Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa Na Mewɔ Tiatia Nyuiwo Le Nye Agbe Me

Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa Na Mewɔ Tiatia Nyuiwo Le Nye Agbe Me

Agbemeŋutinya

Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa Na Mewɔ Tiatia Nyuiwo Le Nye Agbe Me

Abe Ale Si Lynette Peters Gblɔe Ene

Asrafowo va be yewoakplɔ mí dzoe. Tudala bibi aɖe le tsitre ɖe aƒea tame. Ƒudzisrafowo tsyɔ akɔ anyi ɖe sɔgbea dzi heglã woƒe tuwo ɖi hele dzadzraɖo ɖi na wo dada. Esi míesi du kabakaba ɖo ta helikɔpta si nɔ mía lalam la gbɔ Kwasiɖagbe ŋdi ma la, mía kple hatinye dutanyanyuigblɔlawo míedze agbagba lé mía ɖokui kpoo. Le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, míele yame yina. Le miniti ewo megbe la, míele dedie le ƒudzisrafoawo ƒe meli aɖe, si ɖi eƒe seke ɖe ƒua nu la me.

LE ŊUFƆKE la, míese be aglãdzelawo da bɔmb hegbã amedzrodzeƒe si míeɖadi sitsoƒe le le zã si do ŋgɔ me la. Ʋunyaʋunya siwo nɔ edzi yim le Sierra Leone hena ƒe geɖe la va zu aʋa blibo mlɔeba. Woƒoe ɖe amedzrowo katã, siwo dome míawo hã míenɔ, la nu le gbeƒãɖeɖe kpata aɖe me be woadzo le dukɔa me. Be maɖe nu si tae meva kpɔ ɖokuinye le nɔnɔme ma me me na mí la, mína magblɔ ale si nuwo dze egɔmee na mi.

Metsi le Guiana si dzi Britaintɔwo ɖu, si wova yɔna tso ƒe 1966 me be Guyana. Dzidzɔ kple dziɖeɖi sɔŋ ye nɔ nye sɔhɛmenɔɣi le ƒe 1950 ƒeawo me le afi ma. Dzila akpa gãtɔ dea asixɔxɔ sukudede ŋu ŋutɔ, eye wokpɔa mɔ be sɔhɛwo nawɔ dɔ le suku nyuie. Meɖo ŋku edzi be gbe ɖeka, gadzraɖoƒedɔwɔla aɖe bia fofonye be, “Nu ka tae nèxea fe gbogbo sia gbegbe hena viwòwo ƒe sukudede?” Papa ɖo eŋu nɛ be, “Hehe nyuitɔ kekeake koe ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woakpɔ dzidzedze.” Ɣemaɣi la, ebui be suku xɔŋkɔwo me koe woate ŋu axɔ hehe nyuitɔ kekeake le. Gake eteƒe madidi o, eƒe nuŋububu atrɔ.

Esime mexɔ ƒe 11 la, Yehowa Ðasefowo te Biblia sɔsrɔ̃ kple danye. Woa kple míaƒe aƒelika aɖe woɖi tsa yi Fiaɖuƒe Akpata aɖe me. Nya siwo wose fiẽ ma na woka ɖe edzi be yewoke ɖe nyateƒea ŋu. Emegbe danye ɖo dze tso nu si me wodzro le afi ma ŋu na aƒelika bubu. Eteƒe medidi o, dutanyanyuigblɔla siwo ƒe ŋkɔe nye Daphne Harry (si wova yɔna emegbe be Baird) kple Rose Cuffie, wote nusɔsrɔ̃ kple wo ame etɔ̃a siaa. Mede ƒe ɖeka hafi Dada kple exɔlɔ̃ eveawo xɔ nyɔnyrɔ o. Le ƒe atɔ̃ megbe la, fofonye do le Seventh-Day Adventist (Adventiste du septième jour) Sɔlemeha me eye wòxɔ nyɔnyrɔ hezu Yehowa Ðasefo.

Abe sɔhɛwo ene la, mía kple nɔvinyenyɔnu eve—mí ame siwo nye tsitsitɔ etɔ̃awo le vi ewo dome—míeɖia tsa ɖanɔa dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe si me Daphne kple Rose wole la me hena gaƒoƒo geɖe, eye míekpɔa dzidzɔ le wo gbɔ nɔnɔ me ŋutɔ. Le ɣeyiɣi mawo me la, míeɖoa to wo ne wole dze ɖom tso woƒe gbea dzi nuteƒekpɔkpɔwo ŋu. Ne dutanyanyuigblɔla siawo le kpekpem ɖe amewo ŋu hele nu fiam wo tso Mawu ŋu la, dzidzɔ yɔa wo me fũu. Woƒe kpɔɖeŋu nyuiwoe ƒã didia ɖe menye be mazu dutanyanyuigblɔla.

