Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsitretsitsi La—Ðe Wònye Nu Ŋutɔŋutɔ Na Wòa?

Tsitretsitsi La—Ðe Wònye Nu Ŋutɔŋutɔ Na Wòa?

Tsitretsitsi La​—​Ðe Wònye Nu Ŋutɔŋutɔ Na Wòa?

“Tsitretsitsi li.”—DƆWƆWƆWO 24:15.

1. Nu ka tae ku dzea nu si nu ame aɖeke mate ŋu asi le o?

“LE XEXE sia me la, kakaɖedzi mele naneke ŋu o, negbe ku kple adzɔ ko.” Nya sia si Amerika dziɖuɖumegã Benjamin Franklin ŋlɔ le ƒe 1789 me la dze nya si me nunya le na ame aɖewo. Ke hã, anukwaremaɖila geɖe gbea woƒe adzɔwo xexe. Gake ku ya dze nu si nu ame aɖeke mate ŋu asi le o. Mía dometɔ aɖeke mate ŋu asi le enu le eɖokui si gbeɖegbeɖe o. Ame aɖeke medona le esi me o. Tsieƒe—si nye ameƒomea ƒe yɔdo—si meɖia ƒo o la léa míaƒe ame veviwo mina. (Lododowo 27:20) Gake de ŋugble tso nya fakɔname sia ŋu kpɔ.

2, 3. (a) Nu ka tae kakaɖedzi mele ku ŋu abe ale si ame aɖewo bunɛ egbea ene o? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Yehowa ƒe Nya la na tsitretsitsi, si nye be woagafɔ ava agbe me ake, ƒe mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le mí. Menye drɔ̃e dzro aɖe koe nya sia nye o, eye ŋusẽ aɖeke mele xexea me si ate ŋu axe mɔ na Yehowa be wòagana esia nava eme o. Le ame aɖewo ya gome la, kakaɖedzi mele ku ŋu abe ale si ame aɖewo bunɛ egbea ene o. Nu ka tae? Elabena “ameha gã” aɖe si mele xexlẽ me o atsi agbe atso “xaxa gã” si ava kpuie la. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 14) Woayi edzi anɔ agbe ɖaa tegbee. Eya ta woawo ya ku ƒe asi masu wo dzi o. Gawu la, ‘woaɖe ku ɖa.’—Korintotɔwo I, 15:26.

3 Ele be míaka ɖe tsitretsitsia dzi abe ale si apostolo Paulo ka ɖe edzii ene, ame si gblɔ be: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Mina míadzro tsitretsitsia ŋuti nyabiase etɔ̃ aɖewo me akpɔ. Gbã la, nu kae na kakaɖedzi le mɔkpɔkpɔ sia ŋu? Evelia, aleke tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ate ŋu afa akɔ na wò ŋutɔe? Etɔ̃lia, aleke mɔkpɔkpɔ sia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si nènɔa agbee fifia dzi?

Tsitretsitsia—Kakaɖedzi Le Eŋu

4. Aleke tsitretsitsia nye Yehowa ƒe tameɖoɖo ƒe akpa vevi aɖee?

4 Nu geɖe li siwo na be kakaɖedzi le tsitretsitsia ŋu. Vevitɔae nye be enye Yehowa ƒe tameɖoɖo ƒe akpa vevi aɖe. Ðo ŋku edzi be Satana kplɔ ameƒomea de nu vɔ̃ kple emetsonu si nu womate ŋu asi le o, si nye ku me. Eya ta Yesu gblɔ le Satana ŋuti be: “Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me.” (Yohanes 8:44) Gake Yehowa do ŋugbe be yeƒe “nyɔnu” alo dziƒohabɔbɔ si le abe srɔ̃a ene la adzi ‘dzidzimevi’ aɖe si agba ta na “da xoxo” ma eye esia awɔe be Satana maganɔ anyi kura o. (Mose I, 3:1-6, 15; Nyaɖeɖefia 12:9, 10; 20:10) Esi Yehowa nɔ nu klom le eƒe tameɖoɖo si ku ɖe Dzidzimevi si nye Mesia ma ŋu dzi vivivi la, eva dze ƒã be menye Satana koe Dzidzimevi ma atsrɔ̃ ɖa o. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Esia ŋuti Mawuvi la ɖe eɖokui fia, bene yeagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo.” (Yohanes I, 3:8) Ku si tso nu vɔ̃ si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ lae nye Satana ƒe dɔwɔwɔwo ƒe akpa vevitɔ si Yehowa ɖo tame be yeato Yesu Kristo dzi aɖe ɖa. Esia tae Yesu ƒe tafevɔsa kple eƒe tsitretsitsia siaa le vevie ŋutɔ ɖo.—Dɔwɔwɔwo 2:22-24; Romatɔwo 6:23.

