gake womegate ŋu trɔ yi “woa ŋutɔwo ƒe nɔƒe” si wonɔ le Mawu gbɔ tsã la o. Ke boŋ wotsɔ wo de “viviti tsiɖitsiɖi,” si woyɔna be Tartaro la me.—Yuda 6; Petro II, 2:4.

6. Aleke gbɔgbɔ vɔ̃wo blea amewoe?

6 Tso esime mawudɔla vɔ̃ɖiawo bu “woa ŋutɔwo ƒe nɔƒe” si nɔ wo si tsã la, wozu gbɔgbɔ vɔ̃wo kpe ɖe Satana ŋu hekpea asi ɖe eƒe tameɖoɖo vɔ̃wo ŋu. Tso ɣemaɣi la, gbɔgbɔ vɔ̃wo megate ŋu doa amegbetɔŋutilã o. Ke hã, wogakpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe ŋutsuwo kple nyɔnuwo dzi henana wowɔa gbɔdɔdɔnuwɔna makɔmakɔwo. Gbɔgbɔ vɔ̃wo zãa gbɔgbɔyɔyɔ, si ƒe akpa aɖee nye gbesa, vodusubɔsubɔ, kple afakalawo tsɔ blea amewoe. (Mose V, 18:10-13; Kronika II, 33:6) Nu si adzɔ ɖe Abosam dzi kee adzɔ ɖe mawudɔla vɔ̃ɖiawo hã dzi—si nye tsɔtsrɔ̃ mavɔ. (Mateo 25:41; Nyaɖeɖefia 20:10) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, ele be míanɔ te sesĩe ahatsi tre ɖe wo ŋu. Nunya anɔ eme be míadzro ŋusẽ si gbegbe le Satana si kple ale si míate ŋu atsi tre ɖe eyama kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu dzidzedzetɔe la me.

Ŋusẽ Ka Gbegbee Le Satana Si?

7. Ŋusẽ kae Satana kpɔ ɖe xexea dzi?

7 Satana gblẽ Yehowa ŋu le amegbetɔwo ƒe ŋutinya katã me. (Lododowo 27:11) Eye ekpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea ƒe akpa gãtɔ dzi. Yohanes I, 5:19 gblɔ be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” Esia tae Abosam te ŋu te Yesu kpɔ be yeatsɔ “xexeme fiaɖuƒewo katã” anɛ ɖo. (Luka 4:5-7) Apostolo Paulo gblɔ le Satana ŋu be: “Ke ne wotsyɔ nu míaƒe nyanyuia dzi la, ekema amesiwo tsrɔ̃ la ƒe ŋku me wotsyɔ nui le, amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.” (Korintotɔwo II, 4:3, 4) Satana nye “aʋatsokala kple aʋatsokafofo,” evɔ wòhewɔa eɖokui “kekeli ƒe dɔla.” (Yohanes 8:44; Korintotɔwo II, 11:14) Ŋusẽ kple aɖaŋu si wòatsɔ agbã xexemedziɖulawo kple wo teviwo ƒe tamesusu ƒe ŋkuwo la le esi. Ezã alakpanyawo kple subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafiawo kple nyakpakpawo tsɔ ble ameƒomeae.

8. Nya kae Biblia gblɔ tso Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu?

8 Satana ƒe ŋusẽ kple eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi dze kɔte le nyagblɔɖila Daniel ƒe ŋkekea me, si nye ƒe alafa atɔ̃ aɖewo do ŋgɔ na Mía Ŋɔli. Esi Yehowa dɔ mawudɔla aɖe be wòaɖado ŋusẽ Daniel la, “Persia-fiaɖuƒe la ƒe amegã [si nye gbɔgbɔ]” xe mɔ na mawudɔlaa. Exe mɔ na mawudɔla la ŋkeke 21 sɔŋ va se ɖe esime “Mixael, amegãwo ƒe tatɔwo dometɔ ɖeka” va xɔ nɛ. Nuŋlɔɖi ma ke ƒo nu tso “Hela-amegã [si nye gbɔgbɔ vɔ̃]” ŋu. (Daniel 10:12, 13, 20) Woƒo nu tso Satana ŋu le Nyaɖeɖefia 13:1, 2 be enye “ʋɔ driba,” si tsɔ “eƒe ŋutete kple eƒe fiazikpui kpakple eƒe ŋusẽ gã” na dunyahehe ƒe lã wɔadã la.

