Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tso Agbalẽxatsaxatsa Dzi Yi Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ Dzi Ale Si Biblia Wɔ Va Zu Agbalẽ

Tso Agbalẽxatsaxatsa Dzi Yi Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ Dzi Ale Si Biblia Wɔ Va Zu Agbalẽ

Tso Agbalẽxatsaxatsa Dzi Yi Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ Dzi Ale Si Biblia Wɔ Va Zu Agbalẽ

LE ŊUTINYA katã me la, amewo zãa mɔnu vovovowo tsɔ ŋlɔa nyatakakawo ɖi. Le blemaɣeyiɣiwo me la, nuŋlɔlawo ŋlɔa woƒe nyawo ɖe ŋkuɖodzikpewo, kpewo alo ati gbadzɛwo, lãgbalẽ ɖeɖewo kple nu bubuwo hã dzi. Va ɖo ƒe alafa gbãtɔ mía ŋɔli me la, nu si dzi koŋ amewo lɔ̃a nuŋɔŋlɔ ɖo le Titina Ɣedzeƒe nutowo mee nye agbalẽxatsaxatsa. Emegbe wova te codex alo blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ si va xɔ ɖe agbalẽxatsaxatsa teƒe la zazã le nyawo ŋɔŋlɔɖi me. Ewɔ akpa vevi aɖe le Biblia mama hã me. Nu kae nye blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ la, eye aleke wɔ wova te ezazã?

Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ nye ale si agbalẽ siwo zãm míele fifia ƒe nɔnɔme le la ƒe gɔmetoto. Enyea agbalẽ ɖeɖewo nuƒoƒoƒu ahabla wo be woazu agbalẽ babla ɖeka. Woŋlɔa nu ɖe woƒe axawo kple eveawo dzi eye wodoa akpa nɛ. Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ gbãtɔawo ƒe nɔnɔme menɔ pɛpɛpɛ abe egbegbegbalẽwo ene o, ke boŋ abe ale si wòle le nutovɛ bubu geɖe gome ene la, ɖe wova nɔ asi trɔm le wo ŋu le ame siwo wɔa wo ŋu dɔ ƒe hiahiãwo kple didiwo nu.

Ati, Anyĩgba, Kple Lãgbalẽ

Le gɔmedzedzea me la, blemasinuŋɔŋlɔgbalẽawo nye ati gbabɛ siwo ŋu wosia anyĩgba si wolólo la ɖo. Woke ɖe ati gbabɛ siawo siwo dzi woŋlɔ nu ɖo helé wo ɖekae le go ɖeka dzi abe agbalẽ ene la ŋu le Herculaneum, du si tsrɔ̃ kpe ɖe Pompeii du la ŋu esime Vesuvius To la wó le ƒe 79 M.Ŋ. me la me. Emegbe wova zãa nu siwo dzi woŋlɔa nu ɖo siwo woate ŋu aŋe ɖe wo nɔewo dzi bɔbɔe la ɖe esiawo siwo sesẽ la teƒe. Woyɔa blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ siawo le Latingbe me be membranae alo lãgbalẽwo, le esi wotsɔa lãgbalẽ ɖeɖewo wɔa woƒe axawoe zi geɖe ta.

Aƒlagbalẽwoe wotsɔ wɔ blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo gakpɔtɔ li egbea. Kristotɔwo ƒe blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ kekeake siwo li la nye aƒlagbalẽ wɔwɔewo * siwo wodzra ɖo ɖe Egipte ƒe nuto aɖewo siwo me yame ƒuna le la ƒe nudzraɖoƒe.

Agbalẽxatsaxatsa La Loo Alo Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ La?

