Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vɔ Siwo Dzea Mawu Ŋu La Sasa

Vɔ Siwo Dzea Mawu Ŋu La Sasa

Vɔ Siwo Dzea Mawu Ŋu La Sasa

AGBALẼ si nye The Mighty Aztecs gblɔ be: “Ku mee agbe dzɔ tso—dzixɔse siae le Aztektɔwo, ame siwo tsɔa ame gbogbo aɖewo saa vɔe le Mexico kple Titina Amerika, la si.” Agbalẽa yi edzi be: “Esi fiaɖuƒea va nɔ ta kekem la, wodze agbagba be yewoato amegbetɔwo tsɔtsɔ sa vɔe dzi ana kakaɖedzi nasu fiaɖuƒea me tɔ siwo bu mɔkpɔkpɔ la si.” Numekugbalẽ bubu gblɔ be ame siwo gbegbe Aztektɔwo tsɔna saa vɔe ƒe sia ƒe la de 20,000 sɔŋ.

Le ŋutinya katã me la, vɔvɔ̃ kple kakaɖedzimanɔamesi alo fɔɖiɖi ƒe seselelãme kple nuxaxa vevie na amewo saa vɔ ƒomevi vovovowo na woƒe mawuwo. To vovo na esiawo la, Biblia ɖee fia be Mawu ŋusẽkatãtɔ, Yehowa, wɔ ɖoɖo ɖe vɔsa ƒomevi aɖewo ŋu. Eya ta esɔ be míabia be: Vɔsa kawo ƒomevie dzea Mawu ŋu? Eye ɖe wòle be nunanawo kple vɔsawo nanye tadedeagu ƒe akpa aɖe egbea?

Nunanawo Kple Vɔsawo Le Tadedeagu Vavãtɔ Me

Esi Yehowa ɖo Israel dukɔa anyi la, ena mɔfiame aɖewo koŋ ku ɖe ale si wòdi be Israel viawo nasubɔ ye la ŋu, eye esia lɔ nunanawo kple vɔsawo hã ɖe eme. (Mose IV, ta 28 kple 29) Nunana siawo dometɔ aɖewo nyea agblemenukuwo; eye bubuwo nyea lãwo, abe nyitsuwo, alẽwo, gbɔ̃wo, ahɔnɛwo, kple akpakpawo ene, tsɔtsɔ sa vɔe. (Mose III, 1:3, 5, 10, 14; 23:10-18; Mose IV, 15:1-7; 28:7) Wowɔa numevɔsawo, siwo wotɔa dzo wofiãna keŋkeŋ hã. (Mose II, 29:38-42) Wowɔa akpedavɔsawo hã, eye ame siwo tsɔ vɔsanuawo vɛ ŋutɔ hã ɖua nu siwo wotsɔ sa vɔe na Mawu la ƒe ɖe.—Mose III, 19:5-8.

Nunana kple vɔsa siwo katã Israel viwo wɔ na Mawu le Mose Ƒe Sea te la nye mɔ si dzi woto subɔ Mawu heɖee fia be yewolɔ̃ ɖe edzi be eyae nye xexea katã ƒe Dziɖulagã. Israel viawo to vɔsa mawo dzi ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia Yehowa le ale si wòyra wo hekpɔ wo tae la ta, eye esia na Mawu tsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo. Zi ale si woyi edzi wɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo dzi nuteƒewɔwɔtɔe la, Yehowa yra wo geɖe.—Lododowo 3:9, 10.

Nu si nɔ vevie na Yehowae nye ale si ame siwo nɔ vɔsanuawo tsɔm vɛ la nɔa agbee. Yehowa gblɔ to eƒe nyagblɔɖila Hosea dzi be: “Lɔlɔ̃ ƒe nu dze ŋunye wu akpedavɔsa, eye sidzedze Mawu dze ŋunye wu numevɔsa.” (Hosea 6:6) Eya ta esime dukɔa va trɔ megbe de tadedeagu vavãtɔa, eye woƒo wo ɖokui ɖe hadzegbenɔnɔ me hekɔ ame maɖifɔwo ƒe ʋu ɖi la, asixɔxɔ aɖeke megava nɔ vɔ siwo wosana le Yehowa ƒe vɔsamlekpuia dzi la ŋu o. Susu ma tae Yehowa to Yesaya dzi gblɔ na Israel dukɔa be: “Nuka miaƒe akpedavɔsa gbogboawo awɔ nam? Agbowo ƒe numevɔsa kple nyivi damiwo ƒe ami ti kɔ nam, eye nyiwo, alẽviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu medzea ŋunye o.”—Yesaya 1:11.

‘Nu Si Ŋu Nyemede Se Na Wo Le O’

Kanaantɔwo ya wɔ nu si to vovo tso Israel viwo tɔa gbɔ kura, wotsɔa wo viwo nɔa vɔ sam na woƒe mawuwo, siwo dome Amonitɔwo ƒe mawu Molex, si wogayɔna be Milkom alo Molox, hã le. (Fiawo I, 11:5, 7, 33; Dɔwɔwɔwo 7:43) Agbalẽ si nye Halley’s Bible Handbook gblɔ be: “Kanaantɔwo nɔa gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ le woƒe mawuwo ŋku me, wònyea woƒe subɔsubɔkɔnu, eye wowua woƒe ŋgɔgbeviwo tsɔ saa vɔe na mawu mawo ke.”

