Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Tae Fukpekpewo Katã Nu Ayi Kpuie

Nu Si Tae Fukpekpewo Katã Nu Ayi Kpuie

Nu Si Tae Fukpekpewo Katã Nu Ayi Kpuie

“Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo.”—MOSE V, 32:4.

1, 2. (a) Nu ka tae nèdea asixɔxɔ agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu? (b) Nu kae xea mɔ na ame geɖe be woagaxɔ Mawu si do etsɔme wɔnuku ƒe ŋugbe la dzi ase o?

AGBENƆNƆ le Paradiso me ŋu bubu dzɔa dzi na wòa? Ðewohĩ èle ekpɔm le susu me ɖaa be yele tsa ɖim le anyigba wɔnuku la dzi hele nu srɔ̃m tso nu gbagbe vovovo siwo xexlẽme meli na o ŋu. Alo ɖewohĩ èdea ŋugble tso dzidzeme si nàkpɔ le dɔwɔwɔ kple ame bubuwo be anyigba bliboa natrɔ azu abɔ si xɔ xexea me katã me ŋu. Alo ɖewohĩ èbua aɖaŋudɔ, xɔtuɖaŋu, hadzidzi, alo dɔ bubu, siwo makpɔ ɣeyiɣi awɔ le xexe sia si me hloloetsotso yɔ fũ me o, ƒe ŋutete si ate ŋu asu asiwò la ŋu. Aleke kee wòɖale o, èdea asixɔxɔ agbe si Biblia yɔ be “agbe vavã”—agbe si Yehowa ɖo be míanɔ tegbee hafi la—nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu.—Timoteo I, 6:19.

2 Ðe menye dzidzɔ kple mɔnukpɔkpɔ xɔasi aɖe ŋutɔe wònye na mí be míagblɔ Biblia me mɔkpɔkpɔ sia ŋu nya na ame bubuwo oa? Gake ame geɖe gbea mɔkpɔkpɔ sia. Wobunɛ be enye ameflunya alo drɔ̃e gbolo aɖe si wotsɔna blea ame siwo mele ɖeke me nyam o la. Ate ŋu asesẽ na wo gɔ̃ hã be woaxɔ Mawu si do agbe mavɔ nɔnɔ le Paradiso me ƒe ŋugbe la dzi ase. Nu ka tae? Le ame aɖewo gome la, nu si tae vɔ̃ɖinyenye li ɖoe nye woƒe kuxia. Wobunɛ be ne Mawu lɔ̃ame aɖe si nye ŋusẽkatãtɔ li la, ke susu mele eme be vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe nanɔ xexea me o. Wogblɔna be Mawu si ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu aɖeke mate ŋu anɔ anyi o—alo ne eli hã, ke menye ŋusẽkatãtɔe wònye o, alo be metsɔa ɖeke le eme na mí o. Susu le nya siawo me na ame aɖewo. Esia ɖo kpe edzi be Satana bi ɖe ŋkugbagbã na amegbetɔwo ƒe tamesusu me ŋutɔ.—Korintotɔwo II, 4:4.

3. Nyabiase sesẽ ka ƒe ŋuɖoɖoe míate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woakpɔ, eye nu ka tae míesu te hena esia wɔwɔ?

3 Esi míenye Yehowa Ðasefowo ta la, míesu te nyuie be míakpe ɖe ame siwo Satana kple xexe sia me nunya le beblem la ŋu. (Korintotɔwo I, 1:20; 3:19) Míese nu si tae ame geɖe mexɔa Biblia me ŋugbedodowo dzi sena o la gɔme. Nya la koe nye be womedze si Yehowa o. Anye be womenya eƒe ŋkɔa kple gɔmesese si le ŋkɔa ŋu o, eye ɖewohĩ womenya nu boo alo nya naneke kura tso eƒe nɔnɔmewo, alo ale si wòwɔa eƒe ŋugbedodowo dzi ŋu o. Wove míawo ya nu be sidzedze ma su mía si. Tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, anyo be míanɔ ale si míate ŋu akpe ɖe ame siwo ƒe “nyasã do viviti” la ŋu be woakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase sesẽtɔ si amewo lɔ̃a biabia be, “Nu ka tae Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe li ɖo?” la me dzrom le mía ɖokui si. (Efesotɔwo 4:18) Gbã la, míadzro ale si míaɖo nya la ŋu wòade edeƒe me. Emegbe míadzro ale si Yehowa ƒe nɔnɔmewo dze le ale si wòle vɔ̃ɖinyenye ƒe nyaa gbɔ kpɔmee me la me.

