Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agble Aɖe ‘Si Ƒu Henyo Na Ŋeŋe’

Agble Aɖe ‘Si Ƒu Henyo Na Ŋeŋe’

Agble Aɖe ‘Si Ƒu Henyo Na Ŋeŋe’

Anyiehe Amerika ƒe dziehe gome ɖaa ye Guajira ƒukpo afã la le. Ele Colombia ƒe dziehe kple Venezuela ƒe dzieheɣetoɖoƒe. Ŋdɔ ʋuna helĩhelĩ le teƒe sia si ƒe akpa aɖe nye dzogbe la ŋutɔ, tsi medzana edziedzie o, eye yame xɔa dzo wodea dzidzenu Celsius 43. Togbɔ be yame ƒe nɔnɔme le alea hã la, dua me tɔwo nye agbledela veviedonulawo. Ya fafɛ siwo ƒona tsoa atsiaƒua dzi kple ya si ƒona tsoa dzieheɣedzeƒe la nana be agbea nya nɔna na wo, eye amedzrowo hã tea ŋu ɖia tsa va kpɔa dua ƒe teƒe lédzinameawo kple ƒuta dzeaniawo.

WÒEZƆ va Wayuu Indiatɔwo de. Wayuutɔ 305,000 woe li, eye wo dometɔ 135,000 le Colombia. To sia me tɔwo le afi sia xoxo hafi Spaintɔwo va dze wo dziɖuɖu gɔme.

Dɔ si koŋ Wayuutɔwo wɔnae nye lãnyinyi kple agbledede. Wodea tɔƒo hetsaa dutasi hã. Woƒe nyɔnuwo bi ɖe avɔ siwo le amadede vovovowo me lɔlɔ̃ me, eye modzakaɖetsaɖilawo kpɔa dzidzɔ ɖe woƒe avɔawo ŋu ŋutɔ.

Wayuutɔwo ƒe ŋkɔ de du le woƒe anukwareɖiɖi kple amedzrowɔwɔ ta. Ke hã, woawo hã wole “ɣeyiɣi vɔ̃wo” me. (Timoteo II, 3:1) Kuxi siwo ɖea fu na wo vevie dometɔ ɖekae nye ahedada, eye esia he kuxi bubu siwo nye sukumademade, ɖeviwo ƒe nunyuimakpɔɖui, kple dɔnɔkɔdziwo ƒe anyimanɔmanɔ vɛ; gbevuviwo hã le woƒe nuto aɖewo me.

Ƒe geɖewoe nye esia la, Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo dɔ mawunyadɔgbedelawo ɖe Wayuutɔwo dome. Esia wɔe be sɔlemehawo ƒe ŋusẽ tee nufialawo ƒe hehenasuku kple sukuƒe geɖewo le. Wayuutɔ geɖe da asi ɖe yeaɖi Kristotɔwo ƒe kɔnu, siwo dometɔ aɖewoe nye kpetatawo subɔsubɔ kple tsidedeta na vidzĩwo dzi, gake womeɖe asi le dzixɔse kple kɔnu siwo wotu ɖe nyakpakpawo kple aʋatsodzixɔsewo dzi la ŋu o.

Ke hã, Wayuutɔwo vɔ̃a Mawu eye wokpɔa dzidzɔ ɖe Biblia me nyateƒe si fiam Yehowa Ðasefowo le la ŋu. Le ƒe 1980-awo ƒe gɔmedzedze la, Wayuutɔ adre koe nye Ðasefowo nɔ Guajira, eye wo dometɔ etɔ̃ nɔ woƒe fiadu si nye Ríohacha me. Tsɔ kpe ɖe Ðasefo dumevidzidzi siawo ŋu la, gbeƒãɖela 20 bubu aɖewo ɖea gbe ƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le Spaingbe me.

