Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hame La Nekafu Yehowa

Hame La Nekafu Yehowa

Hame La Nekafu Yehowa

“Matsɔ wò ŋkɔ aɖe gbeƒã na nɔvinyewo, le hame la titina madzi ha akafu wò.”—HEBRITƆWO 2:12.

1, 2. Nu ka tae hamea ɖea vi na mí ŋutɔ, eye nu ka koŋue wòwɔna?

LE ŊUTINYA katã me la, amewo kpɔa hadede kple dedienɔnɔ le ƒome ƒe ɖoɖoa me. Ke hã, Biblia ƒo nu tso ɖoɖo bubu aɖe si me ame geɖewo le hadede kple dedienɔnɔ tɔxɛ aɖe kpɔm le le xexea me godoo ŋu. Esiae nye Kristo hamea. Ne ƒome wɔɖeka si me amewo kpea asi ɖe wo nɔewo ŋu le me tɔe nènye loo alo mèɖanyee o, àte ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe nu siwo Mawu nana to hame ƒe ɖoɖoa dzi ŋu, eye ele be nàwɔe hã. Nyateƒee, ne èdea ha kple Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe xoxo la, àte ŋu aɖi ɖase le hadede tuameɖo kple dedienɔnɔ si nèkpɔna le afi ma la ŋu.

2 Menye hadomeƒuƒoƒo aɖe koe hamea nye o. Eye menye habɔbɔ alo ha si me tɔwo nye du ɖeka me tɔwo, alo lãmesẽfefewɔlawo, alo modzaka ɖeka ɖelawo ƒe ƒuƒoƒoe o. Ke boŋ nu si koŋ hamea wɔnae nye be ekafua Yehowa Mawu. Nenemae wònɔ tso gbe aɖe gbe ke abe ale si wòdze le Psalmowo ƒe agbalẽa mee ene. Psalmo 35:18 xlẽ be: “Manyɔ wò ŋkɔ le ameha gãwo me, eye makafu wò le ame geɖewo dome.” Nenema kee Psalmo 107:31, 32 de dzi ƒo na mí be: “Woada akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta, woadoe ɖe dzi le dukɔ la ƒe takpekpe me!”

3. Le Paulo ƒe nya nu la, akpa vevi kae hamea wɔna?

3 Kristotɔ apostolo Paulo tɔ asi akpa vevi bubu si hame la wɔna dzi, esime wòyɔe be “Mawu ƒe aƒe, si nye Mawu gbagbe ƒe hame kple nyateƒe ƒe sɔti kple gɔmeɖoɖoanyi sesĩ la.” (Timoteo I, 3:15) Hame kae Paulo wɔnɛ? Gɔmesese kawo nue wozã nya “hame” le le Biblia me? Ŋusẽ kae wòle be esia nakpɔ ɖe míaƒe agbe kple mɔkpɔkpɔ dzi? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, mina míadzro ale si wozã nya “hame” le Mawu ƒe Nya la me me gbã.

4. Gɔmesese ka nue wozã nya “hame” le zi geɖe le Hebri Ŋɔŋlɔawo me?

4 Hebrigbe me nya si gɔme woɖena zi geɖe be “hame” la gɔmee nye “kpe ta” alo “va ƒo ƒu.” (Mose V, 4:10; 9:10) Hakpala la zã nya “takpekpe” wòku ɖe mawudɔla siwo le dziƒo ŋu, eye woate ŋu azãe hã na ame vlowo ƒe ha. (Psalmo 26:5; 89:6-8) Ke hã, Hebri Ŋɔŋlɔawo zãnɛ zi geɖe wòkuna ɖe Israel viwo ŋu. Mawu gblɔ be Yakob ‘azu dukɔha’ alo dukɔwo ƒe hame, eye wòva eme nenema. (Mose I, 28:3; 35:11; 48:4) Wotia Israel viwo be woazu “Yehowa ƒe ha,” alo “Mawu ƒe ha.”—Mose IV, 20:4; Nexemya 13:1; Yosua 8:35; Samuel I, 17:47; Mixa 2:5.

