Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɔ̃ Faa Nàbɔbɔ Ðokuiwò Ðe Alẽkplɔla Lɔ̃amewo Te

Lɔ̃ Faa Nàbɔbɔ Ðokuiwò Ðe Alẽkplɔla Lɔ̃amewo Te

Lɔ̃ Faa Nàbɔbɔ Ðokuiwò Ðe Alẽkplɔla Lɔ̃amewo Te

“Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la, eye mibɔbɔ mia ɖokui.”—HEBRITƆWO 13:17, NW.

1, 2. Ŋɔŋlɔ kawoe ɖee fia be Yehowa kple Yesu nye Alẽkplɔla lɔ̃amewo?

YEHOWA MAWU kple Via, Yesu Kristo, nye Alẽkplɔla lɔ̃amewo. Yesaya gblɔe ɖi be: “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa gbɔna kple ŋusẽ, eye eƒe alɔ aɖu fia ɖe enu. . . . Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.”—Yesaya 40:10, 11.

2 Gbugbɔgaɖoanyi ŋuti nyagblɔɖi sia va eme zi gbãtɔ esime Yudatɔwo ƒe ame susɔe aɖewo trɔ gbɔ va Yuda le ƒe 537 D.Ŋ.M. me. (Kronika II, 36:22, 23) Egava eme zi evelia esime Yesu Kristo, Kores Gãtɔ la, ɖe amesiamina susɔeawo tso “Babilon Gã la” me le ƒe 1919 me. (Nyaɖeɖefia 18:2; Yesaya 44:28) Enye Yehowa ƒe “alɔ” hena dziɖuɖu, eye wòƒoa alẽawo nu ƒu hekplɔa wo beléletɔe. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Nyee nye alẽkplɔla nyui la, eye menya nye alẽawo, eye nye alẽawo nyam.”—Yohanes 10:14, NW.

3. Aleke Yehowa tsɔ ɖe le ale si wowɔa nu ɖe eƒe alẽwo ŋui la me lɔlɔ̃tɔe?

3 Nyagblɔɖi si le Yesaya 40:10, 11 la te gbe ɖe ale si Yehowa kplɔa eƒe amewo beléletɔe le lɔlɔ̃ me dzi. (Psalmo 23:1-6) Le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔɣi la, eya hã ɖe ɖetsɔleme kple lɔlɔ̃ fia eƒe nusrɔ̃lawo kpakple ame bubu ɖe sia ɖe. (Mateo 11:28-30; Marko 6:34) Yehowa kple Yesu siaa mekpɔ ŋudzedze ɖe ale si Israel ƒe kplɔlawo kple ŋgɔnɔlawo sẽ ŋuta le wo ŋu la ŋu o, wogblẽ alẽawo ɖi bemalémalé na wo heha wo ŋumakpemakpetɔe. (Xezekiel 34:2-10; Mateo 23:3, 4, 15) Yehowa do ŋugbe be: “Maxɔ na nye alẽwo, eye womaganye nuhaha azɔ o, eye madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ kple alẽ dome. Maɖo kplɔla ɖeka kolia, si nye dɔla Dawid la, wo nu, ne wòanyi wo; eya anyi wo, eye wòanye kplɔla na wo.” (Xezekiel 34:22, 23) Le nuwuɣi sia me la, Yesu Kristo, Dawid Gãtɔ lae nye “kplɔla ɖeka kolia,” si Yehowa ɖo Eƒe amewo, siwo nye Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na kpakple ‘alẽ bubuawo’ siaa, nu le anyigba dzi.—Yohanes 10:16.

Wonye Nunanawo Tso Dziƒo Na Hame La

4, 5. (a) Nunana xɔasi kae Yehowa na eƒe amewo le anyigba dzi? (b) Nunana kae Yesu na eƒe hame la?

