Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Míazɔ Paulo Toƒe Ayi Beroia

Na Míazɔ Paulo Toƒe Ayi Beroia

Na Míazɔ Paulo Toƒe Ayi Beroia

Dutanyanyuigblɔla eveawo ƒe dɔ kpɔ dzidzedze ŋutɔ, eye ameha gã aɖe va zu xɔsetɔwo. Emegbe nu vlo wɔlawo ƒe ha aɖe tsi tre ɖe wo ŋu. Eya ta wowɔ nyametsotso aɖe. Le hame si woɖo yeyee la kple dutanyanyuigblɔlaawo ŋutɔ ƒe dedienɔnɔ ta la, ele be wo ame evea woadzo enumake le zãtiƒe. Aleae wòdzɔe be Paulo kple Sila si dzo le Makedoniatɔwo ƒe melidzeƒe si le Tesalonika le ƒe 50 M.Ŋ. lɔƒo me. Wozɔ mɔ yi du si kplɔe ɖo si me woaɖe gbeƒã le—Beroia.

EGBEGBETSAÐILA ate ŋu akpɔ Beroia (Véroia) le Bermios Toa gbɔ, afi si gbe damawo le ne ele didiƒe, abe ale si ko blema mɔzɔla aɖe hã akpɔe ene. Beroia le teƒe si didi tso Tesalonika ƒe anyieheɣetoɖoƒe gome anɔ kilometa 65 lɔƒo, eye wòle du dome afi si didi tso Aegean Ƒua gbɔ kilometa 40 aɖewo. Olympus To, si wosusu be enye Helatɔwo ƒe mawu gbogboawo ƒe vevitɔwo ƒe nɔƒe la, le eƒe anyiehe gome ɖaa.

Biblia nusrɔ̃viwo tsɔ ɖe le Beroia ƒe ŋutinya me vevie, esi wònye teƒe si Paulo ɖe gbeƒã hetrɔ ame geɖewo wozu Kristotɔwo le ta. (Dɔwɔwɔwo 17:10-15) Mina míado afɔ na Paulo ƒe toƒewo, eye míalé ŋku ɖe ale si dua nɔ tsã la ŋu.

Blema Ŋutinya

Ame aɖeke menya ƒe si me tututu wotso Beroia dua o. Makedoniatɔwo nya emenɔla gbãtɔ, siwo anya nye Frigiatɔwo kokoko la, ɖa le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. me. Le ƒe alafa etɔ̃ megbe la, Aleksanda Gãtɔ ƒe aʋadziɖuɖuwo na be kesinɔnuwo va bɔ ɖe Makedonia dua me. Wotu xɔ gãgãwo heɖo gli nyadriwo, abe ale si wotu mawunɔ siwo nye Zeus, Diana, Apolo, Athena, kple Hela mawunɔ bubuwo ƒe xɔwoe ene.

Ŋutinyagbalẽ aɖe de dzesii be, le ƒe alafa geɖe siwo va yi me la, Beroia “wɔ akpa vevi aɖe le nuto siwo te ɖe eŋu kple dziehe Hela du susɔeawo siaa ƒe nyawo me.” Dua xɔ ŋkɔ ŋutɔ, vevietɔ le Makedonia fiaƒome mamlɛtɔ, si nye Antigonid fiaƒomea, ƒe dziɖuɣi (306-168 D.M.Ŋ.), ame siwo Romatɔwo va ɖe le zi dzi mlɔeba.

Numekugbalẽ si nye Encyclopædia Britannica gblɔ be, esime Romatɔwo ɖu Fia Philip V dzi le ƒe 197 D.M.Ŋ. me la, “wogbã dziɖuɖu ƒe ɖoɖo si nɔ anyi tsã la, eye Roma va xɔ dziɖuŋusẽa le ɣedzeƒe Mediterranea.” Le ƒe 168 D.Ŋ.M. me la, Roma ʋafia aɖe ɖu blema Makedonia dziɖula mamlɛtɔ, si ŋkɔe nye Perseus, dzi keŋkeŋ le Pydna, si le Beroia ƒe anyiehe gome kilometa aɖewo. Abe ale si wogblɔe ɖi le Biblia me nyagblɔɖiwo mee ene la, Roma va xɔ ɖe Hela xexemeŋusẽa teƒe. (Daniel 7:6, 7, 23) Le aʋa sia megbe la, Beroia nye Makedonia du siwo na ta Roma gbã la dometɔ ɖeka.