5. Helagbe me nya ka gɔmee woɖena zi geɖe be “hame,” eye mɔ ka nue woate ŋu azãe le?

5 Nya si sɔ kplii le Helagbe mee nye ek·kle·siʹa, si woɖe tso Helagbe me nya eve siwo nye “kpe” kple “va” me. Woate ŋu azãe hã na amewo ƒe ƒuƒoƒo dzro aɖe ko, abe “ameha” aɖe si Demetrio de adã tame na ɖe Paulo ŋu le Efeso ene. (Dɔwɔwɔwo 19:32, 39, 41) Gake zi geɖe la, Kristo hameae Biblia zãnɛ na. Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo ɖe nya sia gɔme be “sɔlemexɔ,” gake numekugbalẽ si ŋkɔe nye The Imperial Bible-Dictionary ka nya ta be nya sia “mefia . . . xɔ si me Kristotɔwo ƒoa ƒu le hena tadedeagu ŋutɔŋutɔ kpɔ o.” Nukutɔe la, wozã nya “hame” le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me le gɔmesese ene ya teti nu.

Mawu Ƒe Hame Si Nye Amesiaminawo

6. Nu kae Dawid kple Yesu wɔ le hame la me?

6 Apostolo Paulo yɔ Dawid ƒe nya siwo le Psalmo 22:23 ɖe Yesu ŋu heŋlɔ bena: “‘Matsɔ wò ŋkɔ aɖe gbeƒã na nɔvinyewo, le hame la titina madzi ha akafu wò.’ Eyata ele [na Yesu] be, wòaɖi nɔviawo le nuwo katã me, bene wòatrɔ zu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔwo gome.” (Hebritɔwo 2:12, 17) Dawid kafu Mawu le blema Israel ƒe ha la dome. (Psalmo 40:10) Ke hã, nu kae Paulo wɔnɛ esime wògblɔ be Yesu kafu Mawu ‘le hame la titina’? Hame kae?

7. Mɔ ka koŋ nue wozã nya “hame” le le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me?

7 Nya si míexlẽ le Hebritɔwo 2:12, 17 la ɖe dzesi ŋutɔ. Eɖee fia be le gɔmesesea ŋutɔŋutɔ nu la, Kristo nye hame si me wòɖe gbeƒã Mawu ƒe ŋkɔ na nɔviawo le la me tɔ. Ame kawoe nye nɔvia mawo? Woawoe nye ame siwo nye “Abraham ƒome” la ƒe akpa aɖe, siwo nye Kristo nɔvi amesiamina “dziƒoyɔyɔ gomekpɔlawo.” (Hebritɔwo 2:16–3:1; Mateo 25:40) Le nyateƒe me la, le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, Kristo yomedzela amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒoa koŋue wozãa nya “hame” na. Amesiamina 144,000 siawoe nye “ŋgɔgbevi, siwo ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒowo la ƒe hame” la.—Hebritɔwo 12:23.

8. Aleke Yesu gblɔ Kristo hamea ɖoɖo anyi ŋu nya ɖii?

8 Yesu gblɔe ɖi be woava ɖo Kristo “hame” sia anyi. Ƒe ɖeka do ŋgɔ na eƒe ku la, egblɔ na eƒe apostolo ɖeka be: “Woe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzi matu nye ha la ɖo, eye tsiẽƒe ƒe agbowo hã mele edzi ɖu ge o.” (Mateo 16:18) Petro kple Paulo siaa se egɔme nyuie be Yesu ŋutɔe nye kpe gbadza si ŋu nya wògblɔ ɖi. Petro ŋlɔ bena, ame siwo nye “kpe gbagbe,” siwo wotsɔ tu gbɔgbɔmexɔ ɖe Kristo si nye kpe gbadza la dzi lae nye “dukɔ si nye Mawu ŋutɔ tɔ” bene woaɖe gbeƒã Ame si yɔ wo la “ƒe nutsuwɔwɔwo.”—Petro I, 2:4-9; Psalmo 118:22; Yesaya 8:14; Korintotɔwo I, 10:1-4.

9. Ɣekaɣie wodze Mawu ƒe hamea ɖoɖo anyi gɔme?