5. Nu ka tae tsitretsitsia akɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu ɖo?

5 Yehowa ɖoe kplikpa be yeakɔ yeƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu. Satana ƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔ eye wòdo alakpadada ɖe ŋgɔ. Eda alakpa be ne Adam kple Xawa ɖu ati si ŋuti Mawu de se ɖo la, ‘womaku akpɔ o.’ (Mose I, 2:16, 17; 3:4) Tso ɣemaɣi dzi la, Satana yi alakpa sia ƒomevi dada dzi, si ƒe ɖee nye alakpanufiafia si nye be ne ame ku la, eƒe luʋɔ yia edzi nɔa agbe. Ke hã, Yehowa ato tsitretsitsia dzi aɖee afia be nya siawo nye alakpa ɖeɖe sɔŋ. Aɖo kpe edzi be ye ɖeka koe nye Agbetakpɔla kple Agbegbugbɔnala tegbee.

6, 7. Aleke Yehowa sena le eɖokui me ku ɖe amewo fɔfɔ ɖe tsitre ŋu, eye aleke míewɔ nya eƒe seselelãmeawo?

6 Edzroa Yehowa vevie be yeafɔ amewo ɖe tsitre. Biblia gblɔ Yehowa ƒe seselelãme le esia ŋu wòdze ƒã. Le kpɔɖeŋu me, bu nya sia siwo gbɔgbɔ ʋã nuteƒewɔla Hiob wògblɔ la ŋu kpɔ: “Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea? Le nye aʋamenɔɣiwo katã la manɔ asiɖeɖe le ŋunye lalam. Àyɔm, eye matɔ na wò, ne wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu le dzrowòm.” (Hiob 14:14, 15) Nu kae nya siawo fia?

7 Hiob nyae be ne yeku la, ele na ye be yeadɔ alɔ̃ le ku me halase ɣeyiɣi aɖe. Ebu alɔ̃dɔɣi ma be enye “aʋamenɔɣiwo,” si nye ɣeyiɣi si woazi ye dzi halase esime woaɖe asi le ye ŋu. Eka ɖe edzi be woaɖe asi le ye ŋu godoo. Hiob nyae be yeava kpɔ gbɔdzɔe. Nu ka tae? Elabena enya Yehowa ƒe seselelãmewo. ‘Adzro’ Yehowa vevie be yeagakpɔ ye subɔla wɔnuteƒe la ake. Ɛ̃, edzroa Mawu vevie be yeagbɔ agbe ame dzɔdzɔewo katã. Yehowa ana mɔnukpɔkpɔ ame bubuwo hã be woanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi. (Luka 23:43; Yohanes 5:28, 29) Esi Mawu ŋutɔe ɖo tame be yeawɔ esia ta la, ame kae ate ŋu axe mɔ nɛ?

