Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔkpɔkpɔnɔamesi Le Xexe Si Me Xaxa Yɔ Fũ Me

Mɔkpɔkpɔnɔamesi Le Xexe Si Me Xaxa Yɔ Fũ Me

Mɔkpɔkpɔnɔamesi Le Xexe Si Me Xaxa Yɔ Fũ Me

“FIFIA ŋutete le dukɔmevi ɖekaɖekawo si be woawɔ dɔmenyo na ame hahoowo ahakpɔ kuxi siwo ɖea fu na ame geɖewo la gbɔ wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe.” United States ƒe dukplɔla tsãtɔ Bill Clinton ye gblɔ nya siawo le takpekpe aɖe si wowɔ le Ottawa, Canada, le March 2006 me la me. Eƒo nya ta be tso ƒe 2004 ƒe tsunami ƒugɔmenyigbaʋuʋua dzi la, dukɔwo dome dɔmenyonuwɔnawo va le dzidzim ɖe edzi eye wògblɔ kple mɔkpɔkpɔ be, fifia xexea ɖo “ŋuɖoɖo ɖe ame nɔewo ƒe kpekpeɖeŋu si ɖeke mesɔ kplii o ŋu ƒe ɣeyiɣi aɖe me.”

Ðe míate ŋu anɔ mɔ kpɔm be dzɔdzɔmefɔkuwo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe amewo dzi ahe etsɔme nyui aɖe avɛa? Ðe “ŋuɖoɖo ɖe ame nɔewo ƒe kpekpeɖeŋu si ɖeke mesɔ kplii o ŋu” nye nu si dzi woate ŋu aka ɖo be ahe ŋutifafa vavã kple dedienɔnɔ mavɔ avɛ le etsɔmea?

Ŋutifafa Vavã Tsoƒe

Ŋutinya ɖee fia be, ƒe akpe ade kple edzivɔwoe nye esia si amegbetɔwo le agbagba geɖe dzem gake ɖeko wotrɔa wo nɔewo toa eme ɖaa. Eya ta susu nyui aɖe tae Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me ɖo aɖaŋu sia na mí be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o.” (Psalmo 146:3) Míaƒe mɔkpɔkpɔ dada ɖe xexe sia me habɔbɔwo, eƒe ŋutilãmenuwo, kple eƒe didiwo dzi hea dziɖeleameƒo sɔŋ vɛ. Nu ka tae? Elabena “xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo.”—Yohanes I, 2:17.

Gake le ƒe alafa geɖe siwo va yi me la, Mawu nye mɔkpɔkpɔ vavã tsoƒe na ame dzɔdzɔewo. Biblia yɔe be “[blema] Israel ƒe mɔkpɔkpɔ” kple “[Israel] fofowo ƒe mɔkpɔkpɔ,” eye nya geɖe ŋutɔwoe le Biblia me ku ɖe mɔkpɔkpɔ na eyama, ŋuɖoɖo ɖe eŋu, kple kaka ɖe eyama dzi ŋu. (Yeremya 14:8; 17:13; 50:7) Le nyateƒe me la, Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be ‘míakpɔ mɔ na Yehowa.’—Psalmo 27:14.

Lododowo 3:5, 6 xlɔ̃ nu mí be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.” Ele be nàka ɖe ŋugbedodo sia dzi godoo, elabena Yehowa Mawu metrɔna o, woate ŋu aka ɖe edzi, eye ewɔna ɖe eƒe nyawo dzi ɣesiaɣi. (Maleaxi 3:6; Yakobo 1:17) Edia nu si nyo na wò, eye ne èwɔna ɖe nya siwo wògblɔ le eƒe Nya, Biblia, me dzi ɣeawokatãɣi la, afia mɔ wò nàto ɣeyiɣi dziŋɔ siawo me dzidzedzetɔe.—Yesaya 48:17, 18.

Ame si wɔna ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi tso dzi blibo me ate ŋu aka ɖe ŋugbedodo sia dzi be: “Megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wò, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xɔname ƒe nuɖusi alé wò.” (Yesaya 41:10) Gbedodoɖa vevie kple ŋugbledede tso ŋugbedodo sia ŋu faa akɔ na ame siwo katã lɔ̃a Yehowa Mawu le nyateƒe me la ŋutɔ, elabena ekpena ɖe wo ŋu wotea ŋu nɔa te ɖe nɔnɔme sesẽwo kple dzimaɖitsitsiwo nu.

Bu Andrea, Yehowa Ðasefo si nye vidada si si vi eve le, ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Gbedodoɖa kple ŋugbledede tso Yehowa ƒe ŋugbedodowo ŋu koe tea ŋu doa ŋusẽm be metea ŋu doa dzi ne nɔnɔme sesẽwo tum le agbe me. Ne mena Yehowa xɔ nɔƒe vevitɔ le nye agbe me la, enɔa bɔbɔe nam be mali ke sesĩe.”