9 Ɣekaɣie wodze “dukɔ si nye Mawu ŋutɔ tɔ” la ɖoɖo anyi gɔme be wòazu Kristo hame? Ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzie, esime Mawu kɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe nusrɔ̃la siwo ƒo ƒu le Yerusalem la dzi. Emegbe le ŋkeke ma ke dzi la, Petro ƒo dutoƒonuƒo ʋãme aɖe na Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe. Ame geɖe xa nu vevie ɖe Yesu ƒe ku la ta; wotrɔ dzime eye woxɔ nyɔnyrɔ. Biblia me nuŋlɔɖia ka nya ta be ame akpe etɔ̃e ɖe afɔ sia, eye wova zu Mawu ƒe hame yeye si nɔ dzidzim ɖe edzi la me tɔwo. (Dɔwɔwɔwo 2:1-4, 14, 37-47) Hamea nɔ dzidzim ɖe edzi, elabena Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔ geɖe va lɔ̃ ɖe edzi be ŋutilã me Israel meganye Mawu ƒe hame o. Ke boŋ Kristotɔ amesiamina siwo nye “Mawu ƒe Israel” gbɔgbɔmetɔ woe va zu Mawu ƒe hame vavã la.—Galatiatɔwo 6:16; Dɔwɔwɔwo 20:28.

10. Ƒomedodo kae le Yesu kple Mawu ƒe hame la dome?

10 Zi geɖe la, Biblia dea vovototo Yesu kple amesiaminawo dome, abe ale si wòdze le nyagbe sia me ene be, ‘le Kristo kple hame la ŋuti.’ Yesue nye ta na Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame sia. Paulo ŋlɔ bena, Mawu tsɔ “[Yesu] ɖo nuwo katã ƒe ta hena hame, si nye eƒe ŋutilã” la. (Efesotɔwo 1:22, 23; 5:23, 32; Kolosetɔwo 1:18, 24) Egbea, amesiaminawo ƒe hame sia me tɔ ʋɛ aɖewo koe kpɔtɔ le anyigba dzi. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu Kristo si nye woƒe Ta la lɔ̃a wo vevie. Woɖɔ ale si wòsena le eɖokui me ɖe wo ŋu la le Efesotɔwo 5:25 ale: “Kristo hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui hena ɖe eta.” Elɔ̃a wo, elabena wotsɔa ‘kafukafuvɔsa naa Mawu; si nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse,’ abe ale si Yesu wɔe esime wònɔ anyigba dzi ene.—Hebritɔwo 13:15.

“Hame”—Eƒe Gɔmesese Bubuwo

11. Gɔmesese evelia ka nue wozã nya “hame” le le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me?

11 Ɣeaɖewoɣi la, ne Biblia zã nya “hame” la, menye amesiamina 144,000 siwo nye “Mawu ƒe hame la” katã ŋue wòkuna ɖo o. Le kpɔɖeŋu me, Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe be: “Migazu nukikli na Yudatɔwo kple Helatɔwo kple Mawu ƒe hame la o.” (Korintotɔwo I, 10:32) Edze ƒã be, ne blema Korinto Kristotɔ aɖe wɔ nu manyomanyo aɖe la, anye nukikli na ame aɖewo. Gake ɖe eƒe nuwɔna ate ŋu anye nukikli na Helatɔwo, Yudatɔwo, alo amesiamina siwo nɔ anyi tso ɣemaɣi va se ɖe fifia la katãa? Kura o. Edze abe Kristotɔ siwo li le ɣeyiɣi aɖe koŋ mee wozã nya “Mawu ƒe hame” na le kpukpui sia me ene. Eya ta woate ŋu agblɔ be Mawu le mɔ fiam, le kpekpeɖeŋu nam, alo le yayram ɖe hame la dzi, wòafia Kristotɔ siwo katã li le ɣeyiɣi aɖe koŋ me, eɖanye afi ka kee wole o. Alo míate ŋu aƒo nu tso dzidzɔ kple ŋutifafa si le Mawu ƒe hamea me egbea ŋu wòafia Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ bliboa.

