Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Mawu Ƒe Nya La Nafia Mɔ Wò Afɔɖeɖewo

Na Mawu Ƒe Nya La Nafia Mɔ Wò Afɔɖeɖewo

Na Mawu Ƒe Nya La Nafia Mɔ Wò Afɔɖeɖewo

“Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.”—PSALMO 119:105.

1, 2. Nu ka tae ame akpa gãtɔ mete ŋu ke ɖe ŋutifafa kple dzidzɔ vavãtɔ ŋu o?

ÐE NÀTE ŋu aɖo ŋku ɣeyiɣi aɖe si me wòva hiã le be nàbia mɔ ta se la dzia? Ðewohĩ kɔna ɖeka eve aɖewo koe nàgaxa hafi aɖo afi si yim nènɔ, gake mèka ɖe edzi tututu nenye ɖusime alo miamee nàto o. Alo ɖewohĩ nèbu keŋkeŋ, si na wòva hiã be nàtrɔ alé mɔ bubu atsɔ. Le go evea siaa me la, ɖe nunya manɔ eme be nàwɔ ɖe mɔfiame si ame si nya nutoa me nyuie ana wò la dzi oa? Ame ma ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖo afi si yim nèle.

2 Ƒe akpe geɖewoe nye esia la, amegbetɔwo le agbagba dzem be yewoafia mɔ yewo ɖokui le agbe me Mawu ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee. Gake ɖeko Mawu ƒe mɔfiamewo gbegbe na be amegbetɔ madeblibo siawo bu mɔ. Nya la koe nye be womate ŋu akpɔ mɔ si dzi woato ake ɖe ŋutifafa kple dzidzɔ vavãtɔ ŋu o. Nu ka tae? Ƒe 2,500 kple edzivɔwoe nye esia la, nyagblɔɖila Yeremya gblɔ be: “Ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Ame sia ame si gbea mɔfiame nyuie xɔxɔ hedzea agbagba be yealé ye ŋutɔ yeƒe mɔ atsɔ la hea nɔnɔme sesẽwo vaa eɖokui dzi godoo. Le nyateƒe me la, ehiã godoo be woafia mɔ ameƒomea!

3. Nu ka tae Yehowa Mawue nye ame si dze le goawo katã me afia mɔ ameƒomea, eye ŋugbe kae eya ŋutɔ do?

3 Yehowa Mawue nye ame si dze le goawo katã me afia mɔ mí. Nu ka tae? Elabena enya amegbetɔwo ƒe wɔwɔme wu ame bubu ɖe sia ɖe. Enya nu si tututu na amegbetɔwo tra hebu mɔ la hã nyuie. Eye wònya nu si wòle be woawɔ hafi agate ŋu ake ɖe mɔ nyuitɔa ŋu la hã. Gawu la, esi wònye Yehowae nye Wɔla la ta la, enyaa nu si anyo na mí la ɣesiaɣi. (Yesaya 48:17) Eya ta míate ŋu aka ɖe eƒe ŋugbedodo si le Psalmo 32:8 la dzi bliboe be: “Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.” Ðikeke aɖeke mele eme o be Yehowae naa mɔfiame nyuitɔ kekeake. Gake aleke wòfiaa mɔ míi?

4, 5. Alekee Mawu ƒe nyawo ate ŋu afia mɔ mí?

4 Hakpala aɖe gblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me be: “Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.” (Psalmo 119:105) Mawu ƒe nyawo kple ŋkuɖodzinyawo le Biblia me, eye woate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu mɔxeɖenu ɖe sia ɖe si míado goe la dzi. Nyateƒee, ne míexlẽa Biblia heɖea mɔ wòfia mɔ mí la, ekema nya si le Yesaya 30:21 la le eme vam na mí ŋutɔŋutɔ be: “Miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi!”