Gake nu kae kpe ɖe ŋunye meyi edzi lé nye taɖodzinu be mava zu ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela me ɖe asi togbɔ be ƒometɔwo kple sukuhati geɖewo ya ɖoe be yewoati ŋutilãmedɔwo yome? Mɔnukpɔkpɔ geɖe ŋutɔ nɔ anyi siwo me mate ŋu aƒo ɖokuinye ɖo bɔbɔe—mate ŋu aƒo ɖokuinye ɖe se ŋuti nusɔsrɔ̃, hadzidzi, atike ŋuti nunya, alo nu bubu ɖe sia ɖe sɔsrɔ̃ me faa. Dzinyelawo ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo kpe ɖe ŋunye mete ŋu wɔ nyametsotso nyuitɔ. Wonɔ agbe ɖe nyateƒea nu hesrɔ̃a Biblia moveviɖoɖotɔe, eye wotsɔa wo ɖokui ɖoa anyi kpena ɖe ame bubuwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. * Gakpe ɖe eŋu la, wokpea ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo vaa míaƒe aƒe me edziedzi. Ale si dzidzɔa nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo kple ale si woƒe dzi dze emee la do ŋusẽ nye didi be maɖe mɔ nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa nafia mɔ nye agbenɔnɔ.

Mexɔ nyɔnyrɔ esime mexɔ ƒe 15. Esi menya wu sekɛndrisuku (lycée) nu teti ko la, mete ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ. Philomena, ame si wɔa dɔ le kɔdzi aɖe lae nye ame gbãtɔ si ŋu mekpe ɖo wòwɔ ŋgɔyiyi ɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ. Dzidzɔ si mekpɔna le ale si wòva lɔ̃ Yehowae la teƒekpɔkpɔ me do ŋusẽm be mayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi. Ema megbe kpuie la, wotsɔ dɔ nyui aɖe ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖo ŋkunye me le dziɖuɖudɔwɔƒe si mewɔa dɔ le abe agbalẽŋlɔla ene. Nyemexɔ dɔa o, metiae be mayi ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi boŋ.

Le ɣeyiɣi mawo me la, mekpɔtɔ nɔ dzinyelawo gbɔ, eye dutanyanyuigblɔlawo yi edzi nɔa mía sram kpɔ. Woƒe gbeƒãɖeɖedɔa me nuteƒekpɔkpɔwo sese doa dzidzɔ nam ŋutɔ! Nu siawo katã do ŋusẽm megadi vevie wu be mazu dutanyanyuigblɔla, togbɔ be edze abe taɖodzinu ma gbɔ ɖoɖo asesẽ hã. Ɣemaɣi la, woɖo dutanyanyuigblɔlawo ɖe Guyana eye wogakpɔtɔ nɔ bubuwo ɖom ɖa. Gbe ɖeka le ƒe 1969 me la, mexɔ lɛta aɖe si me wokpem le be mayi aɖade Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku le Brooklyn, New York. Togbɔ be ewɔ nuku nam hã la, dzi dzɔm ale gbegbe.

Dɔdeasi Aɖe Si Nyemekpɔ Mɔ Na O

Sukuvi 54 siwo tso dukɔ 21 mee nɔ Gilead suku ƒe klass 48 lia me. Mí nɔvinyɔnu tre 17 ye nɔ wo dome. Togbɔ be míede sukua ƒe 37 ye nye esia va yi hã la, megaɖoa ŋku nu siwo yi edzi le ɣleti atɔ̃ mawo me dzi kokoko. Nu geɖe ŋutɔ nɔ anyi si wòle be míasrɔ̃—menye Ŋɔŋlɔawo me nyateƒeawo ɖeɖe ko o, ke boŋ mɔfiame kple aɖaŋuɖoɖo vovovo siwo akpe ɖe mía ŋu le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ me hã. Le kpɔɖeŋu me, mesrɔ̃ wɔwɔ ɖe mɔfiamewo dzi, dada sɔ le nu siwo le tsia dzi ŋu dɔ wɔwɔ me, kple veviedodonu le nɔnɔme madeamedziwo me.