Le ƒe alafa gbãtɔ D.M.Ŋ. me la, Makedonia va zu aʋakpeƒe le aʋa si nɔ Pompey kple Julius Caesar dome la wɔwɔ me. Le nyateƒe me la, Beroia nutowo mee Pompey ƒe aʋasaɖa gãtɔ kple eƒe asrafowo nɔ.

Dzidzedzekpɔkpɔ Le Romatɔwo Te

Le Pax Romana, alo Roma Ƒe Ŋutifafa ƒe ɣeyiɣia me la, ame siwo ɖi tsa yi Beroia la kpɔ mɔ siwo wodo kple kpe eye woɖo kpe ɖe wo ŋu. Hahoo tsileƒewo, fefewɔƒewo, agbalẽdzraɖoƒewo, kple teƒe siwo wotu hena yivuwɔwɔ nɔ dua me. Tsi nonowo sina toa pɔmpiwo me, eye woɖe tometsimɔwo hã ɖe dua me. Beroia dua nye asitsaƒe gã xɔŋkɔ aɖe si asitsalawo, nutalawo, kple kamedefefewɔlawo yina ne nukpɔlawo yi kamedefefe kple wɔna bubuwo kpɔƒe. Amedzrowo ate ŋu akpɔ tadeaguƒe siwo woate ŋu awɔ woa ŋutɔwo ƒe subɔsubɔkɔnuwo le. Ɛ̃, woate ŋu akpɔ Roma xexe bliboa ƒe subɔsubɔ ƒomevi ɖe sia ɖe le du sia me.

Roma fiagã siwo wotsɔ wɔ mawuwoe le woƒe ku megbe la hã le mawu siwo wosubɔna le Beroia la dome. Esia manye nu yeye aɖeke na Beroiatɔwo o, elabena fiagã subɔsubɔ dze egɔme tso tadedeagu na Aleksanda Gãtɔ, ame si wosubɔna abe mawu ene, la dzi ke. Helagbe me gbalẽ aɖe gblɔ be: “Esi subɔsubɔ ƒe bubu tsɔtsɔ na fiawo le woƒe agbenɔɣi nye numame na Helatɔ siwo le Ɣedzeƒefiaɖuƒea me ta la, wotsɔa subɔsubɔ ƒe bubu nana Roma fiagãwo hã dzidzɔtɔe . . . Le woƒe gakuwo dzi la, wowɔ fiagã la ƒe nɔnɔme abe mawu ene, eye fiakuku si le keklẽm le ta nɛ. Wodoa gbe ɖa nɛ, eye wodzia ha tsɔ kafunɛ abe ale si ko wowɔna na mawuwo ene.” Woɖia vɔsamlekpuiwo, tua gbedoxɔwo, eye wosaa vɔwo nɛ. Fiagãwo gɔ̃ hã dea fiaɖuƒea ƒe subɔsubɔzã siawo ɖuƒe, esiwo me kamedefefewɔlawo, nutalawo, kple agbalẽnyalawo ʋlia ho le.

Nu ka tae Beroia nye teƒe si trɔ̃subɔsubɔ xɔ aƒe ɖo nenema gbegbe ɖo? Elabena afi mae Makedoniatɔwo ƒe Koinon la nɔ. Koinon sia nye Makedonia duwo teƒenɔlawo ƒe takpeƒe. Dukɔteƒenɔla siawo kpea ta edziedzi le Beroia, dzroa nya siwo ku ɖe dua kple nuto vovovowo ŋu me, eye wokpɔa wo gbɔ le Romatɔwo ƒe dzikpɔkpɔ te. Dɔ vevi aɖe si Koinon la wɔnae nye be wòakpɔ egbɔ be wolé fiagã subɔsubɔ me ɖe asi.

Eya ta aleae nɔnɔmeawo nɔ le du si me Paulo kple Sila yi esime wosi dzo le Tesalonika. Ɣemaɣi la, Romatɔwo nɔ Beroia dzi ɖum ƒe alafa eve sɔŋue nye ema.

Nyanyuia Ðo Beroia

Paulo dze eƒe gbeƒãɖeɖedɔa gɔme le Beroia dua ƒe ƒuƒoƒea me. Aleke wowɔ nu ɖe eŋui? Nuŋlɔɖi siwo tso gbɔgbɔ me gblɔ be Yudatɔ siwo le afi ma la “ɖɔ ʋu wu amesiwo le Tesalonika, woawo la woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo le eme hã.” (Dɔwɔwɔwo 17:10, 11) Esi Beroiatɔwo “ɖɔ ʋu” ta la, womeku ɖe woƒe kɔnuwo ŋu dzimesesẽtɔe o. Togbɔ be nya yeye aɖe semee wonɔ hã la, womebu nazã alo do dziku o. Le esi woagbe Paulo ƒe gbedeasia teƒe la, ɖe wolé to ɖe eƒe nyawo ŋu heɖo toe anukwaretɔe boŋ, eye wowɔ esia ameŋkumekpɔkpɔ manɔmee.

