Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Aƒetɔ, Nu Ka Ta Nèzi Kpi Ði?”

“Aƒetɔ, Nu Ka Ta Nèzi Kpi Ði?”

“Aƒetɔ, Nu Ka Ta Nèzi Kpi Ði?”

NYA siawoe Papa Benedict XVI (Benoît XVI) gblɔ esi wòɖi tsa yi Auschwitz fuwɔamegaxɔ si nɔ Poland tsã la me le May 28, 2006, dzi. Egblɔ kpee le teƒe sia si Nazitɔwo wu Yudatɔwo kple ame bubuwo akpe alafa geɖewo le be: “Wobia nya gbogbo aɖe ŋutɔ le afi sia! Wobiana enuenu be: Afi kae Mawu nɔ ɣemaɣi? Nu ka tae wòzi kpi ɖo? Aleke wòate ŋu aɖe mɔ ɖe amewuwu gbogbo sia kple vɔ̃ɖinyenye ƒe dziɖuɖu sia ŋu? . . . Ele be míayi edzi anɔ ɣli dom na Mawu ɖokuibɔbɔtɔe, gake kple moveviɖoɖo be: Wɔ nane! Megaŋlɔ ameƒomea, si nye wo nuwɔwɔwo, be o!”

Papa la ƒe nya siawo fɔ nyaʋiʋli geɖe ɖe te. Ame aɖewo kpɔe be eɖoe koŋ ŋe aɖaba ƒu nya vevi aɖewo dzi; eƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye ale si wòdo kpo nuƒoƒo tso fuléle Yudatɔwo si yi edzi le ŋutasẽnuwɔna siwo wowɔ le Auschwitz me la ŋu. Ame aɖewo kpɔe le eƒe nyawo me be ɖe wònɔ agbagba dzem be yeana tsɔtsɔke si Papa John Paul II (Jean Paul II) bia ɖe nu vɔ̃ siwo woƒe sɔlemehaa wɔ ta la nadze nya maɖinya. Nyadzɔdzɔŋlɔla Katolikotɔ Filippo Gentiloni de dzesii be: “Ke hã, susu le eme be nyadzɔdzɔŋlɔla geɖe siwo mekpɔa ŋuɖoɖo na nyabiase sesẽ si ku ɖe afi si Mawu nɔ ŋu o—nyabiase si ŋuɖoɖo meli na o—nabia ɖe eteƒe be woaɖo nyabiase si le bɔbɔe wu, si nye: Afi kae Pius XII nɔ? ŋu na yewo.” Ale si Papa Pius XII zi kpi le Ametsɔtsrɔ̃ Gã—Yudatɔwo tsɔtsrɔ̃ vɔ̃ɖitɔe—la me ŋu nya gblɔmee nyadzɔdzɔŋlɔla siawo nɔ.

Ametsɔtsrɔ̃ Gã la kple ameƒomevi alo dukɔ aɖe tsɔtsrɔ̃ ɖa kura siwo yi edzi le ameƒomea ƒe ŋutinya me ɖee fia be “amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e” nyateƒe. (Nyagblɔla 8:9) Gawu la, amegbetɔ Wɔla la mezi kpi le nu dziŋɔ mawo dzɔɣi o. Eɖe nu si tae wòɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye li ɖo la me le Biblia me. Mawu ka ɖe edzi na mí hã be yemeŋlɔ ameƒomea be o. Le nyateƒe me la, eteƒe madidi o ɣeyiɣi si Mawu ɖe mɔ be amegbetɔwo ŋutɔ naɖu wo ɖokui dzi la awu enu. (Yeremya 10:23) Àdi be yeanya nu geɖe tso tame si Mawu ɖo ɖe mía ŋu la ŋua? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ale si Biblia ɖo nyabiase si ɖe fu na Papa Benedict XVI la ŋui.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]

Oświęcim Museum