Mɔ Nyuitɔ Si Nu Míaɖo Nya Ŋu Le

4, 5. Nu kae wòhiã be míawɔ gbã ne ame aɖe bia mí nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo? Ðe eme.

4 Ne ame aɖe bia mí nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo la, aleke míeɖoa eŋui? Zi geɖe la, míetea numeɖeɖe gbogbo aɖewo nana hedzea egɔme kple nu si dzɔ le Eden bɔa me. Le go aɖewo me la, enyo alea. Gake ŋuɖɔɖɔɖo aɖe hiã. Ðewohĩ ahiã be míaɖe afɔ aɖewo gbã. (Lododowo 25:11; Kolosetɔwo 4:6) Mina míakpɔ nu etɔ̃ aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu míana kpekpeɖeŋu aɖe amea gbã hafi ayi nyaŋuɖoɖoa ŋutɔ gbɔ la ɖa.

5 Gbã la, ne ale si vɔ̃ɖinyenye bɔ le xexea mee le fu ɖem na amea vevie la, ate ŋu anye be wowɔ nu vɔ̃ɖi aɖe ɖe eya ŋutɔ alo eƒe ame vevi aɖewo ŋu. Eya ta nunya anɔ eme be míaɖe veveseseɖeamenu vavã afia gbã. Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be: “Mifa avi kple amesiwo le avi fam la.” (Romatɔwo 12:15) Veveseseɖeamenu alo ‘ame ƒe nu si awɔ nublanui na mí’ ate ŋu awɔ dɔ ɖe amea dzi. (Petro I, 3:8) Ne ekpɔe dze sii be míetsɔ ɖe le eme na ye la, anɔ bɔbɔe be wòaɖo to nya si le mía si nɛ la.

6, 7. Nu ka tae wòasɔ be míakafu ame si kɔ dzi me bia nya ɖefuname si ƒe ŋuɖoɖo le Biblia me la?

6 Evelia, míate ŋu akafu amea ɖe ale si wòkɔ dzi me bia nya la ta. Ame aɖewo aƒo nya ta be nya siawo ƒe fuɖeɖe na yewo fia be xɔse mele yewo si o, alo be yewomele bubu dem Mawu ŋu o. Ðewohĩ subɔsubɔhakplɔlawoe fiaa wo nenema gɔ̃ hã. Ke hã, mefia nenema kokoko o. Nya lae nye be mawuvɔ̃la wɔnuteƒe aɖewo, siwo nɔ anyi le Biblia la ŋlɔɣi, hã bia nya mawo tɔgbi. Le kpɔɖeŋu me, hakpala Dawid bia be: “Yehowa, nukaŋuti nètsi tre ɖe adzɔge boo, eye nèɣla le xaxaɣiwo me?” (Psalmo 10:1) Nenema kee nyagblɔɖila Xabakuk bia be: “Yehowa, ɣekaɣi manɔ yɔwòm sesĩe, eye nagbe esese ase ɖo? Mado ɣli na wò le ŋutasesẽ ta, ke màxɔ na ame o? Nukaŋuti nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm, eye nèle hiãkame kpɔm kple ŋku, gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me, avuwɔwɔ li, eye dzre dzɔ?”—Xabakuk 1:2, 3.

7 Nuteƒewɔla siwo dea bubu deto Mawu ŋu woe gblɔ nya siawo. Ðe woka ŋkume na wo le nya ɖefuname siawo biabia ta? Ao, ɖe Yehowa na woŋlɔ woƒe nya siwo wobia tso dzi me la ɖi ɖe eƒe Nya la me boŋ. Egbea la, ɖewohĩ anye gbɔgbɔmedɔe le ame si vɔ̃ɖinyenye ƒe bɔbɔ ɖea fu na vevie la wum, eye wòle ŋuɖoɖo si Biblia ɖeka ko ate ŋu ana la dim. Ðo ŋku edzi be Yesu ƒo nu nyuie tso ame siwo gbɔgbɔmedɔ le wuwum alo ‘nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo’ la ŋu. (Mateo 5:3) Mɔnukpɔkpɔ kae nye esi wònye be míakpe ɖe ame mawo ŋu be woakpɔ dzidzɔ si ƒe ŋugbe Yesu do la!

