Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Míaƒo Ƒu Ðekae?

Nu Ka Tae Míaƒo Ƒu Ðekae?

Nu Ka Tae Míaƒo Ƒu Ðekae?

LE SRƆ̃ÐEÐE ƒe 20 megbe la, Christine srɔ̃ ʋu dzo le egbɔ. Ŋutsuvi adre kple nyɔnuvi ɖeka hehe va dze ŋgɔ Christine ɖeka. Ðeviawo xɔ tso ƒe 7 va se ɖe 18. Egblɔ be: “Fifia eva hiã be nye ɖeka mawɔ nyametsotso veviwo katã. Mesenɛ le ɖokuinye me be agbanɔamedzia na nu te ŋunye eye mehiã na kpekpeɖeŋu kple mɔfiame vevie.” Afi kae wòkpɔ kpekpeɖeŋu si hiã la le?

Christine gblɔ be: “Kristotɔwo ƒe kpekpeawoe xɔ mía kple nye ƒomea ɖe agbe. Míexɔa kpekpeɖeŋu tso mía xɔlɔ̃wo gbɔ hexɔa mɔfiame siwo tso Mawu ƒe Nyaa la me le kpekpeawo me. Kpekpeawo dede edziedzi kpe ɖe míaƒe ƒomea ŋu le agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa me.”

Le ‘ɣeyiɣi vɔ̃’ siawo me la, ele na mí katã be míakpe akɔ kple tetekpɔ vovovowo. (Timoteo II, 3:1) Abe Christine ene la, wò hã àte ŋu abu Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo, si nye míaƒe tadedeagu na Yehowa ƒe akpa vevi aɖe la, abe nu si le vevie hena wò xɔse tutuɖo ene. Ðikeke mele eme o be kpekpe atɔ̃ siwo míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa la nana wò lɔlɔ̃ na Mawu me sẽna ɖe edzi, doa ŋusẽ wò etsɔme mɔkpɔkpɔ, eye wònaa Biblia me mɔfiame siwo ku ɖe ale si woawɔ anɔ te ɖe tetekpɔwo nui ŋu la wò.

Gake esesẽna na ame aɖewo be woanɔ kpekpeawo dem edziedzi. Ðeɖi tea wo ŋu le ŋkekea ƒe nuwuwu, si wɔnɛ be dzadzraɖo ayi kpekpeawo dzena nu si sesẽ akpa na wo. Ame aɖewo kpɔnɛ be yewoƒe dɔwɔɖui xea mɔ na yewoƒe kpekpeawo dede edziedzi. Kpekpeawo katã dede ate ŋu awɔe be woƒe fetu nanɔ sue alo dɔa ŋutɔ hã nage le wo si. Ame aɖewo hã ate ŋu ada kpekpeawo aƒu, elabena wosusui be modzakaɖeɖe aɖewo ana yewoƒe dzi nadze eme wu hamea ƒe kpekpeawo dede.

Eya ta susu vevi ka tae wòle be míade Kristotɔwo ƒe kpekpeawo? Aleke wò ŋutɔ nàte ŋu awɔ be kpekpe siawo nana dzidzeme wò? Be míaɖo nyabiase siawo ŋu la, mina míadzro Yesu ƒe amekpekpe lɔlɔ̃tɔe si dze le Mateo 11:28-30 me kpɔ. Egblɔ be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena nye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.”

“Mite Va Gbɔnye”

Yesu gblɔ be: “Mite va gbɔnye.” Mɔ ɖeka si dzi míato awɔ ɖe amekpekpe sia dzie nye be míade kpekpeawo edziedzi. Susu nyuiwo li si tae míade kpekpeawo ɖo, elabena ɣebubuɣi la, Yesu gblɔ be: “Afisi ame eve alo ame etɔ̃ wokpe ta ɖo le nye ŋkɔa dzi la, afima mele wo titina.”—Mateo 18:20.

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yesu ŋutɔ kpe amewo be woadze ye yome. Eto esia wɔwɔ dzi na mɔnukpɔkpɔ wo be woade ha kplikplikpli kpli ye. Ame aɖewo dze eyome enumake. (Mateo 4:18-22) Ame aɖewo ɖe mɔ ŋutilãmenuwo xe mɔ na wo be womete ŋu wɔ ɖe amekpekpea dzi o. (Marko 10:21, 22; Luka 9:57-62) Yesu gblɔ kakaɖedzinya sia na ame siwo dze eyome la be: “Menye miawoe tiam o, ke boŋ nyee tia mi.”—Yohanes 15:16.

Le Kristo ƒe ku kple eƒe tsitretsitsi megbe la, meganɔ eƒe nusrɔ̃lawo dome le ŋutilã me o. Gake eganɔ anyi kpli wo le susu sia nu be efia mɔ woƒe dɔa eye wòlé ŋku ɖe ale si wonɔ eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔmee ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ƒe 70 aɖewo le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, eɖo aɖaŋu na hame adre siwo nɔ Asia Sue la, eye wòde dzi ƒo na wo. Nya siwo wògblɔ ɖee fia be enya nu tso hame mawo me tɔ ɖe sia ɖe ƒe nɔnɔme nyuiwo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu tsitotsito.—Nyaɖeɖefia 2:1–3:22.