9. Ame kawoe Kristotɔwo le kame tem kplii?

9 Mewɔ nuku o be apostolo Paulo ŋlɔ bena: ‘Míele kame tem kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ mía kple dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me kpakple vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem.’ (Efesotɔwo 6:12) Egbea gɔ̃ hã la, gbɔgbɔ vɔ̃ siwo le Satana Abosam ƒe kpɔkplɔ te le ŋusẽ kpɔm ɖe dziɖulawo kple ameƒomea dzi, hena woƒoa wo ɖokui ɖe ameƒomevi aɖewo tsɔtrɔ̃, nu vlo wɔlawo ƒe ŋɔdzidoname, kple amewuwu dziŋɔwo me. Mina míakpɔ ale si míate ŋu atsi tre ɖe gbɔgbɔmeŋusẽ triakɔ siawo ŋu dzidzedzetɔe la ɖa.

Nu Kae Míawɔ Atsɔ Akpɔ Mía Ðokui Tae?

10, 11. Aleke míawɔ atsi tre ɖe Satana kple eƒe dɔla vɔ̃ɖiwo ŋu?

10 Míate ŋu atsi tre ɖe Satana kple eƒe dɔla vɔ̃ɖiwo ŋu le mía ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me o—míate ŋu azã míaƒe ŋutete alo nunya o. Paulo ɖo aɖaŋu na mí be: “Misẽ ŋu le Aƒetɔ kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutete la me.” Ele be míatrɔ ɖe Mawu ŋu hena takpɔkpɔ. Paulo gblɔ yi edzi be: “Mido Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene miate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu . . . Mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene miate ŋu anɔ te le ŋkeke vɔ̃ la dzi, eye ne miewu wo katã nu vɔ la, miakpɔ tsitrenɔnɔ.”—Efesotɔwo 6:10, 11, 13.

11 Paulo xlɔ̃ nu ehati Kristotɔwo zi eve sɔŋ be woado ‘Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã.’ Nya siwo nye “blibo la katã” fia be mele be míatsi tre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe amedzidzedze ŋu ɖewoɖewoe o. Ekema nu vevi kawoe ƒo ƒu wɔ gbɔgbɔmeʋawɔnu si Kristotɔwo hiã egbea vevie bene woate ŋu atsi tre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu?

“Tsitrenɔnɔ” Sesĩe—Alekee?

12. Aleke Kristotɔwo ate ŋu atsɔ nyateƒea abla woƒe ali dzii?

12 Paulo gblɔ be: “Mitsi tre, eye mitsɔ nyateƒe bla miaƒe aliwo dzi, eye mido dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu.” (Efesotɔwo 6:14) Aʋawɔnuawo dometɔ eve siwo ŋu woƒo nu tsoe le afi sia woe nye alidziblanu kple akɔtakpoxɔnu. Asrafo tsɔa alidziblanu blaa ali dzi sesĩe tsɔ kpɔa eƒe ali (aligo, vidzinu, kple aŋɔme) ta, eye wònyea nu si ŋu wòkuna eƒe yi ɖo hã. Nenema kee wòle be míatsɔ Biblia me nyateƒea abla míaƒe ali dzi sesĩe le kpɔɖeŋumɔ nu, bene míaƒe agbenɔnɔ nawɔ ɖeka kplii. Ðe gbe sia gbe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi le mía sia? Ðe míaƒe ƒomea katã kpɔa gome le emea? Ðe wònye numame na míaƒe ƒomea be míedzroa gbe sia gbe mawunyakpukpuia me ɖekaea? Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖe míelɔ̃na ɖe numeɖeɖe siwo wonana le agbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” tana me la dzia? (Mateo 24:45) Ne míewɔnɛ alea la, ke míele agbagba dzem be míawɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi. Video geɖe siwo me míate ŋu akpɔ Ŋɔŋlɔawo me mɔfiamewo le hã le mía si. Ne míelé Biblia me nyateƒea me ɖe asi sesĩe la, ate ŋu akpɔ mía ta míaƒo asa na nu gbegblẽwo wɔwɔ, eye ana míawɔ nyametsotso siwo me nunya le.

