Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aʋatsotso Ŋutsumeɖoɖo Ƒe Dzesiea?

Aʋatsotso Ŋutsumeɖoɖo Ƒe Dzesiea?

Aʋatsotso​—Ŋutsumeɖoɖo Ƒe Dzesiea?

LE XEXEA me ƒe teƒe geɖe la, wotsoa aʋa na vidzĩ siwo nye ŋutsuviwo kple susu be wòade woƒe lãmesẽ dzi. Gake le xexea me ƒe akpa bubuwo la, enye nu si bɔ be ŋutsuwo nɔa anyi aʋamatsomatsoe le woƒe agbemeŋkekewo katã me. Gake le ame aɖewo, abe Yudatɔwo kple Moslemtɔwo ene gome la, menye lãmesẽnyawo ta ɖeɖe koe wotsoa aʋa ɖo o, ke boŋ elɔ subɔsubɔnyawo hã ɖe eme.

Gake le dukɔ aɖewo me la, wotsoa aʋa na ŋutsuvi ne wobui be eɖo ŋutsume. Zi geɖe la, esia wɔwɔ biana be woaɖo ŋutsuvia ɖe wo de kɔnyinyi ŋuti hehexɔƒe, afi si woatso aʋa nɛ le ahaɖee ɖe vovo tso nutoa me tɔwo gbɔ, eye wòanɔ afi ma hena kwasiɖa geɖe va se ɖe esime abia naku. Le ɣeyiɣi mawo me la, ebiana be ŋutsuvia nawɔ ɖe kɔnyinyi aɖewo koŋ dzi, eye wofianɛ nu siwo wòanɔ wɔwɔm si afia be eɖo ŋutsume. Ðe aʋatsotso na ame le nɔnɔme siawo tɔgbi me hiã hafi woagblɔ be ŋutsuvi aɖe ɖo ŋutsumea? Mina míakpɔ nu si Biblia gblɔ le ale si Mawu bua aʋatsotso ƒe nya siae ŋu ɖa.—Lododowo 3:5, 6.

Mawu Ƒe Nukpɔsusu Le Aʋatsotso Ŋu

Le blemaɣeyiɣiwo me la, dukɔ aɖewo abe Egiptetɔwo ene tsoa aʋa na ŋutsuwo, si nyea ŋutsuwo ƒe aʋanuyilalã ɖa. Gake womenyia kɔ ma tɔgbi le afi si wodzi Abraham ɖo la o. Le nyateƒe me la, Abraham nɔ anyi aʋamatsomatsoe le eƒe agbemeŋkekeawo ƒe akpa gãtɔ me. Gawu la, le ɣeyiɣi siwo katã me Abraham nɔ anyi aʋamatsomatsoe gɔ̃ hã la, eɖee fia be yenye ŋutsu kalẽtɔ. Ŋutsu ʋɛ aɖewo koe wòtsɔ kpe ɖe eɖokui ŋu heti fia ene ƒe aʋakɔ siwo va ɖe aboyo etɔgãyɔvi Lot la yome hewɔ aʋa ɖu wo dzi. (Mose I, 14:8-16) Le ƒe 14 megbe la, Mawu de se na Abraham be wòatso aʋa eye woatsoe na eƒe aƒemetɔwo katã. Nu ka tae Mawu bia nu sia tso esi?

Le nyateƒe me la, Abraham ƒe aʋatsotso mefia be edo le sɔhɛnyenye me heɖo ŋutsume kura o. Elabena exɔ ƒe 99 sɔŋ ɣemaɣi! (Mose I, 17:1, 26, 27) Mawu gblɔ susu si tae wòde se ma ɖo la be: “Woaɖe miaƒe aʋanuyiwo ɖa, eye esia anye mía kple mia dome nubabla la ƒe dzesi.” (Mose I, 17:11) Nubabla ma si Mawu wɔ kple Abraham la lɔ ŋugbe si Mawu do na Abraham be yayra geɖe ato eyama dzi ava na “anyigba dzi ƒomeawo katã” la ɖe eme. (Mose I, 12:2, 3) Eya ta le Mawu ƒe nukpɔsusu nu la, aʋatsotso medo ƒome kple ŋutsumeɖoɖo le mɔ aɖeke nu o. Eya ta le se si wode na Abraham gome la, wotsoa aʋa na ame tsɔ ɖenɛ fiana be edzɔ tso Israel viwo, siwo nye Abraham ƒe dzidzime la me, ame siwo si mɔnukpɔkpɔ su be ‘wotsɔ Mawu ƒe nya kɔkɔewo de asi na wo.’—Romatɔwo 3:1, 2.

Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Israel viwo ɖee fia be yewomedze na mɔnukpɔkpɔ ma o, le esi wogbe Yesu Kristo, si nye Abraham ƒe Dzidzimevi vavãtɔ la ta. Eya ta Mawu gbe wo, eye gɔmesese aɖeke megava nɔ woƒe aʋatsotsoa ŋu le Mawu ŋkume o. Gake ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me Kristotɔ aɖewo gate tɔ ɖe edzi kokoko be Mawu gadi tso amewo si be woatso aʋa. (Dɔwɔwɔwo 11:2, 3; 15:5) Le esia ta, Paulo dɔ Tito be ‘wòaɖaɖɔ nu siwo gblẽ la ɖo’ le hame vovovoawo me. Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Tito be: “Tosẽla geɖewo kple nya dzodzro gblɔlawo kple ameblelawo li, vevietɔ le aʋatsotsotɔwo dome, amesiwo nu wòle be, woatsi nya ɖo, amesiwo trɔ ƒome blibo geɖewo ƒe tame hele nu dzodzrowo fiam le viɖe ƒoɖi ta.”—Tito 1:5, 10, 11.

Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa gale vevie egbea hã. Masɔ le Ŋɔŋlɔawo nu kura be Kristotɔ vavã aɖe nagblɔ na ame aɖe be wòatso aʋa na via o. Mele be Kristotɔ aɖe nanɔ ‘gaglãsu dom ɖe ame bubuwo ƒe nya me o,’ ke boŋ ele be wòaɖe asi le nyametsotso siawo siwo kpɔ dzilawo ɖeɖe ko ƒe ŋkume la ŋu na wo. (Petro I, 4:15) Gakpe ɖe eŋu la, gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ nu ku ɖe aʋatsotso le Mose ƒe Sea nu ŋuti be: “Ne woyɔ ame aɖe, si nye aʋatsotsotɔ la, negahe aʋayi tsyɔ edzi o; ne woyɔ ame aɖe le aʋamatsomatso me la, negatso aʋa o. Aʋatsotso la menye naneke o, eye aʋamatsomatso hã menye naneke o, ke Mawu ƒe sedziwɔwɔ enye nu la. Amesiame nanɔ yɔyɔ, si wotsɔ yɔe la me tututu.”—Korintotɔwo I, 7:18-20.

“Aʋatsotso Ŋuti Nufiasukuwo” Ya Ðe?

Ke ne dzila Kristotɔwo tso nya me be yewoana woatso aʋa na yewo viwo ya ɖe? Ðe wòasɔ le Ŋɔŋlɔawo nu be woaɖo wo viŋutsuwo ɖe dekɔnukɔnyinyi ŋuti hehexɔƒe si ŋuti míeƒo nu tsoe va yi la be woatso aʋa na woa? Hehexɔƒe alo suku mawo dede lɔa nu geɖe ɖe eme wu aʋanuyi ɖeɖe ɖa ko. Le afi ma la, ahiã be ɖevia nade ha kplikplikpli kple ŋutsuvi kpakple nufiala siwo menye Yehowa subɔlawo o hena kwasiɖa geɖe. Nu geɖe siwo wofiana le hehexɔƒe siawo la tsi tre ɖe Biblia ƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo ŋu. Biblia xlɔ̃ nu be: “Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.”—Korintotɔwo I, 15:33.

Wode dzesii be suku siawo dede yi edzi le nu gblẽm le ame ƒe ŋutilã ŋu. Le ƒe 2003 me la, South Africa ƒe lãmesẽnyawo ŋuti nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe xlɔ̃ nu be: “Aʋatsotso me tsonu dziŋɔwo gadzɔ le ƒe sia hã me, eye nyatakakadɔwɔƒe geɖewo ka nya ta le xexea me godoo be ɖevi geɖewo ku eye nu gblẽ le bubuwo ƒe ŋutilã ŋu vevie. . . . Kpuie ko la, egbegbe ‘aʋatsotso ŋuti nufiasukuwo’ dometɔ geɖe nye ameflunu, kple afɔku.”—South African Medical Journal.

Hekpe ɖe nu si suku mawo dede ate ŋu agblẽ le ɖevi ŋu le ŋutilã me ŋu la, egblẽa nu geɖe wu le eŋu le gbɔgbɔ me. Nufiafia kple nuwɔna siwo yia edzi le aʋatsotso ŋuti nufiasukuwo me la do ƒome kplikplikpli kple gbɔgbɔyɔyɔ kpakple tɔgbui kukuwo subɔsubɔ. Le kpɔɖeŋu me, le esi woalɔ̃ ɖe edzi be ŋumaɖɔmaɖɔɖo le aʋatsotso me kple dzadzɛnyenye ŋuti ɖoɖowo dzi mawɔmawɔ gbɔe nu siwo gblẽ le ame aɖe ŋu le aʋatsotso nɛ me tso teƒe la, ame geɖe xɔe se be gbɔgbɔmeŋusẽ aɖe alo tɔgbui kukuwo gbɔe wòtso. Biblia de se le kadodo kple alakpasubɔsubɔ ŋu be: “Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o! Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome? . . . Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi.” (Korintotɔwo II, 6:14-17) Le aɖaŋuɖoɖo sia ta la, nunya manɔ eme kura be dzila Kristotɔwo naɖo wo viŋutsuwo ɖe aʋatsotso ŋuti nufiasuku o.

Nu Kae Ðea Kristotɔ Ƒe Ŋutsunyenye Fiana?

Ne Kristotɔ ŋutsu aɖe tso aʋa alo meɖatso aʋa o, medo ƒome aɖeke kple eƒe ŋutsunyenye o. Nu si le vevie na Kristotɔwoe nye be yewoadze Mawu ŋu, ke menye be “yewoadze nyuie le ŋutilã me” o.—Galatiatɔwo 6:12.

Gake hafi Kristotɔ aɖe nadze Mawu ŋu la, ele be ‘woatso aʋa na eƒe dzi.’ (Mose V, 10:16; 30:6; Mateo 5:8) Menye hɛe wotsɔna wɔa esia o, ke boŋ wowɔa esia to dzodzro vɔ̃wo kple dada ƒe seselelãmewo, abe sese le ame ɖokui me be aʋatsotso nana asixɔxɔ va nɔa ame ŋu wu ame bubuwo ene, dzi ɖuɖu me. Ne Kristotɔ doa dzi le tetekpɔwo me eye ‘wònɔa tsitre sesĩe le xɔse me’ la, emae ɖea eƒe ŋutsunyenye fiana, etso aʋa loo, alo meɖatso aʋa o.—Korintotɔwo I, 16:13; Yakobo 1:12.