Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mina Woatu Hame La Ðo

Mina Woatu Hame La Ðo

Mina Woatu Hame La Ðo

“Hame . . . la, kpɔ tomefafa, eye wotu wo ɖokui.” —DƆWƆWƆWO 9:31.

1. Nya kawoe míate ŋu abia ku ɖe “Mawu ƒe hame” la ŋu?

LE ƑE 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, Yehowa da asi ɖe Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe dzi wòzu dukɔ yeye, alo “Mawu ƒe Israel.” (Galatiatɔwo 6:16) Kristotɔ amesiamina siawo va zu nu si Biblia yɔ be “Mawu ƒe hame” la hã. (Korintotɔwo I, 11:22) Ekema nu kae esia bia? Ðoɖo ka nue “Mawu ƒe hame” la anɔ? Aleke wòle be wòawɔ dɔ le anyigba dzi, eɖanye afi kae emetɔwo le o? Eye aleke esia ku ɖe míaƒe agbe kple dzidzɔkpɔkpɔ ŋui?

2, 3. Aleke Yesu ɖee fia be ɖoɖo anɔ hamewo me?

2 Abe ale si míegblɔe le nyati si do ŋgɔ mee ene la, Yesu gblɔe ɖi be woaɖo ye yomedzela amesiaminawo ƒe hame sia anyi, esi wògblɔ na apostolo Petro be: “Kpe gbadza sia [Yesu Kristo] dzi matu nye ha la ɖo, eye tsiẽƒe ƒe agbowo hã mele edzi ɖu ge o.” (Mateo 16:18) Gawu la, esime Yesu nɔ anyi kple eƒe apostoloawo la, ena dɔ siwo hame si woaɖo anyi kpuie la awɔ kple ɖoɖo si nu wòawɔ dɔ le la ŋuti mɔfiamewo.

3 Yesu to nya kple nuwɔna dzi ɖee fia be ame aɖewo axɔ ŋgɔ le hamea me. Woawɔ esia to woƒe ƒuƒoƒoa me tɔ bubuwo subɔsubɔ me. Kristo gblɔ be: “Mienyae bena, amesiwo ŋu bubu le bena, woaɖu dukɔwo dzi la, woawoe ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye woƒe amegãwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi. Ke neganɔ nenema le mia dome o; ke boŋ amesi di bena, yeazu gã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla; eye amesi ke di bena, yeanye gbãtɔ le mia dome la, nanye amewo katã ƒe dɔla.” (Marko 10:42-44) Edze ƒã be “Mawu ƒe hame” la manye hame aɖe si ŋu ɖoɖo aɖeke mele, si me tɔwo ka hlẽ ame sia ame le eɖokui si o. Ke boŋ ɖoɖo aɖe si me amewo anɔ dɔ wɔm aduadu ahanɔ kadodo me kple wo nɔewo le anɔ anyi.

4, 5. Aleke míewɔ nya be hame la ahiã gbɔgbɔmemɔfiame?

4 Ame si ava nye Ta na “Mawu ƒe hame” la ɖee fia be yeƒe apostolowo kple ame bubu siwo srɔ̃ nu tso ye gbɔ axɔ agbanɔamedzi aɖewo koŋ le hamea me. Dɔ kae woawɔ? Dɔ vevi aɖe si woawɔe nye gbɔgbɔmemɔfiame nana hamea me tɔ mamlɛawo. Ðo ŋku edzi be Yesu gblɔ na Petro le apostolo bubu aɖewo ŋkume be: ‘Simon Yona vi, èle lɔ̃yem mahã?’ Petro ɖo eŋu nɛ be: “Ẽ, Aƒetɔ, wòe nyae bena, nyemelɔ̃a nu gbɔwò o.” Yesu gblɔ nɛ be: “Nyi nye alẽviawo. . . . Kpɔ nye alẽawo dzi. . . . Nyi nye alẽawo.” (Yohanes 21:15-17) Dɔ vevi kae nye esi!