Ðe nuwɔna mawo dze Yehowa Mawu ŋua? Kuraa o. Esime Israel viwo sɔ gbe hena gege ɖe Kanaan nyigbaa dzi la, Yehowa de se na wo, abe ale si woŋlɔe ɖe Mose III, 20:2, 3 ene be: “Gblɔ na Israel-viwo be: Ne Israel-viwo dometɔ aɖe alo amedzro, si le Israel la, tsɔ via na Molex la, woawui, anyigbadzitɔwo naƒu kpee wòaku. Maɖe ŋku atɔ ame la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome, elabena etsɔ via na Molex, bena wòado ŋunyɔ nye ŋkɔ kɔkɔe la.”

Togbɔ be edze abe nu si mate ŋu adzɔ o ene hã la, Israel vi siwo tra ɖa le tadedeagu vavãtɔa ŋu la va ƒo wo ɖokui ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ ƒe nuwɔna sia si nye wo viwo tsɔtsɔ sa vɔ na alakpamawuwo la me. Psalmo 106:35-38 gblɔ tso woƒe nuwɔna sia ŋu be: “Wotsaka kple dukɔwo, eye wosrɔ̃ woƒe nuwɔwɔwo. Wosubɔ woƒe legbawo, eye wotrɔ zu mɔ̃ na wo. Eye wotsɔ woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo sa vɔ na gbetsiwo. Wokɔ ʋu maɖifɔ ɖi, si nye woƒe ŋutsuvi kple woƒe nyɔnuvi, siwo wotsɔ sa vɔ na Kanaan-legbawo la, ƒe ʋu, ale be wotsɔ hlɔ̃dodo gblẽ kɔ ɖo na anyigba la.”

Yehowa gblɔ ale si gbegbe Yuda viwo ƒe nuwɔna sia nyɔ ŋu nɛ la to nyagblɔɖila Yeremya dzi be: “Woli ŋunyɔnu ɖe aƒe, si ŋu woyɔa nye ŋkɔ ɖo la me, ne woagblẽ kɔ ɖo nɛ, wowɔ Tofet-nuxeƒe ɖe Ben-Hinom-bali me la, ne woatɔ dzo woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo, nusi ŋu nyemede se na wo le loo, alo wòayi nye ta me va ge o.”—Yeremya 7:30, 31.

Esi Israel dukɔa ƒo eɖokui ɖe nuwɔna nyɔŋu mawo me ta la, Mawu megava kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o. Eye mlɔeba wova tsrɔ̃ woƒe fiadu Yerusalem, eye wokplɔ dukɔa yi aboyome le Babilon. (Yeremya 7:32-34) Edze ƒãa be amegbetɔwo tsɔtsɔ sa vɔe ƒe nuwɔna sia metso Mawu vavã la gbɔ o, eye menye tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa aɖeke hã o. Amegbetɔwo tsɔtsɔ sa vɔe ƒe nuwɔna ɖe sia ɖe nye gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ, eye Mawu subɔla vavãwo ƒoa asa na nu sia nu si do ƒome kple nuwɔna ma.

Kristo Yesu Ƒe Tafevɔsa La

Gake ame aɖewo abia be, ‘Ke nu ka tae lãwo tsɔtsɔ sa vɔe ƒe ɖoɖo nɔ Se si Yehowa na Israel viwo me ɖo?’ Apostolo Paulo he susu yi nyabiase sia ke dzi eye wòna ŋuɖoɖo sia be: “Azɔ la, nuka ta se la li ɖo? Vodadawo ŋuti wotsɔe kpe ɖe eŋuti, vaseɖe ɣeyiɣi, si dzi ƒome, si ŋugbe wodo ɖi la ava, . . . Ale se la zu mía nufiala, si kplɔa mí yia Kristo gbɔe.” (Galatiatɔwo 3:19-24) Lãwo ƒe vɔsa siwo wowɔna le Mose ƒe Sea te la nye kpɔɖeŋu na vɔsa aɖe si de ŋgɔ wu, si Yehowa Mawu awɔ ɖe ameƒomea ta—eyae nye Via, Yesu Kristo ƒe vɔsaa. Yesu he susu yi lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔna sia dzi esime wògblɔ be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.

