Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xexe Sẽŋuta Si Li Egbea

Xexe Sẽŋuta Si Li Egbea

Xexe Sẽŋuta Si Li Egbea

MARÍA nye nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 64, eye eya ɖekae le aƒe me. Wova ke ɖe eƒe kuku ŋu, eye wokpɔe be ɖe woƒoe hetsɔ gaka miã ve nɛ wòku.

Gbevuvi aɖewo siwo do dziku vevie la ƒo kpovitɔ etɔ̃ hetso wo nu be wolé ƒewuivi eve aɖewo sesẽe. Gbevuviawo kɔ mɔ̃memi ɖe kpovitɔawo dometɔ eve ŋu eye wotɔ dzo wo wofiã. Ame etɔ̃lia to mɔ aɖe nu si dzo.

Telefon yɔyɔ aɖe si womenya ame si gbɔ wòtso o na wova ke ɖe nu dovoɖiname aɖe ŋu. Woho mɔkekeɖula ene aɖewo ƒe kukuwo ƒe akpa aɖewo le abɔ aɖe me. Wobla woƒe mo kple woƒe asiwo. Woƒe ŋutilã kukuawo dodo kpɔ ɖee fia be ɖe woɖi wo agbagbee.

Menye nu siwo woɖena fiana le sinima dziŋɔ, siwo me woɖea ŋutasẽnuwo kple adãnuwɔwɔwo le, mee tagbɔsesẽnu siawo nye o. Nyatakaka siawo nye nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ siwo dzɔ nyitsɔ laa le Latin Amerika. Ke hã, menye du sia me koe nu siawo dzɔna le le egbexexea me o.

Ŋutasẽnuwɔnawo va zu nu siwo dzɔna gbe sia gbe. Bɔmb dada, ŋɔdzidonamelawo ƒe amedzidzedze, amewuwu, nu vevi wɔwɔ amewo, tudada, kple amegbɔdɔdɔ sesẽe nye nu siawo dometɔ ʋɛ aɖewo ko. Enuenue la, woƒoa nu tsoa tagbɔsesẽnuwo ŋu le nyadzɔdzɔwo me ale gbegbe be, megaɖea fu na ame geɖewo ne wose ŋutasẽnuwɔna siawo alo kpɔ wo o.

Àbia be: ‘Nu ka koŋue le dzɔdzɔm ɖe xexea dzi egbea? Ðe asixɔxɔ dede amewo ƒe seselelãme ŋu kple bubudede agbe ŋu nu yi keŋkeŋua?’ Nu ka tae míanɔ xexe sia tɔgbi me?

Azɔ bu Harry, ame si xɔ ƒe 69 si le kansadɔ lém ŋu kpɔ. Srɔ̃anyɔnu le ʋukamexexedɔ lém, eye eƒe aƒelikawo kple exɔlɔ̃wo vaa wo gbɔ vanaa kpekpeɖeŋu wo. Harry gblɔ be: “Nyemenya nu si míawɔ ame siawo katã ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee o.” Numekuku aɖe ɖee fia be, le Canada, afi si wòle la, ame tsitsi dzikpɔla siwo wu 50 le alafa me le kpekpeɖeŋu nam ame siwo menye woƒe ƒometɔwo o. Ðikeke mele eme o be, ènya ame aɖewo siwo nyoa dɔme na ame bubuwo gbe sia gbe eye wolɔ̃a wo haviwo. Ɛ̃, ŋutete le amegbetɔwo si be woakpɔ nublanui na amewo ahanyo dɔme na wo tsɔ wu esi woawɔ ŋutasẽnuwo.

Ekema nu ka tae amewo wɔa tagbɔsesẽnuwo ɖo? Nu kae nana amewo wɔa nu ŋutasesẽtɔe? Ðe ame siwo sẽa ŋuta le amewo ŋu la ate ŋu atrɔa? Ðe ŋutasẽnuwɔwɔ nu ava yia? Ne ŋuɖoɖoae nye ɛ̃ la, ke aleke enu ayii, eye ɣekaɣie?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Keteke: CORDON PRESS