Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aɖaŋuɖoɖo Siwo Wɔa Dɔ!

Aɖaŋuɖoɖo Siwo Wɔa Dɔ!

Aɖaŋuɖoɖo Siwo Wɔa Dɔ!

AÐAŊUÐOÐO gbogbo siwo wokpɔna le aɖaŋuɖogbalẽ siwo li egbea me ƒe taɖodzinu koe nye be woakpe ɖe ame siwo le kuxiwo me tom fifi laa la ŋu. Gake Biblia ya to vovo. Togbɔ be Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe ame siwo le xaxawo me tom ŋuti hã la, eƒe viɖewo sɔ gbɔ wu ema. Eƒe aɖaŋuɖoɖowo kpena ɖe ame ŋu wòƒoa asa na vodada siwo ate ŋu ana be agbenɔnɔ nasesẽ na ame madzemadzee la wɔwɔ.

Biblia ate ŋu ana “gegemewo nadze aɖaŋu, eye ɖekakpuiwo nadze si nu, eye woabu tame.” (Lododowo 1:4) Ne èwɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la, “tamebubu akpɔ dziwò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò, ne wòaɖe wò tso mɔ vɔ̃ dzi.” (Lododowo 2:11, 12) Lé ŋku ɖe kpɔɖeŋu aɖewo siwo ɖee fia be wɔwɔ ɖe Biblia me ɖaŋuɖoɖowo dzi te ŋu nana ame nɔa lãmesẽ me, nuwo dzea edzi le ƒomea me kpakple ale si wònana ame te ŋu zua dɔwɔla kple dɔtɔ ɖɔʋu la ŋu kpɔ.

Tsri Aha Tsu Nono

Biblia metsi tre ɖe aha muame zazã le ŋuɖɔɖo me ŋu o. Apostolo Paulo ɖee fia be wein daa gbe le ame ŋu, esi wòɖo aɖaŋu na ɖekakpui Timoteo be: “Megano tsi ɖeɖe o, ke boŋ no wein vi aɖe le wò dɔgbo kple lãmegbegblẽ enuenu la ŋuti.” (Timoteo I, 5:23) Biblia ƒe akpa bubuwo ɖee fia be viɖe siwo Mawu ɖo be míakpɔ le weinzazã me la sɔ gbɔ wu eƒe atikewɔwɔ me viɖewo. Woƒo nu tso wein ŋu be ‘edoa dzidzɔ na amegbetɔ ƒe dzi.’ (Psalmo 104:15) Gake Biblia xlɔ̃ nu be “woaganye aha geɖe nolawo o.” (Tito 2:3) Egblɔ be “Meganɔ weintsunolawo kple lãtsuɖulawo dome o. Elabena ahatsunola kple nutsuɖula ɖe wodaa ahe.” (Lododowo 23:20, 21) Ne woŋe aɖaba ƒu aɖaŋuɖoɖo siawo dzi la, nu kawoe dona tsoa eme? Kpɔ nu siwo dona tsoa eme ŋuti nyatakaka siwo tso dukɔ ʋɛ aɖewo me ɖa.

Xexea Me Ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ka nya ta le aha muame zazã ŋuti le ƒe 2004 me be: “Kuxi siwo dona tsoa aha muame zazã me nana be Irelandtɔwo gblẽa Amerikatɔwo ƒe dɔla biliɔn 3 ƒe sia ƒe.” (Global Status Report on Alcohol 2004) Nyatakakaa ɖee fia be nu vovovo siwo ŋu wogblẽa ga gbogbo ma gbegbe ɖo la dometɔ aɖewo ku ɖe “atikewɔnyawo ŋuti, si me wozãna dɔlar miliɔn 350 le; wozãa dɔlar miliɔn 380 hã ɖe ʋufɔkuwo ŋuti, ame siwo dzi aha muamewo kpɔ ŋusẽ ɖo ƒe nu vlo wɔwɔ nana wogblẽa dɔlar miliɔn 126, eye dɔmemayimayi le dɔwɔlawo ƒe ahamumu ta na wogblẽa dɔlar miliɔn 1,300.”

Fukpekpe si aha tsu nono hena vaa amewo dzi la gavlo wu fenyinyi siwo wòhena vɛ. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe ɖeka pɛ ko me la, ame siwo mu aha la do afɔku ame siwo ƒe xexlẽme wu 500,000 le Australia. Le France la, ŋutasẽnu siwo katã wowɔna ɖe ƒometɔwo ŋu la dometɔ 30 le alafa me tsoa aha tsu nono gbɔ. Ne ède ŋugble le nu siawo katã ŋuti la, ɖe medze ƒãa be susu le aɖaŋu siwo Biblia ɖo ku ɖe aha muame zazã ŋu la me oa?

