Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mate Ŋu Akpe Ðe Vinyewo Ŋu Woazu Ame Siwo Xɔ Hehe Nyui?

Aleke Mate Ŋu Akpe Ðe Vinyewo Ŋu Woazu Ame Siwo Xɔ Hehe Nyui?

Aleke Mate Ŋu Akpe Ðe Vinyewo Ŋu Woazu Ame Siwo Xɔ Hehe Nyui?

WOATE ŋu atsɔ hehenana vi asɔ kple mɔzɔzɔ sesẽ dodzidzɔname aɖe. Enye mɔ aɖe si mia kple viwòwo miezɔna ɖekae. Èdea dzi ƒo na wo, fiaa mɔ wo hekpena ɖe wo ŋu be woate ŋu akpɔ dzidzedze le agbe me. Nu geɖe ŋutɔ li woasrɔ̃!

Be ɖeviwo nakpɔ dzidzedze eye woakpɔ dzidzɔ le agbe me la, ele be woatu agbe nyui nɔnɔ kple mawusosroɖa ɖo ahasrɔ̃ ale si woade vovototo nyui kple vɔ̃ domee. Ne wova dze si Yehowa helɔ̃e la, woƒe hehexɔxɔa aɖe vi na wo ŋutɔŋutɔ eye woazɔ ɖe mɔfiame siwo woxɔna la dzi tegbee. Abe dzila ene la, èwɔa akpa vevi aɖe le hehe si viwòwo xɔna, ale si wosea egɔmee, kple ale si wodea asixɔxɔ eŋui me.

Kuxi aɖewo li si me dzilawo tona le mɔzɔzɔ sia me. Nu tea ŋu wɔa dɔ ɖe ɖeviwo ƒe susu dzi bɔbɔe, eya ta woate ŋu asrɔ̃ nu maɖɔʋuwo tso ame siwo dome wole la gbɔ. Míele xexe aɖe si dzi ɖum Satana Abosam le me. (Yohanes I, 5:19) Etsɔ ɖe le hehe si viwòwo xɔna me vevie, gake kple susu bubu kura. Satana nye hehenala bibi si si nuteƒekpɔkpɔ geɖe le—gake wòhenye hehenala si vɔ̃ɖi ŋutɔ. Togbɔ be ewɔ eɖokui “kekeli ƒe dɔla” hã la, kekeli si wònana la flua ame, eye wòtsi tre ɖe Yehowa ƒe Nya kple eƒe lɔlɔ̃nu ŋu. (Korintotɔwo II, 4:4; 11:14; Yeremya 8:9) Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo siaa bi ɖe amebeble me, eye wodoa ɖokuitɔdidi, anukwaremaɖimaɖi, kple ŋukpenanuwɔwɔ ɖe ŋgɔ.—Timoteo I, 4:1.

Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ kpɔ viwòwo ta be woagable wo o? Aleke nàfia nu wo bene woaxɔ nu si nye nyateƒe eye viɖe le wo ŋu la ade eme ahalé wo me ɖe asi? Afɔ vevi aɖe si nàte ŋu aɖee nye be nàlé ŋku ɖe wò ŋutɔ ɖokuiwò ŋu nyuie. Ele be nàɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi. Ele vevie hã be nàtsɔ wò agbanɔamedzi si nye be nàna hehe viwòwo la, eye nàdi ɣeyiɣi na ewɔwɔ. Gake hafi míadzro nya siawo me la, mina míade dzesi hehenana vavã ƒe gɔmeɖoanyi.

Hehenana Nyui Ƒe Gɔmeɖoanyi

Míate ŋu asrɔ̃ nu tso Israel Fia Salomo si nye nunyala gã siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka la gbɔ. Biblia gblɔ na mí be: “Mawu na nunya kple nugɔmesese geɖe kpakple sidzedze gã Salomo abe ƒutake ene. Salomo ƒe nunya ƒo ɣedzeƒetɔwo katã ƒe nunya kple Egiptetɔwo ƒe nunyawo katã ta.” Salomo te ŋu ‘bu abe akpe etɔ̃, eye eƒe hakpakpawo le ha akpe ɖeka kple atɔ̃.’ Enya nu tsitotsito tso atiwo kple lãwo ŋu. (Fiawo I, 5:9-14) Fia Salomo kpɔ xɔtudɔ siwo wowɔ le Israel la hã dzi; esiawo dometɔ ɖekae nye Yehowa ƒe gbedoxɔ dzeani si nɔ Yerusalem la tutu.

