Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe Lododowo 22:6 na kakaɖedzi mí be ne Kristotɔwo nya mlã wo viwo nyuie ko la, womatra ɖa le Yehowa ƒe mɔwo dzi oa?

Kpukpui sia xlẽ be: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.” Ale si wobi ati fẽ aɖee la kpɔa ŋusẽ ɖe ale si wòatsi ava nɔe dzi. Nenema ke wòdzɔnae be ɖevi siwo womlã nyuie la te ŋu yia Yehowa subɔsubɔ dzi ne wova tsi. Dzila ɖe sia ɖe nya nyuie be hehe sia bia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe. Be dzilawo nakpe ɖe wo viwo ŋu woava zu nusrɔ̃la Kristotɔwo la, ahiã be woafia nu wo nyuie, axlɔ̃ nu wo, ade dzi ƒo na wo, aɖɔ wo ɖo, ahaɖo kpɔɖeŋu nyui na wo. Ele be woawɔ esia edziedzi lɔlɔ̃tɔe hena ƒe geɖe.

Gake ɖe esia fia be ne ɖevi aɖe gbe be yemasubɔ Yehowa o la, ke dzilawoe do kpo nu le woƒe hehenanae mea? Le go aɖewo me la, ate ŋu anye be dzilawo mewɔ nu sia nu si wòle be woawɔ le wo viwo nyinyi me le Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ me o. (Efesotɔwo 6:4) Ke hã, lododo sia menye kpeɖodzi be hehe si ɖeviwo axɔ la awɔe be woawɔ nuteƒe na Mawu kokoko o. Dzilawo mate ŋu atrɔ wo viwo be woava zu nu sia nu si wodi o. Abe ame tsitsiwo ke ene la, tiatiawɔblɔɖe le ɖeviwo hã si, eye ele be woatia nu si woatsɔ woƒe agbe awɔe la na wo ɖokui. (Mose V, 30:15, 16, 19) Togbɔ be dzilawo dzea agbagba vevie hã la, ɖevi aɖewo va zua nuteƒemawɔlawo, abe ale si wòdzɔ le Salomo, ame si ŋlɔ kpukpui sia si me dzrom míele, gome ene. Vi siwo meva wɔ nuteƒe o la nɔ Yehowa kura gɔ̃ hã si.

Eya ta mawunyakpukpui sia mele fiafiam be ne wonya mlã ɖevi ko la, nuka kee ɖadzɔ o, ‘matra ɖa le Yehowa ƒe mɔwo dzi o,’ ke boŋ ele fiafiam be le wo dometɔ geɖe gome la, woanɔ te sesĩe. Dzideƒonamenya ka gbegbee nye esi na dzilawo! Ele be dzi nanɔ dzilawo ƒo be ne yewodze agbagba he ɖeviawo le Yehowa ƒe mɔwo dzi la, ahe viɖe nyuiwo vɛ. Esi wònye be dzilawo ƒe wɔƒe hiã vevie eye wokpɔa ŋusẽ geɖe ɖe ɖeviawo dzi ta la, woxlɔ̃ nu wo be woawɔ woƒe akpa dzi moveviɖoɖotɔe.—Mose V, 6:6, 7.

Nenye be ɖeviwo trɔ le Yehowa yome hã la, dzila siwo tsɔ moveviɖoɖo he wo viwoe la ate ŋu anɔ mɔ kpɔm be yewo viwo ava nyɔ le wo ɖokui me ahatrɔ agbɔ. Ŋusẽ le Biblia me nyateƒea ŋu, eye manɔ bɔbɔe be woaŋlɔ wo dzilawo ƒe hehe si wona wo la be o.—Psalmo 19:8.