8. Nufiafia siwo tɔtɔa ame kawoe na be amewo xɔe se be Mawu gbɔe fukpekpe tso, eye aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋui?

8 Etɔ̃lia, ahiã be míakpe ɖe amea ŋu wòakpɔe be menye Mawu gbɔe vɔ̃ɖinyenye si bɔ ɖe xexea me la tso o. Ame geɖe bunɛ be Mawue le xexe si me míele la dzi ɖum, eye be Mawu ɖo nu sia nu si dzɔna ɖe mía dzi la ɖi xoxo, eye ehea fukpekpe vaa ameƒomea dzi le susu aɖe si gɔme míate ŋu ase alo anya ta le enu o la ta. Nufiafia siawo nye aʋatso sɔŋ. Wokloa bubu le Mawu ŋu henana wòdzena abe egbɔe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe siwo le xexea me la tso ene. Eya ta ehiã be míazã Mawu ƒe Nya la atsɔ aɖɔ nya siawo ɖoe. (Timoteo II, 3:16) Menye Yehowae le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia dzi ɖum o; Satana Abosam yee! (Yohanes I, 5:19) Yehowa meɖoa nu si eƒe nuwɔwɔ nyanuwo ava nye le etsɔme la ɖi o; ena ablɔɖe kple mɔnukpɔkpɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe be wòatia nu si nye nyui alo vɔ̃, nu si le eteƒe alo esi mele eteƒe o. (Mose V, 30:19) Eye menye Yehowa gbɔe vɔ̃ɖinyenye tsona gbeɖe o; elé fu vɔ̃ɖinyenye eye wòtsɔa ɖe le eme na ame siwo kpea fu madzemadzee la.—Hiob 34:10; Lododowo 6:16-19; Petro I, 5:7.

9. Dɔwɔnu kawoe “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” na mí be wòakpe ɖe amewo ŋu woase nu si tae Yehowa Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo gɔme?

9 Ne ènya wɔ esia ko la, àkpɔe be amea adi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe gakpɔtɔ li ɖo la ŋu. “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ta agbalẽ gbogbo aɖewo be wòakpe ɖe ŋuwò le esia wɔwɔ me. (Mateo 24:44-47) Le kpɔɖeŋu me, woɖe trakt si ƒe tanyae nye Fukpekpewo Katã Nu Ayi Kpuie! ɖe go le ƒe 2005/06 “Toɖoɖo Mawu” Nutome gã Takpekpewo me. Ne trakt sia le mia degbe me la, ɖe manyo ŋutɔ be nasrɔ̃e nyuie anya emenyawo oa? Ta blibo ɖeka le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? si le gbegbɔgblɔ 157 me la hã me si ɖe nyabiase vevi sia me. Zã dɔwɔnu siawo nyuie. Woɖe ale si Ŋɔŋlɔawo ɖɔ nu si gbɔ xexea me katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya si fɔ ɖe te le Eden la tso kple nu si tae Yehowa kpɔ nyaa gbɔ nenema ɖo la me eme kɔ nyuie. Nenɔ susu me na wò hã be esi nèle nya sia me ɖem na amea la, èle sidzedze vevitɔ si ate ŋu asu ame si la ƒe mɔnukpɔkpɔ ʋum ɖi nɛ. Eyae nye sidzedze Yehowa kple eƒe nɔnɔme wɔnukuwo.

He Susu Yi Yehowa Ƒe Nɔnɔmewo Dzi

10. Nu ka gɔmesesee sesẽna na amewo ku ɖe nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo ŋu, eye nu ka nyanyae akpe ɖe wo ŋu?