5 Míate ŋu akpɔe le Yesu ƒe nya siawo me be wotsɔ ame siwo nu woƒo ƒu ɖe hame la me sɔ kple alẽwo le alẽkpɔ me. Ahiã be woanyi alẽ siawo—Kristotɔ siwo nye ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo—le gbɔgbɔ me eye woakplɔ wo nyuie. Gakpe ɖe eŋu la, esi wònye be Yesu de se na eyomedzelawo katã be woafia nu amewo ahawɔ wo nusrɔ̃lawoe ta la, ele be woana hehe ame yeye siwo va zu eƒe alẽwo la bene woanya ale si wòawɔ sedede sia si tso Mawu gbɔ la dzi.—Mateo 28:19, 20.

6. Ðoɖo kawoe wowɔ le “Mawu ƒe hame” si woɖo yeye la me?

6 Esime wonya ɖo “Mawu ƒe hame” la anyi ko la, emetɔwo ƒoa ƒu edziedzi hena mɔfiamewo xɔxɔ kple dzidede ƒo na wo nɔewo: “Wonɔ apostolowo ƒe nufiafia kple habɔbɔ, abolokaka kple gbedodoɖa me.” (Dɔwɔwɔwo 2:42, 46, 47) Nyatakaka bubu si ɖe dzesi le nuŋlɔɖi sia mee nye be woɖo ŋutsu aɖewo siwo dze la be woakpɔ dɔ vevi aɖewo gbɔ. Menye ƒe gbogbo siwo wotsɔ de suku alo srɔ̃ aɖaŋudɔwo dzie wonɔ te ɖo tia wo o. Wonye ame siwo yɔ “fũ kple [gbɔgbɔ] kɔkɔe kple nunya.” Ame siawo dometɔ ɖekae nye Stefano, eye nuŋlɔɖia gblɔe kɔte be enye “ŋutsu, si yɔ fũ kple xɔse kpakple [gbɔgbɔ] kɔkɔe.” Nu si do tso hame ƒe ɖoɖoa mee nye be “mawunya la keke ta, eye nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ŋutɔ le Yerusalem.”—Dɔwɔwɔwo 6:1-7.

Ŋutsu Siwo Mawu Zã

7, 8. (a) Ðoƒe kae apostolowo kple hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem nɔ le Kristotɔ gbãtɔawo dome? (b) Nu kae do tso eme esime wona mɔfiamewo to hamewo dzi?

7 Eme kɔ be apostoloawo xɔ ŋgɔ le hame ƒe ɖoɖo gbãtɔa me, gake menye woawo ɖeɖe koe o. Ɣeaɖeɣi la, Paulo kple eƒe mɔzɔhatiwo trɔ yi Siriatɔwo ƒe Antioxia. Dɔwɔwɔwo 14:27 gblɔ be: “Esi wova afima, eye woƒo hamea nu ƒu la, woka nu gã, siwo Mawu wɔ kpli wo la ta na wo, kple alesi wòʋu dzixɔse ƒe ʋɔtru na trɔ̃subɔlawo.” Esime wogale hame si le afi ma me la, nya aɖe fɔ ɖe te nenye be ehiã be Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo natso aʋa. Be woakpɔ nya sia gbɔ la, wodɔ Paulo kple Barnaba ɖo ɖe “apostolowo kple hamemegã, siwo le Yerusalem la gbɔ,” eye edze kɔte be ame siawoe nye dziɖuha la.—Dɔwɔwɔwo 15:1-3.

