Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míeɖoe Kplikpaa Be Míawɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔa Ade Goe

Míeɖoe Kplikpaa Be Míawɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔa Ade Goe

Agbemeŋutinya

Míeɖoe Kplikpaa Be Míawɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔa Ade Goe

Abe Ale Si Lena Davison Gblɔe Ene

Míaƒe yameʋukulaa gblɔ kple gbe si me mekɔ tututu o be: “Nyemegate ŋu le nu kpɔm nyuie o. Nyemegale nu kpɔm o.” Ɣeyiɣi kpuie aɖe megbe la, eƒe asiwo ɖiɖi le nu si wotsɔ fiaa mɔ yameʋu sue si me míenɔ la ŋu, eye eya ŋutɔ wɔ gblɔdɔɔ ɖe eƒe zikpuia me hebu ɖe eɖokui. Srɔ̃nye si menya naneke tso yameʋukuku ŋu o la dze agbagba be yeanyɔe do kpoe. Hafi magblɔ ale si bebli hafi míete ŋu tsi agbe le nɔnɔme dziŋɔ sia me na mi la, mina magblɔ nu si na be míenɔ yameʋu ma, si nɔ dzodzom to Papua New Guinea, si nye anyigba ƒe teƒe diditɔwo kekeake dometɔ ɖeka ƒe yamenutowo me la na mi.

WODZIM le Australia le ƒe 1929 me, eye metsi le Sydney, si nye New South Wales ƒe fiadu la me. Fofonye, Bill Muscat, nye Kɔmiunisttɔ, eye nukutɔe la, exɔ Mawu dzi se hã. Le ƒe 1938 me la, elɔ̃ be yeade asi agbalẽ aɖe si te dukɔa me tɔ aɖewo nɔ asi demee la te, si ana be woaɖe mɔ na Joseph F. Rutherford, si tso Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒegã, be wòava ɖe gbeƒã le Sydney Dutakpexɔ me.

Ɣemaɣi la, Papa gblɔ na mí be: “Nya nyui aɖe anya nɔ esi wòagblɔ.” Ƒe enyi megbe la, míeva kpɔ vevienyenye si le nya siwo wòva gblɔ ŋu. Papa kpe Norman Bellotti, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla aɖe la, va mía ƒe me hena Biblia me dzodzro. Míaƒe ƒomea wɔ ŋgɔyiyi kabakaba le Biblia me nyateƒea xɔxɔ me, eye eteƒe medidi o, míava doa vevie nu ŋutɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me.

Le ƒe 1940 ƒeawo ƒe domedome la, medzudzɔ sukudede be makpe ɖe danye, si dɔ mavɔleameŋu aɖe nɔ fu ɖem na la ŋu. Mewɔa awutɔtɔdɔ hã tsɔ kpɔa ɖokuinye dzi. Memleɖa fiẽsiwo la, mía kple nɔvinyenyɔnu Rose míewɔa ɖeka kple mɔɖelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe heyina ɖawɔa ablɔdziɖaseɖiɖidɔ le Sydney Dutakpexɔa ƒe ablɔwo dzi. Le ƒe 1952 me la, nɔvinyeŋutsu tsitsitɔ, John, wu Gilead dutanyanyuigblɔlawo ƒe hehenasuku dede nu le United States (États-Unis) eye woɖoe ɖe Pakistan. Gbeƒãɖeɖedɔa doa dzidzɔ na nye hã eye medi be masrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua. Eya ta le ƒe si kplɔe ɖo me la, meva zu ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela.

Srɔ̃ɖeɖe Kple Dutanyanyuigbɔgblɔdɔa Wɔwɔ

Esia megbe kpuie la, medo go John Davison, si wɔa dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Australia. Eƒe ɖokuibɔbɔ, eƒe kutrikuku tso dzi blibo me, kple ale si wòléa agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo me ɖe asi la wɔ dɔ ɖe dzinye vevie. Le Xexemeʋa II lia wɔɣi la, wolée de gaxɔ me zi etɔ̃ le esi wònye Kristotɔ si medea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o ta. Mía kplii míeɖoe be míatsɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa awɔ míaƒe agbemedɔe.

