Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yefta Wɔ Adzɔgbe Si Wòɖe Na Yehowa La dzi

Yefta Wɔ Adzɔgbe Si Wòɖe Na Yehowa La dzi

Yefta Wɔ Adzɔgbe Si Wòɖe Na Yehowa La dzi

AƲADZIÐULA aɖe trɔ gbɔ va wo de le woƒe dukɔ ɖeɖe tso teteɖeanyi me megbe. Vianyɔnu ƒu du yi ɖakpee, le ɣe ɖum dzidzɔtɔe hele axatsɛ ʋuʋum. Esi wòkpɔ via la, edze eƒe awuwo, le esi dzi nadzɔe teƒe. Nu ka tae? Ðe mekpɔ dzidzɔ be yegbɔ va aƒe dedie abe ale si via kpɔ dzidzɔe ene oa? Aʋa ka dzie wòɖu? Ame kae?

Ŋutsu lae nye Yefta, blema Israel ʋɔnudrɔ̃la aɖe. Gake be míaɖo nyabiase susɔeawo ŋu ahakpɔ ale si nuŋlɔɖi sia ka míi la, ehiã be míadzro nu siwo dzɔ do ŋgɔ na gododo ɖedzesi sia la me.

Israel Ðo Xaxa Sesẽ Me

Yefta nɔ agbe le xaxaɣi aɖe me. Ehati Israel viwo gblẽ tadeagu dzadzɛa ɖi eye wonɔ Zidon, Moab, Amon, kple Filisti mawuwo subɔm. Eya ta Yehowa tsɔ eƒe dukɔa de asi na Amonitɔwo kple Filistitɔwo, ame siwo te wo ɖe anyi ƒe 18 sɔŋ. Ame siwo koŋ kpe fu wue nye Gileadtɔ siwo le Yordan Tɔsisia ƒe ɣedzeƒe gome. * Mlɔeba la, Israel viwo trɔ va wo ɖokui me, trɔ dzime hedi Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu, eye woɖe dutamawuwo katã ɖa le wo ɖokui dome.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 10:6-16.

Amonitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Gilead, eye Israel viwo ƒo ƒu be yewoaho akpe wo. Gake aʋafia mele Israel si o. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 10:17, 18) Le ɣeyiɣi sia tututu me la, Yefta ŋutɔ hã le kuxi aɖewo me tom. Tɔvia ŋuklẽlawo nyae de gbe bene eƒe domenyinu nazu yewo tɔ. Esia ta Yefta ʋu yi Tob, du si le Gilead ƒe ɣedzeƒe gome, si nye afi si Israel ƒe futɔwo ate ŋu adze edzi bɔbɔe le. “Yakamewo,” siwo ɖewohĩ wonye ame siwo wo teɖeanyilawo nya le dɔ me, alo ame siwo dze aglã ɖe ameteɖeanyilawo ŋu la, va wɔ ɖeka kple Yefta. “Wodea aʋa kplii,” ɖewohĩ le gɔmesese sia nu be wokplɔa Yefta ɖo ne eyina futɔ siwo ƒo xlã wo dzi dze ge. Ðewohĩ esi Yefta nye aʋawɔla bibi aɖe tae Ŋɔŋlɔawo yɔe be “ŋutsu kalẽtɔ” ɖo. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:1-3) Ke ame kae akplɔ Israel viwo ayi aɖawɔ aʋa kple Amonitɔwo?

“Va Nànye Míaƒe Aʋafia”

Gilead metsitsiwo ƒoe ɖe Yefta nu be: “Va nànye míaƒe aʋafia.” Nenye be wole mɔ kpɔm be atsi klokloklo atrɔ agbɔ va wode la, ke woda ƒu ŋutɔ. Yefta ɖo eŋu na wo be: “Menye miawoe lé fum, mienyãm tso fofonye ƒe me oa? Azɔ esi mieɖo xaxa me la, mieva gbɔnye!” Nu madzɔmadzɔ kae nye esi wowɔ be wogbe Yefta gbã eye wova trɔ ɖe eŋu emegbe be woakpe ɖe yewo ŋu!—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:4-7.