5 Gake de dzesii be nu eve siwo do ƒome kple wo nɔewo dzie Psalmo 119:105 tɔ asii be Mawu ƒe Nya la wɔna. Gbã, ele abe akaɖi ene na míaƒe afɔ. Ele be míana Biblia nafia mɔ míaƒe afɔɖeɖewo le kuxi siwo míedoa goe gbe sia gbe la gbɔkpɔkpɔ me ale be míate ŋu awɔ nyametsotso nyuiwo ahaƒo asa na xexe sia ƒe mɔ̃tetrewo. Evelia, Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo nye kekeli na míaƒe toƒe, si fia be wokpena ɖe mía ŋu míewɔa tiatia siwo wɔ ɖeka kple mɔkpɔkpɔ si le mía si be míava nɔ agbe tegbee le Paradiso si ŋugbe Mawu do la me. Esi wònye be kekeli sia na be mɔ si le mía ŋgɔ la dzi kɔ nyuie ta la, míate ŋu anya ne míaƒe tiatia aɖe me tsonu anye nyui alo vɔ̃. (Romatɔwo 14:21; Timoteo I, 6:9; Nyaɖeɖefia 22:12) Mina míadzro mɔ vovovo siwo nu Mawu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Biblia me la ate ŋu anye akaɖi na míaƒe afɔ kple kekeli na míaƒe toƒe la me akpɔ.

“Akaɖi Na Nye Afɔ”

6. Nɔnɔme kawo mee Mawu ƒe nyawo ate ŋu anye akaɖi na míaƒe afɔ le?

6 Míewɔa nyametsotsowo gbe sia gbe. Ðewohĩ nyametsotsoawo dometɔ aɖewo madze nu sesẽe ale o, gake nɔnɔme sesẽ aɖewo ate ŋu adze ŋgɔ mí si ado míaƒe agbe nyui nɔnɔ, anukwareɖiɖi, alo akpaɖekedzimademade akpɔ. Be míakpe akɔ kple dodokpɔ mawo dzidzedzetɔe la, ele be ‘míana hehe míaƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo bene míate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.’ (Hebritɔwo 5:14) Ne míexɔa Mawu ƒe Nya la ŋuti sidzedze vavãtɔ eye míedzea agbagba sea eƒe gɔmeɖosewo gɔme la, míetoa esia dzi naa hehe míaƒe dzitsinya si awɔe be míate ŋu awɔ nyametsotso siwo adze Yehowa ŋu.—Lododowo 3:21.

7. Gblɔ ale si wòate ŋu adzɔ be Kristotɔ aɖe nadze ŋgɔ tetekpɔ si nye hadede kple dɔwɔhati siwo menye haxɔsetɔwo o.

7 Kpɔɖeŋu aɖee nye esi. Ame tsitsi si le didim vevie be yeado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzie nènyea? (Lododowo 27:11) Ekema èdze na kafukafu. Gake tsɔe be wò dɔwɔhati aɖewo ƒle tiket na wò be nàwɔ ɖeka kpli yewo yewoaɖakpɔ kamedefefewɔna aɖe. Hadede kpli wò le dɔwɔƒe doa dzidzɔ na wo, eye fifia wodi be nàwɔ ɖeka kpli yewo yewoaɖaɖe modzaka. Ðewohĩ àse le ɖokuiwò me be menye ame baɖa aɖekee ame siawo nye o. Ðewohĩ wonɔa agbe nyui hã le go aɖewo me. Nu kae nàwɔ? Ðe afɔku aɖe anɔ yiyi kpli wo mea? Aleke Mawu ƒe Nya ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nyametsotso nyui le go sia me?

8. Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose kawoe kpena ɖe mía ŋu le hadede ƒe nyawo gome?

8 Bu Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose aɖewo ŋu kpɔ. Ðewohĩ gbãtɔ si ava susume na wòe nye Korintotɔwo I, 15:33, si gblɔ be: “Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.” Ðe wɔwɔ ɖe gɔmeɖose sia dzi bia be nàƒo asa na ame siwo menye haxɔsetɔwo o la keŋkeŋua? Biabia sia ƒe ŋuɖoɖo si sɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nue nye ao. Le nyateƒe me la, apostolo Paulo ŋutɔ hã tsɔ ɖe le eme na ‘ame ƒomeviwo katã,’ siwo dome dzimaxɔsetɔwo hã le la lɔlɔ̃tɔe. (Korintotɔwo I, 9:22) Gɔmeɖose siwo dzi Kristotɔwo zɔna ɖo bia be míatsɔ ɖe le eme na amewo—ame siwo menye Ðasefowo o hã le eme. (Romatɔwo 10:13-15) Le nyateƒe me la, alekee míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si nye be ‘míawɔ nyui na amewo katã’ la dzi, ne míeɖe mía ɖokui ɖe aga tso ame siwo ahiã míaƒe kpekpeɖeŋu la gbɔ?—Galatiatɔwo 6:10.