8 Yesu dadavi Yakobo, si nye Kristotɔ hamemetsitsi gake menye apostolo o, yee nɔ zi me na kpekpea esime “apostoloawo kple hamemegãwo va kpe ta be, yewoakpɔ nya sia me ɖa.” (Dɔwɔwɔwo 15:6) Le nya la me dzodzro nyuie le gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe kpekpeɖeŋu me megbe la, wowɔ nyametsotso si wɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo. Woŋlɔ nyametsotso sia ɖo ɖe hame siwo le nuto vovovowo me. (Dɔwɔwɔwo 15:22-32) Ame siwo xɔ nyatakaka sia la lɔ̃ ɖe edzi eye wowɔ ɖe edzi. Nu kae do tso eme? Wotu nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ɖo hede dzi ƒo na wo. Biblia ka nya ta be: “Azɔ ŋusẽ ɖo hameawo ŋu le xɔse me, eye woƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ɖe edzi gbesiagbe.”—Dɔwɔwɔwo 16:5.

9. Agbanɔamedzi kawoe Biblia gblɔ be ŋutsu Kristotɔ siwo dze axɔ?

9 Gake aleke wòle be hame siwo le nuto vovovowo me nawɔ dɔ gbe sia gbe? Le kpɔɖeŋu me, bu hame siwo le Kreta ƒukpo dzi ŋu kpɔ. Togbɔ be afi ma tɔ geɖe nɔa agbe baɖa hã la, wo dometɔ aɖewo trɔ heva zu Kristotɔ vavãwo. (Tito 1:10-12; 2:2, 3) Wonɔ du vovovowo me, eye wo katã gbɔ didi tso dziɖuha si nɔ Yerusalem la gbɔ. Gake ema menye kuxi boo aɖeke o, elabena woɖo gbɔgbɔ me “hamemegãwo” le hame siwo le Kreta la dometɔ ɖe sia ɖe me, abe ale si wònɔ le teƒe bubuwo ene. Ŋutsu mawo ɖo nudidi siwo woŋlɔ ɖe Biblia me la gbɔ. Woɖo wo hamemetsitsiwo, alo dzikpɔlawo, ame siwo ate ŋu ‘axlɔ̃ nu le nufiafia, si le blibo la me, eye woate ŋu aka mo na ɖeklemiɖelawo.’ (Tito 1:5-9; Timoteo I, 3:1-7) Ame bubuwo ɖo Biblia ƒe nudidi siwo hiã gbɔ, eye woɖo wo subɔsubɔdɔwɔlawo alo subɔlawo be woana kpekpeɖeŋu hamea.—Timoteo I, 3:8-10, 12, 13.

10. Le Mateo 18:15-17 ƒe nya nu la, aleke wòle be woakpɔ kuxi sesẽwo gbɔe?

10 Yesu ɖee fia be ɖoɖo ma anɔ anyi. Ðo ŋku nuŋlɔɖi si le Mateo 18:15-17 me nyawo dzi, afi si wògblɔ le be kuxiwo ate ŋu ado mo ɖa ɣeaɖewoɣi le Mawu subɔla eve dome ne ame ɖeka da vo ɖe nɔvia ŋu le mɔ aɖe nu. Ele be ame si ŋuti woda voa ɖo la nate ɖe nɔvia ŋu ‘aɖaɖee fiae’ le woa kple evea ko dome. Ne afɔɖeɖe sia mekpɔ kuxia gbɔ o la, ate ŋu abia tso ame ɖeka alo eve siwo nya nu tso nyaa ŋu nyuie si be woava kpe ɖe yewo ŋu. Ke ne esia hã mete ŋu kpɔ kuxia gbɔ o ɖe? Yesu gblɔ be: ‘Ke ne meɖo to woawo hã o la, yi ɖagblɔe na hame la, eye ne meɖo to hame la hã o la, na ne wòanɔ na wò abe trɔ̃subɔla kple nudzɔla ene.’ Esime Yesu gblɔ nya sia la, Yudatɔwo gakpɔtɔ nye “Mawu ƒe hame” kokoko, eya ta woawo ŋue nya sia ku ɖo gbã. * Gake ne woɖo Kristo hamea anyi ko la, woate Yesu ƒe mɔfiame sia zazã le eme. Esia ganye kpeɖodzi bubu si ɖee fia be hame ƒe ɖoɖo aɖe koŋ anɔ Mawu ƒe amewo si be woafia mɔ ahatu Kristotɔ ɖe sia ɖe ɖo.