10 Ne èle kpekpem ɖe amewo ŋu be woase nu si tae Yehowa ɖe mɔ be amegbetɔwo ŋutɔ naɖu wo ɖokui dzi le Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te gɔme la, dze agbagba nàhe woƒe susu ayi Yehowa ƒe nɔnɔme wɔnukuwo dzi. Ame geɖe nyae be ŋusẽ le Mawu si; wosenɛ woyɔnɛ be Mawu Ŋusẽkatãtɔ. Gake ate ŋu asesẽ na wo be woase nu si tae mezã eƒe ŋusẽ gã ma tsɔ ɖe madzɔmadzɔnyenye kple fukpekpe ɖa enumake o la gɔme. Ðewohĩ womese Yehowa ƒe nɔnɔme bubuwo abe eƒe kɔkɔenyenye, dzɔdzɔenyenye, nunya, kple eƒe lɔlɔ̃ ene gɔme o. Yehowa ɖea nɔnɔme siawo fiana le mɔ si de blibo heda sɔ nu. Esia tae Biblia gblɔ be: “Eƒe nuwɔwɔ de blibo.” (Mose V, 32:4) Aleke nàte ŋu ahe susu ayi nɔnɔme siawo dzi ne èle nya siwo fɔna ɖe te kuna ɖe nyabiase sia ŋu la ŋu ɖom? Mina míakpɔ kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ɖa.

11, 12. (a) Nu ka tae tsɔtsɔke mehiã esi Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃ o? (b) Nu ka tae Yehowa maɖe mɔ ɖe nu vɔ̃ ŋu tegbee o?

11 Ðe Yehowa ate ŋu atsɔ ake Adam kple Xawa ko evɔa? Tsɔtsɔke mehiã le nya sia me o. Esi Adam kple Xawa nye ame deblibowo ta la, ɖe woɖoe koŋ gbe Yehowa ƒe dziɖulanyenye eye wotia Satana ƒe mɔfiame boŋ. Mewɔ nuku o be, aglãdzela siawo meɖe dzimetɔtrɔ aɖeke fia o. Eya ta ne amewo le tsɔtsɔke ƒe nya gblɔm le nya sia me la, efia be wole gbɔgblɔm be ɖe wòle be Yehowa nagbɔdzɔ eƒe dzidzenuwo me eye wòaɖe mɔ ɖe nu vɔ̃ kple aglãdzedze ŋu hafi. Nyaŋuɖoɖoa ku ɖe nɔnɔme vevi aɖe si le Yehowa si ŋu—eyae nye eƒe kɔkɔenyenye.—Mose II, 28:36; 39:30.

12 Biblia ƒo nu tso Yehowa ƒe kɔkɔenyenye ŋu zi gbɔ zi geɖe. Nublanuitɔe la, ame ʋɛ aɖewo koe le xexe gblẽku sia me siwo se nɔnɔme sia gɔme. Yehowa le kɔkɔe, le dzadzɛ, eye nu vɔ̃ aɖeke mele eŋu o. (Yesaya 6:3; 59:2) Le nu vɔ̃ gome la, ewɔ avuléle ƒe ɖoɖo ɖe eŋu, be yeatutui ɖa, gake maɖe mɔ ɖe nu vɔ̃ ŋu tegbee o. Ne ɖe Yehowa aɖe mɔ ɖe nu vɔ̃ ŋu tegbee la, anye ne etsɔme mɔkpɔkpɔ aɖeke manɔ mía si o. (Lododowo 14:12) Le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, agana nuwɔwɔwo katã nazu kɔkɔe. Kakaɖedzi le nya sia ŋu, elabena Kɔkɔetɔ la ƒe lɔlɔ̃nue.

13, 14. Nu ka tae Yehowa tiae be yematsrɔ̃ aglãdzelaawo le Eden o?