Mía kple John míeɖe mía nɔewo le June 1955 me. Míeƒle bɔs aɖe kple susu be míatrɔ asi le eŋu wòganye xɔdɔme hã na mí. Míaƒe taɖodzinue nye be míazãe le gbeƒãɖeɖedɔa me le Australia ƒe nuto siwo sa ɖe aga me. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, yɔyɔ aɖe va be wohiã Ðasefo geɖe siwo alɔ̃ be yewoaʋu ayi New Guinea, si nye ƒukpo gã aɖe si le Australia ƒe dziehe la ƒe dzieheɣedzeƒekpa dzi. * Fiaɖuƒegbedeasia mekpɔ ɖo xexea ƒe akpa ma o. Eya ta enumake míelɔ̃ faa be míayi.

Le ɣeyiɣi mawo me la, mɔ ɖeka si ko dzi ame ate ŋu ato anɔ New Guinea dukɔa mee nye be ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔwɔɖui aɖe nanɔ esi le dukɔa me, eya ta John te dɔwɔɖui didi. Eteƒe medidi o, ekpɔ dɔ le atitsoƒe aɖe le New Britain, si nye ƒukpo sue aɖe ŋutɔ si wobuna New Guinea ƒe akpa aɖee. Le kwasiɖa geɖe megbe la, míedze mɔ yi ɖe míaƒe dɔdeasi yeyea wɔƒe, eye míeva ɖo Rabaul, New Britain le July 1956 me. Míelala le afi ma hena ŋkeke ade be tɔdziʋu aɖe nava kɔ mí ayi ɖe Waterfall Bay.

Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Le Waterfall Bay

Le ŋkeke geɖe ƒe ƒudzimɔzɔzɔ si menɔ bɔbɔe o megbe la, míeva ɖo Waterfall Bay, si nye adɔ̃ gã aɖe si gbɔ didi kilometa 240 tso Rabaul le anyiehe gome. Woɖo atitsoƒe gã aɖe ɖe avetsu dodo aɖe me le afi ma. Le fiẽ ma, esime dɔwɔlawo katã nɔ anyi ɖe fiẽnuɖukplɔ̃ ŋu godoo la, dɔdzikpɔlaa gblɔ be, “Aƒetɔ kple Aƒenɔ Davison, enye dɔwɔƒe sia ƒe ɖoɖo be dɔwɔlawo katã nagblɔ subɔsubɔha si me wole.”

Míeka ɖe edzi be ɖoɖo aɖeke menɔ anyi nenema o, gake esi míegbe be míano atama o ta la, edze ƒãa be wodi be yewoanya ame siwo míenye. Aleke kee wòɖale o, John ɖo eŋu be, “Yehowa Ðasefowo míenye.” Ðoɖoe koe zi toŋtoŋ. Dɔwɔlaawo nye ame siwo kpɔ gome le Xexemeʋa II lia wɔwɔ me, eye wobua nazã ɖe Ðasefowo ŋu le esi womede akpa aɖeke dzi le aʋaa me o ta. Tso ɣemaɣi la, dɔwɔlaawo dia mɔ ɖe sia ɖe si dzi woato ana nɔnɔmeawo nasẽ na mí.

Gbã la, dɔdzikpɔlaa gbe be yemana nufamɔ̃ kple gamlekpui mí o, evɔ ele be wòatsɔ wo ana mí hafi. Míaƒe nuɖuɖu siwo mate ŋu anɔ anyi wòadidi o la gblẽ, eye eva hiã be míaɖa nu le gamle gbegblẽ aɖe si míefɔ le avea me la dzi. Emegbe wode se na kɔƒea me tɔwo be woagadzra agblemenuku yeyewo na mí o, eya ta míenɔ agbe ɖe amagbe ɖe sia ɖe si míenya kpɔ ko la nu. Wobua mí ŋkutsalawoe, eye woléa ŋku ɖe mía ŋu nyuie be yewoakpɔ be míafia Biblia ame aɖe hã. Emegbe kpuie la, asrãdɔ dze dzinye.

