Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Kristo Ƒe Vava Ahe Avɛ

Nu Si Kristo Ƒe Vava Ahe Avɛ

Nu Si Kristo Ƒe Vava Ahe Avɛ

“ŊƆDZILÉAME LE SÃO PAULO.” Alea nyadzɔdzɔgbalẽ si ŋkɔe nye Veja ɖɔ ŋkeke ene siwo dzi nu vlo wɔlawo ƒe ha aɖe va dze Brazil ƒe dugã si nye lolotɔ kple esi me kesinɔnuwo bɔ ɖo wu la dzi ‘hegbã dua kloe’ le May 2006 mee nye esi. Le “ŋɔdzinuwɔwɔ si yi edzi gaƒoƒo 100 kple edzivɔ” me la, wowu ame 150 siwo nye setɔwo, nu vlo wɔlawo, kple dumevi gbɔlowo.

Le anyigbaa ƒe teƒe sia teƒe kloe la, ŋutasẽnuwɔwɔwo ŋue woƒoa nu tsoe wu le nyadzɔdzɔwo me. Edze abe amegbetɔwo ƒe dziɖulawo mete ŋu le enu xem o ene. Afɔkuwo le dzidzim ɖe edzi le míaƒe xexea me egbea. Ðewohĩ dzi ɖe le ƒowò, elabena afi sia afi si nàtrɔ ɖo la, nya vɔ̃wo sɔŋ koe nàse. Ke hã, ɣeyiɣi de be tɔtrɔ nava.

Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava, eye be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu “le anyigba dzi, sigbe ale si wowɔna le dziƒo ene.” (Mateo 6:9, 10) Fiaɖuƒe siae nye dziɖuɖu si ƒe fiae nye Kristo Yesu, Fia si Mawu ɖo. Akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo katã gbɔ. Gake be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nahe tɔtrɔ mawo ava anyigba dzi la, ele be Kristo ƒe dziɖuɖua nava xɔ ɖe amegbetɔwo tɔ teƒe. Nu sia tututue Kristo ƒe vavaa ahe avɛ.

Ðe Tɔtrɔawo Ava Aʋamawɔmawɔea?

Ðe dukɔwo abɔbɔ ɖe Kristo ƒe dziɖuɖu te aʋamawɔmawɔea? Apostolo Yohanes kpɔ ŋutega aɖe si ɖo biabia sia ŋu. Yohanes gblɔ be: “Eye mekpɔ lã la [xexeme dunyahenuɖoanyiwo] kple anyigba dzi fiawo kple woƒe aʋakɔwo ƒo wo ɖokui nu ƒu, be yewoawɔ aʋa kple [Yesu] ame si le sɔ dzi la kple eƒe aʋakɔ la.” (Nyaɖeɖefia 19:19) Nu kae adzɔ ɖe anyigba dzi fiawo dzi le aʋa sia me? Biblia gblɔ be Fia si Yehowa si ami na “atsɔ gatikplɔ ato wo nyanyanya, eye agbã wo abe zemela ƒe ze ene.” (Psalmo 2:9) Woagbã dunyahedziɖuɖuwo katã gudugudu. Mawu ƒe Fiaɖuƒea “agbã [amegbetɔwo ƒe] fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.

Ke ame siwo tsia tre ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu ya ɖe? Wogblɔ tso Yesu ŋu be ‘abia hlɔ̃ ame siwo menya Mawu o kple ame siwo meɖoa to nyanyui la o’ la “le Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ŋusẽ ƒe dɔlawo ƒe ɖeɖefia tso dziƒo la me le dzo ƒe aɖe me.” (Tesalonikatɔwo II, 1:7, 8) Lododowo 2:22 gblɔ be: “Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.”