Na Wò Mɔkpɔkpɔ Na Yehowa Me Nasẽ

Esi hakpala aɖe nɔ gbe tem ɖe mɔkpɔkpɔ na Yehowa ƒe vevienyenye dzi la, egblɔ be: “Ŋutifafa gã le amesiwo lɔ̃a wò sea la si, eye nukikli aɖeke meli na wo o.” (Psalmo 119:165) Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe ana be gbɔgbɔmenu nyui tuameɖo siwo ‘nye nyateƒe, siwo dzea bubu, siwo le dzɔdzɔe, siwo le dzadzɛ, siwo dze na lɔlɔ̃, siwo dze na gbɔgblɔ, eye wodze na kafukafu’ la nayɔ wò susu kple dzi me fũ. Ne èdze agbagba vevie ɖoa to nu siawo, srɔ̃a wo, lɔ̃na ɖe wo dzi henɔa agbe ɖe wo nu la, ‘ŋutifafa Mawu la anɔ anyi kpli wò.’—Filipitɔwo 4:8, 9.

Le nu siwo me John to le agbe me ƒe geɖe ta la, ete ŋu gblɔ be: “Be ale si mebua etsɔmee natrɔ la, enɔ vevie be masrɔ̃e be tɔtrɔ gãwo wɔwɔ le nye amenyenye kple tamebubu ŋu hĩa hafi mate ŋu anɔ ƒomedodo me kple Mawu deblibo si womekpɔna o la. Mɔ si ko dzi mete ŋu to tu ƒomedodo sia ɖoe nye be meva doa vevie nu le mawusubɔsubɔ me. Esia ƒe akpa aɖee nye be meɖe mɔ Mawu fia mɔm, eye Mawu ƒe nukpɔsusu le nyawo ŋu su asinye to eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la xexlẽ kple ŋugbledede tso eŋu me.”

Ne ènoa nyateƒea ƒe tsi fadziname siwo naa agbe, siwo le Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me me la, anɔ na wò ko abe atike adodoe si wodo kpɔ si akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe nu manyomanyo gbogbo, siwo míesena hekpɔna to nyatakakamɔnuwo dzi madzudzɔmadzudzɔe la, nu ene. Wɔwɔ ɖe nu si Biblia gblɔ dzi agate ŋu ado ŋusẽ miaƒe ƒomekadodowo eye wòakpe ɖe mia ŋu miaɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ. Gawu la, Mawu do ŋugbe be yele klalo be ‘yeado ŋusẽ ame siwo ku ɖe ye ŋu kple woƒe dzi blibo’ la. (Kronika II, 16:9) Akpɔ nyawo gbɔ ale gbegbe be mahĩa be nàvɔ̃ na naneke kura o.

Phinehas, ame si tsi agbe le aʋawɔwɔ kple ame gbogbowo wuwu me la, gblɔ be: “Mesrɔ̃ ale si matsɔ nye agbe ade Yehowa si me bene wòakpɔ tanye. Biblia me gɔmeɖosewo tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me kpɔ tanye tso kuxi geɖe me.” Ne èɖoa ŋu ɖe Yehowa Mawu ŋu nyateƒe la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàti kpo aflɔ nɔnɔme sesẽ siwo le abe gli ene la dometɔ ɖe sia ɖe. (Psalmo 18:30) Ðevi sue si le kadodo nyui me kple edzilawo la kana ɖe wo dzi bliboe, eye wòsena le eɖokui me be yele dedie ne ele edzilawo gbɔ, nenye be edze dɔ alo ɖo xaxa me gɔ̃ hã. Wò hã àte ŋu ase le ɖokuiwò me nenema ne èdze agbagba wɔ ɖe amekpekpe be míakpɔ mɔ na Yehowa la dzi.—Psalmo 37:34.

Mɔkpɔkpɔ Ƒe Gɔmeɖoanyi Vavã

Yesu Kristo gblɔ na eyomedzelawo be: “Miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:9, 10) Dziƒofiaɖuƒe ma—si nye dziɖuɖu si le Yesu Kristo si me—nye mɔ si dzi Mawu ato aɖe Eƒe dzedze be wòaɖu anyigba la dzi la afia.—Psalmo 2:7-12; Daniel 7:13, 14.

Nu gbogbo siwo nana amewo vɔ̃na le agbe me egbea ɖee fia be ehiã be Mawu nade asi nyawo me. Dzidzɔtɔe la, Mawu ade asi nyawo me kpuie! Wona ŋusẽ Yesu Kristo, si Mawu ɖo Mesia Fia fifia, be wòaʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta ahakɔ Eƒe ŋkɔa ŋuti. (Mateo 28:18) Eteƒe madidi o, Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu ava anyigba dzi eye wòaɖe nu siwo katã nana amewo vɔ̃na eye wotsia dzimaɖi la ɖa. Yesaya 9:5 ƒo nu tso Yesu ƒe nɔnɔme aɖewo ŋu si ɖee fia be enye Dziɖula si dze, ame si ate ŋu aɖe mí tso vɔvɔ̃ ɖe sia ɖe me. Le kpɔɖeŋu me, woyɔe be ‘Fofo Mavɔ,’ ‘Adaŋudela Wɔnuku,’ kple ‘Ŋutifafafia.’