Ke hã, míeɖoe kplikpaa be míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa ade goe. Eya ta míebia tso kɔƒea me tɔ atitsola eve siwo se Eŋlisigbe si be woafia Melanesiagbe ƒomevi aɖe si wodona le dukɔa me la mí. Eye míawo hã míefia Biblia wo. Le kwasiɖanuwuwuwo la, míegblɔna be míaɖaɖi tsa, eye míezɔa mɔ yia didiƒewo. Le mɔa dzi la, míeɖia ɖase na kɔƒeawo me tɔ ɖe sia ɖe si ŋu míenya ke ɖo ko la le adzame; míaƒe Biblia nusrɔ̃viawoe nɔa gbe gɔme ɖem na mí. Míetsoa tɔ siwo nɔ sisim sesĩe, siwo ƒe gowo dzi lo gagãwo nɔa ŋdɔ ƒum le la. Lã lénu dziŋɔ siawo meɖea fu na mí ale o, negbe zi ɖeka aɖe koe wodo afɔku mí kloe.

Nu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui La Wɔwɔ

Esi míenɔ dzidzedze kpɔm le subɔsubɔdɔa me ta la, míeɖoe be míaŋlɔ Biblia me gbedeasi siwo gɔme amewo ate ŋu ase bɔbɔe la ɖe agbalẽ dzi ama na ɖetsɔlemetɔwo. Míaƒe Biblia nusrɔ̃vi siwo nɔ atitsoƒea la kpe ɖe mía ŋu míeɖe wo gɔme ɖe wo de gbe me. Emegbe míezã fiẽ geɖe tsɔ wɔ trakt sia alafa geɖe eye míema wo na kɔƒeawo me tɔwo kple ame siwo wɔa dɔ le tɔdziʋu siwo va tsoa eme yina la me.

Le ƒe 1957 me la, John Cutforth, si nye subɔla mɔzɔla kpɔnuteƒe aɖe la va srã mí kpɔ hede dzi ƒo na mí. * Edo susua ɖa be, nɔnɔmetatawo zazã ate ŋu anye mɔnu nyui aɖe le Biblia me nyateƒea fiafia ame siwo menya nuxexlẽ o me. Woa kple srɔ̃nye wota nɔnɔmetata vovovo siwo le bɔbɔe la aɖaŋutɔe be míate ŋu atsɔ aɖe Biblia me nufiafia veviwo me. Emegbe míezã gaƒoƒo gbogbo aɖe ŋutɔ tsɔ ɖe nɔnɔmetata siawo ɖe sukuviwo ƒe nuŋlɔgbalẽwo me. Biblia nusrɔ̃vi ɖe sia ɖe xɔ kɔpi ɖeka, si wòzãna tsɔ ɖea gbeƒã na ame bubuwo. Emegbe wova zã nufiafiamɔnu sia le dukɔa katã me.

Le míaƒe Waterfall Bay nɔnɔ hena ƒe eve kple afã megbe la, míaƒe atitsodɔa wu enu, eye woɖe mɔ na mí azɔ be míate ŋu anɔ dukɔa me. Eya ta esi habɔbɔa bia tso mía si be míawɔ mɔɖela vevi ƒe dɔa la, míelɔ̃.

Míetrɔ Yi Rabaul

Esi míeɖo tɔdziʋu yina ɖe Rabaul le dziehekpa dzi la, míaƒe tɔdziʋua va tɔ ɖe agɔne ƒuƒu kple kokoo gbledeƒe nuto aɖe me le Wide Bay, be míatsi afi ma adɔ. Esi agbletɔawo, siwo nye atsu kple asi tsitsi aɖe, di be yewoadzudzɔ dɔwɔwɔ atrɔ ayi ɖe Australia ta la, wobia tso John si be wòaxɔ dɔ si nye agblea dzikpɔkpɔ. Dɔ nyui aɖe ŋutɔe wònye, gake esi míede ŋugble le eŋu le zã ma me la, míetso nya me be menye ɖee míeva New Guinea be míava di kesinɔnuwo o. Míeɖoe kplikpaa be míayi edzi awɔ míaƒe subɔsubɔdɔa ade goe abe mɔɖelawo ene. Eya ta le ŋufɔke la, míegblɔ míaƒe nyametsotsoa na atsu kple asi la eye míegbugbɔ ɖo tɔdziʋua hedzo.