Tsri Nuwɔna Siwo Ƒoa Ði Ŋutilã La

Le keke ƒe 1942 me ke, esime atamanono nye nu si nɔ tsia dzi la, magazine sia si xlẽm nèle la ƒe tata aɖewo kpe ɖe exlẽlawo ŋu wokpɔe dze sii be atamanono nye dada le Biblia me gɔmeɖosewo dzi, eye be ele be woatsrii. Nyati aɖe si wota le ƒe ma me ɖe nu me be, ele be ame siwo di be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu la nawɔ ɖe Biblia me sedede si nye be “míakɔ mía ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me” la dzi. (Korintotɔwo II, 7:1) Fifia, si nye le ƒe 65 megbe la, ɖe medze ƒãa be susu le Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖoa me oa?

Le ƒe 2006 me la, Xexea Me Ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ be atamanonoe “nye nu evelia si hea ku vɛ na ame wu le xexea me.” Ƒe sia ƒe la, ame miliɔn atɔ̃ sɔŋ kuna le atamanono ta. Evɔ ame miliɔn etɔ̃ ye kuna ƒe sia ƒe le HIV/AIDS (SIDA) alo ɖikanàku ƒe dɔlélea ta. Le ƒe alafa 20 lia me la, akɔntabubu ɖee fia be ame siwo ade miliɔn 100 ye ku le atamanono ta, eye xexlẽme sia sɔ kple ame siwo ku le aʋa siwo katã wowɔ le ƒe alafa ma me la tɔ kloe. Le nyateƒe me la, amewo va le nunya si le atamanono tsitsri me la xɔm de eme le xexea me katã fifia.

“Si Le Gbɔdɔdɔ Ƒe Agbe Gbegblẽ Nɔnɔ Nu”

Ame geɖe medina kura be yewoawɔ ɖe aɖaŋu siwo Biblia ɖo ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu la dzi o. Biblia metsri gbɔdɔdɔnuwɔna ɖe sia ɖe hegblɔ be enye nu vɔ̃, abe ale si wona amewo xɔe se ene o. Gake eɖo aɖaŋu siwo me nunya le siwo fia ale si wòle be amegbetɔwo nawɔ nu le gbɔdɔnyawo gome. Biblia fia nu be ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖe wo nɔewo koe akpɔ gome le gbɔdɔdɔ me. (Mose I, 2:24; Mateo 19:4-6; Hebritɔwo 13:4) Gbɔdɔdɔ nye mɔ si dzi srɔ̃tɔwo tona ɖea numalɔ̃malɔ̃ le ame gbɔ ƒe lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewo. (Korintotɔwo I, 7:1-5) Eɖea vi na ɖevi ɖe sia ɖe si wodzi le ƒome sia tɔgbi me be edzila siwo tsɔa ɖe le eme na wo nɔewo la li alé be nɛ.—Kolosetɔwo 3:18-21.

Biblia de se ku ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu ŋu be: “Misi le gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ nu.” (Korintotɔwo I, 6:18, NW) Susu siwo tae dometɔ ɖekae nye ka? Kpukpuia yi edzi be: “Nu vɔ̃ sia nu vɔ̃ bubu si ame awɔ la, mele eƒe ŋutilã me o, gake ame si nɔa gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ la le nu vɔ̃ wɔm ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋu.” Nu kae dona tsoa eme ne amewo gbe wɔwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si ku ɖe gbɔdɔnyawo ŋu la dzi?

Bu nu si le dzɔdzɔm le United States la ŋu kpɔ. Dukɔ ma mee ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ le dzidzim ɖe edzi le fifia wu le dukɔ deŋgɔwo me—wodea 850,000 ƒe sia ƒe. Vidzĩ siwo womeɖe ƒu gbe esime wonye fugboe o la, va zua vinɔ siwo si srɔ̃ mele o la ƒe agba. Ðikeke mele eme o be vinɔ ƒewuivi siawo dometɔ geɖe wɔa wotɔ si nua le wo viwo nyinyi le lɔlɔ̃ me me, eye wo dometɔ aɖewo kpɔa dzidzedze. Ke hã, nyateƒenya si wɔ nublanuie nye be vinɔ ƒewuivi siawo ƒe viŋutsu akpa gãtɔ ava tsi gakpɔ me mlɔeba, eye anɔ eme kokoko be wo vinyɔnuawo hã ava zu vinɔwo le woƒe ƒewuiwo me. Esi numekukuwɔla Robert Lerman gbugbɔ to ƒe blanane siwo va yi ƒe akɔntabubuwo me la, eŋlɔ bena: “Ale si dzilaɖekɛƒomewo va le bɔbɔm fifia la anya wɔe be hadomekuxiwo dzi ɖe edzi; kuxi siawo dometɔ aɖewoe nye sukugbelawo ƒe dzidzi ɖe edzi, aha tsu nono, atike muamewo zazã, ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ kple woƒe vidzidzi, kpakple sɔhɛwo ƒe aglãdzedze.”

