Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Adryana Ƒe Didi

Adryana Ƒe Didi

Adryana Ƒe Didi

ADRYANA nye nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe ade si le Tulsa, Oklahoma, United States, eye didi vevi aɖe nɔ esi. Eƒe didia sɔ kple esi nɔ hakpala Dawid si, ame si dzi ha be: “Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpɔ Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame le eƒe gbedoxɔ me.”—Psalmo 27:4.

Wokpɔ neuroblastoma, si nye kansadɔ vɔ̃ɖi aɖe si xɔa ahɔhɔ̃a ƒe akpa ɖeka la, le Adryana ŋu esime wòxɔ dzinu ade pɛ ko. Dɔvɔ̃a na eƒe ata eveawo tu. Ðɔktawo wɔ dɔ nɛ zi geɖe eye wòzã kansatikewo ƒe ɖeka sɔŋ.

Adryana fofo si ƒe dzixɔsewo mewɔ ɖeka kple Adryana kple dadaa tɔ o la, bia tso habɔbɔ aɖe si be ye via naɖi tsa ayi modzakaɖebɔ xɔŋkɔ aɖe me. Hafi habɔbɔa nalɔ̃ ɖe fofoa ƒe didia dzi nɛ la, wobia gbe Adryana gbã. Eda akpe na wo ɖe woƒe ameŋububua ta, gake gblɔ na wo be yeadi be yeaɖi tsa ayi Betel, alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔa dzi, si le New York la boŋ. Esi Adryana va nya nu tso fofoa ƒe didia ŋu la, edo gbe ɖa na Yehowa be wòana ye mɔnukpɔkpɔ yeaɖi tsa ayi Betel. Togbɔ be habɔbɔ ma ƒe teƒenɔlawo bui be Betel manye afi si ado dzidzɔ na ɖeviwo o hã la, wolɔ̃ ɖe eƒe didia dzi nɛ esi fofoa megbe o ta.

Adryana dada kplɔ eya kple nɔvianyɔnu tsitsitɔ kpakple exɔlɔ̃ aɖe wozɔ mɔ yi New York be woaɖaɖi tsa le Betel zi gbãtɔ. Adryana gblɔ be: “Yehowa ɖo nye gbedodoɖa ŋu nam. Menyae be aʋu Betel yiyi ƒe mɔ na mí. Mekpɔ ale si wotaa agbalẽwo, magazinewo, kple Bibliawoe. Afi sia vava nyo nam wu modzakaɖebɔ me yiyi.”

Adryana ‘kpɔ Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku’ nyateƒe, eye wòlé ŋku ɖe ale si dɔawo yia edzii le dɔwɔƒe si kpɔa Yehowa ƒe amewo ƒe dɔ si wɔm wole egbea dzi la ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe. Míele wò hã kpewòm be nàɖi tsa ava Betel. To vovo na Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒe gã si le New York la, alɔdzedɔwɔƒe vovovowo le xexea me ƒe akpa bubuwo hã.