Bu nyagbɔgblɔ lédziname si nye ‘Fofo Mavɔ’ la ŋu kpɔ. Esi Yesu nye Fofo Mavɔ ta la, ŋusẽ kple dziɖuŋusẽ le esi—eye didia hã le eme—be wòana agbe mavɔ ameƒomea me tɔ toɖola siwo le anyigba dzi to eƒe tafevɔsa la dzi. Esia fia be woaɖe wo tso nu vɔ̃ kple blibomademade si ƒe dome wonyi tso ame gbãtɔ si wɔ nu vɔ̃, Adam, gbɔ la me mlɔeba. (Mateo 20:28; Romatɔwo 5:12; 6:23) Kristo azã ŋusẽ si Mawu nɛ la hã atsɔ agbɔ agbe ame siwo ku la.—Yohanes 11:25, 26.

Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖee fia be yenye ‘Adaŋudela Wɔnuku.’ Le Mawu ƒe Nya ŋuti sidzedze kple amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme ŋuti gɔmesese deto si nɔ Yesu si ta la, enya ale si woakpɔ gbe sia gbe kuxiwo gbɔe. Tso keke esime woɖo Kristo zi dzi le dziƒo ke la, eyi edzi nye ‘Adaŋudela Wɔnuku,’ henye ame vevitɔ si dzi Yehowa tona ƒoa nu na ameƒomea. Nunya nɔa Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo woŋlɔ ɖe Biblia me la me ɣesiaɣi, eye vodada menɔa wo ŋu o. Esia nyanya kple edzixɔxɔse ate ŋu ana nànɔ agbe si me dzimaɖitsitsi kple ŋɔdziléame aɖeke mele o.

Yesaya 9:5 yɔ Yesu be “Ŋutifafafia” hã. Eteƒe madidi o, Kristo azã eƒe ŋusẽ ma atsɔ aɖe dunyahehe, hadome, kple ganyawo me masɔmasɔwo katã ɖa. Aleke wòle ewɔ gee? To ƒuƒoƒo ameƒomea ɖe Mesia Fiaɖuƒea ƒe ŋutifafa dziɖuɖua te me.—Daniel 2:44.

Le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖua te la, ŋutifafa mavɔ axɔ aƒe ɖe anyigba bliboa dzi. Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe esia dzi? Woɖe eme le Yesaya 11:9, si xlẽ be: “[Fiaɖuƒea teviwo mawɔ] vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.” Mlɔeba la, Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ asu anyigba dzi tɔwo katã si eye woaɖo to eyama. Ðe mɔkpɔkpɔ sia lé dzi na wòa? Ne nenemae la, megahe ɖe megbe o, na “sidzedze Yehowa” si nye nu xɔasi ŋutɔ la nasu asiwò.

Àte ŋu ana Mawu ŋuti sidzedze, si tua xɔse ɖo henaa agbe la, nasu asiwò to nu siwo Biblia fia tso egbenudzɔdzɔwo kple etsɔme mɔkpɔkpɔ nyui siwo ƒe ŋugbe wodo le eme la me dzodzro nyuie me. Eya ta, míele dzi dem ƒo na wò be nàkpɔ gome le Biblia sɔsrɔ̃ femaxee si Yehowa Ðasefowo wɔna kple amewo le miaƒe nutoa me la me. Esiae nye mɔ si dzi nàto avo atso vɔvɔ̃ si me, eye mɔkpɔkpɔ vavã nasu asiwò le xexe si me xaxa yɔ fũ me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Nu Si Ta Fiaɖuƒe Dziɖuɖua Naa Mɔkpɔkpɔ Ame

Wotsɔ ŋutete kple ŋusẽ na Yesu Kristo, si woɖo Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fiae la, be wòaɖu xexe bliboa katã dzi. (Mateo 28:18) Aɖɔ nu sia nu ɖo le anyigba dzi bliboe. Ekpɔ ŋusẽ hã ɖe dɔléle kple dɔ vɔ̃wo dzi. Nukunu siwo Yesu wɔ le anyigba dzi la nye yayra siwo lolo wu siwo ava le eƒe dziɖuɖua te ne eva le dzi ɖum abe Fia deblibo si dzi woate ŋu aka ɖo ene la ƒe kpɔɖeŋu. Mesia Fia sia ƒe nɔnɔme siwo woyɔ ɖe ete la dometɔ kawoe lé dzi na wò wu?

Enye ame si ŋu wotena ɖo bɔbɔe. Marko 10:13-16.

Enye nugɔmesela kple ameŋkumemakpɔla.Marko 10:35-45.

Woate ŋu aka ɖe edzi, eye media eɖokui tɔ o. Mateo 4:5-7; Luka 6:19.

Ewɔa nu dzɔdzɔe, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. Yesaya 11:3-5; Yohanes 5:30; 8:16.

Ebua ame ŋu, tsɔa ɖe le eme na ame, eye wòbɔbɔa eɖokui.Yohanes 13:3-15.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Biblia xexlẽ kple ŋugbledede ate ŋu aƒã mɔkpɔkpɔ na Yehowa ɖe mía me