Nu ɖeka pɛ koe ana Yefta nalɔ̃ akplɔ Gilead ayi aʋae. Egblɔ be: ‘Ne Yehowa tsɔ wo de asi nam la, ekema manye miaƒe tatɔ.’ Aʋadziɖuɖu anye kpeɖodzi be Mawu le megbe na wo, ke hã, Yefta ɖo tame hã be yeakpɔ egbɔ be womagbe Mawu ƒe dziɖuŋusẽ ne wodo le xaxaa me o.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:8-11.

Nututu Kple Amon

Yefta dze agbagba be ye kple Amonitɔwo yewoagblɔe ase eme. Edɔ amewo ɖo ɖe woƒe fia gbɔ be yeanya nu si gbɔ Amonitɔwo ƒe amedzidzedze la tso. Amenutsonya siawo le woƒe ŋuɖoɖoa me: Israel xɔ Amonitɔwo ƒe anyigba esime wòʋu tso Egipte va, eya ta ele be wòagbugbɔe na yewo kpoo.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:12, 13.

Esi Yefta nya Israel ƒe ŋutinya nyuie ta la, ete ŋu ɖee fia kɔte be Amonitɔwo ƒe nutsotsoa menye nyateƒe o. Egblɔ na wo be Israel viwo meɖe fu na Amon, Moab, kple Edom tɔwo esi woʋu tso Egipte o, eye be anyigba si ŋu nya ʋlim wole menye Amon tɔ le Israel viwo ƒe Mɔzɔzɔa me o. Amoritɔwo tɔe wònye ɣemaɣi, gake Mawu tsɔ woƒe fia, Sixon, de Israel si. Gawu la, Israel viwo nɔ afi ma ƒe 300 sɔŋ. Ekema nu ka tae fifia hafi Amonitɔwo va le gbɔgblɔm be yewoaxɔe ɖo?—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:14-22, 26.

Yefta he susu yi nu si koŋ gbɔe Israel ƒe fukpekpewo tso la dzi: Ame kae nye Mawu vavã la? Yehowa ye loo, alo dukɔ siwo ƒe anyigba Israel xɔ la ƒe mawuwoea? Ne ɖe ŋusẽ le Kemos si la, anye ne mazãe atsɔ akpɔ eƒe amewo ƒe anyigba ta oa? Esiae nye nyaʋiʋli si ɖo alakpasubɔsubɔ, si nye Amonitɔwo tɔ, kple tadeagu vavã dome. Eya ta Yefta ƒo nya ta nunyatɔe be: “Yehowa, nye ʋɔnudrɔ̃la, nadrɔ̃e na Israel-viwo kple Amon-viwo egbea!”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:23-27.

Amon fia meɖo to Yefta ƒe gbedeasi si le tẽ alea la o. “Tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze Yefta dzi, eye wòto Gilead kple Manase,” edze kɔte be ele amewo nu ƒom ƒu hena aʋawɔwɔ.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:28, 29.

Yefta Ƒe Adzɔgbeɖeɖe

Esi Yefta di vevie be Mawu nafia mɔ ye ta la, eɖe adzɔgbe nɛ be: “Ne ètsɔ Amon-viwo de asi nam vavã, eye megbɔ tso Amon-viwo gbɔ le ŋutifafa me la, ekema nusianu, si ke ado tso aƒenye me ava kpem la, anye Yehowa tɔ, eye matsɔe asa numevɔe.” Mawu wɔ ɖe Yefta ƒe biabia dzi nɛ eye Wòna ‘wòɖu Amon du 20 dzi vevie ŋutɔ;’ eto esia dzi bɔbɔ Israel ƒe futɔwo ɖe anyi.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:30-33.

Esi Yefta trɔ tso aʋagbedzi gbɔna, ènya ame si va kpea? Via lɔlɔ̃a, ame si nye eƒe tesi lae! Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi wòkpɔe la, edze eƒe awuwo gblɔ bena: Oo, vinye, èdo nublanuitɔm, eye nèhe dzɔgbevɔ̃e va dzinyea? Meke nu na Yehowa, eye nyemagate ŋu atrɔe o!”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:34, 35.

