Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Yeremya Ƒe Agbalẽa Me

Nya Vevi Siwo Tso Yeremya Ƒe Agbalẽa Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Yeremya Ƒe Agbalẽa Me

ALEKE afɔku siwo Yeremya gblɔ ɖi be adzɔ ɖe wo detɔwo dzi anya dzi ŋɔe nye esi! Woatɔ dzo gbedoxɔ kɔkɔe si nye teƒe vevi si wodea ta agu le ƒe alafa etɔ̃ kple edzivɔwoe nye esia la wòafiã keŋkeŋ. Yerusalem dua kple Yudanyigba bliboa azu aƒedo eye woaɖe aboyo wo me nɔlawo. Woŋlɔ nudzɔdzɔ sia kple bubuwo ŋuti nya ɖe Yeremya ƒe agbalẽ, si nye Biblia gbalẽ siwo me nyawo sɔ gbɔ wu la ƒe evelia, la me. Woŋlɔ nu siwo me Yeremya ŋutɔ hã to esime wònɔ eƒe nyagblɔɖidɔ, si wòwɔ ƒe 67 nuteƒewɔwɔtɔe, wɔm la ŋu nyawo ɖe agbalẽa me. Womeŋlɔ nudzɔdzɔ siwo le agbalẽa me ɖe ɖoɖo si nu wodzɔ ɖo la nu o, ke nyati vovovowo ŋue woŋlɔ nu tsoe boŋ.

Nu ka tae wòle be míatsɔ ɖe le Biblia gbalẽ si nye Yeremya me vevie? Agbalẽa me nyagblɔɖi siwo va eme nana míexɔa Yehowa dzi sena geɖe wu be enye Ŋugbedododziwɔla. (Yesaya 55:10, 11) Yeremya ƒe nyagblɔɖidɔa kple ale si amewo wɔ nu ɖe eƒe gbedeasia ŋui tɔgbi le edzi yim le míaƒe ŋkekea me. (Korintotɔwo I, 10:11) Gawu la, nu si wòŋlɔ ɖi ku ɖe ale si Yehowa wɔ nu kple eƒe dukɔa ŋu la te gbe ɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo dzi eye ele be esia nawɔ dɔ ɖe mía dzi.—Hebritɔwo 4:12.

“NYE DUKƆ WƆ VƆ̃ ƑOMEVI EVE”

(Yeremya 1:1–20:18)

Yeremya dze eƒe nyagblɔɖidɔa gɔme le Yuda fia Yosiya ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe 13 lia me, ƒe 40 do ŋgɔ na Yerusalem tsɔtsrɔ̃ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. (Yeremya 1:1, 2) Nya siwo wògblɔ ɖi le Yosiya ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe 18 mamlɛawo ƒe akpa gãtɔ me la klo nu le Yuda ƒe nu gbegblẽ wɔwɔ dzi, eye wògblɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ si Yehowa ahe ava wo dzi hã ŋu nya ɖi. Yehowa gblɔ be: “Mawɔ Yerusalem wòazu anyiglãgo kple amegãxiwo nɔƒe, eye mana Yuda-duwo nazu gbegbe kple aƒedo.” (Yeremya 9:10) Nu ka tae? Egblɔ be: “Elabena nye dukɔ wɔ vɔ̃ ƒomevi eve.”—Yeremya 2:13.

Gbedeasia ku ɖe ame susɔe trɔdzimewo kpɔkplɔ gbɔ va wo de hã ŋu. (Yeremya 3:14-18; 12:14, 15; 16:14-21) Gake amewo mexɔ nyagblɔɖila sia nyuie o. “Amesi nye dzikpɔlawo ƒe amegã le Yehowa ƒe me la” ƒo nyagblɔɖila Yeremya, eye wòbɔ pãe zã bliboa katã.—Yeremya 20:1-3.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

1:11, 12—Nu ka tae wotsɔ Yehowa ƒe ŋutenɔnɔ ɖe eƒe nya ŋu sɔ kple “aɖatsigoti” si nye yevuziti ƒomevi aɖe? Aɖatsigoti nye ati gbãtɔ siwo ƒoa se le adame la dometɔ ɖeka. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, Yehowa fɔna kaba heɖoa eƒe nyagblɔɖilawo ɖa gbe sia gbe bene woaxlɔ̃ nu eƒe dukɔa ku ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ si ava wo dzi la ŋu, eye wònɔa ‘ŋute ɖe eƒe nya ŋu’ va se ɖe esime wòva eme.—Yeremya 7:25.

