Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Me Nyagblɔɖiwo Dzixɔxɔse Xɔa Ame Ðe Agbe

Biblia Me Nyagblɔɖiwo Dzixɔxɔse Xɔa Ame Ðe Agbe

Biblia Me Nyagblɔɖiwo Dzixɔxɔse Xɔa Ame Ðe Agbe

YESU nɔ dzodzom le Yerusalem gbedoxɔa me zi mamlɛtɔ esime eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka do ɣli be: “Nufiala, kpɔ ale kpe siawo kple ale xɔtutu siawo ɖa!” Gbedoxɔa nye atsyɔ̃ kple dada na Yuda dukɔa. Gake Yesu xɔ edzi be: “Èle xɔtutu gã siawo kpɔm mahã? Womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi, si womatu asii aƒu anyi o.”—Marko 13:1, 2.

Esesẽ ŋutɔ be woaxɔ nya sia dzi ase! Gbedoxɔa ƒe kpewo dometɔ aɖewo lolo ŋutɔ. Gakpe ɖe eŋu la, nya si Yesu gblɔ la lɔ Yerusalem kple ɖewohĩ Yuda dukɔa ŋutɔ gɔ̃ hã, si ƒe gbedoxɔ nye gbɔgbɔmetadeaguƒe gã la, tsɔtsrɔ̃ ɖe eme. Eya ta Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ƒoe ɖe enu be: “Gblɔ ɣeyiɣi, si dzi nusiawo lava la, na mí, eye nuka lanye dzesi na ɣeyiɣi, si me nusiawo katã lawu nu mahã?”—Marko 13:3, 4.

Yesu ɖo afɔ afɔta na wo be, “nuwuwu la meɖo haɖe o.” Gbã la, nusrɔ̃lawo ase aʋa ŋuti ɣliwo; eye anyigbaʋuʋuwo, dɔwuame, kple dɔvɔ̃wo lava teƒeteƒewo. Eteƒe madidi o, nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedziwo adzɔ le Yuda dukɔa me ahahe tɔtɔ gã aɖe si tɔgbi womekpɔ kpɔ o la vɛ, ɛ̃, anye “xaxa gã” aɖe ŋutɔ. Gake Mawu ade asi nyaa me ahaɖe “ame tiatiawo,” siwo nye Kristotɔ wɔnuteƒewo. Alekee?—Marko 13:7; Mateo 24:7, 21, 22; Luka 21:10, 11.

Tsitretsitsi Ðe Roma Ŋu

Ƒe blave vɔ enyi va yi, eye Kristotɔ siwo le Yerusalem gale mɔ kpɔm na nuwuwu la kokoko. Aʋawɔwɔwo, anyigbaʋuʋuwo, dɔwuame, kple dɔvɔ̃wo le fu ɖem na Roma Fiaɖuƒea. (Kpɔ aɖaka si le axa 9.) Dukɔmeviʋa kple gbe vovovo dolawo dome ʋiʋli geɖe le edzi yim le Yudea. Ke hã, dedienɔnɔ kple ŋutifafa aɖe si nu le Yerusalem, si ŋu wotɔ kpɔ ɖo la ya. Amewo le nu ɖum, wole dɔ wɔm, wole srɔ̃ ɖem, eye wole viwo dzim abe ale si wowɔna ɖaa ene. Gbedoxɔ gã nyadri si le dua me na amewo xɔe se be dua le dedie eye anɔ anyi ɖaa.