11. Akpa kae hamemetsitsiwo wɔna le kuxiwo gbɔkpɔkpɔ me?

11 Esɔ nyuie be hamemetsitsiwo, alo dzikpɔla siawo nanɔ hame si me wole la teƒe akpɔ kuxiwo alo nya siwo ku ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ aɖe ŋu gbɔ. Esia wɔ ɖeka kple nudidi siwo gbɔ wòle be hamemetsitsiwo naɖo si woyɔ le Tito 1:9 la. Togbɔ be ele alea hã, ame madeblibowoe hamemetsitsi siawo nye, abe ale si ko Tito, ame si Paulo ŋlɔ na be ‘wòaɖɔ nu siwo gblẽ la ɖo’ nɔ ene. (Tito 1:4, 5, NW) Egbea, ele be ame siwo woadi be woaɖo hamemetsitsiwoe nanye ame siwo ɖo kpe woƒe xɔse kple nuteƒewɔwɔ dzi ɣeyiɣi ƒe didime aɖe. Esia awɔe be hamea me tɔ bubuwo naka ɖe mɔfiame si le dzikpɔlawo tiatia ƒe ɖoɖo sia ŋu la dzi.

12. Agba kae le hamemetsitsiwo dzi le hamea me?

12 Paulo gblɔ na hamemetsitsi siwo nɔ Efeso hamea me be: “Mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Aƒetɔ ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ [Via] ƒe ʋu la.” (Dɔwɔwɔwo 20:28) Nenema ke egbea la, woɖoa dzikpɔla siwo le hamewo me hã be ‘woanyi Mawu ƒe hame’ la. Ele be woawɔ esia lɔlɔ̃tɔe, eye mele be woaɖu aƒetɔ ɖe alẽha la dzi o. (Petro I, 5:2, 3) Ele be dzikpɔlawo nadze agbagba akpe ɖe “alẽha blibo la katã” ŋu ahatui ɖo.

Hame La Ŋu Nɔnɔ Kplikplikpli

13. Ɣeaɖewoɣi la, nu kae ate ŋu ado mo ɖa le hamea me, eye nu ka tae?

13 Esi wònye be ame madeblibowoe hamemetsitsiwo kple hamea me tɔwo katã nye ta la, masɔmasɔwo alo kuxiwo doa mo ɖa ɣeaɖewoɣi abe ale si ko wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me esime apostoloawo dometɔ aɖewo ganɔ agbe la ene. (Filipitɔwo 4:2, 3) Dzikpɔla aɖe alo ame bubu aɖe ate ŋu agblɔ nya aɖe si dze abe enye gbedaɖeamegbɔ, ameŋumabumabu, alo esi menye nyateƒe tututu o ene. Alo míabui be nane si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o le dzɔdzɔm, gake edze abe hamea me hamemetsitsiwo mele nyaa gbɔ kpɔm o, togbɔ be wonya nu tso eŋu hã ene. Ke hã, ate ŋu anye be wokpɔ kuxia gbɔ, alo wole egbɔ kpɔm le ɖekawɔwɔ me kple Ŋɔŋlɔawo kpakple nya aɖe si ŋu míenya nu tso o. Gake nenye be nyaa le abe ale si míebui ene gɔ̃ hã la, bu nya sia ŋu kpɔ: Wonɔ nu vɔ̃ gã aɖe wɔm le Korinto hame, si nɔ vevie na Yehowa, la me hena ɣeyiɣi aɖe. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Mawu kpɔ egbɔ be woɖɔ nu gbegblẽ wɔwɔa ɖo nyuie keŋkeŋ. (Korintotɔwo I, 5:1, 5, 9-11) Míate ŋu abia mía ɖokui ase be: ‘Ne ɖe menɔ Korinto ɣemaɣi la, aleke mawɔ nui esime womekpɔ kpɔ nyaa gbɔ o?’