Dzinyelawo tea gbe ɖe kpekpewo dede edziedzi ƒe vevienyenye dzi ɣesiaɣi. Ne ame aɖe wɔ aye be yedze dɔ eye mede kpekpe le Kwasiɖagbe o la, womeɖea mɔ nɛ wòdea saŋkuƒoƒe alo fefewɔƒe bubuwo le zã si kplɔe ɖo me o. Gake meva da kpekpe aɖewo ƒu ɣeaɖewoɣi le Gilead Suku deɣia. Le Fiɖagbe fiẽ aɖe me la, medze agbagba be mado taflatse na Don kple Dolores Adams, srɔ̃tɔ siwo wɔa dɔ le Betel, ame siwo kpena ɖe ŋunye le ʋuɖonyawo gome la, be nyemate ŋu ayi kpekpe o. Megblɔ be, Dɔdeasi kple nuŋlɔɖi gbogbo aɖewo ŋutɔe le dzinye mawɔ! Ðe mate ŋu ade Teokrasi Subɔsubɔ Suku kple Subɔsubɔ Kpekpea fifia? Esi Nɔviŋutsu Adams lé susuwo kpɔ kplim sẽ la, egblɔ be: “Na wò dzitsinya nafia mɔ wò.” Mewɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi, eye nyemeda kpekpea ƒu fiẽ ma, alo gada bubu aɖeke hã ƒu emegbe o. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, nyemena naneke xe mɔ nam be nyemade Kristotɔwo ƒe kpekpewo o, negbe ne nɔnɔme sesẽ aɖe do mo ɖa ko.

Esi míeva ɖo míaƒe hehexɔɣia ƒe domedome lɔƒo la, míeva te dzeɖoɖo tso afi si woaɖo mí ɖo ŋuti. Nye ya mesusunɛ ɣesiaɣi be woaɖom ɖe Guyana, afi si wohiã kpekpeɖeŋu geɖe ŋutɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me le. Kpɔ ale si gbegbe wòwɔ nuku nam esi wona menya be nyemagbugbɔ ayi afi ma o ɖa. Ke boŋ wode dɔ asi nam be mayi aɖasubɔ le Sierra Leone, Ɣetoɖoƒe Afrika. Meda akpe na Yehowa ŋutɔ be ena nye didi be manye dutanyanyuigblɔla le didiƒe tso aƒe gbɔ la va eme nam mlɔeba!

Nusɔsrɔ̃ Gbogbo Aɖe Dze Ŋgɔm

“Teƒe kae nya kpɔ ale?” Nya siae do le nunye esime meɖo Sierra Leone teti. Towo kple togbɛwo, ƒukɔme kple ƒuta nyuiwo le afi ma. Ke hã, Ɣetoɖoƒe Afrika dukɔ ma ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ŋutɔŋutɔe nye dukɔa me tɔwo, ame siwo ƒe dɔmenyonyo kple lɔlɔ̃ɖeɖefia wɔnɛ be amedzrowo gɔ̃ hã ƒe dzi dzea eme. Esia kpena ɖe dutanyanyuiegblɔlawo ŋu ŋutɔ be aƒe medzroa wo o. Sierra Leonetɔwo lɔ̃a nuƒoƒo tso woƒe dekɔnuwo kple kɔnyinyiwo ŋu, vevietɔ wolɔ̃a kpekpeɖeŋunana amedzrowo be woate ŋu ado Krio, si nye Eŋlisigbe ƒomevi aɖe si ame geɖe dona le dukɔa me.

Kriogbedolawo zãa lododowo le nuƒoƒo me ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, woƒe lododo ɖekae nye, Fie de agble, kese tsɔ ɖu, si gɔmee nye be ɣeaɖewoɣi la, ame aɖe ƒãa nu ame bubu va ŋenɛ. Aleke gbegbee nya sia ɖɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ si bɔ ɖe xexea me lae nye esi!—Yesaya 65:22.

Gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa yi edzi nɔ dzidzɔ dom na ame ŋutɔ. Ƒãa hafi nàkpɔ ame aɖe si metsɔ ɖeke le Biblia me nyawo me o. Le ƒe geɖe siwo va yi me la, dutanyanyuigblɔlawo kple ame bubu siwo le Yehowa subɔm ɣeyiɣi didi aɖee nye ema la, kpe ɖe ame ƒomevi ɖe sia ɖe—tsitsiawo kple ɖeviwo siaa—siwo doa gbe vovovowo la ŋu woxɔ nyateƒea.

