Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Konyifahawo Ƒe Agbalẽa Me

Nya Vevi Siwo Tso Konyifahawo Ƒe Agbalẽa Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Konyifahawo Ƒe Agbalẽa Me

NYAGBLƆÐILA Yeremya kpɔ ʋɔnudrɔ̃gbedeasi siwo wònɔ gbɔgblɔm hena ƒe 40 sɔŋ la me vava teƒe. Alekee nyagblɔɖilaa se le eɖokui me esime eya ŋutɔ kpɔ eteƒe wotsrɔ̃ du si wòlɔ̃na vevie la? Helagbe me Septuagint (Septante) la gblɔ le Konyifahawo ƒe agbalẽa ƒe ŋgɔdonya me be: “Yeremya bɔbɔ nɔ anyi fa avi hegblɔ konyifaha sia me nyawo tsɔ fa konyi le Yerusalem ta.” Konyifahawo ƒe agbalẽa, si woŋlɔ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me, esime ɣleti 18 ƒe toɖeɖe ɖe Yerusalem ŋu kple dzotɔtɔe ƒe nudzɔdzɔwo kpɔtɔ nɔ susume na nyagblɔɖilaa nyuie la, ɖe ale si Yeremya xa nu vevie le dzi me la fia le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu. (Yeremya 52:3-5, 12-14) Wometsɔ nyagbe siwo de dzi gbɔ na ame hewɔ nublanui la xa nu le du aɖeke ŋu wòde esia nu le ŋutinya me kpɔ o.

Konyifahawo ƒe agbalẽa nye hakpanya atɔ̃. Konyifanyawoe le gbãtɔ eneawo me; atɔ̃lia nye kokoƒoƒo, alo gbedodoɖa. Hadzidzi ene gbãtɔawo nye esiwo ƒe nyagbewo le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu. Kpukpui ɖe sia ɖe dze egɔme kple Hebrigbe me alfabetaŋɔŋlɔdzesi 22 la dometɔ ɖeka, eye wokplɔ wo nɔewo ɖo le alfabetaawo ƒe ɖoɖo nu. Togbɔ be kpukpui 22 ye le hadzidzi atɔ̃lia me hesɔ kple Hebrigbe me alfabetaŋɔŋlɔdzesiawo ƒe xexlẽme hã la, womeɖo wo ɖe alfabetaawo ƒe ɖoɖo nu o.—Konyifahawo 5:1.

“NYE ŊKUWO FA AÐATSI WÒTI KƆ NA WO”

(Konyifahawo 1:1–2:22)

“Ao, du, si ame yɔ, tsi akogo! Du gã le dukɔwo dome zu ahosi; duwo ƒe fia zu yakadɔwɔla.” Aleae nyagblɔɖila Yeremya dze konyifafa ɖe Yerusalem ŋu gɔmee. Esime nyagblɔɖilaa nɔ nu si he afɔku sia vɛ me ɖem la, egblɔ be: “Yehowa ye do hiã nɛ le eƒe vodada sɔgbɔawo ta.”—Konyifahawo 1:1, 5.

Yerusalem si ŋu woƒo nu tso abe ahosi si gbɔ srɔ̃a kple viawo ku le ene la bia be: ‘Ðe veve aɖe de vevesese, si va dzinye nu mahã?’ Edo gbe ɖa na Mawu ku ɖe eƒe futɔwo ŋu be: “Woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã neva ŋkuwò me, eye nàwɔ na wo, abe alesi nèwɔm le nye vodadawo katã ta ene; elabena nye hũɖeɖewo sɔ gbɔ, eye nye dzi le nu xam.”—Konyifahawo 1:12, 22.