Nu siwo Salomo ŋlɔ, abe esiwo le Nyagblɔla ƒe agbalẽa me ene, ɖee fia be gɔmesese deto nɔ esi ku ɖe amegbetɔwo ƒe nɔnɔmewo ŋu. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòtɔ asi nu si nye hehexɔxɔ vavã ƒe gɔmeɖoanyi dzi. Salomo gblɔ be: “Yehowa-vɔvɔ̃ enye sidzedze ƒe gɔmetoto.” Fia nunyala la gagblɔ be: “Yehowa-vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto, eye sidzedze kɔkɔetɔ la enye gɔmesese.”—Lododowo 1:7; 9:10.

Ne míevɔ̃a Mawu la, míedea bubu deto eyama ŋu eye míekpɔa mía ɖokui dzi nyuie be míagawɔ nu si ado dziku nɛ o. Míelɔ̃na ɖe edzi be eyae nye Dziɖula Gãtɔ la eye míenye eteviwo. Amewo abu ame siwo medea bubu ame si gbɔ míaƒe agbe dzɔ tso ŋu o la nunyalawoe, gake nunya sia nye “bometsitsi le Mawu gbɔ.” (Korintotɔwo I, 3:19) Viwòwo hiã hehe si wotu ɖe “nunya, si tso dziƒo la” dzi.—Yakobo 3:15, 17.

Vɔvɔ̃ be woagado dziku na Yehowa o do ƒome kplikplikpli kple eyama lɔlɔ̃. Yehowa dina be ye subɔlawo navɔ̃ ye ahalɔ̃ ye. Mose gblɔ be: “Israel, Yehowa, wò Mawu la, mele naneke dim tso asiwò o, negbe esia ko be, navɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nazɔ eƒe mɔwo katã dzi, nalɔ̃e, eye nasubɔ Yehowa, wò Mawu la, tso wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo me; eye nawɔ Yehowa ƒe se kple ɖoɖo, siwo megblɔ na wò egbe la dzi, bena wòanyo na wò.”—Mose V, 10:12, 13.

Ne míeƒãa Yehowa vɔvɔ̃ bubutɔe ɖe mía viwo me la, ke míele hehe si ana woazu nunyala vavãwo la gɔme ɖom anyi. Ne woyi edzi le woƒe agbenɔnɔ tum ɖe gɔmeɖoanyi sia dzi la, woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe wo Wɔla, ame si nye sidzedze vavãwo katã Tsoƒe, ŋu adzi ɖe edzi. Esia akpe ɖe mía viwo ŋu be woase nu si miefiaa wo la gɔme nyuie, ale be woagawɔ nyametsotso gbegblẽwo o. Ŋutete asu wo si be “woabu nyui kple vɔ̃ me kpɔ.” (Hebritɔwo 5:14) Gɔmeɖoanyi sia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu hã be woayi edzi abɔbɔ wo ɖokui eye woatsri vɔ̃.—Lododowo 8:13; 16:6.

Viwòwo Le Ŋku Lém Ðe Ŋuwò!

Ke aleke míate ŋu akpe ɖe mía viwo ŋu be woalɔ̃ Yehowa ahavɔ̃e? Míakpɔ nya sia ƒe ŋuɖoɖo le Se siwo Yehowa na Israel viwo to nyagblɔɖila Mose dzi la me. Wogblɔ na dzila si nɔ Israel be: “Tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la. Eye nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.”—Mose V, 6:5-7.

Nufiame vevi aɖe le mawunyakpukpui siawo me na dzilawo. Ðekae nye: Ele be wò dzila ŋutɔ nàɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi. Be nàfia viwòwo be woalɔ̃ Yehowa la, ele be wò ŋutɔ nàlɔ̃ Mawu, eye eƒe nya nanɔ dzi me na wò. Nu ka tae esia le vevie ɖo? Elabena wòe nye ame si koŋ ana hehe viwòwo. Nu siwo wosrɔ̃na tso kpɔɖeŋu si nèɖona me la kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe wo dzi. Eye nu bubu aɖeke mekpɔa ŋusẽ ɖe ɖevi ƒe agbe dzi wu edzilawo ƒe kpɔɖeŋu o.