Erla St. Hill, si nye nye hadɔwɔla gbãtɔ le dutanyanyuiegbɔgblɔdɔa me la, wɔa dɔ ɖeɖimateameŋutɔe. Nu bubu si ŋu wòléa fɔ ɖo vevie to vovo na dzonɔameme si wòtsɔ wɔa subɔsubɔdɔae lae nye veviedodonu le dutanyanyuiegblɔlawo ƒe aƒemedɔ siwo kpɔ eŋku me la wɔwɔ me. Ekpe ɖe ŋunye mekpɔ vevienyenye si le nu bubuwo abe aƒelikawo nyanya nyuie, Ðasefowo kple ɖetsɔlemetɔ siwo dze dɔ la sasrãkpɔ, kple alɔdodo ame siwo dzi ku dzɔ ɖo la me, dze sii. Edea dzi ƒo nam hã be ɣesiaɣi si meyi ɖawɔ dɔ le anyigbamama aɖe me la, madze agbagba ɖe sia ɖe be mado gbe na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le afi ma hafi madzo, aleke kee nɔnɔmeawo anɔ o. Nu siawo wɔwɔ kpe ɖe ŋunye be eteƒe medidi o, dadawo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, kple xɔlɔ̃wo va su asinye, eye anyigbamama si me mewɔa dɔ le la va zu nye aƒe me.—Marko 10:29, 30.

Mena xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo nyui aɖe hã va nɔ mía kple dutanyanyuiegblɔla bubu siwo wɔa dɔ la dome. Wo dometɔ aɖewoe nye Adna Byrd, ame si nɔ xɔme kplim, si subɔ le Sierra Leone tso ƒe 1978 va se ɖe ƒe 1981 me, kpakple Cheryl Ferguson, si mía kpli míele xɔme ƒe 24 aɖewoe nye esia.

Dukɔmeviʋa He Tetekpɔwo Vɛ

Le ƒe 1997 me, anɔ abe ɣleti ɖeka le alɔdzedɔwɔƒe yeye si wotu ɖe Sierra Leone ŋu kɔkɔ vɔ megbe la, aʋa nya mi ɖe nu míesi dzo le dukɔa me, abe ale si megblɔe do ŋgɔ ene. Ƒe ade do ŋgɔ la, xɔse si nɔ nɔvi Ðasefo siwo si aʋa tso Liberia va Sierra Leone si la wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Wo dometɔ aɖewo va asi ƒuƒlu. Togbɔ be wonɔ nɔnɔme sesẽwo me tom hã la, wokpɔa gome le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me gbe sia gbe. Woƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple na amewo wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ.

Esi míawo hã míeva zu sitsoƒedilawo le Guinea la, míesrɔ̃ Liberia nɔviawo ƒe kpɔɖeŋua, eye míeyi edzi ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu hetsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ. Le ƒe ɖeka megbe la, míetrɔ gbɔ va Sierra Leone, gake le ɣleti adre ko megbe la, aʋa la gatɔ zi ake, eye eva hiã be míagasi ayi Guinea.

Eteƒe medidi o, míese be ame siwo kpe aʋaa la ƒe ha aɖe va tso kɔƒe ɖe míaƒe dutanyanyuiegblɔlawo ƒe aƒe si le Kissy la me, eye be woha míaƒe nunɔamesiwo katã alo gblẽ wo dome. Le esi teƒe be míaxa nu la, ɖe míeda akpe boŋ be míetsi agbe. Togbɔ be nunɔamesi ʋɛ aɖewo koe susɔ ɖe mía si hã la, míedze agbagba nɔ agbe ɖe wo nu.

Le míaƒe sisi yi Guinea zi evelia sia me la, mía kple nye xɔmehati Cheryl míetsi afi ma. Esia ƒoe ɖe mía nu be míasrɔ̃ Fransegbe. Hati dutanyanyuiegblɔla aɖewo te Fransegbe ʋɛ siwo srɔ̃m wole la zazã enumake, eye wometsia dzi ɖe woƒe vodadawo ŋu boo o. Ke nye ya nyemedina be manɔ vodada wɔm le nuƒoƒo me kura o, eya ta ne ehiã vevie ko hafi medoa Fransegbea. Etena ɖe dzinye ŋutɔ. Enɔ nam be manɔ ŋku ɖom nu si tae meva Guinea ɖo la dzi na ɖokuinye gbe sia gbe, si nye be makpe ɖe amewo ŋu woanya Yehowa.