4 Esi Yehowa ɖo “kplɔla ɖeka kolia,” si nye Yesu Kristo, Eƒe amewo nu le anyigba dzi la, enye nunana xɔasi aɖe na Kristo hamea. Wogblɔ nunana sia si nye Kplɔla si anɔ dziƒo la ɖi le Yesaya 55:4 be: “Kpɔ ɖa, metsɔe ɖo ɖasefo na dukɔwo, eye metsɔe ɖo dukɔwo ƒe amegã kple dziɖula.” Woƒo Kristotɔ amesiaminawo kple “ameha gã” la me tɔwo nu ƒu tso dukɔwo dome, tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple dukɔ sia dukɔ me. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 7:9) Woƒo ƒu wɔ habɔbɔ ɖeka si me tɔwo tso dukɔwo katã me, kple “alẽha ɖeka,” si le “alẽkplɔla ɖeka,” Kristo Yesu, ƒe kpɔkplɔ te.

5 Yesu hã na nunana xɔasi aɖe eƒe hamea le anyigba dzi. Ena alẽkplɔlatevi wɔnuteƒewo, ame siwo srɔ̃a Yehowa kple Yesu hekplɔa alẽhaa le beléle kple lɔlɔ̃ me. Apostolo Paulo ƒo nu tso nunana nyui siawo ŋu le eƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔwo le Efeso la me. Eŋlɔ bena: “‘Esi wòlia yi dzi la, eɖe aboyo amewo; ena nunana siwo nye amewo.’ . . . Etsɔ ame aɖewo na wonye apostolowo, ɖewo nye nyagblɔɖilawo, ɖewo nye nyanyuigblɔlawo, eye ɖewo nye alẽkplɔlawo kple nufialawo, kple susu be woaɖɔ ame kɔkɔewo ɖo hena subɔsubɔdɔwɔwɔ, hena Kristo ƒe ŋutilã la tutu.”—Efesotɔwo 4:8, 11 ,12NW.

6. Aleke woƒo nu tso dzikpɔla amesiamina siwo nye hamemetsitsiwo ŋui le Nyaɖeɖefia 1:16, 20, eye nya kae míate ŋu agblɔ le alẽ bubuawo me tɔ siwo woɖo hamemetsitsiwoe ŋu?

6 “Nunana [siawo] siwo nye amewo” la, nye dzikpɔlawo, alo hamemetsitsiwo, ame siwo Yehowa kple Via woɖo to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi be woanyi alẽawo le beléle kple lɔlɔ̃ me. (Dɔwɔwɔwo 20:28, 29) Le gɔmedzedzea me la, dzikpɔla siawo katã nye ŋutsu Kristotɔ amesiaminawo. Le Nyaɖeɖefia 1:16, 20 la, woyɔ ame siwo subɔ abe hamemetsitsiwo ene le amesiaminawo ƒe hamea me la le kpɔɖeŋumɔ nu be ‘ɣletiviwo’ alo “dɔlawo,” siwo le Kristo ƒe nuɖusi me, si fia be wole eƒe kpɔkplɔ te. Gake esi dzikpɔla siwo nye amesiamina siwo gakpɔtɔ le anyigba dzi ƒe agbɔsɔsɔme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ le nuwuɣi sia me ta la, Kristotɔ hamemetsitsi siwo le hameawo me ƒe akpa gãtɔ nye alẽ bubuawo me tɔwo. Esi wònye be Dziɖuha la teƒenɔlawoe ɖoa hamemetsitsi siawo le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia te ta la, míate ŋu agblɔ be woawo hã wole Alẽkplɔla Nyui, Yesu Kristo, ƒe nuɖusi me (alo le eƒe mɔfiafia te). (Yesaya 61:5, 6) Esi wònye be hamemetsitsi siawo siwo le míaƒe hameawo me la bɔbɔa wo ɖokui na Kristo, si nye hamea ƒe Ta ta la, ele be míawɔ nu kpli wo aduadu tso dzi blibo me.—Kolosetɔwo 1:18.

