Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawudɔlawo—ale Si Wokpɔa Ŋusẽ Ðe Ameƒomea Dzii

Mawudɔlawo—ale Si Wokpɔa Ŋusẽ Ðe Ameƒomea Dzii

Mawudɔlawo—Ale Si Wokpɔa Ŋusẽ Ðe Ameƒomea Dzii

“Eye nusiawo megbe la mekpɔ mawudɔla bubu aɖe le ɖiɖim tso dziƒo, eye ŋusẽ gã le esi . . . Eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu!”—NYAÐEÐEFIA 18:1, 2.

1, 2. Nu kae ɖee fia be Yehowa zãa mawudɔlawo le eƒe tameɖoɖo dziwɔwɔ me?

ESIME apostolo tsitsi Yohanes nɔ ga me le Patmo ƒukpoa dzi la, ekpɔ nyagblɔɖiŋutega aɖewo. Enɔ “gbɔgbɔ me le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la dzi” eye wòkpɔ nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi aɖewo. Ŋkeke ma dze egɔme esime woɖo Yesu Kristo zi dzi le ƒe 1914 me, eye ayi edzi va se ɖe eƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu.—Nyaɖeɖefia 1:10.

2 Yehowa Mawu meɖe ŋutega sia fia Yohanes tẽ o. Eto mɔ aɖewo dzi ɖee fiae. Nyaɖeɖefia 1:1 gblɔ be: “Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia, si Mawu tsɔ nɛ, be wòafia nusiwo lava ve me kaba la, eƒe dɔlawo la, enye esi; eye wòto eƒe mawudɔla, si wòdɔ ɖa la, dzi heɖe wo me fia eƒe dɔla Yohanes.” Yehowa to Yesu dzi zã mawudɔla aɖe wòɖe nu wɔnuku siwo ku ɖe “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la” ŋu fia Yohanes. Le ŋutegawo dometɔ ɖeka me la, Yohanes kpɔ “mawudɔla bubu aɖe le ɖiɖim tso dziƒo, eye ŋusẽ gã le esi.” Dɔ kae wode mawudɔla sia si? ‘Edo ɣli kple gbe sesẽ le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu!’ (Nyaɖeɖefia 18:1, 2) Mɔnukpɔkpɔ su mawudɔla triakɔ sia si be wòaɖe gbeƒã ku ɖe Babilon Gã, si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea, ƒe mumu ŋuti. Eya ta ɖikeke aɖeke mate ŋu anɔ eŋu o be Yehowa zãa mawudɔlawo le mɔ vevi aɖe nu le eƒe tameɖoɖowo dziwɔwɔ me. Hafi míadzro akpa si mawudɔlawo wɔna le Mawu ƒe tameɖoɖowo me kple ale si wokpɔa ŋusẽ ɖe mía dzii me tsitotsito la, mina míakpɔ ale si gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo wɔ va dzɔ la ɖa gbã.

Aleke Mawudɔlawo Wɔ Va Dzɔ?

3. Nukpɔsusu totro kawoe le ame geɖe si ku ɖe mawudɔlawo ŋu?

3 Ame miliɔn geɖe xɔe se egbea be mawudɔlawo li. Gake nukpɔsusu totrowoe le wo dometɔ geɖe si ku ɖe mawudɔlawo kple woƒe dzɔtsoƒe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ame siwo doa vevie mawusubɔsubɔ susunɛ be ne míaƒe ame vevi aɖe ku la, Mawu yɔnɛ yia eɖokui gbɔe, eye ame si ku la trɔna zua mawudɔla. Nu mae Mawu ƒe Nya la fia ku ɖe ale si wowɔ mawudɔlawo, ale si wowɔ va dzɔ, kpakple tameɖoɖo si ta wowɔ wo ɖo la ŋua?