Le lɔlɔ̃ si le Yesu si na Mawu kple na ameƒomea ta la, elɔ̃ faa tsɔ eƒe amegbetɔ deblibo ƒe agbe na tafee ɖe Adam ƒe dzidzimeviwo ta. (Romatɔwo 5:12, 15) Yesu gblɔ be: “Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.” (Mateo 20:28) Ame bubu aɖeke mele anyigba dzi si ate ŋu aɖe amegbetɔwo tso nu vɔ̃ kple ku, si ƒe kluvie Adam ƒe nu vɔ̃a wɔ woe la si me o. (Psalmo 49:8, 9,) Eya ta Paulo ɖe nu me be Yesu “metsɔ gbɔ̃tsuwo kple nyiviwo ƒe ʋu hã o, ke boŋ ye ŋutɔ ƒe ʋu wòtsɔ yi ɖe kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu, eye wòtsɔ xɔxɔ mavɔ vɛ [na mí].” (Hebritɔwo 9:12) To Yesu ƒe ʋu si wòtsɔ sa vɔ ƒe asixɔxɔa xɔxɔ me la, Mawu “[tutu] nu si wotsɔ asi ŋlɔ ɖe mía ŋuti” la ɖa. Esia fia be Yehowa ɖe Se ƒe nubabla la kpakple nudidi siwo ku ɖe nunanawo kple vɔsawo ŋu la ɖa, eye wòhe ‘nunana si nye agbe mavɔ la vɛ.’—Kolosetɔwo 2:14; Romatɔwo 6:23.

Gbɔgbɔmevɔsawo Kple Gbɔgbɔmenunanawo

Esi wònye lãwo ƒe vɔsawo kple nunanawo megahiã le tadedeagu vavãtɔ me o ta la, ɖe wogadi vɔsa aɖewo tso mía si kokokoa? Ɛ̃, wogadi vɔsa aɖewo tso mía si. Yesu Kristo nɔ ɖokuitsɔtsɔsavɔgbe le eƒe subɔsubɔdɔwɔwɔ na Mawu me eye mlɔeba, etsɔ eɖokui na ɖe ameƒomea ta. Le esia ta egblɔ be: “Ne ame aɖe lɔ̃ bena, yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ ɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe [fuwɔameti] la, eye wòadze yonyeme [ɖaa].” (Mateo 16:24) Esia fia be, ele na ame si di be yeazu Yesu yomedzela la be wòawɔ vɔsa aɖewo koŋ. Vɔsa kawoe?

Vɔsa siawo dometɔ ɖekae nye be, Kristo yomedzela vavã meganɔa agbe na eɖokui o, ke boŋ enɔa agbe hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. Etsɔa eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ kple didiwo ɖoa nɔƒe evelia na Mawu tɔ. Kpɔ ale si apostolo Paulo gblɔe ɖa: “Nɔviwo, mele kuku ɖem na mi to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔwo me, be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo ana wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu, si anye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si me miazã miaƒe tamebubu ŋutete le. Eye midzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu, ke boŋ mina woatrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee me, bene miado Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si nyo, si dzea eŋu eye wòle blibo la akpɔ na mia ɖokui.”—Romatɔwo 12:1, 2, NW.

Gakpe ɖe eŋu la, Biblia ɖee fia be woate ŋu abu kafukafunya siwo míegblɔna le Yehowa ŋu la be wonye vɔsawo na eyama. Nyagblɔɖila Hosea zã nya “nyitsu, siwo ŋugbe míedo, kple míaƒe nuyiwo” tsɔ ɖee fia be Mawu bua kafukafunya siwo míegblɔna kple míaƒe nu la be wonye vɔsa nyuitɔwo dometɔ aɖe. (Hosea 14:3) Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Hebri Kristotɔwo be: “[Miatsɔ] kafukafuvɔsa, si nye nuyi siwo ʋua eƒe ŋkɔ me le dutoƒo la ƒe kutsetse, anɔ Mawu nam ɣesiaɣi.” (Hebritɔwo 13:15, NW) Egbea, Yehowa Ðasefowo doa vevie nu le gbeƒãɖeɖe nyanyuia kple dukɔwo katã me tɔwo wɔwɔ nusrɔ̃lawoe me ŋutɔ. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Wole kafukafuvɔsa tsɔm na Mawu zã kple keli le xexea me godoo.—Nyaɖeɖefia 7:15.

Tsɔ kpe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋuti la, nyuiwɔwɔ na amewo hã nye vɔsa siwo dzea Mawu ŋu la dometɔ ɖeka. Eya tae Paulo de dzi ƒo be: “Migaŋlɔ nyuiwɔwɔ kple nunana ame bubuwo be o, elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu ŋutɔ.” (Hebritɔwo 13:16, NW) Le nyateƒe me la, wodi tso ame siwo tsɔa kafukafuvɔsawo nɔa Mawu nam la si be woanɔ agbe nyui hafi woƒe vɔsawo nadze eŋu. Paulo xlɔ̃ nu be: “Mizɔ, abe alesi wòdze na Kristo ƒe nyanyuie la ene.”—Filipitɔwo 1:27; Yesaya 52:11.

Abe ale si wònɔ le blema ene la, vɔsa siwo katã amewo wɔna tsɔ doa tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔ la nana wokpɔa dzidzɔ eye Yehowa yraa wo geɖe ŋutɔ. Ekema, mina míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míatsɔ vɔsa siwo dzea Mawu ŋu vavã la anɔ eyama nam!

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

‘Wotsɔ woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo sa vɔ na Kanaan legbawo’

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Kristotɔ vavãwo toa gbeƒãɖeɖe nyanyuia kple kpekpe ɖe amewo ŋu le mɔ bubuwo nu dzi tsɔa vɔsa siwo dzea Mawu ŋu la nanɛ