Toɖoɖo Kple Ðokuibɔbɔ

7. Aɖaŋu kae apostolo Paulo ɖo le ale si míawɔ nu ɖe Kristotɔ dzikpɔlawo ŋui la ŋu?

7 Mía Kplɔla siwo le dziƒo, Yehowa Mawu kple Yesu Kristo, di tso mía si be míaɖo to alẽkplɔlatevi siwo woɖo agbanɔamedzinɔƒewo le hamea me ahabɔbɔ mía ɖokui na wo. (Petro I, 5:5) Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ bena: “Miɖo ŋku ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la dzi, ame siwo gblɔa Mawu ƒe nya la na mi, eye esi miele ŋku lém ɖe wo ŋu hele nu siwo dona tsoa woƒe agbenɔnɔ me kpɔm la, misrɔ̃ woƒe xɔse. Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la, eye mibɔbɔ mia ɖokui, elabena wole miaƒe luʋɔwo ŋu dzɔm, abe ame siwo ana akɔnta ene; bene woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple hũɖeɖe o, elabena esia agblẽ nu le mia ŋu.”—Hebritɔwo 13:7, 17, NW.

8. Nu kawo ŋue Paulo de dzi ƒo na mí be ‘míalé ŋku ɖo,’ eye aleke wòle be ‘míaɖe toɖoɖo afiae’?

8 De dzesii be Paulo de dzi ƒo na mí be ‘míalé ŋku ɖe’ hamemetsitsiawo ƒe agbenɔnɔ nuteƒewɔwɔtɔe me tsonuwo ŋu, alo be míade ŋugble tso wo ŋu nyuie eye míadze woƒe xɔse ƒe kpɔɖeŋu mawo yome. Eɖo aɖaŋu na mí hã be míaɖo to ŋutsu siawo siwo woɖo la, eye míabɔbɔ mía ɖokui ɖe woƒe mɔfiafia te. Biblia ŋuti nunyala, R. T. France, ɖe nu me be le Helagbe gbãtɔa me la, nya sia si gɔme woɖe be “miɖo to” la menye “nya si wozãna zi geɖe tsɔ fiaa toɖoɖo o, ke boŋ le gɔmesesea ŋutɔŋutɔ nu la, efia be ‘kakaɖedzi nasu ame si ɖe ame aɖe ŋu,’ si fia lɔlɔ̃ ɖe woƒe ŋgɔxɔxɔ dzi faa.” Míeɖoa to hamemetsitsiawo menye le esi Mawu ƒe Nya la biae tso mía si nenema ta ko o ke le esi míekpɔ kakaɖedzi be wotsɔ ɖe le Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ me hedina be yewoawɔ nu si aɖe vi na mí la hã ta. Dzi adzɔ mí godoo ne míelɔ̃ faa wɔ ɖe woƒe mɔfiafiawo dzi.

9. Ne míeɖoa to hã la, nu ka tae wògahiã be ‘míabɔbɔ mía ɖokui’?

9 Ke nenye be le go aɖewo me la, míeka ɖe edzi be mɔfiame aɖe si hamemetsitsiwo na lae nye nyuitɔ o ɖe? Ɣemaɣie wòhiã be míabɔbɔ mía ɖokui. Ele bɔbɔe be míaɖo to ne míese nu sia nu gɔme le mɔfiame aɖe si wona mí la ŋu, gake ne míelɔ̃na wɔna ɖe mɔfiame aɖe si wona mí evɔ míese egɔme tututu o dzi la, míeɖenɛ fiana be míebɔbɔa mía ɖokui le nyateƒe me. Petro, ame si va zu apostolo emegbe la ɖe ɖokuibɔbɔ sia tɔgbi fia.—Luka 5:4, 5.

Susu Ene Siwo Tae Míalɔ̃ Faa Awɔ Nu Kpli Wo Aduadu

10, 11. Le ƒe alafa gbãtɔ me kple le egbeŋkekea me la, mɔ ka nue dzikpɔlawo “gblɔa Mawu ƒe nya la” na wo hati Kristotɔwo le?