13 Ðe Yehowa ate ŋu atsrɔ̃ aglãdzelawo le Eden ahawɔ nuwo yeye ko evɔa? Le nyateƒe me la, ŋusẽ le esi be wòawɔe; eteƒe madidi o, azã ŋusẽ ma atsɔ atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã ɖa. Gake ame aɖewo abia be, ‘nu ka tae mewɔe nenema esime nu vɔ̃ wɔla etɔ̃ koe nɔ xexea me o? Ðe esia maxe mɔ ɖe nu vɔ̃—kple fukpekpe siwo katã míekpɔna le xexea me la—nu oa?’ Nu ka tae Yehowa metiae be yeaɖe afɔ ma o? Mose V, 32:4 gblɔ be: “Eƒe mɔwo katã dzɔ.” Yehowa bua dzɔdzɔenyenye nu vevi aɖe ŋutɔ. Le nyateƒe me la, “Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe.” (Psalmo 37:28) Esi Yehowa lɔ̃a dzɔdzɔenyenye tae metsrɔ̃ aglãdzelawo ɖa le Eden o. Nu ka tae?

14 Satana ƒe aglãdzedzea fɔ nya aɖe ɖe te ku ɖe Mawu ƒe dzedze be wòaɖu dzi ŋu. Yehowa ƒe nɔnɔme ɖe dzɔdzɔenyenye ŋu bia be wòakpɔ ŋuɖoɖo si le eteƒe na Satana ƒe gbetɔamea. Togbɔ be aglãdzelaawo dze na tsɔtsrɔ̃ hã la, wo tsɔtsrɔ̃ɖa enumake mana woakpɔ ŋuɖoɖo na nya sia o. Esia agaɖo kpe Yehowa ƒe ŋusẽ si ƒo ɖe sia ɖe ta la dzi, gake wometsɔ nya ɖe eƒe ŋusẽ ŋu o. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa do ŋgɔ gblɔ eƒe tameɖoɖo na Adam kple Xawa. Eyae nye be woadzi ayɔ anyigba dzi, anye agbo ɖe edzi, eye woaɖu anyigba dzi nuwɔwɔwo katã dzi. (Mose I, 1:28) Ne ɖe Yehowa tsrɔ̃ Adam kple Xawa enumake la, anye ne eƒe tameɖoɖo si ku ɖe amegbetɔwo ŋu si wòɖe gblɔ la zu nya ƒuƒlu ko. Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye maɖe mɔ nɛ be wòadzɔ nenema gbeɖe o, elabena eƒe tameɖoɖowo vaa eme ɣesiaɣi.—Yesaya 55:10, 11.

15, 16. Ne amewo le nya si fɔ ɖe te le Eden “gbɔkpɔnu” bubuwo dom ɖa la, aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋui?

15 Ðe ame aɖe le xexea me si ate ŋu akpɔ aglãdzedze ƒe nya sia gbɔ nunyatɔe wu Yehowa? Ame aɖewo ado woa ŋutɔwo ƒe susu ɖa ku ɖe aglãdzedze si do mo ɖa le Eden la “gbɔkpɔnu” ŋu. Gake ne wowɔe alea la, ɖe womanɔ eɖem anɔ fiafiam be yewonya mɔnu si nyo wu si woatsɔ akpɔ nya sia gbɔe oa? Womanya wɔ esia kple susu vɔ̃ ya o, gake womese Yehowa kple eƒe nunya wɔnuku la gɔme o. Esi apostolo Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na Kristotɔ siwo nɔ Roma la, ewɔ numekuku tsitotsito ku ɖe Mawu ƒe nunya, si ƒe akpa aɖee nye “nya ɣaɣla” si ku ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo be yeato Mesia Fiaɖuƒea dzi aɖe ameƒomea me tɔ wɔnuteƒewo ahakɔ Eƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu la, ŋu. Aleke Paulo se le eɖokui me ku ɖe Mawu si ɖo tame sia ƒe nunya ŋu? Apostoloa wu eƒe lɛtaa nu be: “Mawu, si nye nunyatɔ ɖeka hɔ̃ to Yesu Kristo dzi la, tɔ nanye bubu la yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.”—Romatɔwo 11:25; 16:25-27.