13. Aleke míate ŋu akpɔ míaƒe kpɔɖeŋudzia tae?

13 Asrafo ƒe akɔtakpoxɔnu kpɔa eƒe dzi, akɔta, kple ŋutilã ƒe akpa vevi bubuwo ta. Be Kristotɔ nakpɔ eƒe kpɔɖeŋudzi—si fia ame si ƒomevi wònye le ememe—ta la, ehiã be wòalɔ̃ Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ahazɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo dzi. Kpɔɖeŋu ƒe akɔtakpoxɔnua nana be míeƒoa asa na Mawu ƒe Nyaa bubu nu tsɛe. Ne míeva ‘lé fu vɔ̃ helɔ̃ nyui’ la, míetea míaƒe “afɔ ɖe megbe tso toƒe vɔ̃ɖiwo katã gbɔ.”—Amos 5:15; Psalmo 119:101.

14. Nu kae wòfia be míatsɔ ‘dzadzraɖoɖi na ŋutifafa nyanyui la abla míaƒe afɔ gɔmee’?

14 Esi Roma srafowo zɔa afɔ kilometa gbogbo aɖewo gbe sia gbe le Roma mɔdodowo dzi zi geɖe ta la, wodoa afɔkpa sesẽwo. Le Kristotɔwo gome la, nu kae nyagbɔgblɔ “dzadzraɖoɖi na ŋutifafa nyanyui la” tsɔtsɔ “bla miaƒe afɔ gɔme” fia? (Efesotɔwo 6:15) Esia fia be míele dzadzraɖoɖi hena dɔwɔwɔ. Míele dzadzraɖoɖi ɖe gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ŋu ɣesiaɣi. (Romatɔwo 10:13-15) Gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me dzonɔamemetɔe kpɔa mía ta tso Satana ƒe “aɖaŋu vɔ̃wo” me.—Efesotɔwo 6:11.

15. (a) Nu kae ɖee fia be xɔse ƒe akɔtakpoxɔnua le vevie? (b) ‘Atsurɔ bibi’ kawoe ate ŋu agblẽ nu le míaƒe xɔse ŋu?

15 Paulo gblɔ yi edzi be: “Hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la milé xɔse ƒe akpoxɔnu, si miate ŋu atsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe atsurɔ bibiawo la me ɖe asi.” (Efesotɔwo 6:16) Edze aɖaŋu si wòɖo be woalé xɔse ƒe akpoxɔnu ɖe asi gɔme be, “hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la,” si ɖee fia be aʋawɔnu sia le vevie ŋutɔ. Mele be míagbɔdzɔ le xɔse me le mɔ aɖeke nu o. Abe ale si akɔtakpoxɔnu kpɔa ame tae ene la, míaƒe xɔse kpɔa mía ta tso Satana ƒe “atsurɔ bibiawo” me. Nu kawoe atsurɔ bibi siawo ate ŋu anye egbea? Woate ŋu anye dzugbe siwo vena kaɖikaɖi, alakpanyawo, aʋatsonya siwo míaƒe futɔwo kakana, kple xɔsegbelawo ƒe agbagbadzedze be yewoagbɔdzɔ míaƒe xɔse me. “Atsurɔ bibiawo” agate ŋu anye ŋutilãmenuwo ƒe tetekpɔ, si ana míava tsi dzi ɖe nu yeyewo ƒeƒle ŋu fũu, eye míanɔ ho ʋlim kple agbe kɔkɔ nɔlawo gɔ̃ hã. Ðewohĩ woƒle aƒe gãwo, ʋu nyuiwo, alo tsɔa sikanu xɔasiwo kple awu siwo le tsia dzi nɔa adegbe ƒomee. Nu ka ke wɔmee ame bubuwo ɖale o, ele be xɔse sẽŋu nanɔ mía si ale be míate ŋu ade axa na “atsurɔ bibiawo.” Aleke míetua xɔse sẽŋu ɖo heléa eme ɖe asii?—Petro I, 3:3-5; Yohanes I, 2:15-17.

16. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatu xɔse sẽŋu ɖo?