Yeremya lé blanui vevie hegblɔ be: “[Yehowa ŋe] dzowo katã na Israel le eƒe dɔmedzoe heliheli me; ehe eƒe nuɖusi ɖe megbe le futɔ nu, eye wòdo dzo ɖe Yakob wòbi nu godoo va kpe.” Nyagblɔɖilaa fa konyi tsɔ ɖe eƒe nuxaxa vevie la fia be: “Nye ŋkuwo fa aɖatsi wòti kɔ na wo, nye dɔkaviwo ʋu dzo hẽ, eye nye aklã wó ɖe dɔ me nam.” Ame siwo va tsoa eme yina kura gɔ̃ hã ƒe nu ku ale gbegbe wogblɔna be: “Du, si ŋu wogblɔ le be, enye nyonyowo seƒe kple anyigba blibo la ƒe dzidzɔ la, enye esia?”—Konyifahawo 2:3, 11, 15.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

1:15—Alekee Yehowa “fiã wein na Yuda-ɖetugbi” la? Esime Babilontɔwo tsrɔ̃ du sia si wotsɔ sɔ kple ɖetugbui nɔaƒe la, wokɔ ʋu gbogbo aɖewo ŋutɔ ɖi, si wotsɔ sɔ kple wein tsetsewo fiafiã le weinfiãnu me. Esi wònye Yehowae gblɔ nya sia ɖi, eye wòna wòva eme ta la, woate ŋu agblɔ be eyae ‘fiã wein la.’

2:1—Alekee ‘woxlã Israel ƒe atsyɔ̃ ɖe anyi tso dziƒoe’? Esi wònye be ‘dziƒo kɔ boo wu anyigba’ ta la, wogblɔna le nu siwo le ɖoƒe kɔkɔ siwo wobɔbɔ ɖe anyi la ŋu le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu be ‘woxlã wo ɖe anyi tso dziƒo.’ Wotsɔ “Israel ƒe atsyɔ̃,” si nye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ si nɔ esi esime Yehowa ƒe yayra nɔ edzi la, xlã ɖe anyi esime wotsrɔ̃ Yerusalem eye Yuda zu aƒedo.—Yesaya 55:9.

2:1, 6—Nu kae nye Yehowa ƒe “afɔɖodzinu” kple eƒe “kpɔ” alo “agbadɔ,” (NW) la? Hakpalaa dzi ha be: “Mina míayi enɔƒe, eye míade ta agu ɖe eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ.” (Psalmo 132:7) Eya ta, “afɔɖodzinu” si wozã le Konyifahawo 2:1 la tsi tre ɖi na Yehowa ƒe tadeaguƒe, alo eƒe gbedoxɔ. Babilontɔwo ‘tɔ dzo Yehowa ƒe aƒe’ la abe kpɔ dzro aɖe koe wònye le abɔ ŋu, alo abe agbadɔ dzro aɖe koe wònye le abɔ me ene.—Yeremya 52:12, 13.

2:17—Nu kae nye Yehowa ƒe “nya” si wowɔnɛ le afi sia si dzi wòwɔ ɖo ku ɖe Yerusalem ŋu? Anɔ eme be nya si wowɔnɛ le afi sia la ku ɖe Mose III, 26:17 me nyawo ŋu, afi si gblɔ be: “Maɖe ŋku atɔ mi, miaƒe futɔwo asi mi, eye miaƒe adikãtɔwo aɖu mia dzi, eye ne ame aɖeke mele mia nyãm o hã, miade afɔ du me.”

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:1-9. Yerusalem fa avi le zã me hehehe, eye aɖatsiwo tsi alɔgo dzi nɛ. Eƒe agbowo katã tsi ƒuƒlu, eye eƒe nunɔlawo le hũ ɖem. Eƒe ɖetugbuiwo le ŋeŋem eye eya ŋutɔ le veve sem. Nu ka tae? Elabena Yerusalem wɔ nu vɔ̃. Eƒe ɖiƒoƒo le eƒe avɔ toga. Nu vɔ̃ wɔwɔ mehea dzidzɔ vɛ o, ke boŋ aɖatsiwo, hũɖeɖe, nuxaxa, kple vevesese sɔŋ koe wòhena vɛ.