Gbedeasia Le Wo Ŋutɔwo Degbe Me

Wayuutɔ akpa gãtɔ siwo le Ríohacha doa Spaingbe vi aɖe kpe ɖe wo degbe si woyɔna be Wayuunaiki ŋu. Gbã la, womete ŋu kpɔ dzidzedze boo aɖeke le Fiaɖuƒegbedeasia gbɔgblɔ me o. Wayuu vidzidziwo melɔ̃na dea ha kple ame siwo menye wo detɔwo o, siwo wolɔ̃a yɔyɔ be arijunas la o. Ne Ðasefowo yi Wayuutɔwo gbɔ le woƒe aƒe me la, ame akpa gãtɔ doa Wayuunaiki tsɔ ɖoa nya ŋui, ke womelɔ̃a Spaingbe dodo o. Ðeko Ðasefoawo dzona le wo gbɔ kpoo gayia aƒe bubu me.

Gake kaka ƒe 1994 ƒe nuwuwu naɖo la, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea ɖo mɔɖela veviwo, alo ame siwo fiaa Biblia ɣeyiɣiawo katã, ɖe Ríohacha Hamea me. Mɔɖelaawo bia tso Wayuu vidzidzi aɖe, si nye Ðasefo, si be wòafia Wayuunaiki yewo. Le ɖaseɖinya bɔbɔe aɖewo sɔsrɔ̃ ɖe tame le gbea me vɔ megbe la, gbeƒãɖelaawo yi ɖe dua me hekpɔe be ameawo ƒe nɔnɔme trɔ ɖe yewo ŋu kura. Togbɔ be Biblia fialawo menɔ Wayuunaikia dom nyuie o hã la, ewɔa nuku na woƒe nyaselawo eye wolɔ̃na ɖoa to wo, eye ɣeaɖewoɣi la, woyia dzeɖoɖo dodzidzɔnamea dzi le Spaingbe vi si wose la me!

‘Woƒu Henyo Na Ŋeŋe’

Apostolo Paulo tsɔ Kristotɔwo ƒe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa sɔ kple agbledede, si gɔme Wayuutɔ agbledelawo se nyuie. (Korintotɔwo I, 3:5-9) Le kpɔɖeŋumɔ nu la, Wayuu gblewo dzi ‘ƒu henyo na ŋeŋe.’—Yohanes 4:35.

Dzimeƒudɔ nɔ Neil si nye Wayuu Indiatɔ si le Manaure ŋu hafi wodzii. Neil bua fɔ Mawu heléa blanui ale gbegbe be etee kpɔ be yeawu ye ɖokui. Ðasefo aɖe si yia du vovovowo me ɖawɔa dɔ, si wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ tsɔ ɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me la, ƒo nu tso Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ŋu na Neil. Ƒe 14 pɛ koe Neil xɔ ɣemaɣi. Esi Ðasefoa de dzesii be Neil tsɔ ɖe le nyaa me vevie la, ete Biblia sɔsrɔ̃ kplii. Dzi dzɔ Neil ŋutɔ esi wòsrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo ŋu, si na wòƒo nya ta be menye Mawu gbɔe yeƒe fukpekpewo tso o. Nusɔsrɔ̃ tso anyigba dzi paradiso si ƒe ŋugbe Mawu do, afi si dɔléle maganɔ anyi o, ŋu wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe!—Yesaya 33:24; Mateo 6:9, 10.

Le ɣemaɣi la, fuléle aɖe nɔ Neil ƒe ƒomea kple ƒome bubu aɖe dome. Be Neil ƒe ƒometɔwo nakpɔ wo ɖokui ta la, wowɔa wo de kɔnu aɖewo. Neil gblɔ be: “Gbã la, menɔ vɔvɔ̃m be magblɔ nye dzixɔsea ŋu nya na nye ƒometɔwo, vevietɔ na ƒomemetsitsi siwo ŋu wodea bubui vevie la.” Esi Neil dzilawo se be ava gbe dzixɔse siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o, eye magakpɔ gome le gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo me o la, wodo dziku vevie. Neil ʋu yi Ríohacha, eye wòte hadede kple hame si le afi ma. Eva xɔ nyɔnyrɔ emegbe. Le ƒe 1993 me la, woɖoe subɔsubɔdɔwɔla, eye le ƒe etɔ̃ megbe la ezu gbe sia gbe mɔɖela. Le ƒe 1997 me la, woɖoe hamemetsitsi. Le ƒe 2000 me la, edzi eƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi heva zu mɔɖela vevi.