Biblia gblɔ ku ɖe Kristo ƒe vava ŋu be: “Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe.” (Nyaɖeɖefia 1:7) Amewo makpɔe kple ŋku ŋutɔŋutɔ o. Tso keke esime Yesu lia yi dziƒo ke la, ezu gbɔgbɔmeme si “nɔa anyi le kekeli, si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me, ame si ame aɖeke mekpɔ kpɔ o, eye mate ŋu akpɔe hã o.”—Timoteo I, 6:16.

Mehiã be Yesu nazu amegbetɔ hafi anyigba dzi nɔlawo ‘nakpɔe’ o, abe ale si ko menɔ na Yehowa be wòazu amegbetɔ esime wòhe Fuwɔame Ewoawo va Egiptetɔwo dzi le Mose ŋɔli o ene. Ame siwo nɔ anyi ɣemaɣi meke ɖii kura be Yehowae nɔ fuwɔameawo hem vɛ o, eye esia zi wo dzi be wode dzesi eƒe ŋusẽ. (Mose II, 12:31) Nenema kee ne Kristo tso abe Mawu ƒe Ametsrɔ̃la ene la, azi ame vɔ̃ɖiwo dzi be ‘woakpɔe’ alo ade dzesii be Mawu le Yesu zãm tsɔ le hlɔ̃ biam yewo. Woakpɔ esia adze sii, elabena woaxlɔ̃ nu ameƒomea do ŋgɔ. Ɛ̃, “ŋku sia ŋku [lakpɔ Yesu], eye ame siwo ƒo nú ɖee hã, lakpɔe, eye anyigba dzi ƒomeawo katã lawu avi hoo le eŋuti.”—Nyaɖeɖefia 1:7.

Ame vɔ̃ɖiwo tsɔtsrɔ̃ɖa kple dziɖuɖu vɔ̃ɖiwo ɖeɖeɖa le vevie hafi ŋutifafa vavãtɔ kple nudzedziname nava anyigba dzi. Kristoe awɔ esiawo. Emegbe la, ava kpɔ ŋusẽ bliboe ɖe anyigba dzi, eye tɔtrɔ ɖedzesiwo akplɔe ɖo.

Ðɔɖɔɖo Si Ahe Yayrawo Avɛ

Apostolo Petro ƒo nu tso “nuwo katã ƒe ɖɔɖɔɖoɣi . . . esiwo ŋuti Mawu ƒo nu le, to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo katã ƒe nu me tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me” la ŋu. (Dɔwɔwɔwo 3:21) Tɔtrɔ siwo ava anyigba dzi le Kristo ƒe dziɖuɣi la hã le ɖɔɖɔɖo sia me. Nyagblɔɖila siwo dzi Mawu to ƒo nu tso ‘nuwo katã ƒe ɖɔɖɔɖo’ ŋu la dometɔ ɖekae nye nyagblɔɖila Yesaya, ame si nɔ agbe le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me. Egblɔ ɖi be Yesu Kristo “Ŋutifafafia” la ahe ŋutifafa ava anyigba la dzi. Yesaya gblɔ ɖi ku ɖe Kristo ƒe dziɖuɖua ŋu be: ‘Eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye seɖoƒe manɔe na ŋutifafa o.’ (Yesaya 9:5, 6) Yesu afia anyigba dzi nɔlawo ale si woanɔ agbe le ŋutifafa mee. “Dzi adzɔ” anyigba dzi nɔlawo “ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:11.

Nu kae adzɔ ɖe ahedada kple dɔwuame dzi le Kristo ƒe dziɖuɖua me? Yesaya gblɔ be: “Yehowa Zebaot atsɔ nuɖuɖu damiwo kple wein, siwo ɖo ƒã la, atu aglo na dukɔwo katã ɖe to sia dzi; nuɖuɖuawo da ami, eye ƒuto me mi le wo me, weinawo ɖo ƒã, eye wo me dza.” (Yesaya 25:6) Hakpalaa dzi ha be: “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame, eƒe agblemenuwo ado zi abe Libanon ene, eye woaƒo se le duwo me abe gbe le anyigba dzi ene.” (Psalmo 72:16) Gawu la, wogblɔ le anyigba dzi nɔlawo ŋu be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; elabena nye dukɔ atsi, abe ale si ati tsinae ene, eye nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo.”—Yesaya 65:21, 22.

