Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Tsitsiwo—Wonye Yayra Na Sɔhɛwo

Ame Tsitsiwo—Wonye Yayra Na Sɔhɛwo

Ame Tsitsiwo​—Wonye Yayra Na Sɔhɛwo

“Mawu, megagblẽm ɖi o vaseɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me, vaseɖe esime maɖe gbeƒã wò alɔ na dzidzimeviwo kple wò ŋusẽ na megbeviwo katã!”​—PSALMO 71:18.

1, 2. Nu kae wòle be wòanɔ nyanya na Mawu subɔla tsitsiwo, eye nu kawo mee míadzro azɔ?

KRISTOTƆ hamemetsitsi aɖe si le Ɣetoɖoƒe Afrika, si yi ɖasrã nɔviŋutsu amesiamina tsitsi aɖe kpɔ la biae be, “Èfɔ nyuiea?” Nɔviŋutsua ɖo eŋu be, “Mate ŋu aƒu du, mate ŋu ati kpo le afɔ eve dzi, mate ŋu ati kpo le afɔ ɖeka dzi,” henɔ eɖokui ʋãm ɖe nya si gblɔm wònɔ dzi. Egblɔ kpee be, “Gake nyemate ŋu adzo ya o.” Hamemetsitsia se eƒe nyaa gɔme. Nu si wòdi be yeagblɔe nye be, ‘Mekpɔa dzidzɔ le nu si mate ŋu awɔ la wɔwɔ ŋu, gake nu si nyemate ŋu awɔ o la, nyemetenɛ kpɔna o.’ Hamemetsitsi si wɔ sasrãkpɔ ma la le eƒe ƒe 80-awo me fifia, eye wògaɖoa ŋku nɔviŋutsu ma ƒe dzidzɔ kple nuteƒewɔwɔ dzi vevie ŋutɔ.

2 Mawumenɔnɔme siwo ame tsitsiwo ɖena fiana la ate ŋu awɔ dɔ ɖe ame bubuwo dzi hena ɣeyiɣi didi aɖe. Le nyateƒe me la, menye tsitsi le ƒe me koe nana ame dzea nunya heɖea Kristo ƒe nɔnɔmewo fiana o. (Nyagblɔla 4:13) Biblia gblɔ be: “Atsyɔ̃fiakuku enye ta ƒowɔ, [ne wokpɔe le] dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi.” (Lododowo 16:31) Ne ame tsitsie nènye la, ɖe nènya ale si gbegbe wò nyawo kple nuwɔnawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe ame bubuwo dzia? Mina míadzro Biblia me kpɔɖeŋu siwo ɖe ale si gbegbe ame tsitsiwo kpɔa ŋusẽ nyui ɖe sɔhɛwo dzii la dometɔ aɖewo me akpɔ.

Woƒe Xɔse Gakpɔa Ŋusẽ Ðe Ame Dzi Va Se Ðe Egbe

3. Aleke Noa ƒe nuteƒewɔwɔ va ɖe vi na ame siwo katã le agbe egbeae?

3 Noa ƒe xɔse kple tenɔnɔ sesĩe gakpɔtɔ kpɔa ŋusẽ nyui ɖe amewo dzi va se ɖe egbe. Esusɔ vie Noa naxɔ ƒe 600 esime wòkpa aɖakaʋua, ƒo lãwo nu ƒu, heɖe gbeƒã na eŋɔlimetɔwo. (Mose I, 7:6; Petro II, 2:5) Esi Noa vɔ̃a Mawu ta la, eya kple eƒe ƒomea wotsi agbe le Tsiɖɔɖɔ gã la me, eye wòva zu ame siwo katã le agbe le anyigba dzi egbea la tɔgbui. Enye nyateƒe be Noa nɔ agbe le ɣeyiɣi si me amewo nɔa agbe didi ŋutɔ la me. Ke hã, Noa yi edzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi, esime wòku amegã ŋutɔ kura gɔ̃ hã eye esia he yayra gbagowo vɛ. Alekee?