1:18. Yehowa tɔ dzɔna ɣesiaɣi si wòhe to na nu vɔ̃ wɔlawo.

2:20. Woxlɔ̃ nu Israel viwo be ne womeɖo to Yehowa ƒe gbe o la, fiƒode siwo dome ‘woa ŋutɔwo ƒe viŋutsu kple wo vinyɔnu ƒe lã ɖuɖu’ hã anɔ la ava wo dzi. (Mose V, 28:15, 45, 53) Bometsitsi ka gbegbee nye esi wòanye be ame natiae be yeagbe toɖoɖo Mawu!

‘MEGAÐE TO ÐA NÀGBE AKƆFAFA NAM O’

(Konyifahawo 3:1–5:22)

Woƒo nu tso Israel dukɔa ŋu le Konyifahawo ta 3 lia me abe “ŋutsu” ene. Togbɔ be ŋutsu sia do go nɔnɔme sesẽ geɖewo hã la, edzi ha be: “Yehowa ƒe dɔme nyo ɖe amesi le dzi ɖom ɖe eŋu, kple luʋɔ, si le edim la ŋu.” Egblɔ na Mawu vavã la le gbedodoɖa me be: ‘Se nye ɣli, megaɖe wò to ɖa le nye kokoƒoƒo ŋu nagbe akɔfafa nam o.’ Esi wònɔ Yehowa biam be wòawɔ nane tso yeƒe futɔwo ƒe vlodoamea ŋu la, egblɔ be: “Yehowa, ɖo eteƒe na wo le woƒe asinudɔwɔwɔwo nu.”—Konyifahawo 3:1, 25, 56, 64.

Yeremya ɖe ale si gbegbe wòse le eɖokui me ku ɖe toɖeɖe ɖe Yerusalem ŋu hena ɣleti 18 sɔŋ me tsonu gbegblẽawo ŋu la gblɔ esime wòfa konyi be: “Nye dukɔ ƒe nyɔnuvi ƒe vodadawo [ŋuti tohehe] sɔ gbɔ wu Sodom, si wotrɔ bu anyi le aɖabaƒoƒo ɖeka me, eye ame aɖeke mekpe asi ɖe eŋu o la ƒe nuvɔ̃wo [ŋuti tohehe].” Yeremya gblɔ kpee be: “Amesiwo tsi yi nu tɔ nyo wu amesiwo tsi dɔwuame si me tɔ, nu ti kɔ na wo, eye woku, le esi agblemenu le hiahiãm ta.”—Konyifahawo 4:6, 9.

Woŋlɔ hakpanya atɔ̃lia me nyawo abe Yerusalem nɔlawoe le nu ƒom ene. Wogblɔ be: “Yehowa, ɖo ŋu nusi dzɔ ɖe mía dzi la; ɖo ŋku anyi nàkpɔ míaƒe ŋukpe ɖa!” Esi wonɔ nu ƒom tso woƒe fukpekpewo ŋu la, woƒo koko be: “Yehowa, èli tegbee, eye wò fiazikpui nɔa dzidzimewo katã me. Yehowa, trɔ mí ɖe ŋuwò, ne míatrɔ; wɔ míaƒe ŋkekewo yeye abe tsã ene.”—Konyifahawo 5:1, 19, 21.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

3:16—Nu kae nyagbɔgblɔ si nye: “Ena ahliha ŋe aɖu nam” fia? Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Esime Yudatɔwo nɔ mɔ dzi yina ɖe aboyo me la, eva hiã be woaku do amè woƒe abolowo le eme, si wɔe be kpekuiwo tsia aboloawo me.” Abolo siawo ɖuɖu ate ŋu ana ame ƒe aɖu naka.