10 Le Hebritɔwo 13:7, 17 (NW) si míeyɔ va yi ƒe nyawo nu la, apostolo Paulo gblɔ susu ene siwo tae wòle be míaɖo to Kristotɔ dzikpɔlawo ahabɔbɔ mía ɖokui na wo ɖo. Gbãtɔae nye be ‘wogblɔa Mawu ƒe nya la’ na mi. Ðo ŋku edzi be ɖee Yesu na “nunana siwo nye amewo” hame la kple susu be “woaɖɔ ame kɔkɔewo ɖo.” (Efesotɔwo 4:11, 12, NW) Eɖɔ Kristotɔ gbãtɔwo ƒe susu kple nɔnɔme ɖo to alẽkplɔlatevi wɔnuteƒewo, siwo dometɔ aɖewo gbɔgbɔ ʋã woŋlɔ lɛtawo na hameawo la dzi. Ezã ame siwo woɖo dzikpɔlawoe to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi la tsɔ fia mɔ Kristotɔ gbãtɔawo hetu wo ɖo.—Korintotɔwo I, 16:15-18; Timoteo II, 2:2; Tito 1:5.

11 Yesu fiaa mɔ mí egbea to Dziɖuhaa kpakple dzikpɔla siwo woɖo, siwo le ‘dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa’ teƒe la dzi. (Mateo 24:45) Le bubu si míetsɔna naa “alẽkplɔla gã,” Yesu Kristo, ta la, míewɔna ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Miade bubu ame siwo le dɔ wɔm sesĩe le mia dome, eye wole mia dzi kpɔm le Aƒetɔ la me hele nu xlɔ̃m mi la ŋu.”—Petro I, 5:4; Tesalonikatɔwo I, 5:12, NW; Timoteo I, 5:17.

12. Aleke dzikpɔlawo ‘le míaƒe luʋɔwo ŋu dzɔmee’?

12 Susu evelia si tae wòle be míawɔ nu aduadua kple Kristotɔ dzikpɔlawoe nye be “wole [míaƒe] luʋɔwo ŋu dzɔm.” Ne wode dzesi míaƒe nuwɔna aɖe si ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu le gbɔgbɔ me la, wotsona kaba ɖoa aɖaŋu siwo sɔ la na mí kple susu be yewoaɖɔ mí ɖo. (Galatiatɔwo 6:1) Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘le eŋu dzɔm’ la fia “ŋunɔnɔ alɔ̃madɔmadɔe” le nya la ŋutɔŋutɔ nu. Le Biblia ŋuti nunyala aɖe ƒe nya nu la, efia be “alẽkplɔlaa nanɔ moxexi ɣeawokatãɣi.” Hekpe ɖe woƒe moxexinɔnɔ le gbɔgbɔ me ŋu la, ete ŋu dzɔna gɔ̃ hã be hamemetsitsiwo tsia zãdomadɔalɔ̃e le esi wotsi dzi ɖe míaƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ ŋu ta. Ðee mele be míalɔ̃ faa awɔ nu aduadua kple alẽkplɔlatevi siawo siwo wɔa woƒe ŋutete ɖe sia ɖe be yewoasrɔ̃ Yesu Kristo, “alẽwo ƒe kplɔla gã la” ƒe beléle na alẽwo lɔlɔ̃tɔe la oa?—Hebritɔwo 13:20.