4. Aleke Noa ƒe tenɔnɔ sesĩe ɖea vi na Mawu subɔlawo egbeae?

4 Noa xɔ ƒe 800 kloe esime Nimrod dze Xɔ Kɔkɔa tutu gɔme le Babel, si nye aglãdzedze ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo si nye be amewo ‘nayɔ anyigbaa dzi’ la ŋu. (Mose I, 9:1; 11:1-9) Ke hã, Noa mewɔ ɖeka kple Nimrod le eƒe aglãdzedzea me o. Eya ta anɔ eme be esime wotɔtɔ gbe na aglãdzelaawo la, gbe si Noa dona ya metrɔ o. Xɔse kple tenɔnɔ sesĩe si Noa ɖe fia, menye le eƒe tsitsi me ko o, ke le eƒe agbenɔƒewo katã hã me la, nye nu si wòle be Mawu subɔla siwo katã va nɔ anyi le emegbe la nasrɔ̃ vavã.—Hebritɔwo 11:7.

Ŋusẽ Si Wokpɔna Ðe Woƒe Ƒomea Dzi

5, 6. (a) Esime Abraham xɔ ƒe 75 la, nu kae Yehowa bia tso esi be wòawɔ? (b) Alekee Abraham wɔ nu ɖe nu sia si Mawu bia tso esi la ŋu?

5 Ŋusẽ nyui si ame tsitsiwo ate ŋu akpɔ ɖe woƒe ƒomea me tɔwo ƒe xɔse dzi la dze ƒãa le blemafofo siwo nɔ agbe le Noa megbe la ƒe agbenɔnɔ me. Abraham xɔ abe ƒe 75 ene esime Mawu gblɔ nɛ be: “Ʋu le wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ kple fofowò ƒe me, eye nàyi anyigba, si mafia wò la dzi! Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò.”—Mose I, 12:1, 2.

6 Bu eŋu kpɔ ko be wobia tso asiwò be nàʋu tso wò aƒe me agblẽ xɔ̃wòwo, du si me wodzi wò ɖo, kple wò ƒometɔ siwo dome nènɔa dedie le la ɖi ahayi ɖe du aɖe si mènya o la me. Nu ma tututue wobia tso Abraham si be wòawɔ. Abraham “ʋu, abe alesi Yehowa gblɔ nɛ ene,” eye wòzu amedzro si nɔ agbadɔ me henɔa ʋuʋum tso du me yi du me le Kanaan nyigba dzi le eƒe agbenɔƒe mamlɛawo katã me. (Mose I, 12:4; Hebritɔwo 11:8, 9) Togbɔ be Yehowa gblɔ na Abraham be ava zu “dukɔ gã” hã la, eku xoxoxo hafi eƒe dzidzimeviwo va sɔ gbɔ. Vi ɖeka hɔ̃, si ŋkɔe nye Isak, koe Abraham srɔ̃ Sara va dzi nɛ le ŋugbedodonyigbaa dzi nɔnɔ ƒe 25 sɔŋ megbe. (Mose I, 21:2, 5) Ke hã, dzi meɖe le Abraham ƒo wòtrɔ yi du si me wòtso la me o. Xɔse kple dzidodo ƒe kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi!

7. Ŋusẽ nyui kae Abraham ƒe dzidodo kpɔ ɖe via Isak dzi, eye nu kae va do tso eme na ameƒomea?

7 Abraham ƒe dzidodo kpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe via Isak, si hã nɔ agbe abe amedzro ene, le Kanaan nyigba dzi le eƒe agbenɔƒewo katã, si nye ƒe 180, me la dzi. Xɔse si nɔ Isak si ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu, si edzila tsitsiwo ƒã ɖe eyama me, eye emegbe Yehowa ŋutɔ ƒe nya na xɔse sia gade to ɖe edzi lae kpe ɖe Isak ŋu wòte ŋu do dzi. (Mose I, 26:2-5) Isak ƒe tenɔnɔ sesĩe wɔ akpa vevi aɖe le ŋugbe si Yehowa do be ‘dzidzimevi’ aɖe, si dzi ameƒomea ato akpɔ yayra, ado tso Abraham ƒe ƒomea me la me vava me. Le ƒe alafa nanewo megbe la, Yesu Kristo, si nye ‘dzidzimevi’ ma ƒe akpa vevitɔ la ʋu mɔ na ame siwo katã aɖe eyama dzixɔxɔse afia la be woava nɔ ƒomedodo nyui me kple Mawu eye woakpɔ agbe mavɔ.—Galatiatɔwo 3:16; Yohanes 3:16.

