Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Lã matsrimatsri nenie Noa kplɔ yi aɖakaʋua me—lã matsrimatsri ƒomevi ɖe sia ɖe adre loo, alo adre teƒe eve?

Esi Noa wu aɖakaʋua kpakpa nu la, Yehowa gblɔ nɛ be: “Yi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ kple aƒewò me katã, elabena mekpɔ bena, ame dzɔdzɔe nènye le dzidzime sia dome. Ðe lã matsrimatsriwo katã atsu kple asi adreadre, kple lã tsitsriwo atsu kple asi eveveve.” (Mose I, 7:1, 2) Gɔmeɖeɖe siwo nye The New English Bible, The New Jerusalem Bible, kple Tanakh—The Holy Scriptures ɖe Hebrigbe gbãtɔ me nya “adreadre” gɔme be “adre teƒe eve.”

Le Hebrigbe gbãtɔa me la, woŋlɔ “adreadre” la wònye “adre adre.” (Mose I, 7:2) Gake le Hebrigbea me la, xexlẽdzesi aɖe yɔyɔ zi eve mefia kokoko be woatsɔ ɖeka akpe ɖe nɔvia ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, Samuel II, 21:20 ƒo nu tso “ame dzɔtsu aɖe” si ‘to asibidɛ ade kple afɔbidɛ ade’ ŋu. Le Hebrigbea me la, woyɔ “ade” zi eve. Gake esia mefia be ame dzɔtsu la to asibidɛ ade teƒe eve (alo 12) ɖe eƒe asi ɖe sia ɖe alo afɔbidɛ ade teƒe eve ɖe eƒe afɔ ɖe sia ɖe o. Le Hebrigbe ŋuti sewo nu la, nu si ko xexlẽdzesi sia yɔyɔ zi eve fiae nye be ame dzɔtsua to asibidɛ ade ɖe asi ɖe sia ɖe, eye wòto afɔbidɛ ade hã ɖe afɔ ɖe sia ɖe.

Eya ta “adre adre” si woyɔ le Mose I, 7:2 mefia adre teƒe eve alo 14 o, abe ale si ko “eveveve” si dze le Mose I, 7:9, 15 mefia eve teƒe eve alo ene o la ene. Nu si ko xexlẽdzesiwo yɔyɔ zi eve le mawunyakpukpui sia me fiae nye lã ƒomevi ɖe sia ɖe ƒe xexlẽme si woɖe—ke menye ɖe wotsɔ xexlẽmeawo le wo nɔewo kpem o. Eya ta togbɔ be wokplɔ lã matsrimatsriwo yi ɖe aɖakaʋua me “adreadre” hã la, lã tsitsriwo ya “eveveve” koe wokplɔ yi ɖe eme.

Ekema “atsu kple asi” si woyɔ kplɔ xexlẽdzesia “adreadre” la ɖo le Mose I, 7:2 ya ɖe? Esia na ame aɖewo susui be ɖe wobia tso Noa si be wòaɖe lã matsrimatsri ɖe sia ɖe ƒomevi adre teƒe eve. Gake menye vidzidzi ta koe wogblẽ lã matsrimatsriawo ɖe agbe ɖo o. Mose I, 8:20 gblɔ be, “Noa ɖi vɔsamlekpui, eye wòtsɔ lã matsrimatsriwo kple xe matsrimatsriwo ƒe ɖewo na Yehowa hemè wo le vɔsamlekpui la dzi” esi wòdo go tso aɖakaʋua me. Lã matsrimatsri ƒomevi ɖe sia ɖe ƒe adrelia wɔe be ɖeka te ŋu tsi ɖe sia ɖe ƒomevi dzi Noa tsɔ sa vɔe, eye wòkpɔtɔ ɖe sia ɖe atsu etɔ̃ kple nɔ etɔ̃ bena woate ŋu adzi le anyigba dzi.