Bu Teresa, Wayuu vidzidzi, si te Biblia sɔsrɔ̃ kple Ðasefowo hã ŋu kpɔ. Daniel, ame si gbɔ wòle evɔ womeɖe wo nɔewo o la, ɖia gbɔ woa kple via etɔ̃awo heƒoa wo. Togbɔ be eva lɔ̃ emegbe be woava nɔ Biblia srɔ̃m kpli ye kple Teresa hã la, zi geɖe la, eɖoa gbɔdo kple exɔlɔ̃wo ɖanɔa aha gɔme ŋkeke ene alo atɔ̃ sɔŋ. Esia wɔe be eƒe ƒomea da ahe kolikoli. Teresa yi nusɔsrɔ̃a dzi anukwareɖiɖitɔe eye wòdea Kristotɔwo ƒe kpekpewo hã. Esia kpe ɖe Daniel ŋu wòkpɔ vevienyenye si le Biblia sɔsrɔ̃ ŋu. Emegbe wo viwo dometɔ ɖeka ge dze tsi fiefie me, eye wòku. Tsɔ kpe ɖe tenɔnɔ ɖe nuxaxa si via ƒe ku do nɛ vevie nu ŋu la, Teresa xɔlɔ̃wo kple eƒe ƒometɔwo hã nɔ ezim ɖe edzi be wòawɔ kukɔnu siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o.

Le ɣeyiɣi sesẽ mawo me la, hame siwo te ɖe wo ŋu na kpekpeɖeŋu dedziƒoname kple akɔfafa geɖe wo. Le ameɖiɖia vɔ megbe la, Wayuugbe hamea me tɔwo yi edzi faa akɔ na wo. Esi Daniel kpɔ lɔlɔ̃ si gbegbe Kristotɔawo ɖe fia la, eʋãe be wòwɔ ŋgɔyiyi le mawusubɔsubɔ me. Edzudzɔ aha tsu nono eye megawɔa ŋlɔmi le Teresa ŋu o. Daniel ɖe Teresa le se nu, eye wòdi dɔ aɖe le wɔwɔm kutrikukutɔe tsɔ le ƒomea dzi kpɔmee. Wowɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi heva xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 2003 me. Woa kple evea siaa srɔ̃a Biblia kple ame geɖewo. Teresa ƒe agbenɔnɔ nyuie le eƒe ƒomea me wɔe be eƒe ƒometɔwo lɔ̃ faa le to ɖom gbedeasi si Ðasefowo ɖea gbeƒãe la. Daniel nyruiyɔvi ɖeka nye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ, eye eve bubuwo srɔ̃a Biblia hedea kpekpeawo. Teresa nɔviŋutsu srɔ̃ si ƒe vi etɔ̃ ku le ʋufɔku aɖe me kple eƒe ƒomea va te ɖetsɔtsɔ le Biblia sɔsrɔ̃ me.

Gbɔgbɔmenuɖuɖu le Wayuunaiki Me

Woɖe agbalẽ gbadza si ƒe tanyae nye Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee! * ɖe go ɖe Wayuunaiki me le ƒe 1998 me. Esia va nye dɔwɔnu vevi aɖe le gbeƒãɖeɖedɔa kple Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kple amewo le Wayuu nutowo me me. Le ƒe 2003 me la, wowɔ ɖoɖo ɖe hehenana nɔvi geɖewo be woaɖe Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo gɔme ɖe Wayuunaiki me ŋu. Gbegɔmeɖelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si le Ríohacha wɔ dɔ kutrikukutɔe ale be agbalẽ gbadza geɖe va le gbe ma me fifia, eye esia na be nusrɔ̃la siwo doa Wayuunaiki le ŋgɔyiyi wɔm le mawusubɔsubɔ me.