12. Gɔmesese etɔ̃lia ka nue wozã nya “hame” le le Biblia me?

12 Biblia zã nya “hame” le mɔ etɔ̃lia nu woku ɖe Kristotɔ siwo katã le anyigba ƒe teƒe aɖe ŋu. Míexlẽ be: “Hame, si le Yudea kple Galilea kple Samaria katã la, kpɔ tomefafa.” (Dɔwɔwɔwo 9:31) Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo siwo wu ɖekae nɔ nuto gã mawo me, ke hã, woyɔ esiwo katã le Yudea, Galilea, kple Samaria la be “hame.” Le ame xexlẽme si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi kple emegbe kpuie ta la, ɖewohĩ ƒuƒoƒo siwo wu ɖekae kpea ta le Yerusalem nutoa me. (Dɔwɔwɔwo 2:41, 46, 47; 4:4; 6:1, 7) Herodes Agripa I ɖu Yudea dzi va se ɖe eƒe kugbe le ƒe 44 M.Ŋ. me, eye Tesalonikatɔwo I, 2:14 na eme kɔ be, va se ɖe ƒe 50 M.Ŋ. me ya teti la, hame agbɔsɔsɔ aɖe nɔ Yudea. Eya ta esi wogblɔ be “Herodes ɖo asi hamevi aɖewo dzi, bena yeasẽ ŋuta le wo ŋu” la, ate ŋu afia be menye ƒuƒoƒo ɖeka koe kpea ta le Yerusalem o.—Dɔwɔwɔwo 12:1.

13. Mɔ enelia ka nue Biblia zãa nya “hame” le zi geɖe?

13 Mɔ enelia si nu wogazãa nya “hame” le zi geɖee nye ne wole nu ƒom tso Kristotɔ siwo le hame ɖeka pɛ ko me, abe esi ƒoa ƒu le aƒe aɖe me ene ŋu. Paulo ƒo nu tso “Galatia-hamewo” ŋu. Hame siawo ƒomevi siwo wu ɖekae nɔ Roma nuto gã ma me. Paulo zã nya gbɔsɔsɔfiatɔ si nye “hamewo” zi eve ku ɖe Galatia ŋu, siwo dometɔ aɖewo anye hame siwo le Antioxia, Derbe, Listra, kple Ikonio. Woɖo hamemetsitsiwo alo dzikpɔla siwo dze le hame siawo me. (Korintotɔwo I, 16:1; Galatiatɔwo 1:2; Dɔwɔwɔwo 14:19-23) Le Ŋɔŋlɔawo nu la, hame siawo katã nye “Mawu ƒe hameawo.”—Korintotɔwo I, 11:16; Tesalonikatɔwo II, 1:4.

14. Nya ta kae míate ŋu aƒo le ale si wozã “hame” le mawunyakpukpui ʋɛ aɖewo me ta?

14 Ɣeaɖewoɣi la, ame siwo dea Kristotɔwo ƒe kpekpeawo mesɔa gbɔ o, ale be wotea ŋu wɔnɛ le amewo ƒe aƒewo me. Ke hã, wozãa nya “hame” na ƒuƒoƒo sue siawo hã. Hame sue siwo ŋu míenya nu tso woe nye esiwo nɔ Akwila kple Priska, Nimfa kple Filemon ƒe aƒewo me. (Romatɔwo 16:3-5; Kolosetɔwo 4:15; Filemon 2) Ele be nya sia nade dzi ƒo na hame siwo le sue eye ɖewohĩ wokpena le amewo ƒe aƒewo me la. Yehowa tsɔ ɖe le hame sue siawo me vevie le ƒe alafa gbãtɔ me, eye kakaɖedzitɔe la, etsɔa ɖe le wo me egbea hã, eye wòtoa eƒe gbɔgbɔa dzi yraa wo.

Hamewo Kafua Yehowa

15. Ŋusẽdɔ kawoe gbɔgbɔ kɔkɔe na ame aɖewo wɔ le hame gbãtɔwo me?

15 Míede dzesii be le Psalmo 22:23 me vava me la, Yesu kafu Mawu le hame la titina. (Hebritɔwo 2:12) Ele be eyomedzela wɔnuteƒewo hã nawɔ nenema ke. Le ƒe alafa gbãtɔ me, esime wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Kristotɔ vavãwo be woazu Mawu ƒe viwo ahanye Kristo nɔviwo la, wo dometɔ aɖewo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ tɔxɛ aɖewo hã. Woxɔ gbɔgbɔa ƒe nukununanawo. Nunana siawo dometɔ aɖewoe nye nunya ƒe nya alo sidzedze ƒe nya tɔxɛwo, dɔyɔyɔ kple nyagbɔgblɔɖi ƒe ŋusẽ, alo gbe siwo wo ŋutɔ womese o dodo ƒe ŋutete kura gɔ̃ hã.—Korintotɔwo I, 12:4-11.