8. Aleke Yakob ɖe xɔse sẽŋu fiae, eye nu kae do tso eme?

8 Emegbe, Isak hã kpe ɖe via Yakob ŋu wòtu xɔse sẽŋu ma tɔgbi ɖo, si va lée ɖe te le eƒe amegãkuɣi. Ƒe 97 ye nɔ Yakob si esime wòte kame kple mawudɔla aɖe zã bliboa bene wòayra ye. (Mose I, 32:24-28) Hafi Yakob naku le eƒe ƒe 147 xɔxɔ me la, edo vevie nu te ŋu yra via 12-awo dometɔ ɖe sia ɖe. (Mose I, 47:28) Nyagblɔɖinya siwo wògblɔ, siwo woŋlɔ ɖe Mose I, 49:1-28 la, nye nyateƒenya siwo gakpɔtɔ le eme vam fifia.

9. Nya kae míate ŋu agblɔ tso ŋusẽ si ame tsitsi siwo bi le gbɔgbɔ me kpɔna ɖe woƒe ƒomea dzi ŋu?

9 Eme kɔ ƒãa be Mawu subɔla wɔnuteƒe tsitsiwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui aɖe ŋutɔ ɖe woƒe ƒomea me tɔwo dzi. Ame tsitsi siawo ƒe Ŋɔŋlɔawo me mɔfiamewo kple aɖaŋuɖoɖo siwo wotu ɖe agbemenuteƒekpɔkpɔwo dzi kpakple woƒe dzidodo ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo ate ŋu akpe ɖe sɔhɛ ŋu be wòatu xɔse sẽŋu ɖo. (Lododowo 22:6) Mele be ame tsitsiwo nabu ŋusẽ nyui si gbegbe woate ŋu akpɔ ɖe woƒe ƒomea dzi la nu tsɛe gbeɖe o.

Ŋusẽ Si Wokpɔna Ðe Hati Tadeagulawo Dzi

10. “Se” kae Yosef de “le eƒe ƒuwo ŋuti,” eye nu kae do tso eme?

10 Ame tsitsiwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe haxɔsetɔwo hã dzi. Yosef, Yakob vi la, gblɔ nya aɖe le eƒe tsitsime, si ɖe eƒe xɔse fia, si kpɔ ŋusẽ ɖe tadeagula vavã miliɔn geɖe siwo va nɔ agbe le eƒe ku megbe la dzi vevie. Exɔ ƒe 110 esime “wòde se le eƒe ƒuwo ŋuti,” be ne Israel viwo va ʋu dzo le Egipte mlɔeba la, ele be woatsɔ yeƒe ƒuwo ayii. (Hebritɔwo 11:22; Mose I, 50:25) Sedede ma gado ŋusẽ Israel viwo ƒe mɔkpɔkpɔ esime wonɔ kluvinyenye me le Yosef ƒe ku megbe hena ƒe geɖe, be kakaɖedzi li be yewoƒe ɖeɖekpɔkpɔ ava godoo.

11. Ŋusẽ kae amegãɖeɖi Mose anya kpɔ ɖe Yosua dzi?

11 Ame siwo dzi Yosef ƒe xɔseɖeɖefia sia kpɔ ŋusẽ nyui ɖo la dometɔ ɖekae nye Mose. Esime Mose xɔ ƒe 80 la, mɔnukpɔkpɔ su esi wòtsɔ Yosef ƒe ƒuwo dzoe le Egipte nyigba dzi. (Mose II, 13:19) Ɣemaɣi lɔƒoe wòdo go Yosua, si wòtsi wu boo la. Yosua subɔ abe Mose ƒe kpeɖeŋutɔ ene le ƒe 40 siwo kplɔe ɖo me. (Mose IV, 11:28) Ekplɔ Mose ɖo wolia Sinai Toa, eye wòlala hekpe Mose esi wòyi ɖaxɔ kpe siwo dzi woŋlɔ Seawo ɖo heɖi gbɔna. (Mose II, 24:12-18; 32:15-17) Aɖaŋuɖoɖo nyui kple nunya vavã tsoƒe ka gbegbee nye esi amegãɖeɖi Mose anya nye na Yosua!

