Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ekema kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

• Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si Yesu wɔ ku ɖe amedzroxɔla kutrikulaa ŋu me? (Luka 11:5-10)

Kpɔɖeŋu sia ɖe nɔnɔme si wòle be wòanɔ mía si ne míele gbe dom ɖa la fia. Ele be míabia nu kutrikukutɔe, alo anɔ ebiabia dzi, vevietɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea. (Luka 11:11-13)—12/15, axa 20-2.

• Nufiame kae le Kpɔɖeŋu si Yesu wɔ ku ɖe ahosi aɖe kple ʋɔnudrɔ̃la aɖe ŋu la me na mí? (Luka 18:1-8)

Ete gbe ɖe ale si gbedodoɖa hiãe dzi. Yehowa nye ame dzɔdzɔe eye wòdina be yeakpe ɖe mía ŋu, si to vovo na ʋɔnudrɔ̃la ma ƒe nɔnɔme. Gakpe ɖe eŋu la, ele be xɔse si tɔgbi nɔ nyɔnu si le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me si nanɔ míawo hã si.—12/15, axa 26-8.

• Nu ka tae apostolo Paulo gblɔ na Korinto Kristotɔwo be “woakeke woa ɖokuiwo” ɖo? (Korintotɔwo II, 6:11-13)

Edze abe Korintotɔ aɖewo mekpɔa ŋudzedze ɖe wo nɔvi haxɔsetɔwo ŋu o, woxaxa le woƒe dzi me, eye womekɔa dɔme ɖe ame ŋu o ene. Ele be míadze agbagba atu ŋudzedzekpɔkpɔ vavã ɖe haxɔsetɔwo ŋu ɖo ahadze agbagba adze xɔlɔ̃ yeyewo gɔ̃ hã.—1/1, axa 9-11.

• Amenutetre kae wowɔnɛ le Nyaɖeɖefia 7:3?

Kristotɔwo xɔa amenutetre gbãtɔ ne Mawu tsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na wo. Gake Nyaɖeɖefia 7:3 ku ɖe amenutetre mamlɛtɔ, si nyea kpeɖoɖo edzi be amesiaminawo ɖe woƒe nuteƒewɔwɔ fia keŋkeŋ ale si dze, la ŋu.—1/1, axa 30-1.

• Nu kae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe Samuel ŋu me?

Gbã la, ele be woafia Mawu ƒe Nya la wo viwo, abe ale si Samuel dzilawo anya wɔe kokoko ene. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be woade dzi ƒo na wo viwo be woatsɔ Yehowa subɔsubɔ awɔ woƒe agbemedɔe.—1/15, axa 16.

• Aleke míate ŋu aɖee afia be Yehowa sinu kpɔkpɔ dzɔa dzi na mí?

‘Míele Yehowa ƒe ŋkeke la lalam’ hele mɔ kpɔm na ɖeɖekpɔkpɔ esime wòava atsrɔ̃ ame mavɔ̃mawuwo ɖa. (Petro II, 3:7, 12) Togbɔ be Yehowa ŋutɔ hã le didim vevie be yeahe vɔ̃ɖinyenyewo katã ava nuwuwu hã la, ele dzi gbɔm ɖi blewuu ale be wòate ŋu axɔ na Kristotɔwo le mɔ si akɔ eƒe ŋkɔa ŋuti la. Ele be míaka ɖe edzi be Yehowa nya ɣeyiɣi si tututu dzi woaɖe afɔ, eye ele be míayi ekafukafu dzi vevie le ɣeyiɣi siawo me. (Psalmo 71:14, 15)—3/1, axa 17-18.

• Lã matsrimatsri ƒomevi ɖe sia ɖe adre loo, alo adre teƒe evee Noa kplɔ yi aɖakaʋua mea?

Wogblɔ na Noa be ‘wòaɖe lã’ matsrimatsri ƒomevi ɖe sia ɖe “adreadre.” (Mose I, 7:1, 2) Le Hebrigbe me la, woŋlɔ “adreadre” la wònye “adre adre.” Eŋɔŋlɔ alea mefia adre teƒe eve o, abe ale si mawunyakpukpui bubuwo ɖee fia ene. Edze ƒã be lã ɖe sia ɖe adree Noa ɖe, etɔ̃ teƒe eve kple adrelia si tsi edzi si wòte ŋu va tsɔ sa vɔe emegbe. (Mose I, 8:20)—3/15, axa 31.

• Nu ka tae wòle be Kristotɔwo ‘nakpɔ’ hamemetsitsi siwo le ŋgɔ xɔm na hame la ƒe xɔse ƒe nuwuwu ɖa?

Apostolo Paulo le mía kpem be ‘míakpɔ,’ alo alé ŋku ɖe viɖe siwo dona tsoa hamemetsitsiwo ƒe nuteƒewɔwɔ me la ŋu nyuie, eye be míadze xɔse ƒe kpɔɖeŋu siawo yome. (Hebritɔwo 13:7) Míewɔa esia, elabena wobia tso mía si le Mawu ƒe Nyaa me be míawɔe nenema. Míekana ɖe edzi hã be míaƒe nyonyo kple Fiaɖuƒea ƒe nuwoe nɔa vevie na hamemetsitsiawo.—4/1, axa 28.