Tagbɔdɔ kple lãmesẽkuxi sesẽwo hã ɖea fu na ame siwo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me yakatsyɔ. Le kpɔɖeŋu me, Pediatrics si nye nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si ƒoa nu tsoa ɖeviwo ŋu la ka nya ta be: “Akɔntabubuwo ɖee fia be nuteɖeamedzi kple didi be woawu ame ɖokui ate ŋu aɖe fu na sɔhɛ siwo kpɔa gome le gbɔdɔdɔ me wu esiwo mekpɔa gome le eme o.” Le lãmesẽkuxi bubuwo gome la, Amerikatɔwo Ƒe Hadomelãmesẽnyawo Gbɔkpɔha gblɔ be: “Amerikatɔwo katã ƒe afã kple edzivɔwo ava xɔ nulɔdɔ godoo le woƒe agbe me.” De ŋugble le dzigbãnya kple fukpekpe siwo woate ŋu aƒo asa na ne ɖee woawɔ ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu dzi la ŋu kpɔ!

Tu Ƒomekadodo Sẽŋu Ðo

Menye nuwɔna siwo agblẽ nu le mía ŋu la ŋuti koe Biblia xlɔ̃ nu mí le o, ke eƒo nu tso nu bubu geɖe siwo aɖe vi na mí hã ŋu. Kpɔ aɖaŋu siwo wòɖo ku ɖe ale si míawɔ ana míaƒe ƒomegbenɔnɔ nanyo ɖe edzi ŋu la ɖa.

Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “[Ele] na ŋutsuwo be, woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene.” (Efesotɔwo 5:28) Le esi teƒe be srɔ̃ŋutsuwo nado kpo asixɔxɔdede wo srɔ̃wo ŋu la, Biblia xlɔ̃ nu wo be woanɔ anyi kpli wo “le nunya me, esi wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu la ŋuti, eye [woatsɔ] bubu na wo.” (Petro I, 3:7) Ku ɖe nyaʋiʋli siwo ate ŋu ado mo ɖa ŋu la, woɖo aɖaŋu na srɔ̃ŋutsuwo be: “Miyi edzi mianɔ mia srɔ̃wo lɔ̃m, eye miganɔ dɔmedzoe dom ɖe wo ŋu helĩhelĩ o.” (Kolosetɔwo 3:19, NW) Ðe mèlɔ̃ ɖe edzi be ne srɔ̃ŋutsu aɖe wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi la, srɔ̃a alɔ̃e ahade bubu eŋu oa?

Biblia na mɔfiame sia nyɔnuwo hã be: “Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo abe Aƒetɔ la ene; elabena ŋutsue nye ta na nyɔnu, abe alesi Kristo hã nye ta na hame la ene, . . . ke nyɔnu la nasi srɔ̃a ɖa.” (Efesotɔwo 5:22, 23, 33) Ðe mèkpɔe be ne srɔ̃nyɔnu aɖe wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi le nuƒoƒo na srɔ̃a me alo le nuƒoƒo le eŋuti ne meli o me la, srɔ̃ŋutsua alɔ̃e vevie oa?

Ku ɖe ɖeviwo hehe ŋuti la, aɖaŋu si Biblia ɖo na mi dzilawoe nye be miaɖo dze kple mía viwo ‘ne miebɔbɔ nɔ miaƒe aƒe me, alo miele mɔ dzi, ne miemlɔ anyi, alo miefɔ.’ (Mose V, 6:7) Woxlɔ̃ nu vifofowo koŋ be woana mɔfiafia wo viwo le agbe nyui nɔnɔ gome eye woaɖɔ wo ɖo le lɔlɔ̃ me. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Mi vifofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple susu mamla me.” (Efesotɔwo 6:4, NW) Egblɔ na ɖeviwo hã be: “Miɖo to mia dzilawo,” eye wògblɔ kpee be “bu fofowò kple dawò.” *Efesotɔwo 6:1, 2.

Ðe nèkpɔe be aɖaŋuɖoɖo siawo dziwɔwɔ aɖe vi na ƒomewoa? Ðewohĩ àgblɔ be ‘ɛ̃, susu le nya siawo me ya, gake ɖe wowɔa dɔ ŋutɔŋutɔa?’ Míele kpe wòm be nàyi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ la me. Àkpɔ ƒome siwo le agbagba dzem hele wɔwɔm ɖe Biblia me ɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le dzi la le afi ma. Ðo dze kpli wo. Lé ŋku ɖe ale si ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe le nu wɔm ɖe nɔvia ŋui la ŋu. Àkpɔe vavã be agbenɔnɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo nu nana ƒomewo kpɔa dzidzɔ ŋutɔŋutɔ!