4:3, 10—Nu ka tae Yeremya tsɔ “[eƒe] dukɔ ƒe nyɔnuvi” sɔ kple “golo le gbe dzi”? Hiob 39:16 gblɔ tso golo ŋu be “esẽa ŋuta le viawo ŋu, abe menye etɔ wonye o ene.” Le kpɔɖeŋu me, ne golonɔ nya ƒo vi vɔ ko la, egblẽa via ɖe golotsua ƒe dzikpɔkpɔ te hekplɔa golonɔ bubuwo ɖo wonɔa tsatsam. Ke nu kae dzɔna ne afɔku aɖe do mo ɖa? Golotsua kple golonɔa siaa gblẽa wo via ɖi hesina dzona. Esime Babilontɔwo va ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, dɔ to le dua me vevie ale gbegbe be vinɔ, siwo wòle na be woase veve ɖe wo viwo nu la va sẽ ŋuta le wo ŋu, abe ale si golo si le gbe dzi wɔnae ene. Esia to vovo sãa tso ale si amegãxiwo ya kpɔa wo viwo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔe la gbɔ.

5:7—Ðe Yehowa biaa akɔnta tso amewo si ɖe wo fofowo ƒe vodadawo ta? Ao, Yehowa mehea to na amewo tẽ ɖe wo tɔgbuiwo ƒe nu vɔ̃wo ta o. Biblia gblɔ be: “Mía dometɔ ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.” (Romatɔwo 14:12) Ke hã, vodadawo me tsonu gbegblẽwo ate ŋu anɔ anyi ɣeyiɣi didi ahava gblẽ nu le dzidzimeviwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, blema Israel viwo ƒe trɔ̃subɔsubɔ na wòva sesẽ na Israel vi wɔnuteƒe siwo va nɔ anyi emegbe kura gɔ̃ hã be woalé nudzɔdzɔewɔwɔ me ɖe asi.—Mose II, 20:5.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

3:8, 43, 44. Esime afɔkua dzɔ ɖe Yerusalem dzi la, Yehowa gbe ɣli siwo dom dua me tɔwo nɔ hena kpekpeɖeŋu la sese. Nu ka tae? Elabena dukɔa gbe toɖoɖo hegbe dzimetɔtrɔ hã. Ne míedi be Yehowa nase míaƒe gbedodoɖawo la, ele be míaɖo to eyama.—Lododowo 28:9.

3:20. Yehowa, ame si “ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi” la le ɖoƒe aɖe si kɔkɔ ale gbegbe be ebɔbɔa eɖokui ɖe anyi hafi ‘kpɔa dziƒo kple anyigba.’ (Psalmo 83:19; 113:6) Ke hã, Yeremya nya nyuie be Ŋusẽkatãtɔ la lɔ̃na faa be yeabɔbɔ ye ɖokui, si fia be ewɔa eɖokui abe ɖe wòle tasɔsɔ me kple esubɔlawo ene be yeade dzi ƒo na wo. Aleke gbegbee dzi dzɔa míi enye esi be menye ɖeko Mawu vavã la nye ŋusẽwo katã tɔ kple nunyala gãtɔ kekeake ko o, ke boŋ be ebɔbɔa eɖokui hã!

3:21-26, 28-33. Alekee míate ŋu awɔ ado dzi le fukpekpe sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me? Yeremya gblɔe na mí. Mele be míaŋlɔ be akpɔ gbeɖe be Yehowa ƒe amenuveve nuwɔnawo kple nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ ŋutɔ o. Ele be wòanɔ susume na mí be agbe si míele ɖeɖe dzaa hã nye nu si ta mele be mɔkpɔkpɔ nabu ɖe mí o, eye ehiã be míagbɔ dzi ɖi anɔ anyi kpo, nyatoƒoetoto manɔmee, anɔ Yehowa ƒe xɔname sinu kpɔm. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be ‘míatsɔ míaƒe nu aƒo ɖe ke me,’ si fia be míalɔ̃ ato nɔnɔme sesẽwo me ɖokuibɔbɔtɔe, elabena míenyae be susu nyui aɖewo tae Mawu ɖea mɔ ɖe wo ŋu ɖo.

