Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aɖaŋuɖoɖo Nyuiwo Didi

Aɖaŋuɖoɖo Nyuiwo Didi

Aɖaŋuɖoɖo Nyuiwo Didi

Alekee mawɔ anɔ lãmesẽ me?

Alekee mawɔ be nye ƒomea nakpɔ dzidzɔ geɖe wu?

Alekee mawɔ be dɔ mage le asinye o?

ÐE NÈBIA nya siawo dometɔ aɖe ɖokuiwò kpɔa? Ðe nèke ɖe eŋuti ɖaŋuɖoɖo nyui siwo wɔ dɔ na wò ŋua? Ƒe sia ƒe la, wotaa agbalẽ vovovo siwo ade 2,000 siwo me aɖaŋuɖoɖowo nɔna ku ɖe biabia siawo kple biabia vevi bubuwo ŋu. Le Britain (Angleterre) ɖeɖe dzaa la, amewo zãa Amerika dɔlar miliɔn 150 ɖe agbalẽ siawo siwo ɖoa aɖaŋu tso ale si woawɔ anɔ te ɖe agbemekuxiwo nu la ŋu ƒe sia ƒe. Le United States (États-Unis) la, wote ŋu kpɔa dɔlar miliɔn 600 sɔŋ tsoa agbalẽ siawo dzadzra me ƒe sia ƒe. Menye wò ɖeka koe le aɖaŋuɖoɖo nyui siwo akpe ɖe ŋuwò nàkpe akɔ kple gbe sia gbe gbenɔnɔ me kuxiwo la dim o.

Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ tso aɖaŋuɖogbalẽ gbogbo manyaxlẽ mawo ŋu be: “Nu siwo ame aɖewo ŋlɔ va yi xoxo koe wogagbugbɔ ŋlɔna ɖe agbalẽ yeyewo me.” Le nyateƒe me la, aɖaŋuɖoɖo siwo nɔa ɖe agbalẽ siawo me la dometɔ akpa gãtɔ nyea nunya siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ xoxotɔ kekeake me la ke gbugbɔgblɔ. Woma agbalẽ sia le xexea me wu agbalẽ bubu ɖe sia ɖe. Woɖe agbalẽ bliboa alo eƒe akpa aɖe gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo ade 2,400 me. Va se ɖe fifia la, wota ɖekaɖeka biliɔn 4, miliɔn 600 kple edzivɔ. Agbalẽ sia menye agbalẽ bubu aɖeke wu Biblia o.

Biblia gblɔ eme kɔ nyuie be: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe [gbɔgbɔ] me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me.” (Timoteo II, 3:16) Ele be míalɔ̃ ɖe edzi be, womeŋlɔ Biblia abe kpekpeɖeameɖokui ŋuti ɖaŋuɖogbale ene o. Taɖodzinu si koŋ tae woŋlɔ Biblia ɖoe nye be wòaɖe Mawu ƒe tameɖoɖo afia ameƒomea. Togbɔ be taɖodzinu ma tae woŋlɔe ɖo hã la, egblɔ ale si míawɔ akpe akɔ kple kuxi siwo mí katã míedoa goe la na mí, eye wòdo ŋugbe be ame siwo katã wɔna ɖe eƒe mɔfiame siwo le eme dzi la akpɔ eme yayrawo. (Yesaya 48:17, 18) Ame siwo wɔna ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la kpɔe be wowɔa dɔ ɣesiaɣi, metsɔ le amea ƒe gbegbɔgblɔ, dekɔnu, alo agbalẽnyanya me o. Nu ka tae màyi edzi axlẽ nyati si kplɔe ɖo la bene wò ŋutɔ nàkpɔe nenye be nya siwo Biblia gblɔ le nu siawo abe lãmesẽ me nɔnɔ, ƒomegbenɔnɔ, kple dɔwɔɖui ŋuti ene la wɔa dɔ loo, alo mewɔa dɔ o hã?