4. Nu kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ ku ɖe ale si mawudɔlawo wɔ va dzɔ ŋu?

4 Woyɔa mawudɔla si ƒe ŋusẽ kple dziɖuŋusẽ lolo wu—mawudɔlawo ƒe fia—la be Mixael, mawudɔla gã la. (Yuda 9) Ame sia menye ame bubu aɖeke wu Yesu Kristo o. (Tesalonikatɔwo I, 4:16) Esime Yehowa ɖoe be yeazu Wɔla ƒe gbogbo manyaxlẽ aɖee nye esia la, Via sia si nye mawudɔlae wòwɔ gbã. (Nyaɖeɖefia 3:14) Emegbe Yehowa to Ŋgɔgbevi sia dzi wɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ bubuwo katã. (Kolosetɔwo 1:15-17) Esi Yehowa nɔ nu ƒom tso via siwo nye mawudɔlawo ŋu la, ebia blemafofo Hiob be: “Afika nènɔ, esime meɖo anyigba gɔme anyi? Ne nunya le tagbɔ na wò la, ekema gblɔe! . . . Ameka ɖo eƒe dzogoedzikpe, esime ŋukeɣletiviwo katã le aseye tsom, eye Mawu ƒe viwo katã gli kple dzidzɔa?” (Hiob 38:4, 6, 7) Eme kɔ ƒã be, Mawu ƒe nuwɔwɔwoe mawudɔlawo nye, eye wowɔ wo xoxoxo hafi va wɔ amegbetɔwo.

5. Ðoɖo ka nue mawudɔlawo le?

5 Korintotɔwo I, 14:33 gblɔ be: “Mawu menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o, ke ŋutifafa ƒe Mawu boŋ.” Le esia ta la, Yehowa ɖo eƒe gbɔgbɔmeviawo ɖe hatsotso etɔ̃ me: (1) serafiwo, woawoe nɔa Mawu ƒe fiazikpuia ŋu, eye woƒe dɔe nye be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe kɔkɔenyenye ahakpɔ egbɔ be eƒe amewo le dzadzɛ le gbɔgbɔ me; (2) kerubiwo, woawoe nɔa Yehowa ƒe fianyenye ƒe bubu kafum; kple (3) mawudɔla bubu siwo wɔa eƒe gbe dzi. (Psalmo 103:20; Yesaya 6:1-3; Xezekiel 10:3-5; Daniel 7:10) Mɔ siwo nu gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo kpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔwo dzi le dometɔ aɖewo ɖe?—Nyaɖeɖefia 5:11.

Dɔ Kae Mawudɔlawo Wɔna?

6. Aleke Yehowa zã kerubiwo le Eden bɔa ƒe ŋutinya me?

6 Mose I, 3:24 ye nye afi si woƒo nu tso gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo ŋu le tẽ zi gbãtɔ, eye afi ma xlẽ be: “[Yehowa nyã] ame la, eye wòna Kerubiwo tsɔ yi, si trɔa eɖokui, eye wòklẽna abe dzo ƒe aɖe ene la, ɖanɔ Eden-bɔ la ƒe ɣedzeƒe gome, bena woadzɔ agbeti la mɔ nu.” Kerubi siawo xe mɔ na Adam kple Xawa be woagatrɔ ayi woƒe aƒe si nye abɔa me o. Esia dzɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze. Ke dɔ kawoe mawudɔlawo wɔ tso ɣemaɣi?

7. Nu kae gbegbɔgblɔ gbãtɔawo me nya siwo gɔme woɖe be “mawudɔla” la ɖe fia ku ɖe dɔ siwo mawudɔlawo wɔna dometɔ ɖeka ŋu?

7 Woyɔ mawudɔlawo zi gbɔ zi 400 kloe le Biblia me. Woate ŋu aɖe Hebrigbe kple Helagbe me nya si gɔme woɖe be “mawudɔla” la gɔme be “dɔtsɔla.” Eya ta mawudɔlawo dzie Mawu to ƒo nu kple ameƒomea. Abe ale si míede dzesii le memama eve gbãtɔawo me ene la, Yehowa to mawudɔla aɖe dzi gblɔ eƒe gbedeasi na apostolo Yohanes.

8, 9. (a) Aleke mawudɔla aɖe ƒe Manoax kple srɔ̃a gbɔ vava kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzii? (b) Nu kae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso nya si Manoax bia esime Mawu ƒe dɔla va wo gbɔ me?

8 Wozã mawudɔlawo hã tsɔ na kpekpeɖeŋu kple dzideƒo Mawu subɔlawo le anyigba dzi. Le kpɔɖeŋu me, esime Ʋɔnudrɔ̃lawo nɔ Israel dzi ɖum la, Manoax kple srɔ̃a si nye konɔ la di vevie be yewoadzi vi. Yehowa dɔ mawudɔla aɖe wòva gblɔ na Manoax srɔ̃ be adzi ŋutsuvi. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ akpɔ o, elabena Mawu ƒe klu wòanye tso dada ƒe dɔme, eye eya ade asi Israel ɖeɖe me tso Filistitɔwo si me.”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:1-5.