3:27. Tenɔnɔ ɖe xɔse ƒe dodokpɔ siwo vaa ame dzi le sɔhɛmenɔɣi nu ate ŋu abia dzidodo le nɔnɔme sesẽwo kple fewuɖuɖuwo me. Gake “enyo na ŋutsu be, wòatsɔ kɔkuti le eƒe ɖevime.” Nu ka tae? Elabena fukpekpe ƒe kɔkuti tsɔtsɔ le sɔhɛmenɔɣi kpena ɖe ame ŋu wòva sua te hena akɔkpekpe kple nɔnɔme sesẽ siwo ava edzi le eƒe tsitsime.

3:39-42. Nunya manɔ eme be míanɔ “nu xam” nyatoƒoetototɔe ne míele nu vɔ̃ siwo míewɔ ƒe fu kpem o. Le esi teƒe be míanɔ nu xam ɖe nu gbegblẽ siwo míewɔ me tsonuwo ŋuti la, ele be “míado míaƒe zɔzɔme akpɔ, míadzro eme akpɔ, eye míatrɔ ɖe Yehowa ŋu!” Nunya le eme be míatrɔ dzi me ahaɖɔ míaƒe zɔzɔme ɖo.

Na Yehowa Nanye Wò Ŋuɖoɖeŋutɔ

Konyifahawo ƒe agbalẽa ɖe ale si Yehowa se le eɖokui me ɖe Yerusalem kple Yuda nyigbaa ŋu le esime Babilontɔwo va tɔ dzo dua hena wòzu aƒedo megbe la fia. Agbalẽa me nya siwo ɖee fia be dukɔa lɔ̃ ɖe eƒe nu vɔ̃wo dzi la na wòdze ƒãa be dukɔa ƒe vodadawo tae Yehowa ɖe mɔ afɔku sia dzɔ ɖe wo dzi ɖo. Nya siwo ɖe mɔkpɔkpɔ na Yehowa kple didi be yewoaɖɔ yewoƒe zɔzɔme ɖo ahawɔ nu dzɔdzɔe fia la hã le agbalẽ sia me hakpanya siwo tso gbɔgbɔ me la me. Togbɔ be menye nenemae Yeremya ŋɔli me tɔ akpa gãtɔ se le wo ɖokui me o hã la, nenemae Yeremya ŋutɔ kple ame susɔe siwo trɔ dzi me la ya se le wo ɖokui me.

Nufiame vevi eve aɖewo le ale si Yehowa wɔ nu ɖe nɔnɔme si me Yerusalem nɔ ŋu, abe ale si wòdze le Konyifahawo ƒe agbalẽa me ene la, me na mí. Gbã la, Yerusalem tsɔtsrɔ̃ kple Yuda ƒe aƒedozuzu fia toɖoɖo Yehowa ƒe vevienyenye mí, eye wònye nuxlɔ̃ame hã na mí be míagagbe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ o. (Korintotɔwo I, 10:11) Nufiame evelia ku ɖe kpɔɖeŋu si Yeremya ɖo la ŋu. (Romatɔwo 15:4) Le nɔnɔme si dze abe ɖe mɔkpɔkpɔ aɖeke megali o ene me gɔ̃ hã la, nyagblɔɖila sia si xa nu vevie la ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu hena ɖeɖekpɔkpɔ. Aleke gbegbe wòle vevie nye esi be míaɖo ŋu ɖe Yehowa kple eƒe Nya la ŋu bliboe ahana wòanye míaƒe ŋuɖoɖeŋutɔ!—Hebritɔwo 4:12.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Nyagblɔɖila Yeremya kpɔ ʋɔnudrɔ̃gbedeasia si wògblɔ la me vava teƒe

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Wodo Ðasefo Koreatɔ siawo ƒe xɔse kpɔ le esi wonye Kristotɔ siwo medea akpa aɖeke dzi o ta