2:10, 11—Nu kae wɔe be Israel vi mawɔnuteƒeawo ƒe nuwɔna wɔ nuku? Togbɔ be trɔ̃subɔla siwo le woƒe ɣetoɖoƒe kpa dzi yi ɖase ɖe Kititɔwo dzi kple esiwo le woƒe ɣedzeƒe kpa dzi yi ɖase ɖe Kedartɔwo dzi la xɔa dukɔ bubuwo ƒe mawuwo kpea wo tɔwo hã la, medzɔ kpɔ gbeɖe be woɖɔli woƒe mawuawo kple dukɔ bubuwo tɔ o. Gake Israel viwo ya gblẽ Yehowa ɖi eye woɖɔ li Mawu gbagbe la ƒe ŋutikɔkɔe kple legba siwo me agbe mele o.

3:11-22; 11:10-12, 17—Nu ka tae Yeremya yɔ dziehe to ewo fiaɖuƒea de eƒe gbedeasia me, togbɔ be wotsrɔ̃ Samaria xoxo le ƒe 740 D.M.Ŋ. me hã? Ele alea, elabena Yerusalem tsɔtsrɔ̃ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me nye ʋɔnudɔdrɔ̃ si Yehowa he va Israel dukɔ bliboa dzi, ke menye Yuda ɖeɖe ko o. (Xezekiel 9:9, 10) Gawu la, esi wònye be Mawu ƒe nyagblɔɖila la yɔa Israel le eƒe gbedeasiwo me ta la, efia be Yerusalem ganye teƒe vevi aɖe na dziehe to ewo fiaɖuƒea me tɔwo kokoko.

4:3, 4—Sedede sia gɔme ɖe? Ele vevie be Yudatɔ mawɔnuteƒeawo nadzra woƒe dzi ɖo, abɔbɔ le dzi me, ahaklɔ ɖinu ɖe sia ɖe ɖa le woƒe dziwo ŋu. Enɔ na wo be woaɖe woƒe “dzi ƒe boloyiwo ɖa,” si fia be woaɖe tamesusu, seselelãme kple dzodzro makɔmakɔwo ɖa. (Yeremya 9:25, 26; Dɔwɔwɔwo 7:51) Esia bia be woatrɔ agbenɔnɔ—woadzudzɔ nu baɖa wɔwɔ ahawɔ nu si ana Mawu nayra wo.

4:10; 15:18—Gɔmesese ka nue Yehowa flu eƒe dukɔ dzeaglã la le? Yeremya ƒe ŋkekea me nyagblɔɖilawo ‘kaa aʋatso gblɔa nya ɖi.’ (Yeremya 5:31; 20:6; 23:16, 17, 25-28, 32) Yehowa mexe mɔ na wo be woagagblɔ nya fluamewo ɖi o.

16:16—Nu kae “ɖɔkplɔla geɖewo” kple “adela geɖewo,” siwo Yehowa aɖo ɖa la ate ŋu afia? Esia ate ŋu afia futɔwo ƒe aʋakɔwo ɖoɖoɖa be woaɖadi Yudatɔ mawɔnuteƒe siwo dzi Yehowa ahe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ avɛ la. Gake le nya si dze le Yeremya 16:15 nu la, mawunyakpukpui sia agate ŋu afia Israel vi trɔdzimewo didi.