16. Taɖodzinu si le gbɔgbɔa ƒe nukununanawo ŋu dometɔ ɖekae nye ka?

16 Paulo gblɔ le gbegbɔgblɔ bubu tsɔtsɔ ƒo nui ŋu be: “Madzi ha kple gbɔgbɔ, ke madzi ha kple tamesusu hã.” (Korintotɔwo I, 14:15) Ekpɔ ale si wòle vevie be ame bubuwo nase eƒe nyawo gɔme eye wòatu wo ɖo la dze sii. Enye Paulo ƒe taɖodzinu be yeakafu Yehowa le hamea me. Exlɔ̃ nu ame bubu siwo si gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunanawo le be, “miagba go hena hame la ƒe ŋgɔgbedede,” si fia hame si me wole nukununana la ŋu dɔ wɔm le. (Korintotɔwo I, 14:4, 5, 12, 23) Edze ƒã be Paulo tsɔ ɖe le hame si le nuto vovovowo me la me, esi wònyae be mɔnukpɔkpɔ asu Kristotɔwo si woakafu Mawu le afi siawo ta.

17. Kakaɖedzi kae wòle be wòanɔ mía si ku ɖe mía gbɔ hamewo ŋu egbea?

17 Yehowa yi edzi le eƒe hamea zãm hele kpekpem ɖe eŋu. Ele Kristotɔ amesiamina siwo le anyigba dzi egbea ƒe ƒuƒoƒo bliboa yram. Míate ŋu akpɔ esia le gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo siwo Mawu ƒe amewo xɔna la me. (Luka 12:42) Ele xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ bliboa yram. Eye ele hame siwo le nuto vovovowo me, afi siwo míekafua mía Wɔla la le to míaƒe nuwɔnawo kple nyaŋuɖoɖo tuameɖowo dzi, la yram. Míesrɔ̃a nu eye míexɔa hehe le afi siawo bene míate ŋu akafu Mawu le teƒe bubuwo, nenye be míele míaƒe hamea me o gɔ̃ hã.

18, 19. Nu kae Kristotɔ ɖianukware siwo le hame ɖe sia ɖe me adi be yewoawɔ?

18 Ðo ŋku edzi be apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ Filipi hame si le Makedonia me be: “Esia ŋuti medoa gbe ɖa ɖo, . . . bene dzɔdzɔenyenye ƒe ku, si wotsena to Yesu Kristo dzi la, nayɔ mi fũ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu.” Esia bia tso wo si be woaƒo nu tso Yesu ŋuti dzixɔse kple mɔkpɔkpɔ wɔnuku si nɔ wo si la ŋu na ame bubuwo. (Filipitɔwo 1:9-11; 3:8-11) Le esia ta la, Paulo ɖo aɖaŋu na ehati Kristotɔwo be: “Mina míato [Yesu] dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.”—Hebritɔwo 13:15.

19 Ðe wòdzɔa dzi na wò be nàkafu Mawu le “hame la titina” abe ale si Yesu wɔe ene, eye nàtsɔ wò nu akafu Yehowa le ame siwo mekpɔ dze si eyama ahayi ekafu ge o la ŋkumea? (Hebritɔwo 2:12; Romatɔwo 15:9-11) Le mɔ aɖe nu la, ale si míaɖo nyabiase sia ŋue anɔ te ɖe ale si míebua akpa si wɔm míaƒe hamea le le Mawu ƒe tameɖoɖo me la dzi. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro ale si Yehowa le mɔ fiam míaƒe hameawo, ale si wòle wo zãmee, kple akpa si wòle be hamea nawɔ le míaƒe agbenɔnɔ me egbea la me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke “Mawu ƒe hame” si nye Kristotɔ amesiaminawo wɔ va dzɔ?

• Mɔ etɔ̃ bubu kawo nue Biblia zã nya “hame” le?

• Nu kae Dawid, Yesu, kple ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo di vevie be yewoawɔ le hame la me, eye aleke wòle be esia nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Hame kae Yesu nye gɔmeɖoanyi na?

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo suewo nye “Mawu ƒe hameawo”

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Abe Kristotɔ siwo le Benin ene la, míate ŋu akafu Yehowa le amehawo dome