9. Biblia me ɖaŋuɖoɖo kae kpena ɖe mía ŋu míedana sɔna le míaƒe hadede kple dɔwɔhatiwo me?

9 Gake vovototo gã aɖe le nuwɔwɔ ɖe dɔwɔhati aɖe ŋu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe kpakple eƒe zɔhɛ kplikplikpli nyenye dome. Go sia mee wòahiã be míawɔ Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose bubu aɖe ŋu dɔ le. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: ‘Masɔ be mianɔ kɔkuti ɖeka te kple dzimaxɔsetɔwo o.’ (Korintotɔwo II, 6:14) Nyagbɔgblɔ si nye ‘masɔ be mianɔ kɔkuti ɖeka te o’ gɔme ɖe? Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo ɖe nya ma me be “migawɔ ɖeka o,” “migate kpɔ be yewoawɔ nu ɖekae abe ɖe miesɔ ene o,” alo “midzudzɔ hadede madzemadzewo.” Afi kae hadede kple dɔwɔhati aɖe aɖo hafi woagblɔ be mesɔ o? Ɣekaɣie wòazu hadede si gbɔ eme ahanye kɔkuti ɖeka te nɔnɔ madzemadzee? Mawu ƒe Nya, Biblia, ate ŋu afia mɔ wò le go sia me.

10. (a) Aleke Yesu tia ame siwo wòde ha kpli lae? (b) Biabia kawoe akpe ɖe ame ŋu wòawɔ tiatia nyuiwo le hadede gome?

10 Bu Yesu, ame si lɔ̃ amegbetɔviwo vevie tso keke wo wɔɣi ke la, ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. (Lododowo 8:31) Esime wònɔ anyigba dzi la, ena ƒomedodo kplikplikpli nɔ woa kple eyomedzelawo dome. (Yohanes 13:1) Ŋutsu aɖe si ƒe nuŋububu mesɔ le mawusubɔsubɔ gome o la gɔ̃ hã ƒe ‘nu nyo’ eŋu. (Marko 10:17-22) Gake Yesu ɖo seɖoƒe ɖi le ame siwo wòatia woanye exɔlɔ̃ kplikplikpliwo la gome. Ƒomedodo kplikplikpli menɔ woa kple ame siwo metsia dzi ɖe Fofoa ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ŋu o la dome o. Yesu gblɔ ɣeaɖeɣi be: “Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi.” (Yohanes 15:14) Nyateƒee, ɖewohĩ mia kple wò dɔwɔhatiwo dometɔ aɖe koŋ dome le nyuie. Gake bia ɖokuiwò be: ‘Ðe ame sia lɔ̃na faa be yeawɔ Yesu ƒe sededewo dzia? Ðe wòdina be yeasrɔ̃ nu tso Yehowa, ame si ŋu Yesu de se na mí le be míade ta agu na la ŋua? Ðe eya hã wɔna ɖe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu siwo dzi mezɔna ɖo abe Kristotɔ ene la dzia?’ (Mateo 4:10) Ne ètea tɔ ɖe wɔwɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo dzi le mia kple wò dɔwɔhatia dome dzeɖoɖowo me la, ekema biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo ava dze ƒãa.

11. Gblɔ nɔnɔme vovovo siwo me wòle be Mawu ƒe nyawo nafia mɔ mí le.

11 Nɔnɔme geɖewo li siwo me Mawu ƒe nyawo ate ŋu anɔ abe akaɖi ene na míaƒe afɔ le. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu atsɔ dɔ aɖe si wohiã kpata la ana Kristotɔ aɖe si si dɔwɔɖui mele o. Ke hã, dɔa wɔwɔ ana vovo aɖeke maganɔ eŋu o, si ana wòada Kristotɔwo ƒe kpekpe geɖe ƒu, eye mate ŋu akpɔ gome le dɔwɔna bubu siwo do ƒome kple tadedeagu vavãtɔa wɔwɔ me o. (Psalmo 37:25) Ðewohĩ modzakaɖenuwɔna siwo tsi tre ɖe Biblia me gɔmeɖosewo ŋu kpɔkpɔ ƒe tetekpɔ ate ŋu adze ŋgɔ Kristotɔ bubu aɖe hã. (Efesotɔwo 4:17-19) Ðewohĩ ame bubu hã doa dziku kabakaba le hati Kristotɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta. (Kolosetɔwo 3:13) Le nɔnɔme siawo katã me la, ele be míana Mawu ƒe Nyaa nanye akaɖi na míaƒe afɔ. Le nyateƒe me la, ne míewɔna ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi la, míate ŋu akpe akɔ kple kuxi ɖe sia ɖe le agbe me. Mawu ƒe Nya la ‘nyo na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me.’—Timoteo II, 3:16.