Ʋɛʋɛʋɛ la, mewɔ ŋgɔyiyi le gbea sɔsrɔ̃ me to toléle ɖe ame siwo ɖu tu na gbea ŋu, kple kpekpeɖeŋubiabia tso ɖevi siwo le hamea me, siwo ƒoa nu faa la gbɔ me. Eteƒe medidi o, kpekpeɖeŋu nyui siwo míenɔ mɔ kpɔm na o la, tso Yehowa ƒe habɔbɔa gbɔ va na mí. Tso September 2001 me la, tsɔ kpe ɖe ale si míana agbalẽwo kple agbalẽ gbadzawo ame siwo le subɔsubɔha vovovowo me ŋuti mɔfiamewo ŋu la, wote magazine nana ŋuti ɖaŋuɖoɖowo hã dede Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me. Dzi nɔa ƒonye geɖe azɔ le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me, togbɔ be nyemete ŋu gblɔa nya siwo tututu magblɔ le míade gbe me la le Fransegbea me nyuie o hã.

Esi wònye be ƒome gã aɖe mee menɔ tsi ta la, anɔ eme godoo be esiae kpe ɖe ŋunye mete ŋu nɔ ame gbogbowo dome; ɣeaɖeɣi la, mí ame 17 sɔŋ ye nɔ aƒe me. Le ƒe 37 siwo metsɔ wɔ dutanyanyuiegbɔgblɔdɔe me la, mía kple dutanyanyuiegblɔla 100 kple edzivɔwo míenɔ aƒe me kpɔ. Mɔnukpɔkpɔ nyui ka gbegbee nye esi wònye nam be meva nya ame geɖe, siwo ƒe amenyenye to vovo, evɔ wo katã wowɔ dɔ ɖekae hena taɖodzinu ɖeka gbɔ ɖoɖo la! Eye dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye nam be menye Mawu ƒe hadɔwɔla hekpɔ gome le kpekpenana amewo me woxɔ Biblia me nyateƒea!—Korintotɔwo I, 3:9.

Le ƒe mawo me la, nu ɖedzesi geɖewo yi edzi le nye ƒomea me, siwo me nyemete ŋu kpɔ gome le o, abe yonyemetɔ geɖewo ƒe srɔ̃ɖewɔnawo ene. Eye nyemete ŋu kpɔa nye tasiyɔviwo kple nɔɖiyɔviwo edziedzi ale si medii o. Mía kple nye ƒomea, si dea dzi ƒo nam ɖokuitɔmadimaditɔe be malé dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me ɖe asi la, míelɔ̃ faa tsɔ nu siawo sa avɔe.

Ke hã, nu siwo to ŋunye le aƒe la sua asinye le nye dutanyanyuiegbɔgblɔdɔa wɔwɔ me ɣeaɖewoɣi. Togbɔ be meɖoe be nyemaɖe srɔ̃ o hã la, vi geɖewo va su asinye le hamea me, siwo nye ame siwo mesrɔ̃ Biblia kplii kple ame siwo va zu xɔ̃nye kplikplikpliwo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mekpɔ eteƒe ame siawo ƒe viwo va tsi, ɖe srɔ̃, henyi vi siwo woawo hã wodzi la le nyateƒea me. Abe ale si wòle le gonye me ene la, nusrɔ̃lawɔwɔdɔa na ame siawo dometɔ aɖewo hã wɔ tiatia nyuiwo le woƒe agbe me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Danye wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa hena ƒe 25 sɔŋ, eye esime fofonye xɔ dzudzɔ le dɔme la, eva zu ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela ƒe kpeɖeŋutɔ.

[Anyigbatata siwo le axa 15]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Woɖom ɖe Sierra Leone, Ɣetoɖoƒe Afrika

GUINEA

SIERRA LEONE

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Nɔvinye nyɔnu eve, siwo mía kpli wo míeyina ɖanɔa dutanyanyuigblɔlawo gbɔ dzidzɔtɔe hena gaƒoƒo geɖe le ƒe 1950-awo me

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Mía kple ame siwo de Gilead sukua ƒe klass 48 lia

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Sierra Leone ƒe alɔdzedɔwɔƒea ŋu kɔɣi