Yesaya gblɔ ɖi hã be dɔléle kple ku nu ayi. Mawu gblɔ to Yesaya dzi be: “Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye; elabena tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba.” (Yesaya 35:5, 6) Eye “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) Mawu “ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.”—Yesaya 25:8.

Ke ame kuku siwo katã “le yɔdowo me” ya ɖe? (Yohanes 5:28, 29) Yesaya gblɔ ɖi be: ‘Wò ame kukuwo agbɔ agbe, eye woafɔ ɖe tsitre.’ (Yesaya 26:19) Ɛ̃, ame siwo le alɔ̃ dɔm le ku me la agagbɔ agbe ake!

‘Mawu Atsɔ Fiazikpui La Anɛ’

Kristo ƒe vavaa ana Anyigbaa dzi nuwo naɖɔ ɖo bliboe. Woatrɔ anyigba wòazu paradiso dzeani aɖe, eye ameƒomea awɔ ɖeka le Mawu vavã la subɔsubɔ me. Ðe míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu Kristo ate ŋu aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le anyigba dzi eye wòahe dzɔdzɔenyenye vɛ dzidzedzetɔea?

Bu afi si Yesu kpɔ eƒe ŋusẽa kple dziɖuŋusẽa tsoe ŋu kpɔ. Biblia gblɔ le Vi la ŋu be: “Aƒetɔ Mawu la atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae.” (Luka 1:32) Yesu xɔ fiazikpui, si fia eƒe ɖoƒe alo dziɖuŋusẽ, la tso Yehowa gbɔ. Mawue nye fiazikpui sia ƒe Gɔmeɖoanyila kple Enala. Eya ta kuxi aɖeke mate ŋu agbɔ Yesu ƒe ŋutete ŋu o.

Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.” (Mateo 28:18) Petro I, 3:22 gblɔ be: “Mawudɔlawo kple dziɖuɖuwo kpakple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.” Eya ta ŋusẽ alo dziɖuŋusẽ aɖeke matsi tre ɖe Yesu ŋu dzidzedzetɔe o. Naneke mate ŋu axe mɔ nɛ be wòagahe yayra mavɔwo avɛ na ameƒomea o.

Ale Si Kristo Ƒe Vava Kpɔa Ŋusẽ Ðe Amewo Dzii

Apostolo Paulo gblɔ le lɛta si wòŋlɔ na Tesalonikatɔwo me be: “Ðaa míeɖoa ŋku miaƒe xɔse ƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ ƒe agbagbadzedze kpakple mɔkpɔkpɔ na mía Aƒetɔ Yesu Kristo la ƒe dzidodo le Mawu, mía Fofo ƒe ŋku me la dzi.” (Tesalonikatɔwo I, 1:3) Paulo gblɔ be dɔwɔwɔ tsekuwo kple dzidodo tsoa mɔkpɔkpɔ na Yesu Kristo me. Mɔkpɔkpɔ sia ƒe akpa aɖee nye Kristo ƒe vava kple ɖɔɖɔɖo si eƒe vava ahe avɛ la dzixɔxɔse. Mɔkpɔkpɔ sia ate ŋu alé Kristotɔ vavãwo ɖe te alo ana woayi edzi ado dzi le nɔnɔme sesẽtɔwo gɔ̃ hã me.