16 Míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu to Biblia sɔsrɔ̃ le mía ɖokui si edziedzi kple gbedodoɖa moveviɖoɖotɔe me. Míate ŋu aƒo koko na Yehowa be wòana míaƒe xɔse nasesẽ, eye míawɔ nu siwo awɔ ɖeka kple míaƒe gbedodoɖawo. Le kpɔɖeŋu me, ɖe míedzrana ɖo ɖe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ ŋu nyuie bene míawo hã míate ŋu aɖo nya ŋua? Ne míesrɔ̃a Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo la, míaƒe xɔse asesẽ.—Hebritɔwo 10:38, 39; 11:6.

17. Aleke míate ŋu aɖɔ “xɔxɔ ƒe gakuku” lae?

17 Paulo ƒo nu tso gbɔgbɔmeʋawɔnu mamlɛawo ŋu heɖo aɖaŋu be: “Miɖɔ xɔxɔ ƒe gakuku la, eye mihe Gbɔgbɔ ƒe yi, si nye mawunya la, ɖe asi.” (Efesotɔwo 6:17) Gakuku nye takpɔnu na asrafo ƒe ta kple eƒe ahɔhɔ̃ si nye nu si nana wòbua tame. Nenema ke míaƒe Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa hã kpɔa míaƒe tamesusuwo ta. (Tesalonikatɔwo I, 5:8) Le esi míana nuɖoanyi sia ƒe taɖodzinuwo kple ŋutilãmenuwo ƒe dzodzro naxɔ míaƒe susu me teƒe la, ele be míaƒe susu nanɔ xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si Mawu na mí la dzi boŋ abe ale si Yesu wɔe ene.—Hebritɔwo 12:2.

18. Nu ka tae wòle be míalé gbe sia gbe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi me ɖe asi ɖo?

18 Míaƒe takpɔnu mamlɛtɔ tso Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo si mee nye Mawu ƒe nya alo eƒe gbedeasi si woŋlɔ ɖe Biblia me. Esiae nye susu vevi bubu si ta wòle be míalé gbe sia gbe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi nyui me ɖe asi ɖo. Mawu ƒe Nya la ŋuti sidzedze deto kpɔa mía ta tso Satana ƒe alakpanyawo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ameflunya siwo wokakana kpakple xɔsegbelawo ƒe nya totrowo me.

“Do Gbe Ða Le Ɣeawokatãɣi Me”

19, 20. (a) Nu kae le Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo lalam? (b) Nu kae ate ŋu ado ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me?

19 Woaɖe Satana, eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo, kple xexe vɔ̃ɖi sia ɖa kpuie. Satana nyae be “vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” Dzi le ekum ŋutɔ, eye wòho aʋa ɖe “amesiwo léa Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si” la ŋu. (Nyaɖeɖefia 12:12, 17) Ele vevie ŋutɔ be míatsi tre ɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu.

20 Aleke wònye dzidzɔ na míi nye esi be woɖo aɖaŋu na mí be míado Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã! Paulo ƒo gbɔgbɔmeʋawɔnuwo ƒe nya la me dzodzro ta kple aɖaŋuɖoɖo sia be: “Mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo katã do gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le Gbɔgbɔ me, eye eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, ne mianɔ kukuɖeɖewo dzi ɖaahe ɖe ame kɔkɔewo katã ta.” (Efesotɔwo 6:18) Gbedodoɖa ate ŋu ado ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me eye wòakpe ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔ. Mina míawɔ ɖe Paulo ƒe nya siawo dzi, eye míayi gbedodoɖa dzi, elabena esia akpe ɖe mía ŋu be míatsi tre ɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu.

Nu Kae Nèsrɔ̃?

• Aleke Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo wɔ va dzɔ?

• Ŋusẽ ka gbegbee le Abosam si?

• Nu kae míawɔ atsɔ akpɔ mía ɖokui ta tso Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo si mee?

• Aleke míate ŋu ado Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katãe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

‘Mawuviwo kpɔ amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo’

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ðe nàte ŋu ayɔ nu ade siwo ƒo ƒu wɔ míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔnua?

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Aleke gomekpɔkpɔ le dɔ siawo me kpɔa mía ta tso Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo si mee?