Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ele Vevie Wu Dzesidede Yame Ƒe Nɔnɔme

Ele Vevie Wu Dzesidede Yame Ƒe Nɔnɔme

Ele Vevie Wu Dzesidede Yame Ƒe Nɔnɔme

LODODO le dukɔ ɖe sia ɖe kloe me ku ɖe yame ƒe nɔnɔme ŋu. Lododo aɖe gblɔ be, Ne dziŋgɔli biã le fiẽ la, enyea dzidzɔ na ƒudzidela; ne dziŋgɔli biã le ŋdi la, enyea nuxlɔ̃ame na ƒudzidela. Egbea, yame ƒe nɔnɔme ŋuti nunyalawo gblɔ nu si gbɔ wòtsona be yame ƒe nɔnɔme te ŋu nɔna abe ale si lododoa gblɔe ene.

Ame siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ɣeyiɣia me hã léa ŋku ɖe dziŋgɔli ŋu henɔa te ɖe ale si eƒe dzedzeme le dzi nyana ale si yame ƒe nɔnɔme ava nɔ. Yesu gblɔ na Yudatɔwo be: “Ne fiẽ le ɖoɖom la, miegblɔna be, ‘Xexea me le kɔkɔ ge, elabena dziŋgɔli biã’; eye le ŋdi la, miegblɔna be, ‘Vuvɔ awɔ, eye tsi adza egbea, elabena dziŋgɔli biã, eye wòxe litii.’ Mieléa ŋku ɖe dziŋgɔli ƒe nɔnɔme ŋu henyana ale si xexea me ava nɔ, gake . . . ” Gake nu ka? Yesu yi edzi gblɔ nya wɔdɔɖeamedzi aɖe be: “Mienya ale si mialé ŋku ɖe ɣeyiɣiawo ƒe dzesiwo ya ŋu ahanya nu si wofia o.”—Mateo 16:2, 3NW.

Nu kawoe nye “ɣeyiɣiawo ƒe dzesiwo”? Woawoe nye kpeɖodzi gbogbo siwo ɖee fia kɔte be Yesue nye Mesia si Mawu dɔ ɖa. Woate ŋu ade dzesi eƒe nuwɔnawo nyuie abe dziŋgɔli si biã la ene. Gake Yudatɔwo dometɔ akpa gãtɔ ŋe aɖaba ƒu dzesi siwo ɖee fia be Mesia la do, siwo nye nudzɔdzɔ si ahe tɔtrɔ si le vevie wu dzesidede yame ƒe nɔnɔme vɛ la dzi.

Egbea hã, dzesi aɖe li si gɔmesese le vevie sãsãsã wu dziŋgɔli ƒe amadede gɔmesese. Yesu gblɔe ɖi be woahe xexe vɔ̃ɖi sia ava nuwuwui bene xexe si nyo wu nava xɔ ɖe eteƒe. Egblɔ nanewo siwo anɔ dzɔdzɔm, siwo ne wotsɔ wo katã ƒo ƒu ɖekae la, afia ɣesiɣi tɔtrɔ ma ava eme. Nudzɔdzɔ siawo dometɔ aɖewoe nye aʋawɔwɔwo kple dɔwuame. Yesu gblɔ be ne míekpɔ nu siawo la, efia be ɣeyiɣi si me Mawu ade nu nyawo me la gogo.—Mateo 24:3-21.

Èle “ɣeyiɣiawo ƒe dzesiwo” kpɔma?