Dɔwɔla Dovevienu Kple Dɔtɔ Si Wɔa Nu Si Sɔ

Aɖaŋu kae Biblia ɖo le ale si amewo ʋlina vevie gbe sia gbe be dɔwɔɖui nagage le yewo si o ŋu? Egblɔ be dɔwɔla si srɔ̃ eƒe dɔ nyuie la, womagbe asixɔxɔdede eŋu o, eye woaɖo eteƒe nɛ godoo. Fia Salomo, nunyala la, gblɔ be: “Kpɔ amesi zã le eƒe dɔwɔwɔ me la ɖa, fiawoe wòasubɔ.” (Lododowo 22:29) Gake “kuviatɔ” ya le na eƒe dɔtɔ abe ale si ‘dzudzɔ le na ŋkuwo’ ene. (Lododowo 10:26) Biblia ɖo aɖaŋu na dɔwɔlawo be woaɖi anukware eye wolé fɔ ɖe dɔ ŋu. “Fiafitɔ la nagafi fi o, ke boŋ nedze agbagba, ne wòatsɔ eƒe asiwo awɔ dɔ nyui.” (Efesotɔwo 4:28) Ele be woawɔ aɖaŋuɖoɖo sia dzi ne dɔtɔa meli o gɔ̃ hã. “Miɖo to miaƒe aƒetɔwo le ŋutilã nu le nusianu me; menye le ame ŋku me nuwɔwɔ me, abe alesi wòdzea amewo ŋu la ene o, ke boŋ le dzimekɔkɔ me le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me.” (Kolosetɔwo 3:22) Ne dɔtɔe nènye la, ɖe màde asixɔxɔ dɔwɔla siwo wɔa aɖaŋuɖoɖo sia dzi la ŋu ŋutɔ oa?

Biblia ɖo ŋku edzi na dɔtɔwo hã be: “Dɔwɔla dze na eƒe fetu.” (Timoteo I, 5:18) Le Se si Mawu na Israel viwo me la, wobia tso dɔtɔwo si be woaxe fetu si dɔwɔlawo dze na la na wo enumake. Mose ŋlɔ bena: “Megate hawòvi ɖe anyi o, eye megada adzoe o. Megana agbatedɔwɔla ƒe fetu natsi gbɔwò ŋu nake ɖe edzi o.” (Mose III, 19:13) Ðe dɔwɔwɔ na dɔtɔ aɖe si wɔna ɖe Biblia ƒe mɔfiafia sia dzi eye wòxea fe si sɔ na dɔwɔlawo enumake la mado dzidzɔ na wò oa?

Nunyatsoƒe Deŋgɔ Aɖe

Ðe wòwɔ nuku na wò be aɖaŋuɖoɖo siwo wɔa dɔ egbea la le Biblia si nye agbalẽ si woŋlɔ gbe aɖe gbe ʋĩ ke la mea? Susu si tae Biblia me nyawo gakpɔtɔ wɔa dɔ, evɔ agbalẽ geɖewo me ɖaŋuɖoɖowo ya zu tsigãdzinyawo lae nye be menye amewo ƒe susue le eme o, ke boŋ “Mawu ƒe nya” ye le eme.—Tesalonikatɔwo I, 2:13.

Míele dzi dem ƒo na wò be nàxɔ dzigbɔɖi asrɔ̃ Mawu ƒe Nya la nyuie. Ne èwɔe alea la, Yehowa Mawu, Biblia Ŋlɔla la ƒe nu ava lé dzi na wò vevie. Ne èwɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la, àkpɔe be akpɔ tawò tso afɔkuwo me, eye wòakpe ɖe ŋuwò agbe na dze edzi na wò. Ne èwɔ esia la, ‘àte ɖe Mawu ŋu, eye eya hã ate ɖe ŋuwò.’ (Yakobo 4:8) Agbalẽ bubu aɖeke mate ŋu akpe ɖe ŋuwò alea o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 20 Ne èdi numeɖeɖe tsitotsito ku ɖe Biblia me gɔmeɖose siwo dziwɔwɔ aɖe vi na wò ƒomea ŋu la, ke xlẽ agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, si Yehowa Ðasefowo ta.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Ðe nèkpɔe be aɖaŋu si Biblia ɖo le aha muame zazã ŋu la ɖea via?

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Ðe nèlɔ̃ ɖe Biblia me gɔmeɖose si fia be woatsri atamanono la dzia?

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dziwɔwɔ nana ƒomegbenɔnɔ nyona ɖe edzi

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 5]

Anyigba ƒe nɔnɔmetata: Based on NASA photo