Esi míeva ɖo Rabaul la, míewɔ ɖeka kple Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe si me tɔwo ʋu tso dukɔ bubuwo me va nutoa me. Nutoa me tɔwo tsɔ ɖe le Fiaɖuƒegbedeasia me vevie ŋutɔ, eye míedze Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe wɔwɔ gɔme. Le ɣeyiɣi mawo me la, míewɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo le xɔ gã aɖe si míehaya le nutoa me la me, eye ame 150 sɔŋ vana. Ame siawo dometɔ geɖewo va xɔ nyateƒea eye wokpe asi ɖe gbeƒãɖeɖe Mawufiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ŋu wòte ŋu ɖo dukɔa ƒe akpa bubuwo.—Mateo 24:14.

Míeyi ɖaɖe gbeƒã le Vunabal, si nye kɔƒedu aɖe si didi tso Rabaul abe kilometa 50 ene, afi si amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe tsɔ ɖe le Biblia me nyateƒea me vevie le la hã. Eteƒe medidi o, nu sia ve dɔme na nutoa me Katolikotɔ xɔŋkɔ aɖe. Ekplɔ woƒe sɔlemehaa me tɔ aɖewo wova gblẽ míaƒe kwasiɖa sia kwasiɖa Biblia nusɔsrɔ̃ si wɔm míenɔ la me, henya mí do goe le kɔƒedua me. Esi míese be nɔnɔmeawo agado gã ɖe edzi le kwasiɖa si akplɔe ɖo me la, míebia tso kpovitɔwo si be woakplɔ mí ayii.

Esi míedze mɔ yina gbe ma gbe la, Katolikotɔwo do ɖe mɔ sia si didi kilometa geɖe la dzi keŋ henɔ ɣli dom ɖe mía ta. Geɖewo nɔ klalo be yewoaƒu kpe mí. Le ɣeyiɣi mawo me la, nunɔla aɖe ƒo kɔƒea me tɔ alafa geɖe nu ƒu ɖi. Kpovitɔawo na kakaɖedzi mí be gome le mía si be míawɔ míaƒe kpekpea, eya ta woa ŋutɔ woɖe mɔ na mí to amehawo dome. Gake esi míenya dze kpekpea gɔme ko la, nunɔlaa de zi ameha la me ɖe mía ŋu. Kpovitɔawo mete ŋu lé wo nu o; eya ta kpovitɔawo ƒe amegã xlɔ̃ nu mí be míadzo eye wòkplɔ mí kaba yi ɖe míaƒe ʋua gbɔ.

Ameha la nyè zi ɖe mía ŋu henɔ mía dzum, nɔ ɖiŋu dom na mí, heŋlɔ kɔ nɔ dodom ɖe mía ŋkume, esime nunɔlaa ya bla eƒe abɔwo ɖe akɔta henɔ alɔgbonu kom. Esi míesi dzo vɔ la, kpovitɔwo ƒe amegãa gblɔ be nu siae nye esi dzi ŋɔ wu ɖe sia ɖe si teƒe yekpɔ kpɔ. Togbɔ be amehaa ƒe adãnuwɔwɔa ɖe dzi le Vunabal kɔƒedua me tɔ akpa gãtɔ ƒo hã la, Biblia nusrɔ̃viawo dometɔ ɖeka ya nɔ Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea ƒe akpa dzi dzideƒotɔe. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, ame alafa geɖe bubuwo va xɔ nyateƒea le New Britain dukɔa katã me.

New Guinea Xɔ Nyateƒea

Le November 1960 me la, woɖo mí ɖe Madang, si nye du gã aɖe le New Guinea ƒukpoa ƒe dziehenuto me. Le afi ma la, amewo tsɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔwɔɖui ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖewo ɖo mía ŋkume. Dɔwɔƒe aɖe bia tso asinye be manye yewoƒe awudzraƒe dzikpɔla. Dɔwɔƒe bubu di be magbugbɔ anɔ asi trɔm le awuwo ŋuti na yewo. Nyɔnu aɖewo siwo tso duta va le dukɔa me la gɔ̃ hã gblɔ nam be yewoakpe ɖe ŋunye maɖo nye ŋutɔ nye awutɔdɔwɔƒe. Gake esi míaƒe taɖodzinua gakpɔtɔ nɔ susume na mí ta la, míetsɔ tufafa ɖe nu me na wo hegbe mɔnukpɔkpɔ siawo kple bubuwo katã.—Timoteo II, 2:4.