Ðe Yefta le via tsɔ ge asa vɔe ŋutɔŋutɔa? Ao. Manye esiae nɔ susu me nɛ o. Yehowa tsri amewo tsɔtsɔ sa vɔe ŋutɔŋutɔ, si nye nuwɔna vɔ̃ɖi si Kanaantɔwo wɔna. (Mose III, 18:21; Mose V, 12:31) Mawu ƒe gbɔgbɔ nɔ dɔ wɔm ɖe Yefta dzi, gake menye esia ɖeɖe koe o, ke boŋ Yehowa na be eƒe agbagbadzedzewo kpɔ dzidzedze. Ŋɔŋlɔawo ƒo nu nyuie tso Yefta ŋu le eƒe xɔse kple akpa si wòwɔ le Mawu ƒe tameɖoɖo me vava me la ta. (Samuel I, 12:11; Hebritɔwo 11:32-34) Eya ta amegbetɔ tsɔtsɔ sa vɔ—si nye amewuwu—meva eƒe susu me kura o. Ekema nu kae nɔ susu me na Yefta esime wòɖe adzɔgbe be yeatsɔ ame asa vɔe na Yehowa?

Edze ƒã be Yefta ƒe nyawo fia be atsɔ ame si ava kpee la ake na Mawu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ. Mose ƒe Sea ɖe mɔ ɖe amewo tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe na Yehowa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnuwo subɔna le avɔgbadɔa me, eye ɖewohĩ wodea tɔme. (Mose II, 38:8; Samuel I, 2:22) Míenya nu boo aɖeke tso subɔsubɔdɔ sia ŋu, nenye ɖe wowɔnɛ le ame ƒe agbemeŋkekeawo katã me o. Subɔsubɔdɔ siae anya nɔ susu me na Yefta esime wònɔ eƒe adzɔgbea ɖem, eye edze abe eƒe ŋugbedodoa fia dɔ si woatsɔ agbemeŋkekeawo katã awɔe ene.

Yefta vinyɔnua lɔ̃ wɔ ɖe adzɔgbe si edzila mawuvɔ̃lawo ɖe la dzi, abe ale si ŋutsuvi Samuel hã va wɔe emegbe ene. (Samuel I, 1:11) Yefta vinyɔnua, si nye Yehowa subɔla nuteƒewɔla la, xɔe se vevie abe fofo ke ene be, ele be yewoawɔ ɖe ye fofoa ƒe adzɔgbeɖeɖea dzi. Vɔsa la lolo ŋutɔ, elabena esia abia be wòanɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee. Efa eƒe ɖetugbinyenye, elabena enye Israel vi ɖe sia ɖe ƒe didi be yeadzi vi bene ƒomea ƒe ŋkɔ kple eƒe domenyinu nagabu o. Le Yefta gome la, adzɔgbe sia dziwɔwɔ bia be wòana hadede si le eya kple eƒe tesi si gbɔ melɔ̃a nu le o dome nato eŋu.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:36-39.

Ðetugbi wɔnuteƒe sia ƒe agbe dome megblẽ kura o. Subɔsubɔ ɣeyiɣiawo katã le Yehowa ƒe mee nye mɔ nyuitɔ si naa dzidzeme ame, kple esi dze na kafukafu si dzi wòato ade bubu Mawu ŋu. Eya ta ‘ƒe sia ƒe la, Israel-nyɔnuviwo yina ɖafaa Gileadtɔ Yefta ƒe vinyɔnu la.’ (Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:39, 40) Eye kakaɖedzitɔe la, Yefta kpɔ dzidzɔ ɖe subɔsubɔdɔ si via wɔna na Yehowa ŋu.

Mawu ƒe amewo dometɔ geɖe tia ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa egbea, wonye mɔɖelawo, dutanyanyuigblɔlawo, dzikpɔla mɔzɔlawo, alo Betel ƒomea me tɔwo. Esia fia be womanɔ woƒe ƒometɔwo kpɔm edziedzi abe ale si woadii ene o. Ke hã, woa kple woƒe ƒometɔwo siaa ate ŋu akpɔ dzidzɔ le subɔsubɔ kɔkɔe sia tsɔtsɔ na Yehowa me.—Psalmo 110:3; Hebritɔwo 13:15, 16.