14, 15. Nu ka tae ame aɖewo gbugbɔ le Yesu yome, eye nufiame kae le esia me na mí?

14 Bu nu bubu si agate ŋu adzɔ le hamea me ŋu kpɔ. Tsɔe be Ŋɔŋlɔawo me nufiafia aɖe gɔmesese sesẽ na hamea me tɔ aɖe alo melɔ̃ ɖe edzi o. Ðewohĩ ewɔ numekuku le Biblia kple agbalẽ siwo míexɔna toa hamea dzi me, alo bia kpekpeɖeŋu tso hati Kristotɔ tsitsiwo alo hamemetsitsiwo gbɔ gɔ̃ hã. Gake nya la gɔmesese alo lɔlɔ̃ ɖe edzi sesẽ nɛ kokoko. Nu kae wòate ŋu awɔ? Nu ma tɔgbi dzɔ anɔ ƒe ɖeka do ŋgɔ na Yesu ƒe ku. Egblɔ be yee “nye agbebolo la,” eye be ele be ‘woaɖu Amegbetɔvi la ƒe ŋutilã, eye woano eƒe ʋu’ hafi ate ŋu anɔ agbe tegbee. Esia tɔ dzi na eƒe nusrɔ̃la aɖewo. Le esi teƒe be woadi numeɖeɖe alo alala le xɔse me la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ geɖe ‘megazɔna kpakplii o.’ (Yohanes 6:35, 41-66) Nyabiasea gava ake be, ne ɖe míenɔ afi ma la, anye ne nu kae míawɔ?

15 Le míaƒe ŋkekea me la, ame aɖewo dzudzɔ hadede kple woƒe hamea, hebunɛ be yewoasubɔ Mawu le yewo ɖokui si. Woagblɔ be esi ame aɖewo da vo le yewo dzi, womele nu gbegblẽ wɔwɔ aɖe ɖɔm ɖo o, alo be yewomate ŋu alɔ̃ ɖe nufiafia aɖewo dzi o tae. Gake ɖe nunya le woƒe nuwɔna sia mea? Enye nyateƒe be ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe ŋutɔ nanɔ ƒomedodo me kple Mawu ya, gake ele be míalɔ̃ ɖe edzi be Ele xexea me katã ƒe hame aɖe zãm, abe ale si wòwɔe le apostolowo ƒe ŋkekea mee ene. Gawu la, Yehowa zã hame siwo le nuto vovovowo me le ƒe alafa gbãtɔ me eye wòyra wo; ewɔ ɖoɖo be woaɖo hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo be wòaɖe vi na hameawo. Nenema ke ko wòle egbea hã.

16. Ne eva susu me na ame aɖe be yeado le hamea me la, nu ka ŋue wòle be wòabu?

16 Ne Kristotɔ aɖe bui be yeate ŋu aɖo ŋu ɖe ye kple Mawu dome ƒomedodo ko ŋu la, ke ele megbe trɔm de Mawu ƒe ɖoɖowo—siwo nye Mawu ƒe amewo ƒe xexea me katã ƒe hamea kple hame siwo le nuto vovovowo me la. Ame ate ŋu alé eya ŋutɔ ƒe mɔ atsɔ alo anɔ ha dem kple ame ʋɛ aɖewo ko, gake hamea me hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ƒe ɖoɖoa ya ɖe? Eɖe dzesi ŋutɔ be, esime Paulo ŋlɔ agbalẽ na Kolose hamea eye wòbia be woaxlẽe na Laodikea hamea hã la, egblɔ be woanye “amesiwo do ke, eye wotu wo ɖe eyama [Kristo] me.” Ame siwo le hame siawo mee nya siawo aɖe vi na, ke menye ame siwo ɖe wo ɖokui ɖe aga woe o.—Kolosetɔwo 2:6, 7; 4:16.