“Kekeli Na Nye Toƒe”

12. Alekee Mawu ƒe nyawo ate ŋu anye kekeli na míaƒe toƒe?

12 Psalmo 119:105 lia gblɔ hã be Mawu ƒe nyawo ate ŋu anye kekeli na míaƒe toƒe ahana mɔ si le ŋgɔ na mí la dzi nakɔ. Womegblẽ mí ɖe viviti me le ale si etsɔme ava nɔ la nyanya gome o, elabena Biblia gblɔ nu si tae xexea me ƒe nɔnɔmewo le sesẽm kple nu si ava do tso eme la na mí. Nyateƒee, míekpɔe be míele nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me. (Timoteo II, 3:1-5) Ele be nu si ava dzɔ le etsɔme la nyanya nakpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe ale si míenɔa agbee fifia dzi. Apostolo Petro ŋlɔ bena: ‘Azɔ esi woalólo nu siawo katã la, ame ka ƒomeviwo wòle na mi be, mianye le anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me, eye mialala, eye miaƒe susu nanɔ Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋu vevie mahã?’—Petro II, 3:11, 12, NW.

13. Alekee wòle be ale si nuwɔwɔ kpata hiã le míaƒe ɣeyiɣia mee la nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu kple agbenɔnɔ dzi?

13 Ele be míaƒe nuŋububu kple agbenɔnɔ naɖee afia be míeka ɖe edzi bliboe be “xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo.” (Yohanes I, 2:17) Biblia ƒe mɔfiafiawo dziwɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso nyuiwo ku ɖe míaƒe etsɔmetaɖodzinuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mateo 6:33) Sɔhɛ geɖe siwo ɖe Yesu ƒe nyaawo dzixɔxɔse fia to ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la dze na kafukafu ŋutɔ! Ame bubuwo—siwo dome ƒome blibowo hã le—la lɔ̃ faa ʋu yi dukɔ siwo me Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le vevie la me.

14. Aleke Kristotɔwo ƒe ƒome aɖe keke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enui?

14 Bu Kristotɔwo ƒe ƒome aɖe si me ame ene le, si ʋu tso United States (États-Unis) yi Dominican Republic be yewoaɖakpe asi ɖe hame aɖe si le du aɖe si me ame 50,000 le ŋu le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la ŋu kpɔ. Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo ade 130 ye le hamea me. Ke hã, le April 12, 2006 dzi la, ame 1,300 sɔŋ ye de Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. Agblea dzi ‘ƒu henyo na ŋeŋe’ le nuto ma me ale gbegbe be, le ɣleti atɔ̃ pɛ ko megbe la, vifofoa, vidadaa, wo viŋutsua kple wo vinyɔnua nɔ aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm kple ame 30 sɔŋ. (Yohanes 4:35) Vifofoa gblɔ be: “Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu 30 ye ʋu va hamea me be yewoakpe asi ɖe dɔa ŋu. Wo dometɔ siwo ade 20 wotso United States, eye mamlɛawo tso Bahamas, Canada, Italy, New Zealand, kple Spain. Wova kple didi vevie be yewoakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me, eye woƒe vavaa kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe nutoa me nɔviwo ƒe dzotsɔtsɔ ɖe dɔa ŋu dzi ale gbegbe.”

15. Yayra kawoe nèkpɔ esi nètsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me?

15 Enye nyateƒe be ame geɖe mate ŋu aʋu aɖasubɔ le dukɔ bubu si me hiahiã geɖe wu le me o. Gake ame siwo ate ŋui—alo ame siwo ate ŋu atrɔ asi le woƒe nɔnɔmewo ŋu ahatsɔ wo ɖokui ana—la axɔ yayra gbagowo godoo le gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia me. Afi ka kee nèɖale subɔsubɔm le o, mègana dzidzɔ si nàte ŋu akpɔ ne ètsɔ wò ŋusẽ katã subɔ Yehowae la nato ŋuwò o. Yehowa do ŋugbe be ‘yeadudu yayra aƒo ɖe dziwò wòagbɔ eme,’ ne ètsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me.—Maleaxi 3:10.