Yesu gakpɔtɔ tsɔa ɖe le eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖe sia ɖe me vevie. Edo ŋugbe be: “Kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.” (Mateo 28:20) Fifia míele nuwuɣia me, eya ta ehiã vevie be míawɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpe be míadze ye yome la dzi. Le go aɖewo me la, esia wɔwɔ bia be míanɔ kpekpeawo dem edziedzi. Yesu di be míaɖo to ye, eye ‘yeafia nu mí’ to nusɔsrɔ̃ kple nuƒo siwo wotu ɖe Biblia dzi, siwo yia edzi le kpekpeawo me edziedzi, la dzi. (Efesotɔwo 4:20, 21) Èle wɔwɔm ɖe Yesu ƒe amekpekpe si nye “Mite va gbɔnye” la dzia?

‘Mi Ame Siwo Le Agbagba Dzem Eye Agba Le Mia Wum’

Susu vevi aɖe si tae míedea Kristotɔwo ƒe kpekpeawo ɖoe nye be míaxɔ dzideƒoname. (Hebritɔwo 10:24, 25) Enye nyateƒe be mía dometɔ geɖe le ‘agbagba dzem, eye agba le mía wum’ le mɔ vovovowo nu. Dzimaɖitsitsiwo abe lãmegbegblẽ ene ate ŋu awu tsɔtsɔ na wò. Le Kristotɔwo ƒe kpekpeawo me la, miate ŋu ade dzi ƒo na mia nɔewo. (Romatɔwo 1:11, 12) Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu ase gbɔgbɔmenya tuameɖo, siwo aɖo ŋku Biblia me mɔkpɔkpɔ si le asiwò dzi na wò, eye àte ŋu akpɔ ame siwo le dzi dom le nɔnɔme sesẽwo me ƒe xɔse. Esiawo katã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi, eye nukpɔsusu si da sɔ nanɔ asiwò le wò kuxiwo ŋu.

Bu nya si nyɔnu Kristotɔ aɖe si dzea dɔ edziedzi gblɔ ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Nye dɔlélea bia be woasi kam ɖe kɔdzi ɣeaɖewoɣi. Ne megbɔ tso kɔdzi la, kpekpewo dede sesẽna nam vie, gake afi mae nye nɔnyeƒe. Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ƒe vividoɖeameŋu kple lɔlɔ̃ gadea dzidzɔ menye, eye nufiame kple mɔfiame siwo Yehowa kple Yesu nana la wɔnɛ be viɖe nɔna nye agbe ŋu.”

“Nye Kɔkuti La Le Bɔbɔe, Eye Nye Agba La Le Wodzoe”

De dzesii be Yesu gblɔ le kpukpui siwo me dzrom míele me be: “Miasrɔ̃ nu tso gbɔnye.” Ne míesrɔ̃ nu tso Yesu gbɔ la, míezua eƒe nusrɔ̃lawo, eye míetsɔa eƒe kɔkutia ne míeɖe adzɔgbe na Mawu eye míexɔ nyɔnyrɔ. (Mateo 28:19, 20) Gomekpɔkpɔ le kpekpeawo me edziedzi le vevie be míayi edzi anye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo. Nu ka tae? Elabena Kristotɔwo ƒe kpekpewo mee wofiaa nu mí tso Yesu, eƒe nufiafiawo, kple eƒe nufiafiamɔnuwo ŋu le.

Agba kae Kristo di be míatsɔ? Eyae nye agba si eya ŋutɔ tsɔ—Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa. (Yohanes 4:34; 15:8) Ebia agbagbadzedze be woawɔ ɖe Mawu ƒe sededewo dzi, gake agba sia mekpe akpa na tsɔtsɔ o. Ne míedi be míazã mía ŋutɔ míaƒe ŋusẽ le etsɔtsɔ me la, ate ŋu adze nu kpekpe aɖee na mí. Gake ne míedoa gbe ɖa biaa Mawu ƒe gbɔgbɔa, eye míeɖua gbɔgbɔmenu siwo wonana le kpekpeawo me la, míaxɔ “ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go” tso Mawu gbɔ. (Korintotɔwo II, 4:7) To dzadzraɖo ɖe kpekpeawo ŋu kple gomekpɔkpɔ le wo me dzi la, míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa yia edzi nɔa sesẽm ɖe edzi. Eye ne míelɔ̃ Mawu la, eƒe sewo ‘masesẽ’ na mí o.—Yohanes I, 5:3.

Ame sia ame kloe doa go nɔnɔme sesẽwo le gbe sia gbe nuhiahiãwo, lãmesẽnyawo, kple ame ŋutɔ ƒe kuxi bubuwo gbɔkpɔkpɔ me. Gake be míakpɔ wo gbɔ dzidzedzetɔe la, míeɖoa ŋu ɖe amegbetɔwo ƒe nunya dzro ko ŋu o. Hamea ƒe kpekpewo kpena ɖe mía ŋu be ‘míetsia dzimaɖi o,’ elabena Yehowa kpɔa míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí eye wòkpena ɖe mía ŋu be míakpe akɔ kple kuxiwo. (Mateo 6:25-33) Vavãe, Kristotɔwo ƒe kpekpeawo nye lɔlɔ̃ si le Mawu si na mí la ɖeɖe fia.