Tso ƒe 2001 me la, woɖea nutome gã takpekpea ƒe ɖoɖowɔɖia ƒe akpa aɖewo gɔme ɖe Wayuunaiki me. Ne Biblia nusrɔ̃viwo se ɖoɖowɔɖia le wo ŋutɔwo degbe me la, edoa ŋusẽ wo ŋutɔ le gbɔgbɔ me. Wole mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me woava wɔ Biblia me dramawo hã le Wayuunaiki me la vevie.

Agble Wɔnu Aɖe

Uribia nye du aɖe si le Ríohacha ƒe dzieheɣedzeƒe anɔ kilometa 100 aɖewo. Fiaɖuƒegbeƒãɖela 16 ye le Wayuu Hame si le Uribia me, eye wo dometɔ geɖe le agbagba dzem vevie be yewoaɖe gbeƒã na Indiatɔ siwo le kɔƒenutowo me. Hamemetsitsiwo dometɔ ɖeka gblɔ le mɔzɔzɔ hena gbeƒãɖeɖe aɖe ŋu ale: “Míeyi gbeƒãɖeƒe le kɔƒedu aɖe si me aƒe 12 siwo me xɔwo le kpuikpuie eye woɖe fesre suesuewo ɖe wo ŋu le la me. Le aƒe sia aƒe ŋkume la, wotsɔ yotojolo si nye srẽ ƒomevi aɖe ƒe tume tsɔ tu agbadɔe. Agbadɔ siae nyea bebeƒe na ƒomewo kple amedzrowo siaa tso ŋdɔ sesẽa nu. Edo dzidzɔ na mí ŋutɔ be ame akpa gãtɔ tsɔ ɖe le nya la me vevie, eya ta míewɔ ɖoɖo trɔ yi va dze Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme. Esi míetrɔ yi la míede dzesii be wo dometɔ geɖe mede suku o. Wogblɔ suku aɖe si me wodzudzɔ nufiafia le le gamanɔanyi ta ŋu nya na mí. Sukudzikpɔla la lɔ̃ tsɔ sukuxɔ ɖeka na mí be míawɔ hahoo suku kple Biblia nusɔsrɔ̃wo le eme. Wayuutɔ ade srɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ, eye wole ŋgɔyiyi nyuiwo wɔm le Biblia sɔsrɔ̃ me. Ŋudzedzekpɔkpɔ si woɖe fia wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ, eya ta míewɔ ɖoɖo be míanɔ kpekpewo wɔm le kɔƒedua me.”

Ðasefo siwo menye Wayuu vidzidziwo o dometɔ aɖewo srɔ̃ Wayuunaiki, eye míekpɔ ŋudzedze ɖe woƒe kpekpeɖeŋua ŋu ŋutɔ. Le Guajira ƒukpo afã la dzi la, hame enyi kple agbalẽ me nusrɔ̃ƒe evee le gbe sia zãm.

Yehowa le yayram ɖe agbagba siwo dzem wole dzi. Ðikeke mele eme o be woagate ŋu akpɔ dzidzedze geɖe le nyanyuia gbɔgblɔ na Wayuutɔawo me. Miele mɔ kpɔm be ame siwo tsia dzi ɖe woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo ŋu la ava zu nusrɔ̃la Kristotɔwo. Neva eme be Yehowa nadɔ dɔwɔla geɖe ɖa be woaɖawɔ dɔ le agble sia si ‘ƒu xoxo henyo na ŋeŋe’ la me.—Mat. 9:37, 38.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 18 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Anyigbatata siwo le axa 16]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

VENEZUELA

COLOMBIA

LA GUAJIRA

Manaure

Ríohacha

Uribia

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 16]

Etea, Wayuutɔwo ƒe asaɖa: Victor Englebert