9 Mlɔeba la, Manoax srɔ̃ va dzi ŋutsuvi aɖe si wona ŋkɔ be Simson, ame si va xɔ ŋkɔ ŋutɔ le Biblia ƒe ŋutinya me. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:24) Do ŋgɔ na ɖevia dzidzi la, Manoax bia be mawudɔla la nagatrɔ ava afia yewo ale si yewoahe ɖeviae. Manoax bia be: “Kɔ ka woanyi na ɖevi la, eye nuka woawɔ nɛ?” Tete Yehowa ƒe dɔla la gbugbɔ gblɔ mɔfiame siwo wòna Manoax srɔ̃ do ŋgɔ la nɛ. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:6-14) Esia anya de dzi ƒo na Manoax ŋutɔ! Mawudɔlawo megavaa amegbetɔwo gbɔ egbea nenema o, gake abe Manoax ene la, dzilawo ate ŋu adi Yehowa ƒe mɔfiame le wo viwo hehe me.—Efesotɔwo 6:4.

10, 11. (a) Aleke Siria ʋakɔ si va ɖe to ɖe dua kpɔ ŋusẽ ɖe Elisa kple eƒe subɔvia dzii? (b) Aleke ŋugbledede tso nudzɔdzɔ sia ŋu ate ŋu aɖe vi na míi?

10 Mawudɔlawo na kpekpeɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe le nyagblɔɖila Elisa ƒe ŋkekea me. Elisa nɔ Dotan dugã me le Israel. Gbe ɖeka esi Elisa ƒe subɔvi fɔ ŋdi kanya eye wòdo mo ɖe xexe la, ekpɔ sɔwo kple aʋatasiaɖamwo ɖe to ɖe dua. Siria fia dɔ asrafoha sesẽ aɖe ɖa be woaɖalé Elisa vɛ. Aleke Elisa ƒe subɔvia wɔ nui? Vɔvɔ̃ ɖoe, ɖewohĩ dzidzi ƒoe, eye wòdo ɣli be: “Oo, nye aƒetɔ, nuka wɔ ge míala?” Mɔkpɔkpɔ bu ɖee kura. Gake Elisa ɖo eŋu nɛ be: “Megavɔ̃ o, elabena amesiwo le mía dzi la, sɔ gbɔ wu amesiwo le wo dzi.” Eƒe nya siawo gɔme ɖe?—Fiawo II, 6:11-16.

11 Elisa nyae be mawudɔlawo ƒe aʋakɔ gã aɖe nɔ megbe na yewo. Gake eƒe subɔvia ya menɔ naneke kpɔm o. Eya ta “Elisa do gbe ɖa gblɔ bena: Yehowa, ʋu eƒe ŋkuwo, ne wòakpɔ nu! Tete Yehowa ʋu ɖekakpui la ƒe ŋkuwo, eye wòkpɔ nu, eye kpɔ ɖa, dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo le to la ŋu kpaŋkpaŋ ƒo xlã Elisa.” (Fiawo II, 6:17) Subɔvia te ŋu kpɔ mawudɔlawo ƒe aʋakɔ gã la azɔ. Gbɔgbɔmenugɔmesese ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu míakpɔe be mawudɔla, siwo katã le Yehowa kple Kristo ƒe kpɔkplɔ te la, kpena ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu hekpɔa wo ta.

Kpekpeɖeŋu Si Mawudɔlawo Na Le Kristo Ŋɔli

12. Kpekpeɖeŋu kae Maria xɔ tso mawudɔla Gabriel gbɔ?

12 De ŋugble tso kpekpeɖeŋu si Yuda ɖetugbi leaƒe Maria xɔ esime wònɔ gbedeasi sia si gblɔ be, “èle fu fɔ ge, eye nadzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu” la sem ŋu kpɔ. Hafi mawudɔla Gabriel, si Mawu dɔ ɖa, nagblɔ gbedeasi dovoɖiname sia nɛ la, egblɔ be: “Megavɔ̃ o, Maria! Elabena èkpɔ amenuveve le Mawu gbɔ.” (Luka 1:26, 27, 30, 31) Aleke nya siawo siwo na kakaɖedzi Maria be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe eŋu la anya de dzi ƒo nɛ hedo ŋusẽe enye esi!

