Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Alekee wòle be míase Paulo ƒe nyagbɔgblɔ si nye be, ele be ahosi aɖe nanye “ŋutsu ɖeka srɔ̃” hafi wòadze be Kristo hamea nana kpekpeɖeŋui la gɔme?—Timoteo I, 5:9.

Esi wònye ahosi ŋue Paulo nɔ nu ƒom tsoe ta la, edze ƒãa be nyagbɔgblɔ “ŋutsu ɖeka srɔ̃” la ku ɖe eƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ do ŋgɔ na eƒe ahosinyenye la ŋu. Ðe esia nɔ fiafiam be zi ɖeka pɛ koe wòle be ahosia naɖe srɔ̃ kpɔa? Alo ɖe gɔmesese bubu anya nɔ Paulo ƒe nyaawo ŋua? *

Ame aɖewo do susua ɖa be ahosi siwo ɖe srɔ̃ zi ɖeka pɛ ko kpɔ la ŋutie Paulo nɔ nu ƒom tso. Enye nyateƒe be le dekɔnu aɖewo nu kple le nuto aɖewo me la, wodea bubu ahosi siwo nɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee la ŋu ŋutɔ. Gake nuŋububu sia tsi tre ɖe nya siwo Paulo gblɔ le eƒe lɛta bubuwo me la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ena eme kɔ na Kristotɔ siwo nɔ Korinto la be, togbɔ be yexɔe se be ahosi akpɔ dzidzɔ wu ne enɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee hã la, “evo bena, wòaɖe amesi ke wòlɔ̃; negbe ɖeko woawɔe le Aƒetɔ la me.” (Korintotɔwo I, 7:39, 40; Romatɔwo 7:2, 3) Gakpe ɖe eŋu la, le lɛta si Paulo ŋlɔ na Timoteo me la, egblɔ be: “Mele didim bena, ahosi, siwo metsi haɖe o la, naɖe srɔ̃.” (Timoteo I, 5:14) Eya ta ne ahosi aɖe gbugbɔ ɖe srɔ̃ la, womebunɛ be ewɔ ŋukpenanu si medze o.

Ekema aleke koŋ wòle be míase nya si Paulo gblɔ na Timoteo la gɔmee? Mawunyakpukpui sia me koe nyagbɔgblɔ “ŋutsu ɖeka srɔ̃” la dze le. Le Helagbe me la, gɔmesese si koŋ le nya sia ŋue nye “nyɔnu si nye ŋutsu ɖeka tɔ.” Dzidzɔtɔe la, nya sia sɔ kple nya si Paulo zã zi geɖe le eƒe lɛtawo me si nye, “nyɔnu ɖeka srɔ̃,” si fia “ŋutsu si nye nyɔnu ɖeka tɔ” le Helagbea ƒe gɔmesese ŋutɔŋutɔ nu. (Timoteo I, 3:2, 12; Tito 1:6) Nyagbɔgblɔ siae Paulo zã esime wòyɔ nudidi siwo gbɔ wòle be amewo naɖo hafi woadze anye Kristotɔ dzikpɔlawo kple subɔsubɔdɔwɔlawo. Le go sia me la, gɔmesese si koŋ le nyagbɔgblɔ sia ŋue nye be, hafi ŋutsu aɖe si nye srɔ̃tɔ nadze axɔ agbanɔamedzi le Kristo hamea me la, ele be wòanye ame si ɖia anukware hewɔa nuteƒe na srɔ̃a eye mokaka aɖeke manɔ eƒe agbenɔnɔ ŋu o. * Esi wòle alea ta la, gɔmesese ma kee anya nɔ nyagbɔgblɔ ma si dze le Timoteo I, 5:9 hã ŋu: Be hafi ahosi aɖe nadze axɔ kpekpeɖeŋu tso hamea gbɔ la, ele be wòanye ame si doa vevie nu ahanye srɔ̃nyɔnu wɔnuteƒe si ɖia anukware na srɔ̃a esime wòle agbe le egbɔ, eye be wòanye ame si menɔ agbe gbegblẽ aɖeke o. Hafi ame sia tɔgbi naxɔ kpekpeɖeŋu tso hamea gbɔ la, ele be wòaɖo nudidi siwo Paulo yɔ kpee le kpukpui si kplɔe ɖo me la hã gbɔ.—Timoteo I, 5:10.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Le apostoloawo ƒe ŋkekeawo me la, womeda asi ɖe edzi be nyɔnu naɖe ŋutsu geɖe le ɣeyiɣi ɖeka me le Helatɔwo kple Romatɔwo ƒe dziɖuɖu te o. Eya ta mate ŋu anɔ eme be Paulo naŋlɔ lɛta na Timoteo tso nya sia ŋu alo atsɔ axlɔ̃ nu ame aɖe le nuwɔna sia ŋuti o.

^ mm. 5 Ne èdi numeɖeɖe le nya sia ŋu la, kpɔ October 15, 1996 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 17 kple “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le September 15, 1980 ƒe Gbetakpɔxɔ, Yevugbe me tɔ me, axa 31.