Nyateƒe Ƒe Sɔti Kple Gɔmeɖoɖoanyi Sesĩ

17. Nu kae Timoteo I, 3:15 ɖe fia ku ɖe hamea ŋu?

17 Le apostolo Paulo ƒe lɛta gbãtɔ si wòŋlɔ na Kristotɔ hamemetsitsi Timoteo me la, eyɔ nudidi siwo gbɔ wòle be hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo naɖo le hameawo me. Le nudidi siawo yɔyɔ vɔ megbe teti la, Paulo ƒo nu tso “Mawu gbagbe ƒe hame” la ŋu be enye “nyateƒe ƒe sɔti kple gɔmeɖoɖoanyi sesĩ.” (Timoteo I, 3:15) Edze ƒã be Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame bliboae nye sɔti sia le ƒe alafa gbãtɔ me. Eye kakaɖedzitɔe la, hameae nye mɔ si dzi koŋ Kristotɔ ɖe sia ɖe ato axɔ nyateƒe sia. Afi mae woate ŋu afia wo nyateƒea kple ale si woʋlia etae le, eye afi mae woate ŋu atu wo ɖo le.

18. Nu ka tae hamea ƒe kpekpewo le vevie ɖo?

18 Nenema kee xexea me katã ƒe Kristotɔwo ƒe hamea hã nye Mawu ƒe aƒe si nye “nyateƒe ƒe sɔti kple gɔmeɖoɖoanyi sesĩ.” Míaƒe hamea ƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le wo mee nye mɔ vevitɔ si dzi míetona xɔa tutuɖo, doa ŋusẽ mía kple Mawu dome ƒomedodoa, eye wodzraa mí ɖo hena eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. Esime Paulo nɔ lɛta ŋlɔm na hame si nɔ Korinto la, ehe susu yi nu siwo wogblɔna le kpekpe mawo me dzi. Egblɔ be yedi be nu siwo wogblɔna le kpekpe mawo me la me nakɔ, eye wo gɔme nanya ase ale be woado vavalawo “ɖe ŋgɔgbe.” (Korintotɔwo I, 14:12, 17-19) Míate ŋu axɔ tutuɖo egbea ne míelɔ̃ ɖe edzi be Yehowa Mawue wɔ ɖoɖo be hame siwo le nuto vovovowo me nanɔ anyi, eye be ele asi kpem ɖe ɖoɖo sia ŋu.

19. Nu ka tae nèkpɔa ŋudzedze ɖe hame si me nèle la ŋu?

19 Vavãe, ne míedi be míaxɔ Kristotɔwo ƒe tutuɖo la, ele be míanɔ hamea me. Hamea nye akpoxɔnu si kpɔa mía ta tso alakpanufiafia me tso gbe aɖe gbe ke, eye Mawu le ezãm tsɔ le egbɔ kpɔm be woaɖe gbeƒã eƒe Mesia Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le anyigba dzi godoo. Ðikeke mele eme o be Mawu wɔ dɔ geɖe to Kristo hamea dzi.—Efesotɔwo 3:9, 10.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Biblia ŋuti nunyala Albert Barnes gblɔ be mɔfiame si Yesu na be ‘woagblɔe na hame la’ ate ŋu afia “ame siwo wona ŋusẽ be woanɔ nya mawo gbɔ kpɔm—sɔleme la teƒenɔlawo. Hamemegã aɖewo nɔ Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒea me, ame siwo gbɔ wotsɔa nya siawo tɔgbi yinae.”

Àte Ŋu Aɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu ka tae wòle be míakpɔ mɔ be Mawu anɔ hamewo zãm le anyigba dzi?

• Togbɔ be hamemetsitsiwo mede blibo o hã la, nu kawoe wowɔna na hamea?

• Aleke hame si me nèle la le tuwòm ɖoe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Apostolowo kple hamemegã, siwo le Yerusalem woe nye dziɖuha la

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Wonaa hehe hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo bene woate ŋu atsɔ hamea me gbanɔamedziwo