13. Aleke mawudɔlawo na kpekpeɖeŋu Yesue?

13 Ɣebubuɣi si mawudɔlawo gana kpekpeɖeŋue nye esime Yesu nɔ te ɖe Satana ƒe tetekpɔ etɔ̃awo nu le gbea dzi. Nuŋlɔɖia gblɔ be le tetekpɔawo ƒe nuwuwu la, “Abosam gblẽe ɖi, eye kpɔ ɖa, mawudɔlawo va subɔe.” (Mateo 4:1-11) Nu sia ƒomevi gadzɔ le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me. Yesu dze klo te gbedodoɖa le nuxaxa me be: “Fofo, ne èlɔ̃ la, tsɔ kplu sia yii le gbɔnye; gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò woawɔ. Ke mawudɔla aɖe tso dziƒo ɖe eɖokui fiae hele ŋusẽ domii.” (Luka 22:42, 43) Gake kpekpeɖeŋu kawoe mawudɔlawo nana mí egbea?

Kpekpeɖeŋu Si Mawudɔlawo Nana Egbea

14. Yometiti kawo mee Yehowa Ðasefowo to le egbeŋkekeawo me, eye nu kawoe do tso eme?

14 Ne míede ŋugble tso gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le egbea ƒe ŋutinya ŋu la, ɖe míekpɔnɛ be mawudɔlawo le kpekpem ɖe wo ŋu oa? Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ƒe amewo te ŋu nɔ te ɖe Nazitɔ siwo nɔ Germany kple Ɣetoɖoƒe Europa ƒe amedzidzedze do ŋgɔ na Xexemeʋa II lia (1939-45) kple ewɔɣi siaa nu. Eva hiã be woanɔ te ɖe yometiti nu wòadidi wu le Katoliko Fasi dziɖuɖu siwo nɔ Italy, Spain, kple Portugal te. Eye wodo dzi to yometitiwo me le Soviet Union si nɔ anyi tsã kple dukɔ siwo nɔ eƒe ŋusẽ te la me ƒe geɖe. Míaŋlɔ yometiti siwo nu Ðasefowo te ŋu nɔ te ɖo le Afrika dukɔ aɖewo me be o. * Nyitsɔ laa la, Yehowa subɔlawo to fukpekpe kple yometiti dziŋɔwo me le Georgia. Satana wɔ nu sia nu si wòate ŋui be yeatsɔ atɔ te Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa. Ke hã, woƒe ƒuƒoƒo bliboa te ŋu to tsitretsiɖeŋuwo me do eye wokpɔ dzidzedze geɖe. Esia ƒe akpa aɖe tso kpekpeɖeŋu kple takpɔkpɔ si mawudɔlawo nana la gbɔ.—Psalmo 34:8; Daniel 3:28; 6:23.

15, 16. Kpekpeɖeŋu kae mawudɔlawo nana Yehowa Ðasefowo le woƒe xexea me katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me?

15 Yehowa Ðasefowo bua dɔ si wode wo si be woaɖe gbeƒã Mawufiaɖuƒea ŋuti nyanyuia le anyigbaa katã dzi, eye woawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo to Biblia me nyateƒea fiafia ɖetsɔlemetɔwo me la ŋkubiãnyae. (Mateo 28:19, 20) Ke hã, wonyae nyuie be yewomate ŋu awɔ dɔ sia ade goe mawudɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee o. Eya ta nya si wogblɔ le Nyaɖeɖefia 14:6, 7 la dea dzi ƒo na wo ɣeawokatãɣi. Afi ma xlẽ be: “Eye [nye apostolo Yohanes] mekpɔ mawudɔla bubu aɖe le dzodzom le dziƒo titina, eye wòlé nyanyui mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinɔlawo kple trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ, eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye mide ta agu na amesi wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.”

16 Nya siawo ɖee fia kɔte be mawudɔlawo le megbe na xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le hele mɔ fiamee. Yehowa le eƒe dɔlawo zãm tsɔ le mɔ fiam dzianukwaretɔwo wole kekem ɖe eƒe Ðasefowo ŋu. Mawudɔlawo fiaa mɔ Ðasefowo hã wokena ɖe ame siwo dze la ŋu. Esia na míese nu si tae wòdzɔna zi geɖe—edzɔna enuenu ale gbegbe be mate ŋu anye nudogoɖenunu ko o—be Yehowa Ðasefowo doa go ame aɖewo le ɣeyiɣi si me tututu nu te ɖe wo dzi vevie ale be wohiã gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu la gɔme.

