Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woɖu Dzi Le Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe La

Woɖu Dzi Le Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe La

Woɖu Dzi Le Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe La

LE JANUARY 11, 2007 dzi la, Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe si le Strasbourg, France, tso afia aɖe si dzi ʋɔnudrɔ̃lawo katã da asi ɖo wòde Yehowa Ðasefo siwo le Russia dzi le nya si wotsɔ ɖe Russia Dukɔa ŋu me. Nyametsotsoa na subɔsubɔblɔɖe kple nyadɔdrɔ̃ ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe ƒe gomenɔamesi su Yehowa Ðasefowo si. Mina míakpɔ nu si he ʋɔnudrɔ̃nya sia vɛ ɖa.

Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le Chelyabinsk, Russia, la me tɔ akpa gãtɔwo nye tokunɔwo. Woƒe kpekpewɔƒea nye aɖaŋudɔsrɔ̃suku aɖe si wohaya. Le Kwasiɖagbe, April 16, 2000 la, nyɔnu si nye nutoa me Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Gbɔkpɔha ƒe zimenɔla alo Dzikpɔlagã, kple kpovitɔwo ƒe amegã eve, kpakple kpovitɔ aɖe si le awu gbɔlo me va gblẽ woƒe kpekpea me. Vevietɔ le Dzikpɔlagã la ƒe ameŋkumekpɔkpɔ ta la, wotso ƒuƒoƒoa nu aʋatsotɔe be womexɔ mɔɖeɖe tso setɔwo gbɔ hafi le woƒe kpekpeawo wɔm o. Le May 1, 2000 dzi la, wote fli ɖe agbalẽ si wowɔ ɖe teƒea zazã ŋu me.

Yehowa Ðasefowo tsɔ amenutsonya yi na Chelyabinsk dua ƒe amesamala, gake womekpɔ nyaa gbɔ na wo o. Russiatɔwo ƒe Dukplɔsea kple Takpekpe Ku Ðe Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Takpɔkpɔ Kple Ablɔɖe Veviwo Ŋu na subɔsubɔ kple habɔbɔwo ƒe ablɔɖe amewo. Eya ta wotsɔ nutsonyaa yi nutoa me ʋɔnudrɔ̃ƒe, eye emegbe wotsɔe yi dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe. Do ŋgɔ la, le July 30, 1999 dzi la, ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ tso nya me le nyadɔdrɔ̃ bubu aɖe me be “le Russiatɔwo ƒe dzitsinya kple subɔsubɔhawo ƒe Ablɔɖesea nu la, nyagbe ‘mɔxexe aɖeke manɔmee’ fia be mehiã be woaxɔ mɔɖeɖe, alo abia gbe do ŋgɔ hafi awɔ subɔsubɔwɔnawo le teƒe siwo woɖo na [esiawo wɔwɔ o].” (Woa ŋutɔwoe de kpɔtɔtɔ si dzɔ kã la eme.) Togbɔ be ele alea hã, wote fli ɖe nutsotso si wotsɔ yi nutoa me ʋɔnudrɔ̃ƒea kple dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒea la me.

Le December 17, 2001 dzi la, wotsɔ nyaa yi Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea. Wonɔ anyi ɖe nyaa dɔdrɔ̃ ŋu le September 9, 2004 dzi. Nya siwo le nyametsotso mamlɛtɔ si Ʋɔnudrɔ̃ƒea wɔ me ƒe akpa aɖewoe nye esi:

“Ʋɔnudrɔ̃ƒea kpɔe be woxe mɔ ɖe ame siwo tsɔ nyaa vɛ la ƒe subɔsubɔblɔɖe ƒe gomenɔamesi nu le April 16, 2000 dzi, esime Dziɖuɖumegãwo tɔ te woƒe subɔsubɔ ƒe kpekpea do ŋgɔ na kpakpãɣi.”

“Edze ƒã be se aɖeke meli si dzi wonɔ te ɖo hafi yi ɖatɔ te subɔsubɔwɔna si wɔm wonɔ le teƒe si wohaya le se nu hena esia wɔwɔ la o.”

“[Ʋɔnudrɔ̃ƒea] de dzesii be Russiatɔwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe ʋɔnudrɔ̃se fia be mehiã be woaxɔ mɔɖeɖe, alo abia gbe dziɖuɖumegãwo do ŋgɔ hafi awɔ subɔsubɔ ƒe kpekpewo o.”

“Eya ta woda le Sewɔtakpekpea ƒe Sewo me Nyati 9 lia [mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe] dzi, le susu sia nu be Dzikpɔlagã la kple eƒe kpeɖeŋutɔwo yi ɖatɔ te ame siwo tsɔ nyaa vɛ la ƒe subɔsubɔ ƒe kpekpe le April 16, 2000 dzi.”

‘Ʋɔnudrɔ̃ƒea kpɔe be nutoa me ʋɔnudrɔ̃ƒe kple dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒea mewɔ woƒe dɔ . . . si nye be woakpɔ egbɔ be wodrɔ̃ nya na ame siawo ameŋkumemakpɔtɔe le mɔ si da sɔ nu nyuie o. Woda le Sewɔtakpekpea ƒe Sewo me Nyati 6 lia [nyadɔdrɔ̃ ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe ƒe gomenɔamesi] dzi.’

Yehowa Ðasefowo daa akpe na Mawu be wòna yewoɖu dzi le Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea. (Psalmo 98:1) Ŋusẽ ka gbegbee Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsoa akpɔ ɖe amewo dzi? Joseph K. Grieboski, Subɔsubɔhawo Kple Hadomenyawo Ŋuti Numekuha ƒe amegã gblɔ be: “Esia ganye nyametsotso vevi si akpɔ ŋusẽ ɖe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe dzi le Europa katã, esi wònye be nyametsotsoa akpɔ ŋusẽ ɖe mawusubɔsubɔ ƒe gomenɔamesiwo dzi le dukɔ siwo katã le Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea te me ta.”