Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Enye Nuwɔametɔ​—Gake Dina Vevie Be Yeasubɔ

Enye Nuwɔametɔ​—Gake Dina Vevie Be Yeasubɔ

Enye Nuwɔametɔ​—Gake Dina Vevie Be Yeasubɔ

NE ÈDO go Leonardo zi gbãtɔ la, ɖewohĩ màxɔe se be xɔtula lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla wònye o. Megate ŋu zãa eƒe asi eveawo o, elabena wotso le afɔku aɖe si wodze le dɔ me ɣeaɖeɣi la me. Togbɔ be Leonardo nye nuwɔametɔ hã la, enɔ dɔ wɔm sesĩe le xɔtuƒe aɖe le Acajutla, El Salvador, abe ale si nàte ŋu akpɔe le nɔnɔmetataa mee ene.

Be Leonardo nakpɔ gome le xɔtudɔ ma me la, eya ŋutɔ wɔ dɔwɔnu aɖewo na eɖokui. Etsɔa eƒe ɖusibɔkpoa dea gakpo aɖe me, eye wòtsɔnɛ tsina ɖe sofi ŋu hetsɔna nɔa ke kum nɔa kɔkɔm ɖe agbatsɔkeke me. Etsɔa gaviwo dea eƒe abɔkpoawo ŋu, eye wotsɔa agbatsɔkekea ƒe asiléƒewo dea eme bene eya ŋutɔ nate ŋu atutui. Nu kae ʋãe be wòkpɔ gome le xɔtudɔ sia me?

Leonardo di be yeakpɔ gome le Fiaɖuƒe Akpata, alo tadeaguƒe tutu na Yehowa Ðasefo siwo le eƒe nutoa me ƒe dɔa me. Nu geɖe li wòate ŋu atsɔ ado taflatse be yemate ŋu awɔ xɔtudɔ sia o. Enye nuwɔametɔ, edea dɔ me, eye wònye subɔsubɔdɔwɔla xoxo le woƒe hamea me. Ke hã, edi be yeawɔ nu si yeate ŋui atsɔ asubɔ Mawu le xɔtuƒe sia.

Nɔnɔme ma kee le asiwò le Mawu subɔsubɔ mea? Esi teƒe be Leonardo natsɔ eƒe nuwɔametɔnyenye anɔ taflatse dom la, ezã eƒe susu tsɔ wɔ dɔwɔnuwo na eɖokui bene wòate ŋu awɔ dɔ si anye ne mate ŋui hafi o la. Enɔ Mawu subɔm kple ‘eƒe tamesusu blibo.’ (Mateo 22:37) Ame siwo kpɔa gome le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu me le xexea me godoo ɖanye nuwɔametɔwo loo alo womenyee o, ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ le wo me. Ame sia ame ate ŋu ade woƒe kpekpeawo faa, eye míele kpewòm na kpekpe siawo.