Wò didiwo, wò tameɖoɖowo, nu siwo ŋu nèdea asixɔxɔ, kple nu siwo me nètsɔa ɖe le dzena le wò nuwɔnawo me, ke menye le nu siwo nègblɔna me ɖeɖe ko me o. (Romatɔwo 2:21, 22) Ðeviwo srɔ̃a nu to ŋkuléle ɖe wo dzilawo ŋu tututu tso woƒe ɖevime ke me. Ðeviwo dea dzesi nu siwo nɔa vevie na wo dzilawo, eye nu siawoe va nɔa vevie na woawo hã zi geɖe. Ne èlɔ̃a Yehowa vavã la, viwòwo akpɔ esia adze sii. Le kpɔɖeŋu me, woakpɔe adze sii be Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ le vevie na wò. Woava kpɔe adze sii be ètsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me. (Mateo 6:33) Kpekpeawo dede kple gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me edziedzi ana woakpɔe be subɔsubɔ kɔkɔe tsɔtsɔ na Yehowae nye nu vevitɔ na wò.—Mateo 28:19, 20; Hebritɔwo 10:24, 25.

Tsɔ Wò Agbanɔamedziwo

Nu bubu si dzilawo ate ŋu asrɔ̃ le Mose V, 6:5-7 mee nye esi: Wò agbanɔamedzi wònye be nana hehe viwòwo. Dzila siwo nɔ Yehowa ƒe amewo dome le blema la tsɔ hehenana wo viwo ƒe agbanɔamedzia. Dzila siwo nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo dome hã wɔ akpa vevi aɖe le hehenana wo viwo me. (Timoteo II, 1:5; 3:14, 15) Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe ehati Kristotɔwo me la, egblɔ be vifofowo koŋ ‘nayi edzi anɔ wo viwo nyim le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.’—Efesotɔwo 6:4.

Egbegbe nuhiahiãwo, dɔ, kple nu bubu siwo xɔa ɣeyiɣi ƒe kuxiwo ate ŋu ana be dzilawo nagblẽ wo viwo hehe ɖe ame bubuwo, abe nufialawo, vidzikpɔlawo ene, si me. Ke hã, ame aɖeke mate ŋu axɔ ɖe dzila lɔ̃ame lébename teƒe o. Mègabu asixɔxɔ si le ŋuwò kple wò ŋusẽkpɔɖeamedzi nu tsɛ o. Ne èhiã kpekpeɖeŋu la, wɔ nyametsotso nunyatɔe, gake megaɖe ta le wò agbanɔamedzia te o.

Zã Ɣeyiɣi Nàtsɔ Ana Hehe Viwòwo

Nu bubu si dzilawo gasrɔ̃na tsoa Mose V, 6:5-7 mee nye esi: Hehenana ɖeviwo bia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze. Wobia tso dzila siwo nɔ Israel si be ‘woaku’ Mawu ƒe nyateƒeawo “ɖe to me” na wo viwo. Hebrigbe gbãtɔ me nya si gɔme woɖe be ‘ku ɖe to me’ fia be ‘woagbugbɔ nya agblɔ,’ alo ‘woagblɔe, agagblɔe ake.’ Enɔ na wo be woawɔ esia ŋkeke bliboa, ɛ̃, tso ŋdi kanya va se ɖe fiẽ, ne wole ‘aƒe me’ kple ne wole ‘mɔ dzi.’ Exɔa ɣeyiɣi be woamla ɖeviwo ahana woƒe agbenɔnɔ kple nuwɔna nadze Mawu ŋu.

Ekema nu kae nàte ŋu awɔ bene viwòwo nazu ame siwo xɔ hehe nyuiwo? Ebia agbagbadzedze blibo. Fia wo be woalɔ̃ Yehowa ahavɔ̃e. Ðo kpɔɖeŋu nyui ɖi. Tsɔ hehenana viwòwo ƒe agbanɔamedzia, eye di ɣeyiɣi si hiã nàtsɔ ahe woe. Mède blibo o, eya ta àwɔ vodadawo le wo hehe me. Gake ne èɖoe anukwaretɔe be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, anɔ eme godoo be viwòwo akpɔ ŋudzedze ɖe wò agbagbadzedzewo ŋu, eye wòaɖe vi na wo. Lododowo 22:6 gblɔ be: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.” Nya sia ku ɖe ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo siaa ŋu.

Hehenana nye mɔ aɖe si wozɔna le ame ƒe agbe me katã. Ne mia kple viwòwo mielɔ̃a Mawu la, anye mɔzɔzɔ aɖe si me miakpɔ dzidzɔ le tegbee. Ele alea, elabena nu geɖe anɔ anyi miasrɔ̃ tso Yehowa kple ale si míawɔ nu wòasɔ ɖe eƒe tameɖoɖowo nu ŋu tegbee.—Nyagblɔla 3:10, 11.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Exlẽa Biblia na viwòwoa?

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Di ɣeyiɣi nàfia nu viwòwo tso Wɔla la ŋu