Anɔ abe ƒe 61 M.Ŋ. lɔƒo ene la, Kristotɔ siwo le Yerusalem la xɔ lɛta aɖe tso apostolo Paulo gbɔ. Ekafu wo ɖe woƒe dzidodo ta, gake etsi dzi vevie, elabena ewɔ abe ame aɖewo le hamea me siwo mekpɔ nuwɔwɔ kpata ƒe vevienyenye dze sii o ene. Kristotɔ aɖewo le tatram ɖa tso xɔsea gbɔ alo woƒe gbɔgbɔmemenyenye le to yim. (Hebritɔwo 2:1; 5:11, 12) Paulo xlɔ̃ nu wo be: “Eya ta migatsɔ miaƒe nuƒoƒo dzideƒotɔe . . . la ƒu gbe o. . . . Elabena ‘esusɔ vie ko,’ eye ‘ame si gbɔna la ava ɖo, eye mahe ɖe megbe o.’ ‘Gake nye ame dzɔdzɔe la anɔ agbe le xɔse me,’ eye ‘ne egbugbɔ ɖe megbe la, luʋɔnye makpɔ dzidzɔ ɖe eŋu o.’” (Hebritɔwo 10:35-38, NW) Aɖaŋuɖoɖo si sɔ ɖe ɣeyiɣia nue nye esia vavã! Gake ɖe Kristotɔwo aɖe xɔse afia ahanɔ ŋudzɔ ahakpɔtɔ anɔ mɔ kpɔm na Yesu ƒe nyagblɔɖia me vavaa? Ðe Yerusalem ƒe nuwuwu tu aƒe ɣemaɣi ŋutɔŋutɔa?

Le ƒe atɔ̃ siwo va kplɔe ɖo me la, nɔnɔmeawo yi edzi le gbegblẽm ɖe edzi le Yerusalem. Mlɔeba le ƒe 66 M.Ŋ. me la, Roma Mɔ̃mefia Florus, nu fitifiti wɔla la, xɔ talento 17 siwo nye “adzɔfe” siwo tsi Yudatɔwo ŋu la sesẽe tso gbedoxɔ kɔkɔea ƒe gadzraɖoƒe. Yudatɔwo do dziku vevie eye wodze aglã ɖe Roma dziɖuɖua ŋu. Yudatɔ dzeaglãwo alo Zãzɛnyahela gbogbo aɖewo nyè zi va Yerusalem va wu Roma srafo siwo le dua me. Emegbe woɖe gbeƒã dzideƒotɔe be Yudea megale Roma te o. Yudea kple Roma kpe aʋa azɔ!

Le ɣleti etɔ̃ pɛ ko me la, Roma mɔ̃mefia si le Siria nutoa dzi kpɔm, Cestius Gallus, kple eƒe aʋakɔ si me asrafo 30,000 le la dze mɔ ɖo ta anyiehe be yewoava tsi Yudatɔwo ƒe aglãdzedzea nu. Eƒe aʋakɔa va ɖo Yerusalem le Agbadɔŋkekenyui ɖuɣi eye woge ɖe dua ƒe golɔgoewo me. Yudatɔ Zãzɛnyahela siawo siwo asrafoawo sɔ gbɔ wu la yi ɖadi sitsoƒe le gbedoxɔa ƒe glikpɔ sesẽ si ƒo xlãe la me. Eteƒe medidi o, Roma srafoawo te gbedoxɔa ƒe gliawo te kuku. Yudatɔwo do dziku vevie. Asrafo siwo nye trɔ̃subɔlawoe nye ma le gu dom Yudasubɔsubɔ ƒe teƒe kɔkɔetɔ kekeake! Gake Kristotɔ siwo le dua me ya ɖo ŋku Yesu ƒe nyawo dzi be: ‘Ne miakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Daniel dzi la, anɔ tsitre le kɔkɔeƒea la, ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi.’ (Mateo 24:15, 16) Ðe woaɖe xɔse afia ɖe Yesu ƒe nyagblɔɖinyawo ŋu ale be wòaʋã wo woaɖe afɔ si sɔa? Le ale si nɔnɔmeawo va le nu la, woƒe agbetsitsi anɔ te ɖe afɔ si woaɖe dzi. Gake aleke woawɔ asi?