20:7—Mɔ ka nue Yehowa ‘lé Yeremya sesẽe’ eye wòƒo nya ɖe enu le? Esi wònye be amewo metsɔa ɖeke le eƒe gbedeasia me o, womelɔ̃na be yewoaɖo toe o, eye wotia eyome esime wònɔ Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasia gblɔm ta la, Yeremya anya se le eɖokui me be ŋusẽ mele ye ŋu yeayi dɔa dzi o. Ke hã, Yehowa zã eƒe ŋusẽ tsɔ ɖe seselelãme siawo ɖa, eye wodo ŋusẽ Yeremya be wòte ŋu yi dɔa dzi. Yehowa to esia dzi ƒoe ɖe Yeremya nu be wòawɔ nu si eya ŋutɔ susu be yemate ŋu awɔ hafi o la.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:8. Yehowa ate ŋu aɖe mí tso yometiti me—ate ŋu ato ʋɔnudrɔ̃la ameŋkumemakpɔla aɖe dzi, alo akpɔ egbɔ be ame senugɔme aɖe nava xɔ ɖe dziɖuɖumegã nu fitifiti wɔla alo tsitretsiɖeŋula aɖe teƒe, alo ana ŋusẽ si míatsɔ ado dzii le yometiti me la mí ɣesiaɣi.—Korintotɔwo I, 10:13.

2:13, 18. Israel vi mawɔnuteƒeawo wɔ vɔ̃ ƒomevi eve. Wogblẽ Yehowa, ame si nye yayra, mɔfiame, kple takpɔkpɔ tsoƒe si ŋu kakaɖedzi le la ɖi. Eye woɖe kpɔɖeŋutsidowo na wo ɖokui to nubabla kple Egipte kpakple Asiria be woakpe ɖe yewo ŋu le aʋawɔwɔ me me. Le míaƒe ŋkekea me la, Mawu vavã la gbegblẽɖi ahadze amegbetɔwo ƒe nunya kple nufiafiawo kpakple xexea me dunyahelawo yome nye “tsi gbagbe vudo la” ɖɔliɖɔli kple “tsido, siwo gɔme ŋɔ.”

6:16. Yehowa bia tso eƒe ame siwo dze aglã la si be woatɔ sẽ, abia mɔ ta ase ahatrɔ agbɔ ava ‘blema mɔ’ siwo dzi wo tɔgbui wɔnuteƒewo to la dzi. Ðe mele be míanɔ mía ɖokui me dzrom kpɔ tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi ahakpɔe ɖa be míele zɔzɔm ale si Yehowa dii pɛpɛpɛ hã oa?

7:1-15. Ŋuɖoɖo ɖe gbedoxɔa ŋu, ebubu abe gbesa si amewo tsɔ kpɔa wo ɖokui tae ene, mete ŋu ɖe Yudatɔawo o. Ele be míazɔ le xɔse me, ke menye le nukpɔkpɔ me o.—Korintotɔwo II, 5:7.

15:16, 17. Abe Yeremya ene la, míate ŋu akpe akɔ kple dziɖeleameƒo. Míate ŋu awɔ esia to ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe, Yehowa ƒe ŋkɔ dodo ɖe dzi le subɔsubɔdɔa me, kple to hadede vɔ̃wo tsitsri me.

17:1, 2. Yudatɔwo ƒe nu vɔ̃wo na be Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe woƒe vɔsawo ŋu o. Agbe makɔmakɔ nɔnɔ nana be míaƒe kafukafuvɔsawo medzea Mawu ŋu o.

17:5-8. Ne amegbetɔwo kple habɔbɔwo wɔa nu ɖe Mawu ƒe tameɖoɖowo nu hezɔna ɖe mawumegɔmeɖosewo dzi ko hafi wodze be míaka ɖe wo dzi. Gake nunya anɔ eme be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ɖeɖe ko ŋu hena xɔxɔ, ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ kpɔkpɔ.—Psalmo 146:3.

20:8-11. Mele be míaɖe mɔ ɖekematsɔleme, tsitretsiɖeŋu, alo yometiti nana dzonɔameme si le mía me ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu dzi naɖe akpɔtɔ o.—Yakobo 5:10, 11.