8. Aleke Yehowa ‘na kakaɖedzi’ ku ɖe míaƒe etsɔme mɔkpɔkpɔa ŋui?

8 Yesu fɔfɔ ɖe tsitre na kakaɖedzi le míaƒe etsɔme mɔkpɔkpɔa ŋu. Esi Paulo ƒo nuƒo aɖe le Atene la, egblɔ be: “[Mawu ɖo] ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu to ŋutsu aɖe, si woɖo la dzi; eye wòle xɔse dom ɖe amewo katã, le esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti.” (Dɔwɔwɔwo 17:31) Esi Paulo ƒe nyaselawo dometɔ aɖewo se tsitretsitsi ŋu nya la, eɖi kokoe na wo. Gake wo dometɔ ʋɛ aɖewo va zu xɔsetɔwo. Ðewohĩ anye esi wokpɔe be kakaɖedzi le mɔkpɔkpɔ sia ŋu yee he woƒe susu. Esi Yehowa fɔ Yesu ɖe tsitre la, enye nukunu gãtɔ kekeake si Wòwɔ. Egbɔ agbe Via wònye gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔ aɖe. (Petro I, 3:18) Gãnyenye si su Yesu si le eƒe tsitretsitsi megbe la lolo wu esi nɔ esi do ŋgɔ na eƒe amegbetɔzuzu. Esi makumakunyenye su Yesu si eye wòzu ŋusẽtɔ si Yehowa ɖeɖe ko ƒe ŋusẽ le ŋgɔ na ta la, esu te axɔ dɔdeasi gãwo tso Fofoa gbɔ azɔ. Yesu dzie Yehowa tona fɔa ame bubu ɖe sia ɖe ɖe tsitre—eɖanye hena dziƒoyiyi loo alo hena anyigba dzi nɔnɔ o. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la.” (Yohanes 5:25; 11:25) Yehowa to Via fɔfɔ ɖe tsitre dzi ɖo kpe mɔkpɔkpɔ siawo dzi na nuteƒewɔlawo katã.

9. Aleke Biblia me nuŋlɔɖiwo ɖo kpe tsitretsitsia ƒe nu ŋutɔŋutɔ nyenye dzii?

9 Wofɔ amewo ɖe tsitre amewo kpɔ ŋutɔŋutɔ eye woŋlɔe ɖe Mawu ƒe Nya la me. Woŋlɔ ale si wogbɔ agbe ame enyi aɖewo la ŋuti nyatakakawo ɖi tsitotsito ɖe Biblia me. Menye adzamee wowɔ nukunu siawo le o, ke boŋ wowɔe le gaglãgbe amewo kpɔ. Yesu fɔ Lazaro si ku ŋkeke enee nye ma ɖe tsitre le konyifala gbogbo aɖewo ŋkume—ɖikeke mele eme o be wo dometɔ aɖewo nye Lazaro ƒe ƒometɔwo, exɔlɔ̃wo, kple eƒe aƒelikawo. Kpeɖodzi nɔ nudzɔdzɔ sia si ɖo kpe edzi be Mawue dɔ Yesu ɖa la ŋu ale gbegbe be Yesu ƒe futɔ siwo nye subɔsubɔhakplɔlawo meke ɖi nu sia ƒe dzɔdzɔ kpɔ o. Ðe woɖo nugbe be yewoawu Yesu kple Lazaro siaa boŋ. (Yohanes 11:17-44, 53; 12:9-11) Ɛ̃, kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be nu ŋutɔŋutɔe tsitretsitsia nye. Mawu na woŋlɔ ame siwo wofɔ ɖe tsitre le blema la ŋu nya ɖi be wòafa akɔ na mí ahatu míaƒe xɔse ɖo.

Ale Si Tsitretsitsi Mɔkpɔkpɔa Afa Akɔ Na Míi

10. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míakpɔ akɔfafa tso tsitretsitsi ŋuti nuŋlɔɖi siwo le Biblia me la me?