Kasia nu kae dzɔ o, nu kae meɖadzɔ o, Cestius Gallus ye ma kplɔ eƒe aʋakɔawo ɖo ta ƒuta gome, eye Zãzɛnyahelaawo dze wo yome heɖe wo ɖe enu. Nukutɔe la, xaxa si va dua dzi la nu tso! Kristotɔawo ɖee fia be yewoxɔ Yesu ƒe nuxlɔ̃amenyagblɔɖia dzi se, eye wosi tso Yerusalem yi ɖe Pella, si nye du aɖe si le adzɔ ge ke le tonuto aɖe me le Yordan Tɔsisia ƒe go kemɛ dzi. Wosi le ɣeyiɣi nyuitɔ me. Eteƒe medidi o, Zãzɛnyahelaawo trɔ gbɔ va Yerusalem heƒoe ɖe dua me tɔ susɔeawo nu be woawɔ ɖeka kple yewo le aglãdzedzea me. * Gake Kristotɔwo ya le dedie le Pella hele nu siwo ava va eme la lalam.

Sedzimawɔmawɔ Kple Tɔtɔ Xɔ Aƒe Ði

Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, Roma ʋakɔ bubu dze mɔ gbɔna Yerusalem. Le ƒe 67 M.Ŋ. me la, Aʋafiagã Vespasian kple via Titus, ƒo aʋakɔ gã nyadri aɖe si me asrafo 60,000 le la nu ƒu. Le ƒe eve me la, aʋakɔ sesẽ sia le zɔ ɖem ɖo ta Yerusalem hele mɔxeɖenu ɖe sia ɖe gbam le eƒe mɔ dzi. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒo vovovo siwo tso ɖe wo nɔewo ŋu le Yerusalem dua me la le avu wɔm kple wo nɔewo vevie. Wogblẽ dua ƒe nuɖuɖudzraɖoƒewo dome, wogbã nu sia nu le nuto siwo ƒo xlã gbedoxɔa la me, eye wowu Yudatɔ siwo wu 20,000 sɔŋ. Vespasian he eƒe tete ɖe Yerusalem ŋu ɖe megbe, elabena egblɔ be: ‘Mawu le nu tum kple yewoƒe futɔwo abe Roma srafomegã aɖe ene wu ale si nye ŋutɔ mate ŋu awɔe; míaƒe futɔwo ŋutɔ le wo nɔewo tsrɔ̃m.’

Esi Roma Fiagã Nero ku la, Vespasian trɔ yi Roma be yeaɖaxɔ fiazikpuia hegblẽ Titus ɖi be wòakpɔ Yudatɔwo ƒe aglãdzenyaa gbɔ. Titus va ɖo Yerusalem le 70 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyui ɖuɣi lɔƒo hexaxa dua me nɔlawo kple mɔzɔla siwo le dua me la ɖo. Eƒe asrafowo tso atiwo katã kloe le Yudea nutoa me tsɔ kpa tsyoti siwo wotsɔ tɔ kpɔ si ƒe didime nye kilometa 7 ƒo xlã dua tsɔ xaxa wo ɖo. Alea tututue Yesu gblɔe ɖi be: “Wò futɔwo atu tsyotiwo aƒo xlã wò godoo ava kpe, eye woaɖe to ɖe wò ahana nàxaxa le goawo katã me.”—Luka 19:43.

Eteƒe medidi o, dɔ va to le dua me. Nu vlo wɔha siwo si lãnuwo le la, le gegem ɖe ame siwo ku kple esiwo ɖo kudo nu la ƒe aƒewo me hele woƒe nuwo ham. Nyɔnu ɖeka ya teti, si nu glo la, wu eƒe vidzĩ heɖu, si na nyagblɔɖi sia va eme be: “Ne wò futɔwo ɖe to ɖe wò, eye woxaxa wò ɖo la, ekema àɖu wò ŋutɔ wò dɔmevi, viwòŋutsu kple viwònyɔnu, . . . ƒe lã.”—Mose V, 28:53-57.