13. Ame kae dzikpɔlawo kple Kristotɔwo katã abu akɔnta na, eye mɔ kawo nue woawɔ esia le?

13 Susu etɔ̃lia si tae wòle be míawɔ nu aduadu kple dzikpɔlawoe nye be wole mia ŋu dzɔm, “abe ame siwo ana akɔnta ene.” Dzikpɔlaawo ɖoa ŋku edzi be yewonye alẽkplɔlatevi siwo subɔna le Kplɔla siwo le dziƒo, Yehowa Mawu kple Yesu Kristo te. (Xezekiel 34:22-24) Yehowa tɔe alẽawo, siwo “wòtsɔ ye ŋutɔ Via ƒe ʋu ƒle la” nye, eye abia akɔnta dzikpɔla siwo woɖo la le ale si wowɔa nu ɖe alẽawo ŋui, si wòle be wòanye “le lɔlɔ̃ me,” la ta. (Dɔwɔwɔwo 20:28, 29, NW) Esia fia be, mí katã míabu akɔnta na Yehowa le ale si míewɔa nu ɖe eƒe mɔfiafiawo ŋui la ŋuti. (Romatɔwo 14:10-12) Míaƒe toɖoɖo hamemetsitsiwo ɖea míaƒe ɖokuibɔbɔ ɖe Kristo, si  nye hamea ƒe Ta te hã fiana.—Kolosetɔwo 2:19.

14. Nu kae ate ŋu ana be Kristotɔ dzikpɔlawo nanɔ ‘hũ ɖem’ le woƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ me, eye nu kae anye emetsonu?

14 Paulo gblɔ susu enelia si tae wòle be míalɔ̃ faa abɔbɔ mía ɖokui ɖe Kristotɔ dzikpɔlawo te. Eŋlɔ bena: “Bene woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple hũɖeɖe o, elabena esia agblẽ nu le mia ŋu.” (Hebritɔwo 13:17, NW) Woƒe agbanɔamedzi gbogboawo, siwo nye nufiafia, alẽkpɔkplɔdɔ, ŋgɔxɔxɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me, woƒe ƒomewo dzikpɔkpɔ, kple kuxiwo gbɔkpɔkpɔ le hamea me ɖee fia be agba gã aɖee le Kristotɔ hamemetsitsiwo dzi vavã. (Korintotɔwo II, 11:28, 29) Ne míegbe nuwɔwɔ kpli wo aduadu la, esia nana woƒe agba la gakpena ɖe edzi. Esia ana be woanɔ ‘hũ ɖem.’ Ne míegbe nuwɔwɔ kpli wo aduadu la, medzea Yehowa ŋu o, eye esia ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu. Gake ne míedea bubu si dze hamemetsitsiawo ŋu hewɔa nu kpli wo aduadu la, esia ana be woatsɔ dzidzɔ awɔ woƒe dɔwo, eye wòana ɖekawɔwɔ nanɔ hamea me eye ame sia ame akpɔ gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me dzidzɔtɔe.—Romatɔwo 15:5, 6.

Míaƒe Ðokuibɔbɔ Ðeɖe Fia

15. Aleke míate ŋu aɖe míaƒe toɖoɖo kple ɖokuibɔbɔ afiae?

15 Nu geɖe li siwo míate ŋu awɔ atsɔ aɖee afia ŋutɔŋutɔ be míewɔa nu aduadu kple dzikpɔla siwo woɖo la. Ðe hamemetsitsiwo wɔ kpekpe hena gbeadziyiyi ŋuti ɖoɖowo ɖe ŋkeke kple game aɖewo dzi, le ale si nɔnɔmeawo bia le anyigbamamawo me nu, siwo abia be nàwɔ asitɔtrɔ aɖewo be nàte ŋu akpɔ gome le wo mea? Mina míadze agbagba akpe asi ɖe ɖoɖo yeyeawo ŋu. Míate ŋu axɔ yayra siwo míele mɔ kpɔm na o. Ðe subɔsubɔdɔ dzikpɔlaa va le míaƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒoa srãm kpɔa? Mina míakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe ale si míate ŋui le kwasiɖa ma me. Ne wona mí dɔdeasi le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me ya ɖe? Ele be míadze agbagba ava wɔ míaƒe dɔdeasia. Ke ne miaƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlaa ɖe gbeƒãe be miawo dzie wòɖo be miadzra Fiaɖuƒe Akpataa me ɖo ya ɖe? Anyo be miakpe asi ɖe dɔa ŋu le ale si miaƒe lãmesẽ kple ŋutetewo aɖe mɔe nu. Le mɔ sia kple bubuwo nu la, míeɖea míaƒe ɖokuibɔbɔ ɖe ŋutsu siwo Yehowa kple Via woɖo be woalé be na alẽhaa te fiana.