10 Ne ku ɖo agba me na wò la, ɖe wòdzroa wò vevie be woafa akɔ na yea? Akɔfafa tsoƒe vavã ɖekae nye tsitretsitsi ŋuti nuŋlɔɖi siwo le Biblia me. Nuŋlɔɖi siawo xexlẽ, ŋugbledede tso wo ŋu, kple wo kpɔkpɔ ɖaa le susu me ate ŋu ana be tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa nanye nu ŋutɔŋutɔ na wò. (Romatɔwo 15:4) Menye ŋutinya dzro aɖewo koe wonye o. Wonye nu siwo dzɔ ŋutɔŋutɔ ɖe ame ŋutɔŋutɔwo abe míawo ene dzi, ame siwo nɔ agbe ŋutɔŋutɔ le teƒe aɖewo kpɔ. Mina míadzro kpɔɖeŋu ɖeka me kpuie—esi nye tsitretsitsi gbãtɔ si ŋu nya woŋlɔ ɖe Biblia me.

11, 12. (a) Nya vɔ̃ kae dzɔ ɖe ahosi si nɔ Zarpat dzi, eye aleke wòwɔ nui gbã? (b) Gblɔ nu si Yehowa na ŋusẽ eƒe nyagblɔɖila Eliya wòwɔ na ahosia.

11 Kpɔ nudzɔdzɔ sia le susu me ɖaa. Nyagblɔɖila Eliya dze ahosi aɖe amedzroe le Zarpat kwasiɖa aɖewo, eye ahosia xɔe ɖe eƒe xɔtaxɔ me. Nɔnɔmeawo sesẽ ŋutɔ le ɣeyiɣi sia me. Kuɖiɖi kple dɔwuame gblẽ nu le nutoa me. Ame geɖewo le kukum. Yehowa zã Eliya xoxo tsɔ wɔ nukunu aɖe si nɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe tsɔ ɖo ahosi dahe sia ƒe xɔse teƒe nɛ. Eyae nye be esi wòsusɔ nu susɔe si nyɔnua kple via woaɖu ko ne woƒe nuɖuɖu navɔ keŋkeŋ la, Mawu na ŋusẽ Eliya wòto nukumɔ aɖe dzi na wɔ kple ami siwo nɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe la su wo si. Gake fifia ya la, nya vɔ̃ aɖe dzɔ ɖe nyɔnua dzi. Via dze dɔ kpata, eye eƒe gbɔgbɔ nu tso. Esia te ɖe ahosia dzi loo! Agbenɔnɔ srɔ̃ŋutsu ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee ɖeɖe kura mele bɔbɔe o, gake fifia ya via ɖeka kolia hãe nye ema ku. Le nuxaxa si esia do nɛ ta la, ebu fɔ Eliya kple eƒe Mawu, Yehowa, gɔ̃ hã! Nu kae nyagblɔɖila la awɔ?

12 Eliya meka ŋkume na ahosia le esi wòbu fɔ wo madzemadzee ta o. Ke boŋ egblɔ be: “Tsɔ viwò la nam!” Esi Eliya kɔ ɖevi kukua yi ɖe xɔtaxɔa me la, edo gbe ɖa enuenu be ɖevia nagbɔ agbe. Mlɔeba la, Yehowa ɖo eŋu nɛ! Kpɔ ale si dzidzɔ anya dze le mo na Eliyae esime ɖevia te gbɔgbɔ la ɖa! Ðevia ʋu ŋku eye eƒe mo kɔ. Eliya kplɔ ɖevia vɛ na dada hegblɔ be: “Kpɔ ɖa, viwò la tsi agbe.” Nyɔnua kpɔ dzidzɔ kakaka tso eme. Egblɔ be: “Azɔ medze sii bena, Mawu ƒe amee nènye, eye Yehowa ƒe gbe, si le nuwò la, nye nyateƒe.” (Fiawo I, 17:8-24) Egaxɔ Yehowa kple eteƒenɔla siaa dzi se ɖe edzi wu.

13. Nu ka tae ahosi si ƒe vi Eliya fɔ ɖe tsitre la ŋuti nuŋlɔɖia faa akɔ na mí egbea?

13 Ŋugbledede le nuŋlɔɖi siawo ŋu afa akɔ na wò godoo. Ekema ɖee medze ƒãa be Yehowa ate ŋu aɖu ku si nye míaƒe futɔ la dzi oa? Wò ya kpɔ ale si nɔnɔmeawo anɔ ne ame akpeakpewo va le dzidzɔ si tɔgbi ahosia kpɔ la kpɔm le ame hahoowo ƒe tsitretsitsi ŋkeke la dzi la le susu me ɖa! Dzidzɔ si woakpɔ le dziƒo hã alolo ŋutɔ ne Yehowa le mɔ fiam Via wòle amewo fɔm ɖe tsitre le anyigba bliboa dzi. (Yohanes 5:28, 29) Ðe wò ame vevi aɖe ku kpɔa? Dzidzɔ kae nye esi wònye be míanyae be Yehowa ate ŋu agbɔ agbe amewo eye be ele ewɔ ge hã!

Wò Mɔkpɔkpɔ Kple Wò Agbenɔnɔ Fifia

14. Aleke tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si nènɔa agbee dzi?

14 Aleke tsitretsitsia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si nènɔa agbee fifia dzii? Mɔkpɔkpɔ sia ate ŋu ado ŋusẽ wò ne èɖo nɔnɔme sesẽwo, kuxiwo, yometitiwo, kple afɔkuwo me. Satana di be ku nadzi ŋɔ na wò ale gbegbe be nàdi be yeaɖe asi le wò nuteƒewɔwɔ ŋu le agbetakpɔkpɔ ƒe ŋugbedodo ƒuƒlu aɖewo ta. Ðo ŋku edzi be Satana gblɔ na Yehowa be: “Amegbetɔ atsɔ nusiwo katã le esi la, ana ɖe eƒe agbe ta.” (Hiob 2:4) Esi Satana gblɔ nya sia la, egblẽ mí katã ŋu, wò hã èle eme. Ðe wònye nyateƒe be ne wò agbe ɖo afɔku me la, àdzudzɔ Mawu subɔsubɔa? To ŋugbledede tso tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu me la, àte ŋu ana wò tameɖoɖo kplikpa be yeayi edzi anɔ Fofowò si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la me nasẽ goŋgoŋ.

15. Aleke Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Mateo 10:28 ate ŋu afa akɔ na mí ne míaƒe agbe ɖo afɔku me?

15 Yesu gblɔ be: “Migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le [Gehenna].” (Mateo 10:28) Mele be Satana alo eƒe dɔtsɔla amegbetɔwo nadzi ŋɔ na mí o. Enye nyateƒe be wo dometɔ aɖewo ate ŋu awɔ vɔ̃ mí alo awu mí gɔ̃ hã ya. Gake ɣeyiɣi kpui aɖe koe vɔ̃ gãtɔ si woate ŋu awɔ mí la anɔ anyi. Yehowa ate ŋu aɖɔ nu sia nu si woagblẽ le esubɔla wɔnuteƒewo ŋu ɖo eye ele wɔ ge hã; afɔ wo ɖe tsitre gɔ̃ hã. Yehowa koe nye ame si dze be míavɔ̃ ahatsɔ bubu deto ana. Eya koe ate ŋu axɔ agbe kple etsɔme mɔkpɔkpɔwo katã le ame si to ŋutilã kple luʋɔ la siaa tsɔtsrɔ̃ le Gehenna me. Dzidzɔtɔe la, Yehowa medi be esia nadzɔ ɖe dziwò o. (Petro II, 3:9) Le tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ta la, mí Mawu subɔlawo míate ŋu aka ɖe edzi ɣesiaɣi be míele dedie. Ne míenya yi edzi le nuteƒe wɔm ko la, míava anɔ agbe mavɔ le etsɔme godoo, eye Satana kple eteviwo mate ŋu axe mɔ ɖe esia nu o.—Psalmo 118:6; Hebritɔwo 13:6.

16. Aleke míaƒe nukpɔsusu kpɔa ŋusẽ ɖe nu siwo míetsɔna ɖoa nɔƒe gbãtɔ dzii?

16 Ne tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa nye nu ŋutɔŋutɔ na mí la, ate ŋu atrɔ míaƒe nukpɔsusu le agbe ŋu. Míenyae be ‘míeɖaku loo, alo míeɖale agbe o, Yehowa tɔe míenye.’ (Romatɔwo 14:7, 8) Eya tae ne míele nu siwo míaɖo nɔƒe gbãtɔ ŋu bum la, míewɔna ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.” (Romatɔwo 12:2) Ame geɖe tsia klokloklo be yewoaɖi kɔ na yewoƒe didi kple seselelãme ɖe sia ɖe alo be yewoaɖo yewoƒe taɖodzinuwo gbɔ enumake. Elabena esi wobunɛ be agbea le kpuie ta la, wotsia agbeɖuɖu yome megbemakpɔmakpɔe, eye ne wokpɔa gome le subɔsubɔ ƒomevi aɖe me hã la, esia mewɔa ɖeka kple ‘Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si le blibo la o.’

17, 18. (a) Aleke Yehowa ƒe Nyaa lɔ̃ ɖe edzi be amegbetɔwo ƒe agbe le kpuie, gake nu kae nye Mawu ƒe didi na mí? (b) Nu ka tae míedina vevie be míakafu Yehowa gbe sia gbe ɖo?

17 Enye nyateƒe be agbea le kpuie. ‘Eva yina kabakaba, eye míedzona,’ ɖewohĩ le ƒe 70 alo 80 aɖewo me. (Psalmo 90:10) Amegbetɔwo dona eye wo nu va yina abe gbe ene, abe vɔvɔli ene, abe ƒuƒu ene. (Psalmo 103:15; 144:3, 4) Gake Mawu meɖoe be míatsɔ ƒe ʋɛ aɖewo atsɔ atsi eye nunya kple nuteƒekpɔkpɔ aɖewo nasu mía si ko adze tɔgbuikuku le ƒe ʋɛ siwo kplɔe ɖo me, adze dɔ ahaku o. Ðe Yehowa wɔ amegbetɔwo hede agbe mavɔ nɔnɔ ƒe didi wo me boŋ. Biblia gblɔ na mí be ‘ede mavɔmavɔ dzi me na wo.’ (Nyagblɔla 3:11) Ðe Mawu nye ŋutasẽla ale be wòade didi sia mía me, evɔa wòahaxe mɔ ɖe enua? Kura o, elabena “Mawu enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:8) Ato tsitretsitsia dzi ana agbe mavɔ ame siwo ku la.

18 Le tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ta la, etsɔme si ŋu kakaɖedzi le ate ŋu asu mía si. Mehiã be míatsi klokloklo be míawɔ míaƒe ŋutetewo katã ŋuti dɔ fifi laa o. Mehiã be míawɔ xexe sia si le kudɔ ƒom la ŋuti dɔ bliboe o. (Korintotɔwo I, 7:29-31; Yohanes I, 2:17) To vovo na ame siwo si mɔkpɔkpɔ gobi aɖeke mele o la, nunana wɔnuku, si nye enyanya be ne míeyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa Mawu la, mɔnukpɔkpɔ asu mía si míakafui tegbee ahase vivi le agbe me la, le mía si. Ekema, mina míanɔ Yehowa, ame si na tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa nye nu ŋutɔŋutɔ la, kafum gbe sia gbe eɖanye nu ka kee ɖale dzɔdzɔm o!

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke wòle be míase le mía ɖokui me ku ɖe tsitretsitsia ŋu?

• Nu kawoe na be kakaɖedzi le tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu?

• Aleke nàte ŋu awɔ akpɔ akɔfafa tso tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa me?

• Ŋusẽ kae tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ate ŋu akpɔ ɖe ale si nènɔa agbee dzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Hiob nyae be edzroa Yehowa vevie be yeafɔ ame dzɔdzɔewo ɖe tsitre

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

“Kpɔ ɖa, viwò la tsi agbe”