16 Paulo de dzesii be Yehowae nye “nunyatɔ ɖeka hɔ̃” la, ame si ƒe nunya ƒo ɖe sia ɖe ta le xexea me. Amegbetɔ madeblibo kae ate ŋu asusui be yeate ŋu akpɔ nya aɖe gbɔ nyuie wu—kakaka wòahayi nya sesẽtɔ si fɔ ɖe te ku ɖe Mawu ƒe nunya ŋu la gbɔ kpɔ ge? Ekema, ehiã be míakpe ɖe amewo ŋu be woawo hã navɔ̃ Mawu si si “dzi nyanu le” la abe míawo ke ene. (Hiob 9:4) Zi ale si míese Yehowa ƒe nunya gɔme nyuie la, zi nenemae míekana ɖe edzi bliboe be ale si wòkpɔa nyawo gbɔe nye nyuitɔa.—Lododowo 3:5, 6.

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Yehowa Ƒe Nɔnɔme Vevitɔ Ŋu

17. Aleke Yehowa ƒe lɔlɔ̃ gɔmesese deto ate ŋu akpe ɖe ame siwo Mawu ƒe mɔɖeɖe ɖe fukpekpe ŋu ɖea fu na la ŋui?

17 “Mawu enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:8) Biblia tsɔ nya wɔdɔɖeamedzi siawo ɖɔ Yehowa ƒe nɔnɔme vevitɔ, si nye nɔnɔme si nyoa ame ŋu wu bubuawo katã, eye wònye esi faa akɔ na ame siwo vɔ̃ɖinyenye ƒe bɔbɔ ɖe xexea me ɖea fu na vevie la ŋutɔ. Yehowa ɖe lɔlɔ̃ fia le mɔ siwo katã nu wòle nu siwo nu vɔ̃ gblẽ le eƒe nuwɔwɔwo ŋu gbɔ kpɔmee la me. Lɔlɔ̃ ʋã Yehowa wòna mɔkpɔkpɔ su Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo si. (Mose I, 3:15) Mawu ɖe mɔ na wo be woate ɖe ye ŋu le gbedodoɖa me, eye woanɔ ƒomedodo nyui me kpli ye. Lɔlɔ̃ ʋã Mawu wòna tafe si dzi woato atsɔ nu vɔ̃wo ake keŋkeŋ, eye woagaɖo agbe tegbee nɔnɔ le blibodede me anyi ake la. (Yohanes 3:16) Eye lɔlɔ̃e ʋãe be wògbɔ dzi ɖi na ameƒomea hena mɔnukpɔkpɔ ame gbogbo aɖewo be woagbe nu le Satana gbɔ, eye woatia Yehowa be wòanye yewoƒe Dziɖula Gã.—Petro II, 3:9.

18. Gɔmesese kae wove mía nu wòsu mía si, eye nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

18 Esi osɔfo aɖe nɔ nu ƒom na ameha aɖe si kpe ta be woaɖo ŋku ŋɔdzidonamelawo ƒe amedzidzedze dziŋɔ aɖe dzi la, egblɔ be: “Míenya susu si tae Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe yi edzi li ɖo o.” Nublanuinya kae nye esi! Ðe menye dzidzɔ na mí ŋutɔ be míese nya sia gɔme oa? (Mose V, 29:29) Eye esi Yehowa nye nunyala, dzɔdzɔetɔ, kple amelɔ̃la ta la, míenya be aɖe fukpekpewo katã ɖa kpuie. Le nyateƒe me la, edo ŋugbe be yeawɔe hã. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ekema ame siwo ku le ƒe alafa siawo katã me ya ɖe? Ðe Yehowa ŋlɔ wo be le mɔ siwo nu wòle nya si fɔ ɖe te le Eden la gbɔ kpɔmee la mea? Ao. Lɔlɔ̃ ʋãe be wòwɔ tsitretsitsi ƒe ɖoɖo na woawo hã. Esia mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Ne ame aɖe bia mí nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo la, nya kae míate ŋu agblɔ?

• Aleke Yehowa ƒe kɔkɔenyenye kple eƒe dzɔdzɔenyenye dze le ale si wòwɔ nu kple aglãdzelaawo le Eden mee?

• Nu ka tae wòle be míakpe ɖe amewo ŋu be Yehowa ƒe lɔlɔ̃ gɔmesese deto nasu wo si?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Di mɔnu nàkpe ɖe ame siwo fukpekpe siwo le xexea me ɖea fu na la ŋu

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Nuteƒewɔla Dawid kple Xabakuk kɔ dzi me bia nya Mawu