Aglãdzedze Ðe Mawu ƒe Mɔfiamewo Ŋu

Ne míetsɔ míaƒe susu kpɔ nu siwo dzɔ le Yefta ƒe ŋkekea me la, míate ŋu akpɔe be Israel vi geɖe gbe Yehowa ƒe mɔfiamewo. Togbɔ be kpeɖodzi geɖe li be Mawu ƒe yayra nɔ Yefta dzi hã, Efrayimtɔwo he dzre kplii. Wodi be yewoanya nu si tae meyɔ yewo na aʋa la wɔwɔ o. Woɖoe kura gɔ̃ hã be yewoatɔ dzo Yefta ƒe xɔ ‘ɖe edzi’!—Ʋɔnudrɔ̃lawo 12:1.

Yefta gblɔ be, le nyateƒe me la, yeyɔ Efrayimtɔwo, gake wogbe vava. Le wo katã me la, Mawu ɖu aʋaa dzi. Ðe wole dɔmedzoe dom fifia le esi Gileadtɔwo meva lé nya kpɔ kpli wo hafi ɖo Yefta aʋafiae o ta? Le nyateƒe me la, Efrayimtɔwo ƒe nuwɔna nye aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu, eye ɖeko wòle be woawɔ aʋa kpli wo. Woɖu Efrayimtɔwo dzi le aʋa si wowɔ la me. Esi Efrayim ʋasilawo mete ŋu nɔ “Sibolet” si nye nya si wotsɔ nɔ amewo dom kpɔ la yɔm nyuie o ta la, wote ŋu lé wo bɔbɔe. Efrayimtɔ siwo katã wowu le aʋa ma me ƒe xexlẽmee nye 42,000.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 12:2-6.

Ao! Nublanuinya kae nye esi dzɔ le Israel ƒe ŋutinya me! Aʋa siwo dzi ʋɔnudrɔ̃la siwo nye Otniel, Ehud, Barak, kple Gideon ɖu la he ŋutifafa ʋɛ. Gake le nudzɔdzɔ sia ya me la, womeƒo nu tso ŋutifafa ŋu o. Ðeko nuŋlɔɖia wu enu be: “Yefta drɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe ade, emegbe Yefta, Gileadtɔ la ku, eye woɖii ɖe Gilead-duwo dometɔ ɖeka me.”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:11, 30; 5:31; 8:28; 12:7.

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso esiawo katã me? Eyae nye be togbɔ be Yefta wɔ avu geɖe le agbe me hã, ewɔ nuteƒe na Mawu. Ŋutsu kalẽtɔ sia yɔ Yehowa ŋkɔ esime wònɔ nu ƒom na Gilead metsitsiwo, na Amonitɔwo, na vianyɔnua, kple na Efrayimtɔwo, ɖikeke mele eme o be eyɔe esime wònɔ adzɔgbea ɖem hã. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:9, 23, 27, 30, 31, 35; 12:3) Mawu yra Yefta ɖe eƒe ɖokuitsɔtsɔna la ta, eye Wòzã eya kple via tsɔ do tadedeagu vavã ɖe ŋgɔ. Le ɣeyiɣi si me amewo gbe Mawu ƒe dzidzenuwo me la, Yefta ya lé wo me ɖe asi sesĩe. Ðe nàɖo to Yehowa ɣesiaɣi abe Yefta enea?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Amonitɔwo sẽa ŋuta ŋutɔ. Le esia megbe la, mede ƒe 60 o, wodo ŋɔdzi na Gileadtɔwo be yewoaŋɔ ɖusi me ŋku na wo dome ame sia me. Nyagblɔɖila Amos ƒo nu tso ɣeyiɣi aɖe si me wodze ƒo le Gilead ƒe funɔwo nu ŋu.—Samuel I, 11:2; Amos 1:13.