12. Alekee Yosua kpɔ ŋusẽ nyui ɖe Israel dukɔa dzi le eƒe agbenɔɣi?

12 Yosua hã yi edzi nye dzideƒotsoƒe na Israel dukɔa ŋkeke ale si wònɔ agbe. Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:7 gblɔ na mí be: “Dukɔ la subɔ Yehowa, ŋkeke alesi Yosua nɔ agbe kple ŋkeke alesi ame tsitsi, siwo nɔ agbe le Yosua megbe, amesiwo kpɔ nu gã, siwo katã Yehowa wɔ na Israel teƒe la, le agbe.” Gake le Yosua kple ame tsitsi bubuawo ƒe ku megbe la, dukɔa va nɔ vedomesi le tadedeagu vavãtɔ kple alakpatɔ gome hena ƒe 300 sɔŋ, va de asi na nyagblɔɖila Samuel ƒe ŋkekeawo me.

Samuel “Do Nu Dzɔdzɔe Wɔwɔ Ðe Ŋgɔ”

13. Nu kae Samuel wɔ tsɔ “do nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖe ŋgɔ”?

13 Biblia megblɔ ƒe si Samuel xɔ hafi ku o. Gake nu siwo woŋlɔ ɖe Samuel Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me la nye nu siwo dzɔ le ƒe 102 dome, eye Samuel kpɔ wo dometɔ akpa gãtɔ teƒe. Míexlẽ le Hebritɔwo 11:32, 33, (NW) be ʋɔnudrɔ̃la kple nyagblɔɖila wɔnuteƒewo “do nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖe ŋgɔ.” Nyateƒee, Samuel kpɔ ŋusẽ nyui ɖe eŋɔlimetɔ aɖewo dzi, si wɔe be woƒo asa na nu gbegblẽ wɔwɔ, alo dzudzɔ ewɔwɔ. (Samuel I, 7:2-4) Aleke wòwɔ esiae? Elé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa le eƒe agbenɔƒewo katã me. (Samuel I, 12:2-5) Aɖaŋuɖoɖo na fia la ŋkubiãtɔe gɔ̃ hã medo vɔvɔ̃ nɛ o. (Samuel I, 15:16-29) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Samuel ɖo gbedodoɖa ɖe ame bubuwo ta ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi esime ‘wòtsi heƒo wɔ’ gɔ̃ hã. Egblɔ be ‘nede megbe xaa tso ye gbɔ be yeawɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu agbe kukuɖeɖe ɖe’ ye hati Israel viwo ta.—Samuel I, 12:2, 23.

14, 15. Alekee ame tsitsi siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ Samuel le gbedodoɖa gome?

14 Nu siawo katã ɖo kpe ale si gbegbe ame tsitsiwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe hati Yehowa subɔlawo dzii la dzi. Togbɔ be tsitsimelãmesẽkuxiwo kple nɔnɔme bubuwo ate ŋu aɖe ame tsitsiwo ƒe ŋutetewo dzi kpɔtɔ hã la, woate ŋu ado gbe ɖa ɖe ame bubuwo ta. Mi ame tsitsiwo, ɖe miedea asixɔxɔ ale si gbegbe miaƒe gbedodoɖawo ɖea vi na hameae la ŋua? Esi mieɖe Kristo ƒe ʋu si wokɔ ɖi dzixɔxɔse fia ta la, tenɔnɔ nyui va su mia si le Yehowa ŋku me, eye le miaƒe dzidodo ŋuti kpɔɖeŋu nyuiawo ta la, “xɔse adodoea, si to dodokpɔ me” la le mia si. (Yakobo 1:3; Petro I, 1:7, NW) Migaŋlɔ be gbeɖe o be, “Ŋusẽ nɔa ame dzɔdzɔe ƒe kokoƒoƒo ŋu, elabena ewɔa dɔ ŋutɔ.”—Yakobo 5:16, NW.

