Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Ŋutasẽnuwo Wɔwɔ Nu Ava Yia?

Ðe Ŋutasẽnuwo Wɔwɔ Nu Ava Yia?

Ðe Ŋutasẽnuwo Wɔwɔ Nu Ava Yia?

AME geɖe alɔ̃ ɖe edzi enumake be ɖokuitɔdidie nye nu si koŋ gbɔ ŋutasẽnuwɔwɔ siwo le xexea me egbea la tso. Nu si tɔnye-ko-nenyo ƒe dzidzimea ƒã ƒe gbogbo aɖewoe nye esia la wɔe be ame akpa gãtɔ siwo le xexea me tsia dzi ɖe woa ŋutɔwo ƒe nyonyo ko ŋu. Ame geɖe wɔa nu sia nu si woate ŋui be woƒe asi naka nu siwo dim wole, eye esia wɔnɛ be wowɔa ŋutasẽnuwo zi geɖe. Menye ame ɖekaɖekawo koe wɔa nu sia o, ke dukɔ blibowo hã wɔnɛ.

Edze abe ame bubuwo ƒe agbe ya megava xɔ asi o ene. Edzɔa dzi na ame aɖewo gɔ̃ hã be yewonye ŋutasẽlawo. Ewɔwɔ vivia wo nu, abe ale si hlɔ̃nuwɔla aɖewo gblɔnɛ ene be yewowɔa nu vevi amewo le esi ewɔwɔ dzɔa dzi na yewo ko ta. Ke nu kae míagblɔ tso ame siwo lɔ̃a sinima siwo me woɖea adãnuwɔwɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔwo le, si wɔe be dɔwɔƒe siwo ɖea nu siawo fiana la le ga geɖe kpɔm tso eme la ŋu? Ŋutasẽnuwɔwɔwo kpɔkpɔ le modzakaɖeɖewo me kple wo ŋu nya sese atraɖii wɔe be wo ŋu nya sese megablea fu le lãme na ame geɖe o.

Ŋutasẽnuwɔwɔ gblẽa nu le amewo ƒe susu ŋu, eye wònana be woawo hã wɔa nu ŋutasesẽtɔe. Noemí Díaz Marroquín si nye nufiala le National Autonomous University si le Mexico gblɔ ku ɖe adãnuwɔwɔ siwo tsoa ŋutasẽnuwɔwɔwo me ŋu be: “Ðe wosrɔ̃a adãnuwɔwɔ, enye gbe sia gbe nuwɔna . . . Míesrɔ̃a nuwɔwɔ adãtɔe ne woɖe mɔ ɖe eŋu hedea eƒe dzi ƒo le nuto si me míele.” Eya tae wònɔa bɔbɔe be ame siwo ŋu wosẽ ŋuta le la hã va nɔa ŋuta sẽm le ame bubuwo ŋu, ɖewohĩ wowɔa nu siwo ke wowɔ ɖe wo ŋu la.

Le go bubu me la, ame siwo zãa aha muame kple atike muamewo ɖe mɔ gbegblẽ nu la hã tea ŋu va zua ŋutasẽlawo. Ame bubuwo hãe nye ame siwo mekpɔa ŋudzedze ɖe woƒe dziɖuɖuwo ŋu o, le esi wodo kpo dukɔmeviwo ƒe nuhiahiãwo gbɔkpɔkpɔ ta. Esi wo dometɔ aɖewo ɖoe kplikpaa be yewoaɖe yewoƒe nukpɔsusuwo agblɔ ta la, wowɔa ŋutasẽnuwo kple ŋɔdzidonamenuwo, eye zi geɖe la, esia gblẽa nu le dumevi dzrowo koŋ ŋu.

Gake ɖewohĩ àbia be: ‘Amewo ŋutɔ koe srɔ̃ ŋutasẽnuwɔwɔa? Nu ka gbɔe nɔnɔme siwo li egbea la tso?’

Ame Ka Koŋue Le Megbe Na Ŋutasẽnuwɔwɔwo?

Biblia gblɔ na mí be Satana Abosam le ŋusẽ gã aɖe kpɔm ɖe xexe sia dzi, eye wòyɔe be “xexe sia me mawu.” (Korintotɔwo II, 4:4) Eyae nye ɖokuitɔdila kple ŋutasẽla gãtɔ le xexea me katã. Yesu ɖɔ eyama wòsɔ nyuie be “amewula” kple “aʋatsokafofo.”—Yohanes 8:44.