Dɔ Vevi Si Woawɔ Le Etsɔme

17. Nu kae mawudɔla ɖeka pɛ tu kple Asiriatɔwo?

17 Tsɔ kpe ɖe Yehowa ƒe gbedeasiwo gbɔgblɔ kple ŋusẽdodo eƒe subɔlawo ŋu la, mawudɔlawo gawɔa dɔ bubuwo hã. Le blema la, wohe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo va amewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me la, Asiria srafowo ƒe ha gã aɖe do ŋɔdzi na Yerusalemtɔwo. Aleke Yehowa wɔ nu ɖe wo ŋui? Egblɔ be: “Makpɔ du sia ta, eye maɖee, le nye ŋutɔ kple nye dɔla Dawid ta.” Biblia me nuŋlɔɖia gblɔ nu si dzɔ la na mí ale: “Eye wòva me le zã ma me be, Yehowa ƒe dɔla do ɖawu ame akpe alafa ɖeka kple blanyi vɔ atɔ̃ le Asurtɔwo ƒe asaɖa me. Esi wofɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, ame kukuwo sɔŋ koe li.” (Fiawo II, 19:34, 35) Aleke amegbetɔwo ƒe asrafowo ƒe ŋusẽ nye nu maɖinui nye esi ne wòtsɔe sɔ kple mawudɔla ɖeka pɛ tɔ!

18, 19. Dɔ vevi kae mawudɔlawo awɔ le etsɔme, eye aleke esia akpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea dzii?

18 Mawudɔlawo ahe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava amewo dzi le etsɔme kpuie. Eteƒe madidi o, Yesu ava ‘kple eƒe ŋusẽ ƒe dɔlawo ƒe ɖeɖefia le dzo ƒe aɖe me.’ Dɔ si woava wɔe nye be “wòabia hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyui la o.” (Tesalonikatɔwo II, 1:7, 8) Aleke esia akpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea dzii nye esi! Woatsrɔ̃ ame siwo gbea toɖoɖo Mawufiaɖuƒe ŋuti nyanyui si wole gbeƒã ɖemee egbea le anyigba katã dzi la. Ame siwo dia Yehowa, dzɔdzɔenyenye, kple ɖokuibɔbɔ koe woatsɔ “aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbe la.”—Zefanya 2:3.

19 Ele be míada akpe be Yehowa zãa mawudɔla triakɔwo tsɔ kpena ɖe esubɔla siwo le anyigba dzi la ŋu, eye wòdoa ŋusẽ wo. Akpa si wɔm mawudɔlawo le le Mawu ƒe tameɖoɖo me la nyanya faa akɔ na mí ŋutɔ, elabena mawudɔla aɖewo dze aglã ɖe Yehowa ŋu eye wova le Satana ƒe kpɔkplɔ te. Nyati si kplɔe ɖo aƒo nu tso afɔ si wòle be Kristotɔ vavãwo naɖe atsɔ akpɔ wo ɖokui tae tso Satana Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si me la ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Ne èdi numeɖeɖe tsitotsito tso yometiti siawo ŋu la, kpɔ Yearbook of Jehovah’s Witnesses (Annuaire des Témoins de Jéhovah) 1983 (Angola), 1972 (Czechoslovakia), 2000 (Czech Republic), 1992 (Ethiopia), 1974 kple 1999 (Germany), 1982 (Italy), 1999 (Malawi), 2004 (Moldova), 1996 (Mozambique), 1994 (Poland), 1983 (Portugal), 1978 (Spain), 2002 (Ukraine), kple 2006 (Zambia).

Nu Kae Nèsrɔ̃?

• Aleke mawudɔlawo wɔ va dzɔ?

• Aleke wozã mawudɔlawo le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo mee?

• Nu kae Nyaɖeɖefia 14:6, 7 ɖe fia ku ɖe dɔ si mawudɔlawo le wɔwɔm egbea ŋu?

• Dɔ vevi kae mawudɔlawo awɔ le etsɔme?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Mawudɔla aɖe de dzi ƒo na Manoax kple srɔ̃a

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

“Amesiwo le mía dzi la, sɔ gbɔ wu amesiwo le wo dzi”