15 Miaƒe gbedodoɖa ɖe Yehowa ƒe Fiaɖuƒedɔa ta hiã vevie. Mía nɔvi aɖewo le gaxɔ me le woƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ta. Dzɔdzɔmefɔkuwo, aʋawɔwɔwo, kple dukɔmeviwo ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔwo le nu gblẽm le wo dometɔ aɖewo ŋu. Bubuwo hã, le mía ŋutɔ míaƒe hamewo gɔ̃ hã me, le fu kpem le tetekpɔwo kple tsitretsiɖeŋuwo ta. (Mateo 10:35, 36) Ame siwo le ŋgɔ xɔm le gbeƒãɖeɖedɔa kple hameawo dzikpɔkpɔ me la hã hiã miaƒe gbedodoɖa ɖe woamawo ta edziedzi. (Efesotɔwo 6:18, 19; Kolosetɔwo 4:2, 3) Aleke gbegbe wòhenyoe nye esi be miayɔ haxɔsetɔwo ƒe ŋkɔwo le miaƒe gbedodoɖawo me, abe ale si Epafra wɔe ene!—Kolosetɔwo 4:12.

Nufiafia Dzidzimevi Siwo Ava Emegbe

16, 17. Nya kae wogblɔ ɖi le Psalmo 71:18, eye aleke wòva emee?

16 ‘Alẽ bubuawo,’ siwo si agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le la, xɔ hehe nyuiwo to hadede kple ‘alẽha sue,’ si me tɔwo woyɔ hena dziƒoyiyi la me. (Luka 12:32; Yohanes 10:16) Wogblɔ esia ŋu nya ɖi le Psalmo 71:18 be: “Mawu, megagblẽm ɖi o vaseɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me, vaseɖe esime maɖe gbeƒã wò alɔ na dzidzimeviwo kple wò ŋusẽ na megbeviwo katã!” Ame siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la di vevie be yewoana hehe yewo yomedzela alẽ bubuawo hena agbanɔamedzi geɖe wu tsɔtsɔ hafi yewoadzo le wo gbɔ aɖanɔ ŋutikɔkɔe me kple Yesu Kristo.

17 Míate ŋu azã nufiafia “megbeviwo” ƒe nya si wogblɔ le Psalmo 71:18 la ƒe gɔmeɖosea na alẽ bubuawo, siwo xɔa mɔfiamewo tsoa Mawu ƒe amesiaminawo gbɔ la. Yehowa tsɔ mɔnukpɔkpɔ si nye ɖaseɖiɖi tso eyama ŋu na ame siwo va le gegem ɖe tadedeagu vavãtɔa me fifia la de asi na ame tsitsiwo. (Yoel 1:2, 3) Alẽ bubuawo sena le wo ɖokui me be yayra sɔŋue nu siwo yewosrɔ̃na tso amesiaminawo gbɔ la nye na yewo, eye esia ʋãa wo be woagblɔ Ŋɔŋlɔawo me sidzedze si va su wo si la na ame bubu siwo di be yewoasubɔ Yehowa.—Nyaɖeɖefia 7:9, 10.

18, 19. (a) Nyatakaka xɔasi kawoe le Yehowa subɔla siwo tsi le ƒe me la dometɔ geɖe si woagblɔ na mí? (b) Nu ka dzie wòle be Kristotɔ siwo tsi le ƒe me la naka ɖo?

18 Yehowa subɔla tsitsi siwo li egbea, amesiaminawo kple alẽ bubuawo siaa, nye ame siwo gbɔ míesea ŋutinyamenudzɔdzɔ veviwo tsoe. Ame siwo nɔ anyi hafi woɖe “Xexeamewɔwɔ Ƒe Fotoɖeɖefia” la fia zi gbãtɔ la dometɔ ʋɛ aɖewo gakpɔtɔ le agbe egbea. Ame aɖewo li egbea siwo nya nɔvi ŋgɔxɔla siwo wolé de ga le ƒe 1918 me la ŋutɔŋutɔ. Ame bubuwo hã kpɔ gome le gbeƒãɖeɖe to Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe radiodɔwɔƒe, WBBR, si nɔ anyi tsã la dzi me. Nɔvi tsitsi geɖe ate ŋu aƒo nu tso nu siwo teƒe wokpɔ esime wòva hiã be woaʋli Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔblɔɖe ta le ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔwo la ŋu. Bubuwo hã nye ame siwo lé tadedeagu vavãtɔa me ɖe asi sesĩe le dziɖula sẽŋutawo ƒe dziɖuɣi. Nyateƒee, ame tsitsiwo ate ŋu aƒo nu tso ale si wonɔ numekɔkɔwo nam tso nyateƒea ŋu vivivi la ŋu. Biblia de dzi ƒo na mí be míana nuteƒekpɔkpɔ xɔasi siwo su ame tsitsi siawo si la naɖe vi na mí.—Mose V, 32:7.

