Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èvɔ̃na Na Etsɔmea?

Èvɔ̃na Na Etsɔmea?

Èvɔ̃na Na Etsɔmea?

SUSU vovovowo tae amewo vɔ̃na ɖo. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo vɔ̃na na nu si ava adzɔ ɖe anyigbadzinuwo dzi le etsɔme. Magazine si ŋkɔe nye Time, April 3, 2006 tɔ, gblɔ be: “Yame ƒe dzoxɔxɔ gbãgbãgbã, ahomya sesẽwo, tɔɖɔɖɔwo, dzobibiwo, tsikpe gãwo ƒe lólo; nu siawo katã fia be yame ƒe nɔnɔmewo gblẽ ale gbegbe.”

Le May 2002 me la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Nutomededienɔnɔ Gbɔkpɔha ɖe nyatakaka aɖe ɖe go si ƒe tanyae nye “Ŋkuléle Ðe Xexea Me Godoo Ƒe Nɔnɔme Ŋu-3.” Ame siwo wu 1,000 woe wɔ ɖeka ŋlɔ nyatakaka ma. Woka nya ta le nyadzɔdzɔ aɖe me be nya siwo woɖe ɖe go la menya aɖewoe nye esi: “Anyigba la ɖo teƒe si wòhiã le be míaɖe afɔ kpata, eye nyametsotso siwo míawɔ egbea akpɔ ŋusẽ ɖe avewo, atsiaƒu, tɔsisiwo, towo, gbemelãwo, kple nu bubu siwo léa agbe ɖe te, siwo ŋu dɔ dzidzime si li fifia kple esi gbɔna awɔ la dzi vevie.”

Nu siwo nana wotsia dzimaɖi la dometɔ ɖeka koe ale si nutoa me ƒe nɔnɔmewo le egbea la nye. Egbea le xexea me godoo la, amewo vɔ̃na na ŋɔdzidonamelawo ƒe amedzidzedze. Canada ŋkutsalawo ƒe dɔwɔƒe gã dzikpɔla gblɔ be: “Míenɔa zã dzi hetsia dzodzodzoe ɖe afɔku siwo ŋu míenya naneke tso o ŋu.” Le nyateƒe me la, nu siwo dzɔ kpɔkpɔ le fiẽsi nyadzɔdzɔwo me le television dzi ɖeɖe dzaa ate ŋu ana woatsi dzimaɖi!

Ame tsitsi dɔ sesẽ wɔla geɖe le vɔvɔ̃m be dɔ age le yewo si. Amenyanya le dɔme, dɔwɔƒewo tutu, hoʋiʋli le dɔwɔƒewo, dɔ geɖe fũ biabia tso dɔwɔlawo si tea ŋu nana be kakaɖedzi meganɔa amewo si le dɔwɔnyawo me o. Sɔhɛwo vɔ̃na be yewo tɔwo malɔ̃ ade ha kpli yewo o. Ðeviwo hã ate ŋu anɔ vɔvɔ̃m be yewo dzilawo melɔ̃ yewo tututu o. Ke xexe si ƒo xlã wo ƒe nuwɔnawo ya ɖe? Vidada aɖe si tsi dzimaɖi gblɔ be: “Le ɖeviwo kple ame siwo mele ɖeke me nyam o gome la, xexe si ƒo xlã wo ate ŋu adze teƒe ɖivɔvɔ̃ aɖe ŋutɔ na wo ɣeaɖewoɣi.” Eye dzila geɖe tsia dzi ɖe ale si agbe nyui nɔnɔ ƒe toyiyi le xexea me le ŋusẽ kpɔm ɖe woƒe ame veviwo dzi, vevietɔ wo viwo dzii ŋu.

Ame tsitsiwo vɔ̃na zi geɖe be yewoava ge le atrakpui dzi alo be woadze yewo dzi le mɔ dzi. Nyateƒee, ‘togbɛwo hã dzia ŋɔ na wo, eye ŋɔdzi nɔa mɔwo dzi.’ (Nyagblɔla 12:5) Amewo vɔ̃na be dɔléle sesẽwo ava dze yewo dzi. Wɔɖi ƒe dɔlékuiwo, kansadɔ, kple dɔxɔleameŋuwo ŋu nya sese ate ŋu ana míavɔ̃ be mía kple míaƒe ƒometɔwo míava xɔ dɔléle manyatalenu yeye siawo siwo ate ŋu ana míatsi teƒe ɖeka alo aku la dometɔ aɖe. Le susu sia ta la, ne míekpɔ ame siwo le lãmesẽ me eye ŋusẽ le wo ŋu dze dɔ hegbɔdzɔ la, mía tsi dzi godoo be nu sia tɔgbi ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi alo ɖe míaƒe ame veviwo dzi. Eye ɖe mewɔa nublanui ŋutɔ ne míekpɔ dɔnɔ aɖe ŋkume hekpɔe be mɔkpɔkpɔ bu ɖee keŋkeŋ oa?

Esi míele akɔ kpem kple nu vovovo siwo nana vɔvɔ̃ ɖoa mí ta la, ɖe susu aɖe li si ta míakpɔ mɔ be etsɔme anyoa? Ðe nane li si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be nukpɔsusu nyui nakpɔtɔ anɔ mía sia? Nyati si kplɔe ɖo aɖo nyabiase siawo ŋu.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

© Jeroen Oerlemans/Panos Pictures