“Nye Dɔme Fa, Eye Mebɔbɔ Ðokuinye Ðe Anyi Le Dzi Me”

Ƒuƒoƒe, afi si wodzroa Mawu ƒe Nya la me le, yiyi nye numame na Yesu. Esi Yesu gayi afi ma gbe ɖeka la, etsɔ Yesaya ƒe agbalẽxatsaxatsa, eye wòxlẽ le eme be: “Aƒetɔ ƒe gbɔgbɔ le dzinye, le esi ta wosi ami nam ɖo, bena magblɔ Nyanyui afia ame dahewo, edɔm, bena mayɔ dɔ amesiwo ƒe dzi gbã, eye be maɖe gbeƒã ɖokuisinɔnɔ na aboyomewo kple nukpɔkpɔ na ŋkuagbãtɔwo, be mana amesiwo wole funyafunya wɔmi la, nanɔ wo ɖokui si, eye be maɖe gbeƒã Aƒetɔ ƒe ƒe nyui la.” (Luka 4:16, 18, 19) Aleke gbegbe wòado dzidzɔ na woe nye esi esime wose Yesu zã nya mawo hegblɔ be: “Egbe wowu ŋɔŋlɔ sia nu le miaƒe towo me”!—Luka 4:21.

Yesu “alẽkplɔla gã” dɔmefafatɔ la gakpɔtɔ le eyomedzelawo kplɔm le gbɔgbɔ me. (Petro I, 5:1-4) Le eƒe dzikpɔkpɔ te la, “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ɖoa ŋutsuwo wonyea dzikpɔlawo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me le xexea me godoo. (Mateo 24:45-47; Tito 1:5-9) Ŋutsu siawo ‘nyia Mawu ƒe hame’ la le dɔmefafa me, eye woɖoa kpɔɖeŋu nyui ɖi to kpekpeawo dede edziedzi me. Àte ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe ‘nunana siwo nye amewo’ la ŋu to kpekpeawo dede me; wò kpekpeawo yiyi kple gomekpɔkpɔ le wo me ade dzi ƒo na ame bubuwo.—Dɔwɔwɔwo 15:30-33; 20:28; Efesotɔwo 4:8, 11, 12.

“Miakpɔ Dzudzɔ Na Miaƒe Luʋɔwo”

Ne èle Kristotɔwo ƒe kpekpeawo me la, aleke nàwɔ akpɔ dzidzeme ŋutɔŋutɔ le afi ma? Mɔ ɖekae nye be nàwɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: ‘Mikpɔ nyuie le ale si mieɖoa toe ŋu.’ (Luka 8:18) Ame siwo di vevie be yewoasrɔ̃ nu la lé to ɖe Yesu ŋu vevie. Wobiae be wòaɖe eƒe kpɔɖeŋuwo me na yewo, eye esia na be gɔmesese deto va su wo si.—Mateo 13:10-16.

Àte ŋu asrɔ̃ ame siawo siwo tsi dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu ƒe kpɔɖeŋu to toɖoɖo nuƒowo nyuie le míaƒe kpekpewo me me. (Mateo 5:3, 6) Be wò susu nànɔ nya ŋu la, wò susu nènɔ ale si nuƒolaa le nyawo me ɖemee ŋu. Nɔ nya siawo biam ɖokuiwò le susu me be: ‘Aleke mate ŋu awɔ nya siawo ŋu dɔ le nye agbenɔnɔ mee? Mɔ ka nue mate ŋu azãe le atsɔ akpe ɖe amewo ŋui? Kpɔɖeŋu kawoe mawɔ atsɔ aɖe nya sia mee?’ Gakpe ɖe eŋu la, ʋu mawunyakpukpui siwo nuƒola la tsɔ le kpe ɖom eƒe nyati veviawo dzii la. Zi ale si nèléa ŋku ɖe ale si nèɖoa toe ŋu nyuie la, zi nenemae kpekpeawo ana dzidzeme wòe.

Le kpakpã vɔ megbe la, miɖo dze tso nu siwo miese ŋu. Wò susu nenɔ nu siwo ŋu woƒo nu tsoe kple ale si nàte ŋu atsɔe awɔ dɔe ŋu. Dzeɖoɖo tuameɖowo nana be kpekpeawo naa dzidzeme ame.

Ðikeke mele eme o be susu nyuiwo li si tae míaƒo ƒu ɖekae ɖo. Le viɖe siwo ŋu míeƒo nu tsoe fifia me toto vɔ megbe la, bia ɖokuiwo be, ‘Aleke mele wɔwɔm ɖe Yesu ƒe amekpekpe be “Mite va gbɔnye” la dzii?’

[Nɔnɔmetata siwo le axa 11]

Ðe dɔwɔna bubuwo xea mɔ na wò kpekpeawo dedea?