Viɖekpɔkpɔ Tso Yehowa Ƒe Mɔfiafia Me

16. Viɖe kawoe míakpɔ ne míenana Mawu ƒe nyawo fiaa mɔ mí?

16 Abe ale si míekpɔe ene la, Yehowa ƒe nyawo fiaa mɔ mí le mɔ eve siwo do ƒome kple wo nɔewo nu. Wonyea akaɖi na míaƒe afɔ hekpena ɖe mía ŋu míeɖea zɔ yia ŋgɔ toa mɔ nyuitɔ dzi, eye wofiaa mɔ mí le nyametsotsowo wɔwɔ me. Gakpe ɖe eŋu la, wonyea kekeli na míaƒe toƒe elabena wokpena ɖe mía ŋu míekpɔa nu siwo le ŋgɔ na mí la dzea sii nyuie. Nu siawo kpɔkpɔ dze sii hã doa ŋusẽ mí be míawɔ ɖe Petro ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Midzra miaƒe susuwo ɖo hena dɔ geɖewo wɔwɔ, minɔ mo xexi bliboe; mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo amenuveve si woahe vɛ na mi le Yesu Kristo ƒe ɖeɖe fia me la dzi.”—Petro I, 1:13, NW.

17. Alekee Biblia sɔsrɔ̃ akpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi?

17 Ðikeke aɖeke mele eme o be Yehowa fiaa mɔ mí. Biabia lae nye be, Ðe nàlɔ̃ awɔ ɖe eƒe mɔfiafia dzia? Be nàse mɔfiame si Yehowa nana gɔme la, ɖoe kplikpaa nàxlẽ Biblia ƒe akpa aɖe gbe sia gbe. De ŋugble tso nu si nèxlẽ ŋu, dze agbagba nàdi nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu le nya ɖe sia ɖe ŋu, eye nàbu mɔ vovovo siwo nu nàte ŋu awɔ nu si nèxlẽ la ŋu dɔ le wò agbenɔnɔ me ŋu. (Timoteo I, 4:15) Emegbe zã wò “tamebubu ŋutete” le wò ŋutɔ wò nyametsotsowo wɔwɔ me.—Romatɔwo 12:1.

18. Ne míeɖea mɔ Mawu ƒe Nya fiaa mɔ mí la, yayra kawoe míaxɔ?

18 Ne míelɔ̃ wɔ ɖe gɔmeɖose siwo le Mawu ƒe Nyaa me dzi la, woana nuwo me nakɔ na mí eye woana mɔfiame si míehiã ne míele nyametsotsowo wɔm ku ɖe mɔ nyuitɔ si míato ŋu la mí. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ƒe nya siwo woŋlɔ ɖi la ‘nana bometsilawo dzea nunya.’ (Psalmo 19:8) Ne míena Biblia fia mɔ mí la, awɔe be dzitsinya dzadzɛ anɔ mía si, eye míakpɔ dzidzeme si tsoa Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu me. (Timoteo I, 1:18, 19) Ne míeɖea mɔ Mawu ƒe nyawo fiaa mɔ míaƒe afɔɖeɖewo gbe sia gbe la, Yehowa atsɔ yayra gãtɔ kekeake si nye agbe mavɔ la aɖo eteƒe na mí.—Yohanes 17:3.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu ka tae wòle vevie be míana Yehowa Mawu nafia mɔ mí?

• Mɔ ka nue Mawu ƒe nyawo ate ŋu anye akaɖi na míaƒe afɔ le?

• Alekee Mawu ƒe nyawo ate ŋu anye kekeli na míaƒe toƒe?

• Alekee Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ɣekaɣie nunya manɔ eme be woade ha kple ame si menye haxɔsetɔ o?

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ame siwo wɔa Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue nye Yesu ƒe xɔlɔ̃ kplikplikpliwo

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ðe míaƒe agbenɔnɔ ɖenɛ fiana be míetsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔa?