Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Wò Tameɖoɖowo Adze Dzi”

“Wò Tameɖoɖowo Adze Dzi”

“Wò Tameɖoɖowo Adze Dzi”

HAKPALA Dawid do gbe ɖa le ha aɖe si wòkpa me be: “Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye! Gatsɔ wò xɔname do dzidzɔ nam, eye natsɔ gbɔgbɔ, si me lɔlɔ̃nu le la, lém ɖe asi!” (Psalmo 51:12, 14) Esi Dawid trɔ dzime le eya kple Bat-Seba ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ vɔ megbe la, eƒo koko na Yehowa Mawu be wòaklɔ yeƒe dzi ŋu eye wòade gbɔgbɔ, alo tamesusu ƒe nɔnɔme yeye ye me, bene yeawɔ nu dzɔdzɔe.

Ðe Yehowa wɔa dzi yeye dea mía me, alo dea lɔlɔ̃nu faa ƒe gbɔgbɔ yeye gɔ̃ hã mía mea? Alo dzi dzadzɛa nye nu si wòle be míaku kutri atu ɖo ahakpɔ etaa? “Yehowa doa dziwo kpɔna,” gake afi kae wòkpɔa ŋusẽ ɖe nu siwo yia edzi le mía me dzi sena ɖo? (Lododowo 17:3; Yeremya 17:10) Ŋusẽ ka gbegbee wòkpɔna ɖe míaƒe agbe, míaƒe dzimedidiwo, kple míaƒe nuwɔnawo dzi?

Ale si wozã Mawu ƒe ŋkɔ zi enyi sɔŋ le Lododowo ta 16 ƒe kpukpui asieke gbãtɔawo me la fia ale si míaɖe mɔ Mawu nafia mɔ mí le agbe me, ale be míaƒe ‘tameɖoɖowo nadze dzi’ la mí. (Lododowo 16:3) Kpukpui 10 tsɔ yi 15 he susu yi fia alo dziɖula ƒe agbanɔamedzi dzi.

“Dzi Ƒe Tameɖoɖowo”—Ame Ka Ƒe Agbanɔamedzie?

Lododowo 16:1a gblɔ be: ‘Amegbetɔ tɔ enye dzi ƒe tameɖoɖowo.’ Edze ƒã be “dzi ƒe tameɖoɖowo” nye míaƒe agbanɔamedzi. Yehowa medzraa míaƒe dzi ɖo nukutɔe, alo naa lɔlɔ̃nu faa ƒe gbɔgbɔ mí o. Ele be míadze agbagba be eƒe Nya, Biblia, me sidzedze vavã nasu mía si, míade ŋugble tso nu siwo míesrɔ̃na ŋu, eye míana míaƒe tamesusuwo nawɔ ɖeka kple etɔwo.—Lododowo 2:10, 11.

Ke hã, “dzi dzadzɛ” kple “gbɔgbɔ yeye” si Dawid bia fia be enya be nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe didi le ye me, eye be ehiã be Mawu nakpe ɖe ye ŋu yeaklɔ yeƒe dzi ŋu. Esi míede blibo o ta la, anɔ bɔbɔe be míaƒo mía ɖokui ɖe “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” me. (Galatiatɔwo 5:19-21) Be ‘míawu míaƒe ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ’ la, míahiã Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. (Kolosetɔwo 3:5) Aleke gbegbe wòle vevie be míado gbe ɖa abia eƒe kpekpeɖeŋu bene míagana ta le tetekpɔ me o, eye míaɖe nu vɔ̃ ƒe dzodzrowo ɖa le míaƒe dzi mee nye esi!

Ðe míate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu le woƒe “dzi ƒe tameɖoɖowo” mea? Biblia gblɔ be: “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene; ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” (Lododowo 12:18) Ɣekaɣie míaƒe aɖe daa gbe le amewo ŋu? Ne ‘aɖea ƒe ŋuɖoɖo tso Yehowa gbɔ’ ko, si fia be ne míegblɔa gbɔgbɔ me nyateƒenya siwo le eteƒe.—Lododowo 16:1b.

Biblia gblɔ be: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye.” (Yeremya 17:9) Enɔa bɔbɔe be míaƒe kpɔɖeŋudzia nanɔ eɖokui nu ɖem eye wòanɔ eɖokui flum. Esime blema Israel Fia Salomo nɔ nu xlɔ̃m ku ɖe afɔku sia ŋu la, egblɔ be: ‘Ame ƒe zɔzɔmewo katã dzana le eya ŋutɔ ŋku me; ke Yehowa ye daa gbɔgbɔwo kpɔna.’Lododowo 16:2.

Ameɖokuilɔlɔ̃ ate ŋu ana be míanɔ míaƒe vodadawo nu ɖem, anɔ míaƒe nɔnɔme gbegblẽwo ɣlam, eye míado kpo míaƒe vɔ̃ɖinyenye kpɔkpɔ adze sii. Gake womate ŋu aflu Yehowa ya o. Edaa gbɔgbɔwo kpɔna. Ame ƒe gbɔgbɔe nye tamesusu ƒe nɔnɔme si kpɔa ŋusẽ ɖe eyama dzi, eye esia do ƒome kple eƒe dzi. Nu si dzi ame ƒe gbɔgbɔ ƒe dɔwɔwɔ nɔa te ɖo wue nye eƒe kpɔɖeŋudzia ƒe dɔwɔwɔ, si ku ɖe míaƒe tamesusuwo, seselelãmewo, kple dzimedidiwo ŋu. Gbɔgbɔae Ame si “doa dziwo kpɔna” la dana kpɔna, eye amedzidede alo ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke menɔa eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. Nunya le eme be míakpɔ míaƒe gbɔgbɔa ta.

“Tsɔ Wò Dɔwo De Asi Na Yehowa”

Tameɖoɖo bia tamebubu—enye dzia ƒe dɔwɔna. Zi geɖe la, nuwɔnawo kplɔa tameɖoɖowo ɖo. Ðe míakpɔ dzidzedze le míaƒe agbagbadzedzewo mea? Salomo gblɔ be: ‘Tsɔ wò dɔwo de asi na Yehowa; ekema wò tameɖoɖowo adze dzi.’ (Lododowo 16:3) Be míatsɔ míaƒe dɔwo ade asi na Yehowa bia be míaɖo ŋu ɖe eyama ŋu ahaka ɖe eyama dzi, atsɔ mia ɖokui akee—si fia be míaɖe agba le míaƒe abɔta ada ɖe etɔ dzi, le kpɔɖeŋumɔ nu. Hakpala la dzi ha be: “Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa dzi, eye naɖo ŋu ɖe eŋu, ekema awɔe ade goe.”—Psalmo 37:5.

Gake be míaƒe tameɖoɖowo nadze edzi la, ele be woawɔ ɖeka kple Mawu ƒe Nya la, eye míaɖo wo kple susu nyui. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be míado gbe ɖa abia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu eye míadze agbagba vevie awɔ mía tɔ sinu bene míawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. Ne míele nɔnɔme sesẽwo kple dodokpɔwo me tom la, ele vevie be ‘míatsɔ míaƒe nyawo adro ɖe Yehowa dzi,’ elabena ‘akpɔ mía ta.’ Le nyateƒe me la, ‘mana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.’—Psalmo 55:23.

‘Nu Sia Nu, Si Yehowa Wɔ La Kple Etɔe Li’

Nu bubu ka hãe ate ŋu ado tso míaƒe dɔwo dede asi na Yehowa me? Fia nunyala la gblɔ be: ‘Nusianu, si Yehowa wɔ la, kple etɔe li.’ (Lododowo 16:4a) Xexea katã Wɔla la nye tameɖoɖo ƒe Mawu. Ne míetsɔ míaƒe dɔwo de esi me la, dɔ ɖɔʋu siwo ŋu viɖe le, si me tofloko kple nu dzodzro aɖeke menɔna o, va yɔa míaƒe agbe me. Eye tameɖoɖo si le Yehowa si ɖe anyigba la kple amegbetɔ siwo le edzi ŋu la nye tame mavɔ. (Efesotɔwo 3:11) Emè anyigba, eye wòwɔe “be woanɔ edzi.” (Yesaya 45:18) Gawu la, tame si wòɖo ɖe ameƒome si le anyigba dzi ŋu ava eme godoo. (Mose I, 1:28) Agbe si wotsɔ ɖe adzɔgbe na Mawu la anɔ anyi ayi ɖe mavɔ me, eye tameɖoɖo mavɔ anɔ eŋu.

Yehowa wɔ ‘ame vɔ̃ɖiwo hã hena dzɔgbevɔ̃egbe.’ (Lododowo 16:4b) Menye eyae wɔ ame vɔ̃ɖiwo o, elabena “eƒe nuwɔwɔ de blibo.” (Mose V, 32:4) Ke hã, eɖe mɔ be woanɔ anyi, eye woayi edzi anɔ agbe va se ɖe esime wòakpɔe be ɣeyiɣi de na ye azɔ be yeahe to na wo vevie. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa gblɔ na Egipte fia Farao be: “Megblẽ wò ɖi vaseɖe fifi, bena maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye woakafu nye ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.” (Mose II, 9:16) Fuwɔame Ewoawo kpakple Farao kple eƒe aʋakɔwo tsɔtsrɔ̃ le Ƒudzĩa me nye Mawu ƒe ŋusẽ si ɖeke mesɔ kplii o ɖeɖe fia si womaŋlɔ be akpɔ gbeɖe o.

Yehowa ate ŋu atrɔ asi le nɔnɔmeawo ŋu ale gbegbe be ame vɔ̃ɖiwo nawɔ eƒe tameɖoɖowo dzi le woƒe manyamanya me. Hakpalaa gblɔ be: “Amegbetɔwo ƒe dɔmedzoe anye kafukafu na wò, eye dɔmedzoe ƒe susɔea natsɔ abla ali dzii.” (Psalmo 76:11) Yehowa ate ŋu aɖe mɔ ame vɔ̃ɖiwo naɖe woƒe dziku ɖe esubɔlawo ŋu—gake va se ɖe afia aɖe ko, bene wòatsɔ ana hehe wo ahamla wo. Esi wu esia la, Mawu ŋutɔ atsɔe aɖo eɖokui dzi.

Esi Yehowa le kpekpeɖeŋu nam esubɔla ɖokuibɔbɔlawo la, nu kae wòawɔ na dadalawo kple ɖokuidoɖedzilawo ya? Israel fiaa gblɔ be: ‘Dadalawo katã nye ŋunyɔ na Yehowa. Mina mítso gbe; ne woahagbe tohehe na wo fĩ!’ (Lododowo 16:5) “Dadalawo” akpe asi ɖe wo nɔewo ŋu ya, gake womagbe tohehe na wo o. Eya ta nunya le eme be míatu ɖokuibɔbɔ ƒe gbɔgbɔ ɖo, eɖanye sidzedze ka kee ɖasu mía si loo, ŋutete kae ɖale mía si loo, alo subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ kawoe ɖasu mía si o.

‘Yehowa Vɔvɔ̃’

Esi wodzi mí ɖe nu vɔ̃ me ta la, míetea ŋu wɔa vodada bɔbɔe. (Romatɔwo 3:23; 5:12) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na ɖoɖo siwo akplɔ mí ade nu vɔ̃ me la wɔwɔ? Lododowo 16:6 gblɔ be: ‘Lɔlɔ̃ kple nyateƒe wotsɔna léa avu vodada, eye Yehowa vɔvɔ̃ wotsɔna tsria vɔ̃e.’ Togbɔ be amenuveve ƒe lɔlɔ̃ kple nyateƒee Yehowa tsɔna léa avu míaƒe vodadawo hã la, Yehowa vɔvɔ̃ ye nana míawo ya míetsria nu vɔ̃ wɔwɔ. Aleke wòle vevie be míatu vɔvɔ̃ na nu si ado dziku na Mawu wɔwɔ ɖo atsɔ akpe ɖe lɔlɔ̃ na eyama kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia ŋu ŋui enye esi!

Mawuvɔvɔ̃ gena ɖe míaƒe dzi me ne míetu vɔvɔ̃ kple bubu deto ɖo na Mawu ƒe ŋusẽ triakɔ la. Wò ya bu eƒe ŋusẽ si dzena le nuwɔwɔwo me ŋu kpɔ ko! Esi wòhe blemafofo Hiob ƒe susu yi Mawu ƒe ŋusẽ si dze le eƒe nuwɔwɔwo me dzi la, Hiob gbugbɔ eƒe nukpɔsusu ɖɔ ɖo. (Hiob 42:1-6) Ne míexlẽ nu tso Biblia me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe ale si Yehowa wɔ nu kple eƒe amewoe ŋu hede ŋugble le wo ŋu la, ɖe mewɔa dɔ ɖe míawo hã dzi oa? Hakpala la dzi ha be: “Miva, ne miakpɔ Mawu ƒe dɔwɔwɔ; eya, amesi wɔ nu dziŋɔwo ɖe amegbetɔviwo ŋu!” (Psalmo 66:5) Mele be míabu Yehowa ƒe amenuveve ƒe lɔlɔ̃ nu tsɛ o. Esi Israel viwo ‘dze aglã ɖe Mawu ŋu, eye wodo dziku na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la, Yehowa trɔ zu futɔ na wo, eye eya ŋutɔ wɔ avu kpli wo.’ (Yesaya 63:10) Le go bubu me la, ‘ne ame aɖe ƒe zɔzɔme dze Yehowa ŋu la, enana be eƒe futɔwo ke hã nɔa ŋutifafa me kplii.’ (Lododowo 16:7) Takpɔkpɔ kae nye esi Yehowa vɔvɔ̃ nye na mí!

Fia nunyala la gblɔ be: ‘Nu ʋee, si ŋu dzɔdzɔenyenye kpe ɖo, nyo wu nukpɔkpɔ geɖe, si ŋu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kpe ɖo.’ (Lododowo 16:8) Lododowo 15:16 gblɔ be: “Nu vi nɔamesi, si ŋu Yehowa-vɔvɔ̃ kpe ɖo la, nyo wu kesinɔnu geɖe, si me dzimaɖeɖi le.” Nyateƒee, Mawu vɔvɔ̃ bubutɔe le vevie ŋutɔ be míayi edzi awɔ nu dzɔdzɔe.

“Amegbetɔ Ƒe Dzi Susua Eƒe Mɔ Ŋu”

Wowɔ amegbetɔ eye wona tiatiawɔblɔɖee, eye ate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome. (Mose V, 30:19, 20) Ŋutete le míaƒe kpɔɖeŋudzia si be wòada susu vovovowo akpɔ ahatia ɖeka alo esiwo wu nenema. Esi Salomo nɔ eɖem fia be tiatiawɔwɔ nye míaƒe agbanɔamedzi la, egblɔ be: ‘Amegbetɔ ƒe dzi susua eƒe mɔ ŋu.’ Ne ewɔ esia vɔ ko la, ‘Yehowa ye fiaa mɔ eƒe afɔɖeɖe.’ (Lododowo 16:9) Esi wònye be Yehowa ate ŋu afia mɔ míaƒe afɔɖeɖewo ta la, nunya anɔ eme be míadi eƒe kpekpeɖeŋu eye míaƒe “tameɖoɖowo adze dzi.”

Abe ale si míekpɔe va yi ene la, dzia nye alakpatɔ eye ate ŋu ana nukpɔsusu totrowo nasu mía si. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe ate ŋu awɔ nu vɔ̃, eye eƒe dzi nanɔ eɖokui nu ɖem. Le esi teƒe be wòadzudzɔ nu vɔ̃a wɔwɔ la, amea ate ŋu abu ɖe tame be Mawu nye amelɔ̃la, dɔmenyotɔ, nublanuikpɔla, eye wòtsɔna kena. Ame ma gblɔna le eƒe dzi me be: “Mawu ƒe ŋku dzo le edzi, eɣla eƒe mo, eye mele ekpɔ ge akpɔ gbeɖegbeɖe o.” (Psalmo 10:11) Ke hã, mesɔ o eye afɔku le eme hã be woabu Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ nu maɖinui.

“Nudanu Nyui Kple Nudada Nyui Tso Yehowa Gbɔ”

Salomo ɖe eƒe susu ɖa tso amegbetɔ siwo le anyigba dzi ƒe dzi kple woƒe nuwɔnawo ŋu hetrɔ ɖe fiawo tɔwo ŋu, eye wògblɔ be: ‘Afiatsotso le fia ƒe nuyiwo me; eƒe nu mada le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o.’ (Lododowo 16:10) Esia ava eme godoo le Fia Yesu Kristo, si woɖo zi dzi la, gome. Aɖu anyigba dzi le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.

Esi fia nunyalaa nɔ asi fiam dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ tsoƒe la, egblɔ be: ‘Nudanu nyui kple nudada nyui tso Yehowa gbɔ; eƒe nuwɔwɔ enye nudakpewo le akplo me.’ (Lododowo 16:11) Nudanu nyui kple nudada nyui tsoa Yehowa gbɔ. Mele be fia ŋutɔ naɖo dzidzenu mawo na eɖokui ale si wòdii o. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, egblɔ be: “Nyemele naneke wɔm le ɖokuinye si o; abe alesi mesena la, nenema ŋu medrɔ̃a ʋɔnu ɖo, eye nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la le dzɔdzɔe; elabena nyemedia nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ko.” Míate ŋu akpɔ mɔ be Vi, si Fofo la ‘tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na’ la, adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe si de blibo.—Yohanes 5:22, 30.

Nu bubu ka hãe míakpɔ mɔ be fia si le Yehowa teƒe nawɔ? Israel fia gblɔ be: ‘Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ enye ŋunyɔ na fiawo; elabena dzɔdzɔenyenye nana fiazikpui lia ke.’ (Lododowo 16:12) Mawu ƒe gɔmeɖose dzɔdzɔeawoe kplɔa Mesia Fiaɖuƒea. Nubabla aɖeke mele woa kple “zikpui, si tsɔa hiãkame ɖoa anyi” la dome o.—Psalmo 94:20; Yohanes 18:36; Yohanes I, 5:19.

Fia Ƒe Ŋudzedzekpɔkpɔ Ƒe Amesisusu

Aleke wòle be fia bubutɔ teviwo nawɔ nui? Salomo gblɔ be: ‘Nuyi dzɔdzɔe dzea fiawo ŋu; eye amesi ƒe nyawo le eteƒe la, wolɔ̃na. Fia ƒe dziku enye ku ƒe dɔla; ke nunyala faa dzi nɛ.’ (Lododowo 16:13, 14) Yehowa subɔlawo bua nya sia be enye nya vevi, eye woƒoa wo ɖokui ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me vevie. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Wonyae be yewoƒe nuyiwo zazã alea doa dzidzɔ na Mesia Fia, Yesu Kristo. Fia sẽŋu si nye amegbetɔ ƒe dziku nufafa kple eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ didi nye nu si me nunya le vavã. Ke ɖe nunya manɔ eme ŋutɔ be woadi Mesia Fia la ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ oa?

Salomo yi edzi be: ‘Ne fia ƒe mo kɔ la, agbee wònye, eye eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ le abe adametsiɖoɖo ene.’ (Lododowo 16:15) Nyagbɔgblɔ “ne fia ƒe mo kɔ” fia eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu, abe ale si ko ‘Yehowa ƒe ŋku me kekeli’ fia eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu ene. (Psalmo 44:4; 89:16) Abe ale si ko alilikpo dodo ɖoa kpe edzi be tsi le dzadza ge ahana nukuwo nanyo ene la, fia ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ nye kpeɖodzi be nu nyuiwo le ŋgɔ gbɔna. Agbenɔnɔ le Mesia Fia ƒe dziɖuɖu te ayɔ fũ kple dzidzɔ kpakple nudzedziname ɖeɖe sɔŋ, abe ale si ko wònɔ le Fia Salomo ƒe dziɖuɣi me le mɔ sue aɖe nu ene.—Psalmo 72:1-17.

Esi míele Mawu ƒe Fiaɖuƒea lalam be wòava kpɔ ŋusẽ ɖe nu sia nu si le ɣea te dzi la, mina míadi eƒe kpekpeɖeŋu le míaƒe dziwo ŋu kɔklɔ me. Gakpe ɖe eŋu la, mina míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye míatu mawuvɔvɔ̃ ɖo. Ekema míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be míaƒe “tameɖoɖowo adze dzi.”—Lododowo 16:3.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Gɔmesese ka nue Yehowa wɔ “ame vɔ̃ɖiwo hã hena dzɔgbevɔ̃egbe” le?