Tso keke esime ame eve gbãtɔwo, Adam kple Xawa, sẽ to ke la, ameƒomea le Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi manyagblɔ aɖe te. (Mose I, 3:1-7, 16-19) Le ƒe 1,500 aɖewo megbe, esime ame eve gbãtɔawo trɔ megbe de Yehowa la, mawudɔla dzeaglã aɖewo do amegbetɔŋutilã, va dɔ kple nyɔnuwo, eye wodzi dzidehlɔ̃mevi siwo woyɔ be Nefilimwo. Nɔnɔme kawoe ɖe dzesi le ɖevi mawo ŋu? Woƒe ŋkɔa ɖo nya sia ŋu. Woƒe ŋkɔa gɔmee nye “Ameƒoƒuanyilawo,” alo “ame siwo ƒoa ame bubuwo ƒua anyi.” Edze ƒã be wonye ame wɔadã siwo he ŋutasesẽ kple agbe gbegblẽ nɔnɔ vɛ, eye Tɔɖɔɖɔ si Mawu he vɛ koe te ŋu tsi wo nu. (Mose I, 6:4, 5, 17) Togbɔ be wotsrɔ̃ Nefilimawo le Tɔɖɔɖɔa me hã la, wo fofowo ya trɔ zu gbɔgbɔ vɔ̃wo heyi ɖe gbɔgbɔmenutowo me.—Petro I, 3:19, 20.

Mawudɔla dzeaglãawo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ dze ƒã le nudzɔdzɔ aɖe si ku ɖe ɖevi aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe nɔ ŋu le Yesu ƒe ŋkekea me. Gbɔgbɔ vɔ̃a nyamaa ɖevia enuenu hetsɔnɛ ƒua dzo kple tɔ me bene yeagblẽ edome. (Marko 9:17-22) Eme kɔ ƒã be “vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ” mawo ɖea nublanuimakpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme si le woƒe amegã ŋutasẽla, Satana Abosam, si la fiana.—Efesotɔwo 6:12.

Egbea, gbɔgbɔ vɔ̃wo yi edzi le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi be woawɔ ŋutasẽnuwo, abe ale si wogblɔe ɖe Biblia mee ene be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, . . . adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, . . . ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la.”—Timoteo II, 3:1-5.

Biblia me nyagblɔɖiwo ɖee fia be nu si tae míaƒe ɣeyiɣiawo sesẽ ŋutɔe nye be tso esime woɖo Mawufiaɖuƒea anyi le ƒe 1914 me to Kristo Yesu dzi megbe la, wonyã Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le dziƒo. Biblia gblɔe be: “Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.”—Nyaɖeɖefia 12:5-9, 12.

Ðe esia fia be womagate ŋu aɖɔ nɔnɔmeawo ɖo oa? Díaz Marroquín, ame si ƒe nya míeyɔ le nyati si do ŋgɔ me, gblɔ be “amewo ate ŋu aɖe asi le [nɔnɔme manyomanyowo] ŋu.” Gake le ale si Satana le ŋusẽ kpɔm ɖe anyigbaa dzi egbea ta la, mele bɔbɔe be ame naɖe asi le nɔnɔme gbegblẽ siawo ŋu o, negbe ɖeko wòɖe mɔ ŋusẽ bubu aɖe si tri akɔ wu la kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe tamebubu kple nuwɔnawo dzi hafi. Eyae nye ŋusẽ ka?

Woate Ŋu Atrɔ—Alekee?

Dzidzɔtɔe la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe lae nye ŋusẽ si tri akɔ wu ɖe sia ɖe, eye ate ŋu aɖu gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽ ɖe sia ɖe dzi. Enaa amewo lɔ̃a wo nɔewo hedia nyui na wo nɔviwo. Bene Mawu ƒe gbɔgbɔa nayi edzi anɔ ame sia ame si dina be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu dzi la, ele be wòatsri ŋutasẽnuwɔwɔ eye wòagabu eŋu gɔ̃ hã o. Esia bia be amea natrɔ eƒe amenyenye wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Ke nu kae nye lɔlɔ̃nu ma? Eyae nye be míasrɔ̃ ale si Mawu wɔa nui ale si wòanya wɔ. Esia fia be míabu amewo abe ale si Mawu bua woe ene.—Efesotɔwo 5:1, 2; Kolosetɔwo 3:7-10.

Nusɔsrɔ̃ tso ale si Mawu kpɔa nyawo gbɔe ŋu ana nàkpɔe kɔte be Yehowa medo kpo ɖetsɔtsɔ le eme na amewo kpɔ o. Mewɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ame aɖeke ŋu kakaka wòahayi ewɔ ge ɖe lãwo gɔ̃ hã ŋu o. * (Mose V, 22:10; Psalmo 36:8; Lododowo 12:10) Elé fu ŋutasẽnuwɔwɔ kple ŋutasẽlawo katã. (Lododowo 3:31, 32) Amenyenye yeye si Yehowa bia tso Kristotɔwo si be woado la kpena ɖe wo ŋu wobua ame bubuwo gã wu wo ɖokuiwo hedea bubu wo ŋu. (Filipitɔwo 2:2-4) Kristotɔwo ƒe amenyenye yeye ma ƒe akpa aɖewoe nye “dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu.” Nu si hã dzi mele be míaŋe aɖaba aƒu o enye lɔlɔ̃, “si nye blibonyenye la ƒe nublanu” la. (Kolosetɔwo 3:12-14) Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be xexea me anyo wu ne nɔnɔme siawo xɔ aƒe ɖe afi sia afi oa?

Gake ɖewohĩ àbia ɖokuiwò be, ɖe amewo ate ŋu atrɔ woƒe amenyenye keŋkeŋ nyateƒea? Enyo, bu agbemeŋutinya ŋutɔŋutɔ sia ŋu kpɔ. Martín * nye ame aɖe si bluna ɖe srɔ̃a ta le viawo ŋkume eye wòƒonɛ kakaka ɖoa asi gbɔgbɔ dzi nɛ. Gbe ɖeka la, eƒoe ale gbegbe be ɖeviawo ƒu du yi ɖayɔ amewo be woava xɔ na yewo dada. Le ƒe aɖewo megbe la, Yehowa Ðasefowo va te Biblia sɔsrɔ̃ kple woƒe ƒomea. Martín va srɔ̃ ame si ƒomevi wòle be wòanye kple ale si wòle be wòawɔ nu ɖe amewo ŋui. Ðe wòte ŋu trɔa? Srɔ̃a ɖo eŋu be: “Tsã la, ne srɔ̃nye do dziku la, ame bubu kurae wònyena. Esia wɔe be míaƒe agbea katã tɔtɔ nyamaa ɣeyiɣi didi aɖe. Nyemate ŋu ada akpe na Yehowa ɖe ale si wòkpe ɖe Martín ŋu wòte ŋu trɔ la ta wòade edeƒe o. Fifia, enye vifofo nyui kple srɔ̃ŋutsu ɖɔʋu aɖe.”

Kpɔɖeŋu ɖeka koe nye esia. Le xexea me godoo la, ame miliɔn geɖe siwo Yehowa Ðasefowo srɔ̃ Biblia kpli la ɖe asi le ŋutasẽnuwɔnawo ŋu. Ɛ̃, amewo ate ŋu atrɔ!

Ŋutasẽnuwɔwɔwo Katã Ƒe Nuwuwu Ðo Vɔ

Eteƒe madidi o, Mawu ƒe Fiaɖuƒe—si nye dziɖuɖu si woɖo anyi le dziƒo xoxo si le Dziɖula nublanuikpɔla Kristo Yesu te la—akpɔ ŋusẽ bliboe ɖe anyigba dzi. Fiaɖuƒe sia ɖe Satana, ame si gbɔ ŋutasẽnuwɔwɔwo katã tso, kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le dziƒo xoxo. Eteƒe madidi o, Mawu ƒe Fiaɖuƒea akpɔ etevi ŋutifafalɔ̃lawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. (Psalmo 37:10, 11; Yesaya 11:2-5) Ema koe nye xexea me ƒe kuxiwo gbɔkpɔnu ɖeka kolia la. Ke ne wosẽ ŋuta le ŋuwò esime nèle Fiaɖuƒe sia lalam ya ɖe?

Wɔɖenuiwɔwɔ ne wosẽ ŋuta le mía ŋu makpɔ nyaa gbɔ o. Ðeko esia adzi ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe edzi. Biblia de dzi ƒo na mí be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eya ame si ‘aɖo eteƒe na ame sia ame ɖe eƒe zɔzɔ kple eƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse nu’ le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. (Yeremya 17:10) (Kpɔ aɖaka si kpe ɖe eŋu, si ƒe tanyae nye “Nu Si Nàwɔ Ne Wosẽ Ŋuta Le Ŋuwò.”) Ele eme be woawɔ ŋutasẽnu vɔ̃ɖi aɖewo ɖe ŋuwò si ana nàkpe fu ya. (Nyagblɔla 9:11) Ke hã, Mawu ate ŋu aɖe ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe sia ɖe me tsonuwo ɖa, eɖanye ku gɔ̃ hã. Edo ŋugbe be ame siwo bu woƒe agbe le ŋutasẽnuwɔwɔwo ta, siwo le eƒe susu me la, agagbɔ agbe.—Yohanes 5:28, 29.

Togbɔ be woate ŋu awɔ ŋutasẽnuwo ɖe mía ŋu egbea hã la, ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Mawu kple eƒe ŋugbedodowo dzixɔxɔse vevie ate ŋu afa akɔ na mí. Bu Sara, ame si nye dzilaɖekɛ si kpɔ viaŋutsuvi eve dzi hena wode suku yi ŋgɔ nyuie la, ŋu kpɔ. Esime wòku nyagã la, viaŋutsuawo gbe edzikpɔkpɔ eye womekplɔnɛ yia kɔdzi hã o. Gake Sara, si zu Kristotɔ fifia, gblɔ be: “Togbɔ be meléa blanui ɣeaɖewoɣi hã la, Yehowa megblẽm ɖi o. Mesenɛ le ɖokuinye me be ele kpekpem ɖe ŋunye to gbɔgbɔmenɔvi ŋutsu kple nyɔnu siwo léa be nam ɣesiaɣi la dzi. Meka ɖe edzi vevie be eteƒe madidi o akpɔ nye ŋutɔ kple ame siwo katã ɖoa ŋu ɖe eƒe ŋusẽ ŋu eye wowɔa eƒe sededewo dzi la ƒe kuxiwo gbɔ.”

Ame kawoe nye gbɔgbɔmenɔvi ŋutsu kple nyɔnu siwo ƒe nya gblɔm Sara le? Woawoe nye ehati Kristotɔ, Yehowa Ðasefowo. Wonye xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ me tɔ veveseɖeamenula siwo xɔe se be eteƒe madidi kura o ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe sia ɖe nu ayi. (Petro I, 2:17) Satana Abosam, ame si koŋue do ŋutasẽnuwɔwɔ ƒe dzoa, loo alo ame siwo wɔa nu abe eyama ene la dometɔ aɖeke makpɔtɔ o. Dzidzime sia si nuŋlɔla aɖe yɔ be “tagbɔsesẽ ƒe dzidzime” la magava ame ƒe tame o. Ðe manyo ŋutɔ be nàna Yehowa Ðasefo aɖe nakpe ɖe ŋuwò be nàsrɔ̃ nu geɖe tso mɔkpɔkpɔ sia ŋu oa?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 16 Ne èdi Mawu ƒe nɔnɔmewo kple eƒe amenyenye ŋuti numeɖeɖe deto la, kpɔ agbalẽ si nye Te Ðe Yehowa Ŋu, si Yehowa Ðasefowo ta.

^ mm. 17 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Nu Si Nàwɔ Ne Wosẽ Ŋuta Le Ŋuwò

Mawu ƒe Nya la ɖo aɖaŋu nyuiwo na mí le nu si míawɔ ne wosẽ ŋuta le mía ŋu ŋuti. Bu ale si nàte ŋu awɔ nya siwo me nunya le siwo gbɔna la ŋu dɔ ŋu kpɔ:

“Megagblɔ be: ‘maɖo vɔ̃ teƒe’ o; dzɔ Yehowa sinu, eye wòakpe ɖe ŋuwò.”—Lododowo 20:22.

‘Ne èle ame dahewo teteɖeanyi kple nya dzɔdzɔe tsitsri kpakple dzɔdzɔenyenyetsitsri kpɔm . . . la, nya la megawɔ nuku na wò o; elabena ame si kɔkɔ wu ame kɔkɔ la le ekpɔm.’—Nyagblɔla 5:7.

“Woayra amesiwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome.”—Mateo 5:5.

“Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.”—Mateo 7:12.

“Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o, miaƒe tamesusuwo nanɔ nu nyuiwo yome le amewo katã ƒe ŋku me; ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me! Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ la gblɔe.’”—Romatɔwo 12:17-19.

“Elabena Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome, . . . esime wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wòkpe fu la, medo ŋɔdzi na ame o; ke etsɔe de asi na amesi drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la boŋ.”—Petro I, 2:21-23.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yehowa fia nu ame geɖe woɖe asi le ŋutasẽnuwɔwɔ ŋu