Aleke Yudatɔ mawo wɔ te ŋu kpɔ nyateƒea dze sii le Paulo ƒe nufiafiawo me? Wotsɔ dzidzenu si ŋu kakaɖedzi le wu do nu siwo wonɔ sesem la kpɔe. Wotsɔ ŋuɖɔɖɔɖo kple moveviɖoɖo dzro Ŋɔŋlɔawo mee. Biblia ŋuti nunyala Matthew Henry gblɔ tso nya sia ŋu be: “Esi wònye be Paulo de ŋugble kpli wo tso ŋɔŋlɔawo me, eye wòhe woƒe susu yi Nubabla Xoxoa dzi tsɔ ɖo kpe nu si gblɔm wònɔ dzi ta la, woke woƒe Bibliawo, ʋu afi si wòfia asii, xlẽ nya siwo ƒo xlãe, de ŋugble tso gɔmesese si le nya la ŋu ŋuti, tsɔe sɔ kple ŋɔŋlɔ bubuwo, hekpɔe ɖa be Paulo ƒe nya siwo wòyɔ la sɔ, wonye nya vavãwo, eye kakaɖedzi le wo ŋu hã; emegbe wowɔ nyametsotso si sɔ.”

Esia menye nusɔsrɔ̃ ɖewoɖewoe ko o. Beroiatɔwo nɔa nusɔsrɔ̃ dzi moveviɖoɖotɔe, wodia ɣeyiɣi wɔa esia gbe sia gbe, ke menye le Sabat dzi ɖeɖe ko o.

Bu nu si do tso eme ŋu kpɔ. Yudatɔ geɖe siwo nɔ Beroia xɔ gbedeasia eye wozu xɔsetɔwo. Helatɔ geɖe, siwo ɖewohĩ wo dometɔ aɖewo nye trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo, hã trɔ zu xɔsetɔwo. Gake esia menɔ ɣaɣla o. Esi Yudatɔ siwo nɔ Tesalonika see la, woyi afi ma afɔtsɔtsɔe ɖade “zi amehawo me hele woƒe tame blum.”—Dɔwɔwɔwo 17:4, 12, 13.

Esia zi Paulo dzi wòdzo le Beroia, gake eyi eƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le teƒe bubu. Fifia eɖo tɔdziʋu aɖe si ɖo ta Atene. (Dɔwɔwɔwo 17:14, 15) Ke hã, ate ŋu akpɔ dzidzɔ be dɔ si yewɔ le Berioa la na be Kristotɔnyenye li ke le afi ma. Eye ele ku tsem egbea.

Ɛ̃, amewo gale Beroia (Véroia) siwo dzroa Ŋɔŋlɔawo me ŋuɖɔɖɔɖotɔe bene ‘yewoado nuwo katã akpɔ’ eye ‘yewoalé’ nu si ŋu kpeɖodzi le eye wònye nyateƒe la me ɖe asi. (Tesalonikatɔwo I, 5:21) Yehowa Ðasefowo ƒe hame kpɔdzidzedze eve le gbeƒã ɖem le dua me hele Biblia me gbedeasia gblɔm fia amewo abe ale si Paulo wɔe ene. Wodia dzianukwaretɔwo eye wodea ŋugble kple wo tso Ŋɔŋlɔawo me, eye woɖea mɔ be Biblia ƒe ameʋãŋusẽ nakpe ɖe ame siwo katã di be yewoanya Yehowa, Mawu vavãa, la ŋu.—Hebritɔwo 4:12.

[Anyigbatata si le axa 13]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ evelia ƒe akpa aɖe

MISIA

Troa

Neapoli

Filipi

MAKEDONIA

Amfipoli

Tesalonika

Beroia

HELA

Atene

Korinto

AXAYA

ASIA

Efeso

RODO

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Gaku si dzi Aleksanda Gãtɔ si wowɔ Hela mawu aɖee la ƒe nɔnɔme le

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Gakua: Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Agbo aɖe si ɖo ta Yudatɔwo ƒe nɔƒe si le Beroia (Véroia)

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ƒuƒoƒe xoxo aɖe si le egbegbe Beroia (Véroia)