Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe wòle be Kristotɔwo natsri aha kple nuɖuɖu siwo me caffeine lea?

Biblia metsri kɔfi, tii, chocolate, maté, kple soda siwo me caffeine le zazã na Kristotɔwo o. Ke hã, Ŋɔŋlɔawo na gɔmeɖose siwo akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso siwo me nunya le la mí. Gbã la, mina míadzro nu si tae ame aɖewo tsria aha kple nuɖuɖu siwo mea caffeine le zazã mea kpɔ.

Susu vevi ɖeka si ta ame geɖe tsria caffeine zazãe nye be wobunɛ be enye atike muame si kpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe nuwɔna kple eƒe susu dzi. Ate ŋu azu numame hã. Atikedzralawo ƒe numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Caffeine zazã fũu eteƒe nadidi ate ŋu awɔe be wòava ama ɖe eƒe ŋutilã eye wòazu numame na ame. Ne wodzudzɔ ezazã zi ɖeka la, etea ŋu naa ta ɖua ame, wotsia dzodzodzoe, tsia dzimaɖi, eye wònaa ŋuzi tsɔa ame.” Wobu eŋu be woayɔ dɔ siwo asiɖeɖe le caffeine ŋu tea ŋu hena vanɛ akpe ɖe esiwo asiɖeɖe le atike vɔ̃ɖi bubuwo ŋu hena vanɛ ŋu le agbalẽ si nye Diagnostic and Statistical Manual of Mental Disorders me. Esia tae míate ŋu ase nu si ta Kristotɔ aɖewo bunɛ be ezazã menyo o la gɔme, elabena womedi be naneke nazu numame na yewo o, eye wodina be yewoaɖe ɖokuidziɖuɖu hã afia.—Galatiatɔwo 5:23.

Ame aɖewo xɔe se be caffeine ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe lãmesẽ alo vi nɔdɔme tɔ ŋu. Ele be Kristotɔwo nalɔ̃ Mawu ‘kple woƒe dzi blibo,’ eya ta womeƒoa wo ɖokui ɖe nu siwo atso woƒe agbenɔƒewo dzi me o. Eye esi wònye be wode se na wo be woalɔ̃ wo haviwo hã ta la, wotsria nu siwo ate ŋu agblẽ nu le vi nɔdɔmewo ƒe agbe ŋu.—Luka 10:25-27.

Ðe vɔvɔ̃ ɖe ame ƒe lãmesẽ ŋu alea sɔa? Wole nya ʋlim le kadodo si le caffeine zazã kple dɔléle vovovowo dome ŋu. Numekula aɖewo gblɔ gɔ̃ hã be kɔfi nyo na ame ƒe lãmesẽ. Le ƒe 2006 me la, magazine si woyɔna be Time ka nya ta be: “Numekuku gbãtɔwo ɖee fia be [caffeine] ate ŋu ana aɖuɖɔtoemekansa, ʋusɔgbɔdɔ kple dɔléle bubuwo. Menye ɖeko numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be numekuku gbãtɔa ƒe akpa gãtɔ mele eteƒe o ko o, ke boŋ eɖee fia be viɖe gã aɖewo le caffeine zazã me. Edze abe caffeine tea ŋu kpɔa ame ta tsoa aklãdɔ, lãmetutudɔ, suklidɔ, Alzheimer-dɔ, si nye tsitsimedɔléle si gblẽa nu le ame ƒe susu ŋu, ʋumemi ƒe babla zu kpe ɖe vevetoe me, blanuiléle, kple kansa ƒomevi aɖewo gɔ̃ hã si me ene.” Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ le caffeine zazã ŋu ale: “Mewɔ nuku o be nu si le vevie nye: ŋuɖɔɖɔɖo.”

Ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe nanɔ te ɖe ale si wose nyatakaka siwo li egbea ku ɖe caffeine zazã ŋu gɔme kple Biblia ƒe gɔmeɖose siwo esia lɔ ɖe eme dzi atso nya me le eɖokui si. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ funɔ ate ŋu atiae be yemazã caffeine ɖe fua dzi o, ne ebui be esia ate ŋu agblẽ nu le vi nɔdɔmea ŋu. Ne Kristotɔ aɖe kpɔe be yedoa dziku alo dzea dɔ le mɔ aɖe nu ne yemezã caffeine agbɔsɔsɔ si nu yezãna edziedzi o la, anyo be wòadzudzɔ ezazã kura alo adzudzɔe hena ɣeyiɣi aɖe ya teti. (Petro II, 1:5, 6) Ele be Kristotɔ bubuwo nade bubu eƒe nyametsotso sia ŋu ahaƒo asa na woƒe nukpɔsusuwo zizi ɖe edzi.

Nyametsotso ka kee nèɖawɔ ku ɖe aha kple nuɖuɖu siwo me caffeine le ŋuti o, Paulo ƒe nuxlɔ̃ame sia nenɔ susu me na wò be: “Ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔ aɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu.”—Korintotɔwo I, 10:31.