16. Ne hamemetsitsi aɖe mele nu wɔm ɖe mɔfiafia si wona nu o la, nu ka tae ema meɖe mɔ na mí be míaɖe aglãdzedze ƒe nɔnɔme afia o?

16 Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu adzɔ be hamemetsitsi aɖe manɔ nu wɔm ɖe mɔfiafia si dɔla nuteƒewɔlaa kple eƒe Dziɖuhaa na nu o. Ne eyi edzi le nu wɔm nenema la, ava bu akɔnta na Yehowa, míaƒe “luʋɔwo ƒe kplɔla kple dzikpɔla la.” (Petro I, 2:25) Gake hamemetsitsi aɖewo ƒe kpododonu alo vodadawo meɖe mɔ na mí be míaɖe aglãdzedze ƒe nɔnɔme afia o. Yehowa medaa asi ɖe tomaɖomaɖo kple aglãdzenuwɔnawo dzi o.—Mose IV, 12:1, 2, 9-11.

Yehowa Yrana Ðe Nuwɔwɔ Aduadu Tso Dzime Faa Dzi

17. Alekee wòle be míawɔ nu ɖe míaƒe dzikpɔlawo ŋu?

17 Yehowa Mawu nyae be ŋutsu siwo yeɖo dzikpɔlawoe la nye ame madeblibowo. Ke hã, ele wo zãm, eye etoa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi kplɔa eƒe amewo le anyigba dzi. Enye nyateƒe le hamemetsitsiwo gome—kple le míawo hã gome—be “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu la [nye] Mawu tɔ, ke menye esi tso mía ŋutɔwo mía gbɔ o.” (Korintotɔwo II, 4:7, NW) Eya ta ele be míada akpe na Yehowa le nu siwo wòto míaƒe dzikpɔla wɔnuteƒeawo dzi le wɔwɔm la ta, eye ele be míawɔ nu kpli wo aduadu tso dzi blibo me.

18. Ne míebɔbɔa mía ɖokui na míaƒe dzikpɔlawo la, le nyateƒe mea, nu ka wɔmee ma míele?

18 Dzikpɔlawo dzea agbagba vevie wɔa nu wòsɔna ɖe ale si Yehowa ɖɔ alẽkplɔla siwo wòɖo be woakplɔ yeƒe alẽhaa le ŋkeke mamlɛawo me la ƒe nɔnɔme nu, abe ale si wòdze le Yeremya 3:15 ene be: “Mana kplɔlawo mi ɖe nye dzi nu, ne woatsɔ nunya kple gɔmesese akplɔ mi.” Le nyateƒe me la, hamemetsitsi siwo le mía dome la le dɔ nyui aɖe wɔm le nufiafia Yehowa ƒe alẽwo kple wo takpɔkpɔ me. Mina míayi edzi anɔ míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖem fia ɖe woƒe dɔ sesẽ siwo wowɔna la ta to míaƒe nuwɔwɔ kpli wo aduadu tso dzime faa, míaƒe toɖoɖo, kple míaƒe ɖokuibɔbɔ me. Ne míele ewɔm alea la, míanɔ míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖem fia mía Kplɔla siwo le dziƒo, Yehowa Mawu kple Yesu Kristo.

Numetoto

• Alekee Yehowa kple Yesu Kristo ɖee fia be yewonye Kplɔla lɔ̃amewo?

• Ne míeɖoa to hã la, nu ka tae wògahiã be míabɔbɔ mía ɖokui?

• Mɔ ŋutɔŋutɔ kawo nue míate ŋu aɖe míaƒe ɖokuibɔbɔ afia le?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Kristotɔ hamemetsitsiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe Kristo ƒe kpɔkplɔ te

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Mɔ geɖe li siwo dzi míato aɖe míaƒe ɖokuibɔbɔ ɖe alẽkplɔla siwo Yehowa ɖo la te afia