Míaƒe subɔsubɔdɔa nɔ ku tsem le Madang ale gbegbe, eye eteƒe medidi o, míeɖo hame aɖe si nɔ dzidzedze kpɔm ŋutɔ. Míezɔna, hedoa dzokeke yia kɔƒedu saɖagawo me va ɖea gbeƒã hena ŋkeke geɖe. Míetsia anyixɔ siwo me ame aɖeke menɔna o me dɔna le mɔa dzi, eye míemlɔa aŋgba siwo míetso le gbe me dzi. Nugoemenuɖuɖuwo, akpɔnɔ viviwo, kple mudɔ ɖeka koe nye nu siwo míetsɔna ɖe asi.

Le míaƒe saɖagaɖaseɖiɖidɔ aɖe me la, míeyi ɖasrã ɖetsɔletɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe kpɔ le Talidig, si nye kɔƒedu aɖe si didi tso Madang gbɔ le dziehe gome anɔ abe kilometa 50 ene. Esi ƒuƒoƒoa nɔ ŋgɔyiyi wɔm le gbɔgbɔ me la, nutoa me sukudzikpɔla aɖe de se na wo be woagasrɔ̃ Biblia le kɔƒea me o. Emegbe ena kpovitɔwo gblẽ woƒe aƒewo dome henya wo de gbe. Gake kɔƒe aɖe si te ɖe wo ŋu ƒe fia ɖe mɔ na wo be woanɔ yeƒe anyigba dzi. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, fia dɔmenyotɔ sia va srɔ̃ Biblia me nyateƒea, eye wotu Fiaɖuƒe Akpata nyuie aɖe ŋutɔ ɖe nutoa me.

Gbegɔmeɖeɖe Kple Mɔzɔzɔdɔa

Le ƒe eve ko megbe, tso esime míeva ɖo New Britain le ƒe 1956 me la, wobia tso mía kple John si be míaɖe Biblia srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖe Melanesiagbe ƒomevi aɖe si wodona le dukɔa me la me. Míewɔ dɔ sia hena ƒe geɖe. Emegbe le ƒe 1970 me la, wokpe mí be míava wɔ gbegɔmeɖeɖedɔa koŋ le alɔdzedɔwɔƒe si le Port Moresby, si nye Papua New Guinea ƒe fiadua. Míefia gbea hã amewo le afi ma.

Le ƒe 1975 me la, míetrɔ yi New Britain, heyi ɖasubɔ abe dzikpɔla mɔzɔlawo ene. Le ƒe 13 siwo kplɔe ɖo me la, míeɖo yameʋuwo, tɔdziʋuwo, ʋuwo, hezɔ afɔ hã de dukɔa ƒe nuto ɖe sia ɖe kloe me. Míaƒe agbe ɖo afɔku me zi geɖe le mɔ siawo zɔzɔ me. Esiawo dometɔ ɖekae nye esi ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze. Le ɣemaɣi la, dɔgbomebi aɖe ɖe fu na míaƒe yameʋukulaa vevie eye wòku ƒenyi esime míenɔ Kandrian ƒe yameʋudzeƒe gogom le New Britain. Esi wòna be yameʋua ŋutɔ nɔ mɔ fia eɖokui do ŋgɔ ta la, míenɔ xlã ƒom le ave dodoa tame esime John nɔ agbagba dzem vevie be yenyɔe do kpoe. Eva nyɔ mlɔeba, eye eƒe mo kɔ vie wòte ŋu na yameʋua va dze. Kasia egayi ɖi me ake.