“MITSƆ MIAƑE KƆ DE BABEL-FIA ƑE KƆKUTI ME”

(Yeremya 21:1–51:64)

Yeremya gblɔ ʋɔnudrɔ̃nya aɖe ɖe Yuda fia ene mamlɛtɔwo, kple aʋatsonyagblɔɖilawo, alẽkplɔla nyanyrawo, kpakple nunɔla nu fitifiti wɔlawo siaa ŋu. Esi Yehowa nɔ nu ƒom tso ame susɔe siwo nye nuteƒewɔlawo ŋu abe gbotsetse nyuiwo ene la, egblɔ be: “Matsɔ nye ŋku aɖo wo ŋu hena nyuiwɔwɔ.” (Yeremya 24:5, 6) Nyagblɔɖi etɔ̃ le ta 25 lia me siwo to ʋɔnudrɔ̃nya siwo wogblɔ tsitotsito le ta siwo kplɔe ɖo me la ɖe eme.

Nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo ɖo nugbe ɖe Yeremya ŋu be yewoawui. Eƒe gbedeasiae nye be, ele be woasubɔ Babilon fia la. Yeremya gblɔ na Fia Zedekiya be: “Mitsɔ miaƒe kɔ de Babel-fia ƒe kɔkuti me.” (Yeremya 27:12) Ke hã, “Eya, amesi kaka Israel hlẽ la, agaƒo [Israel nu] ƒu.” (Yeremya 31:10) Le susu nyui aɖewo ta la, wodo ŋugbe aɖewo na Rexab viwo. Wode se be “woadzɔ Yeremya ŋu le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.” (Yeremya 37:21) Wotsrɔ̃ Yerusalem, eye woɖe aboyo dua me tɔwo. Yeremya kple eƒe agbalẽŋlɔla Barux nɔ ame siwo wogblẽ ɖe dua me la dome. Ame siwo nɔ vɔvɔ̃m la ʋu yi Egipte togbɔ be Yeremya xlɔ̃ nu wo be woagayi o hã. Woŋlɔ Yeremya ƒe nya siwo wògblɔ ɖi ɖe dukɔwo ŋu la ɖe ta 46 va se ɖe 51 me.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

22:30—Ðe nya sia te fli ɖe gome si le Yesu Kristo si be wòava nɔ Dawid ƒe fiazikpui dzi la mea? (Mateo 1:1, 11) Ao, mete fli ɖe eme o. Sedede sia xe mɔ ɖe Yoyaxin ƒe dzidzimevi ɖe sia ɖe nu be ‘wòagabɔbɔ nɔ Dawid ƒe fiazikpui dzi le Yuda akpɔ o.’ Gake Yesu ya aɖu fia tso dziƒo, ke menye tso Yuda o.

23:33—Nu kae nye “Yehowa ƒe agba” la? Le Yeremya ƒe ŋkekea me la, nyagblɔɖinya sẽŋu siwo wògblɔ ku ɖe Yerusalem tsɔtsrɔ̃ ŋu la zu agba na wo detɔwo. Eye dukɔ sẽtoawo hã nye agba na Yehowa ale gbegbe be eɖoe be yeatsɔ wo aƒu gbe. Nenema kee Ŋɔŋlɔawo me gbedeasi si ku ɖe Kristodukɔa ƒe tsɔtsrɔ̃ si gbɔna ŋu nye agba na Kristodukɔa, eye ame siwo gbe toɖoɖo nya la hã zu agba kpekpe na Mawu.

31:33—Aleke woŋlɔ Mawu ƒe sea ɖe dziwo mee? Ne ame lɔ̃ Mawu ƒe sea vevie eye wòdina vevie be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la, woate ŋu agblɔ be woŋlɔ Mawu ƒe sea ɖe eƒe dzi me.

32:10-15—Susu ka tae wowɔ asinyigbalẽ ma ke zi eve ɖo? Wowɔ asinyigbalẽ si le ʋuʋu ɖi be woate ŋu awɔ eŋu dɔ kabakaba. Eye wowɔ evelia si nu wotre la be woazã nenye be ɖikeke aɖe fɔ ɖe te le esi le ʋuʋu ɖi ƒe nuvãnyenye ŋu. Esi Yeremya nɔ nu wɔm kple hatitadeagula, si nye eƒe ƒometɔ gɔ̃ hã la, ewɔ nu si le se nu si me nunya le, eye esia nye kpɔɖeŋu na mí be míasrɔ̃.