Le kpɔɖeŋu me, bu Carlos, ame si le São Paulo, Brazil, ŋu kpɔ. Le August 2003 me la, Carlos va nyae be kansa le ye ŋu. Tso ɣemaɣi la, wowɔ dɔ nɛ zi enyi sɔŋ, eye esia na wòsea veve vevie eye ŋusẽ boo megale eŋu o. Gake egakpɔtɔ dea dzi ƒo na ame bubuwo. Le kpɔɖeŋu me, esime wònɔ gbeƒã ɖem le dɔnɔkɔdzi gã aɖe ŋkume la, edo go Yehowa Ðasefo aɖe si srɔ̃ŋutsu nɔ dɔ lém eye wonɔ atike wɔm nɛ. Esi wònye be Carlos ŋutɔ kpɔ ale si kansa dɔlélea gblẽ nu le eyama ŋui ta la, ete ŋu na dzideƒo kple akɔfafa atsu kple asi la siaa. Wogblɔ emegbe be, dze si yewoɖo la nye dzideƒotsoƒe aɖe ŋutɔ na yewo. Carlos kpɔ Paulo ƒe nya sia si wògblɔ be, “[Mawu] fa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me, bene míawo hã míate ŋu atsɔ akɔfafa, si Mawu tsɔ fa akɔ na mí la, afa akɔ na amesiwo kpea fu sia fu la” ƒe nyateƒenyenye dze sii.—Korintotɔwo II, 1:4.

Nu kae kpe ɖe Carlos ŋu be wòte ŋu yi edzi le dzi dem ƒo na ame bubuwo togbɔ be eya ŋutɔ le dɔ lém hã? Mɔkpɔkpɔ na Kristo ƒe vava kple nu siwo wòahe avɛe ʋã Carlos wòyi “nu nyui wɔwɔ” dzi.—Galatiatɔwo 6:9.

Bu Samuel, ame si nɔviŋutsu wowu le teƒe aɖe si anɔ meta 50 pɛ ko tso wo fofo ƒe aƒe gbɔ la ŋu kpɔ. Woda tukpe ewo ɖe nɔvia ƒe lãme. Wogblẽ ame kukua ɖe mɔ to gaƒoƒo enyi sɔŋ esime kpovitɔwo nɔ nu me kum tso hlɔ̃nuwɔwɔa ŋu. Samuel mate ŋu aŋlɔ nu si dzɔ gbe ma gbe la be gbeɖe o. Ke hã, mɔkpɔkpɔ si nye be Kristo aɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa le anyigba dzi, eye be dziɖuɖu dzɔdzɔe si akplɔ esia ɖo ahe yayrawo avɛ na ameƒomea la doa ŋusẽe ŋutɔ. Zi geɖe la, Samuel kpɔnɛ le susu me ɖaa be yekpla asi kɔ na ye nɔvia le Paradiso me le anyigba dzi.—Dɔwɔwɔwo 24:15.

Nu Kae Wòle Be Nàwɔ?

Mɔkpɔkpɔ na Kristo ƒe vava kple nu siwo wòahe avɛ afa akɔ na wò geɖe. Kakaɖedzitɔe la, Yesu Kristo aɖe nu siwo gbɔ ameƒomea ƒe kuxiwo tso kple nu siwo ɖea kpe na wo la ɖa.

Nu kae wòle be nàwɔ be nàte ŋu akpɔ gome le yayra siwo Kristo ƒe vava ahe avɛ na ameƒomea me? Srɔ̃ Mawu ƒe Nya, Biblia, la moveviɖoɖotɔe. Yesu gblɔ le gbe aɖe si wòdo ɖa na Fofoa me be: “Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Ðoe wò taɖodzinu be nànɔ Biblia ƒe nufiafiawo me dzrom ɣesiaɣi. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ŋutɔ be yewoakpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia. Míekpe wò lɔlɔ̃tɔe be nàte ɖe wo ŋu alo nàŋlɔ agbalẽ aɖo ɖe magazine sia talawo.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Kristo ƒe vava ana anyigba dzi nuwo naɖɔ ɖo bliboe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Foto suetɔ si le eme: Rhino and Lion Park, Gauteng, South Africa