19 Wode dzi ƒo na Kristotɔ siwo tsi le ƒe me la be woaɖo kpɔɖeŋu na sɔhɛwo. (Tito 2:2-4) Ðewohĩ miekpɔa ŋusẽ si gbegbe miaƒe dzidodo, gbedodoɖawo, kple aɖaŋuɖoɖowo kpɔna ɖe ame bubuwo dzi la dzea sii fifia o. Anɔ eme be Noa, Abraham, Yosef, Mose, kple bubuawo menya ŋusẽ si gbegbe woƒe nuteƒewɔwɔ ava kpɔ ɖe dzidzime siwo ava va le wo megbe la dzi o. Ke hã, woƒe xɔse kple nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋua kpɔ ŋusẽ nyui geɖe ɖe amewo dzi. Nenema kee wòle le miawo hã mia gome.

20. Yayra kawoe le ame siwo alé woƒe mɔkpɔkpɔa me ɖe asi sesĩe ɖase ɖe nuwuwu la lalam?

20 Eɖanye be àtsi agbe le “xaxa gã” la me loo alo àku woava fɔ wò ɖe tsitre o, dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye be wò asi nàsu “agbe vavã la” dzi! (Mateo 24:21; Timoteo I, 6:19) Kpɔ ɣeyiɣi si me Yehowa aɖɔ nu siwo katã tsitsi gblẽ le amegbetɔwo ŋu ɖo le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la ɖa le susu me. Le esi míaƒe ŋutilã nayi edzi anɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm teƒe la, ɖee wòanɔ ŋu sẽm ɖe edzi tso ŋkeke yi ŋkeke boŋ—ŋusẽ geɖe anɔ mía ŋu ɖom, míaƒe nukpɔkpɔ anɔ nyonyom ɖe edzi, míanɔ nu sem nyuie wu, eye míaƒe dzedzeme hã anɔ nyonyom ɖe edzi! (Hiob 33:25; Yesaya 35:5, 6) Ame siwo si mɔnukpɔkpɔa asu be woanɔ agbe le Mawu ƒe xexe yeyea me la ayi edzi anye sɔhɛwo, ne míetsɔe sɔ kple ɣeyiɣi mavɔmavɔ si woanɔ agbee. (Yesaya 65:22) Eya ta mina mí katã míalé mɔkpɔkpɔ me ɖe asi sesĩe ahayi edzi asubɔ Yehowa kple luʋɔ blibo ɖase ɖe nuwuwu. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ana eƒe ŋugbedodowo katã nava eme, eye be nu siwo wòawɔ la aƒo nu siwo míele mɔ kpɔm na la ta sãsãsã.—Psalmo 37:4; 145:16.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Alekee amegãɖeɖi Noa ƒe tenɔnɔ sesĩe he yayrawo vɛ na ameƒomea katã?

• Ŋusẽ kae blemafofowo ƒe xɔseɖeɖefia kpɔ ɖe woƒe dzidzimeviwo dzi?

• Alekee Yosef, Mose, Yosua, kple Samuel wodo ŋusẽ hati tadeagulawo le woƒe tsitsime?

• Kpɔɖeŋu nyui kae ame tsitsiwo ate ŋu aɖo ɖi na wo megbeviwo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Abraham ƒe dzidodo kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Isak dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Amegãɖeɖi Mose ƒe aɖaŋuɖoɖowo de dzi ƒo na Yosua

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Miaƒe gbedodoɖa ɖe ame bubuwo ta ate ŋu aɖe vi geɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Sɔhɛwo ɖea vi tsoa toɖoɖo nuteƒewɔla tsitsiwo me