Dɔwɔwɔ Ƒe Ʋɔtru Bubu Ʋu Na

Le ƒe 1988 me la, wogagbugbɔ ɖo mí ɖe Port Moresby be míayi aɖakpe asi ɖe gbegɔmeɖeɖedɔa ŋu le alɔdzedɔwɔƒea, elabena hiahiã geɖe nɔ anyi. Mí ame 50 lɔƒoe nɔ alɔdzedɔwɔƒea hewɔa dɔ abe ƒome ɖeka ene, eye míena hehe ame geɖewo hã le afi ma. Mía dometɔ ɖe sia ɖe nɔ xɔnu sue ɖeka me. Mía kple John míeɖoe be míana míaƒe ʋɔtru nanɔ ʋuʋu ɖi bena wòanɔ bɔbɔe na ƒomea me tɔwo kple amedzrowo be woasrã mí akpɔ bene míanya mía nɔewo nyuie wu. Esia wɔe be ƒomedodo kplikplikpli va nɔ mía kple míaƒe ƒomea me tɔwo dome, si wɔe be míete ŋu ɖea lɔlɔ̃ fiana hekpena ɖe mía nɔewo ŋu.

Emegbe dzidɔ aɖe ho na John eye wòku le ƒe 1993 me. Mese le ɖokuinye me abe ɖee nye ŋutilã ƒe akpa aɖe ku ene. Míenɔ anyi abe atsu kple asi ene hena ƒe 38, eye míezã ɣeyiɣi mawo katã tsɔ wɔ subɔsubɔdɔa ɖekae. Ke hã, megaɖoe kokoko be mayi subɔsubɔdɔa dzi le Yehowa ƒe ŋusẽ me. (Korintotɔwo II, 4:7) Megakpɔtɔ gblẽa nye ʋɔtrua ɖe ʋuʋu, eye sɔhɛwo gava srãam kpɔ kokoko. Hadede tuameɖo siawo kpe ɖe ŋunye be dzi nɔa ƒonye.

Le ƒe 2003 me, esi nye lãme meganɔ sesẽm tututu o ta la, wogbugbɔ ɖom ɖe alɔdzedɔwɔƒe si le Sydney, Australia. Mexɔ ƒe 77 fifia, eye megakpɔtɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm le Gbegɔmeɖeɖe Dɔwɔƒea, eye nyemefena le gbeƒãɖeɖedɔa hã wɔwɔ ŋu o. Xɔ̃nyewo kple gbɔgbɔmeviwo kpakple mamayɔviwo nana mekpɔa dzidzɔ ɣesiaɣi.

Nye ʋɔtrua gakpɔtɔ nɔa ʋuʋu ɖi le Betel kokoko, eye ame geɖewo va srãam kpɔ. Le nyateƒe me la, ne nye ʋɔtru le tutu la, zi geɖe amewo ƒonɛ be yewoakpɔ be nu kae le dzɔdzɔm hã. Zi ale si menya le agbeya gbɔm ko la, meɖoe kplikpaa be masubɔ nye Mawu, Yehowa, ahawɔ nye subɔsubɔdɔa ade goe.—Timoteo II, 4:5.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 10 Ɣemaɣi la woma ƒukpoa ƒe ɣedzeƒenutoa ɖe akpa eve; anyiehe gome nye Papua eye dziehe gome nye New Guinea. Egbea, woyɔa ƒukpo sia ƒe ɣetoɖoƒenutoa be Papua, si nye Indonesia ƒe akpa aɖe, eye woyɔa ɣedzeƒenutoa be Papua New Guinea.

^ mm. 19 Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, June 1, 1958, axa 333-6, hena John Cutforth ƒe agbemeŋutinya.

[Anyigbatata siwo le axa 18]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

NEW GUINEA

AUSTRALIA

Sydney

INDONESIA

PAPUA NEW GUINEA

Talidig

Madang

PORT MORESBY

NEW BRITAIN

Rabaul

Vunabal

Wide Bay

Waterfall Bay

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Anyigba tataa kple anyigba nogo la: Based on NASA/Visible Earth imagery

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Le alɔdzedɔwɔƒea le Papua New Guinea, le ƒe 2002 me

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Mía kple John le takpekpe aɖe me le Lae, New Guinea, le ƒe 1973 me