Mlɔeba esi woxaxa Yerusalem dua ɖo hena ɣleti atɔ̃ la, wɔna va vɔ le dua ŋu. Woha dua kple eƒe gbedoxɔ xɔŋkɔ la me nuwo hetɔ dzo wo eye womegblẽ kpe aɖeke ɖe kpe dzi o. (Daniel 9:26) Ame siwo katã ku ƒe xexlẽmee nye 1,100,000; eye wodzra ame 97,000 bubuwo hã ɖe kluvinyenye me. * (Deuteronomy 28:68) Yudatɔwo vɔ le Yudea dua me keŋkeŋ kloe. Le nyateƒe me la, enye nu dziŋɔ aɖe si dzɔ ɖe dukɔa dzi si tɔgbi ɖeke mesɔ kpli o, enye tɔtrɔ gã aɖe le Yudatɔwo ƒe dunyahehe, dekɔnuwo kple subɔsubɔnyawo me. *

Gake Kristotɔ siwo le Pella la da akpe na Mawu tso dzi blibo me ɖe woƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta. Woƒe Biblia me nyagblɔɖiwo dzixɔxɔse kpɔ woƒe agbe ta!

Ne míede ŋugble tso nu siwo dzɔ ŋu la, anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe xɔse si akpɔ tanye le xaxa gã si le aƒe tum me la le asinyea? “Ame siwo si xɔse le hena luʋɔ xɔxɔ ɖe agbe la” dometɔ ɖekae menyea?’—Hebritɔwo 10:39, NW; Nyaɖeɖefia 7:14.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 10 Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus (Joseph) ka nya ta be Zãzɛnyahelaawo ti Roma srafoawo yome ŋkeke adre sɔŋ hafi trɔ gbɔ va Yerusalem.

^ mm. 15 Numekuku aɖe ɖee fia be ne woma Yudatɔ siwo katã le Roma Fiaɖuƒea me ɖe akpa adre me la, wowu akpa ɖeka kple edzivɔwo.

^ mm. 15 Yudatɔ Biblia ŋuti nunyala Alfred Edersheim ŋlɔ bena: “Nu dziŋɔ siwo katã dzɔ ɖe Israel dzi le eƒe ŋutinya me va yi la mede xaxa [sia] si va edzi la nu o, eye nu siwo ava dzɔ ɖe edzi le etsɔme ha made enu o.”

[Nyaɖoɖo si le 9]

Dzesia Ƒe Akpa Siwo Va Eme Le Ƒe Alafa Gbãtɔ Me

AƲAWƆWƆWO:

Gaul (Ƒe 39-40 M.Ŋ.)

Dziehe Afrika (Ƒe 41 M.Ŋ.)

Britain (Ƒe 43, 60 M.Ŋ.)

Armenia (Ƒe 58-62 M.Ŋ.)

Dukɔmeviʋa kple gbe vovovo dolawo dome ʋiʋliwo le Yudea (Ƒe 50-66 M.Ŋ.)

ANYIGBAƲUƲUWO:

Roma (Ƒe 54 M.Ŋ.)

Pompeii (Ƒe 62 M.Ŋ.)

Asia Sue (Ƒe 53, 62 M.Ŋ.)

Kreta (Ƒe 62 M.Ŋ.)

DƆWUAME:

Roma, Hela, Egipte (Ƒe 42 M.Ŋ. lɔƒo)

Yudea (Ƒe 46 M.Ŋ. lɔƒo)

DƆVƆ̃WO:

Babilonia (Ƒe 40 M.Ŋ.)

Roma (Ƒe 60 kple 65 M.Ŋ.)

AƲATSONYAGBLƆÐILAWO:

Yudea (Ƒe 56 M.Ŋ. lɔƒo)

[Map/Picture on page 10]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Roma Ƒe Aʋawɔwɔ Le Palestina, Ƒe 67-70 M.Ŋ.

Ptolemai

Galilea Ƒu

Pella

PEREA

SAMARIA

Yerusalem

Dzeƒu

YUDEA

Kaisarea

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Anyigbatataa dzaa ko: Based on maps copyrighted by Pictorial Archive (Near Eastern History) Est. and Survey of Israel

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

‘Míaƒe futɔwo ŋutɔ le wo nɔewo tsrɔ̃m.’—Vespasian

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Roma srafowo tsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 70 M.Ŋ.

[Picture Credit Lines on page 11]

Kpetata: Soprintendenza Archeologica di Roma; Vespasian: Bildarchiv Preussischer Kulturbesitz/Art Resource, NY