33:23, 24—“Ƒome eve” kawo ŋue wole nu ƒom tsoe le afi sia? Wo dometɔ ɖekae nye Fia Dawid ƒe fiaƒomea, eye eveliae nye nunɔlawo ƒe ƒome si nye Aron ƒe dzidzimeviwo. Eya ta esi wotsrɔ̃ Yerusalem kple Yehowa ƒe gbedoxɔa la, edze kɔte be Yehowa gbe ƒome eve siawo eye fiaɖuƒe maganɔ esi le anyigba dzi alo wòagaɖo eƒe tadedeagu anyi o.

46:22—Nu ka tae wotsɔ Egipte ƒe zinyenyẽ sɔ kple da si le sisim la tɔ? Esia ate ŋu afia woƒe sisi le aʋa nu ƒe hoowɔwɔ, alo ale si wobɔbɔ woƒe dukɔa ɖe anyi ale gbegbe be woƒe gbe megate ŋu dea dzi o la. Nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo alea ɖe ale si da ƒe nɔnɔmetata si Egipte fiawo trena ɖe woƒe tablanuwo dzi bene yewoƒe damawunɔ Uatchit nakpɔ yewo ta nye nu dzodzroe fia.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

21:8, 9; 38:19. Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yerusalem tsɔtsrɔ̃ gɔ̃ hã la, Yehowa na tiatiawɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ dua me tɔ matrɔdzime siwo dze na ku la. Nyateƒee, “eƒe amenuveve sɔ gbɔ.”—Samuel II, 24:14; Psalmo 119:156.

31:34. Aleke wòfaa akɔe nye esi be míanyae be Yehowa megaɖoa ŋku ame siwo wòtsɔ vodada ke la ƒe nu vɔ̃wo dzi o, eye mabia hlɔ̃ wo le etsɔme o!

38:7-13; 39:15-18. Yehowa meŋlɔa dɔ siwo míewɔna nuteƒewɔwɔtɔe si ƒe akpa aɖee nye ‘ame kɔkɔewo subɔsubɔ’ la be o.—Hebritɔwo 6:10.

45:4, 5. Abe ale si wònɔ le ŋkeke siwo do ŋgɔ na Yuda tsɔtsrɔ̃ me ene la, fifi nuɖoanyia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” menye ɣeyiɣi si me míanɔ ‘nu gã,’ siwo nye kesinɔnu, gãnyenye, alo ŋutilãmededienɔnɔ dim o.—Timoteo II, 3:1; Yohanes I, 2:17.

WOTƆ DZO YERUSALEM

(Yeremya 52:1-34)

Esiae nye ƒe 607 D.M.Ŋ., si nye Zedekiya ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe 11 lia. Babilon Fia Nebukadnezar ɖe to ɖe Yerusalem dua ɣleti 18 sɔŋue nye esia. Le Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe 19 lia ƒe dzinu atɔ̃lia ƒe ŋkeke adrelia dzi la, Nebuzaradan, asrafowo ƒe amegã, “va” ɖo Yerusalem. (Fiawo II, 25:8) Ðewohĩ Nebuzaradan le ŋku lém ɖe ale si nuwo le edzi yimee ŋu tso eƒe asaɖa me, eye wòle ɖoɖo wɔm ɖe afɔ si wòaɖe ŋu. Ŋkeke etɔ̃ megbe, le dzinu atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ‘eva’ ge ɖe Yerusalem dua me. Eye wòtɔ dzo dua.—Yeremya 52:12, 13.

Yeremya ƒo nu tso Yerusalem ƒe anyidzedze ŋu tsitotsito. Nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe la na amewo xa nu alo fa konyi. Woŋlɔ konyifanya siawo ɖe Biblia gbalẽ si nye Konyifahawo la me.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Ʋɔnudɔdrɔ̃ si Yehowa ahe ava Yerusalem dzi la hã le Yeremya ƒe gbedeasia me

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Aleke Yehowa ‘lé Yeremya sesẽe’?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

‘Mekpɔ nyuie ɖe Yuda ƒe aboyomewo ŋu abe gbotsetse nyui siawo ene.’—Yeremya 24:5