Edze abe agbalẽxatsaxatsa la koŋue Kristotɔwo nɔ zazãm ene, ne mede ɖeke o la, va de asi na ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe nuwuwu ya teti. Tso ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ me va se ɖe ƒe alafa etɔ̃lia me la, ame geɖe di vevie be amewo nazã blemasinuŋɔŋlɔgbalẽa eye ame bubuwo hã di vevie be amewo nayi edzi anɔ agbalẽxatsaxatsaa zãm. Blemakɔnutaʋlila siwo agbalẽxatsaxatsaa zazã ma la medi be yewoaɖe asi le mɔ siwo nu amewo wɔa nu ɖo kple kɔnyinyiwo ŋu o. Gake bu nu si gbegbe wòlɔ ɖe eme be ame naxlẽ agbalẽxatsaxatsa la ŋu kpɔ. Zi geɖe la, agbalẽxatsaxatsa nyea aƒlagbalẽ ɖeɖe alo lãgbalẽ ɖeɖe xexlẽme aɖe koŋ siwo wotsyãna ɖe wo nɔewo nu wòzua agbalẽ didi ɖeka, eye emegbe woŋlɔnɛ. Woŋlɔa nyawo ɖe agbakawo me ɖe agbalẽxatsaxatsaa ƒe ŋgɔdze. Ele na nuxlẽla be wòavlu agbalẽxatsaxatsaa ahake ɖe teƒe si wòdi be yeaxlẽ ŋu. Ne ewu exexlẽ nu vɔ la, agagbugbɔ aŋlɔe ake. (Luka 4:16-20) Ehiãna zi geɖe be woazã agbalẽxatsaxatsa geɖewo hafi ate ŋu aŋlɔ nu tso nya aɖe ŋu, si wɔnɛ be ezazã nyea dɔ blibo. Togbɔ be edzɔa dzi na Kristotɔ siwo nɔ anyi tso ƒe alafa evelia me ya be yewoaŋlɔ Ŋɔŋlɔawo me nyawo ɖe blemasinuŋlɔgbalẽwo ƒe nɔnɔme nu hã la, amewo yi edzi zã agbalẽxatsaxatsaa hena ƒe alafa geɖe. Ke hã, agbalẽtata ŋuti nunyalawo xɔe se be Kristotɔwo ƒe blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo zazã wɔ akpa vevi aɖe le ale si ame geɖewo va trɔ ɖe ezazã ŋu me.

Viɖe siwo le blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo zazã me la sɔ gbɔ—wote ŋu ŋlɔa nya gbogbowo ɖe wo me, wo zazã nɔa bɔbɔe, eye wo tsɔtsɔ ɖe asi hã mesesẽ o. Togbɔ be ame aɖewo de dzesi viɖe siawo le ɣeyiɣi mawo me hã la, ame akpa gãtɔ menɔ lɔlɔ̃m be yewoaɖe asi le agbalẽxatsaxatsaa zazã ŋu o. Gake le ƒe alafa geɖewo megbe la, nu geɖewo va wɔe be ʋɛʋɛʋɛ la, blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo zazã va xɔ anyi nɔ.

Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo zazã dea ame dzi le ganyawo gome wu agbalẽxatsaxatsawo zazã. Woate ŋu aŋlɔ nu ɖe woƒe axawo kple evea siaa dzi, eye woate ŋu abla agbalẽ geɖe wòanye agbalẽ babla ɖeka. Le ame aɖewo ƒe susu nu la, ale si wònɔa bɔbɔe be woate ŋu ake ɖe nya aɖewo koŋ ŋu le blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo me la koŋue na Kristotɔwo kple agbalẽnyalawo abe senyalawo ene lɔ̃a wo zazã ɖo. Agbalẽ kpokploe si me nya gbogbowo ate ŋu anɔ—alo mawunyakpukpui geɖe ŋɔŋlɔɖi ɖe agbalẽ si woate ŋu atsɔ ɖe asi me—ɖea vi na Kristotɔwo ya ŋutɔ le nyanyuikakadɔa me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wodoa akpa na blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo, eye zi geɖe la, wotsɔa ati wɔnɛ, si nana be wote ŋu nɔa anyi wòdidina wu agbalẽxatsaxatsawo.

Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo nyo hã na ɖokuisinuxexlẽ. Va ɖo ƒe alafa etɔ̃lia ƒe nuwuwu la, woŋlɔ Nyanyuigbalẽawo me nyawo ɖe agbalẽ aɖe si woate ŋu atsɔ aƒo ɖe kotoku me bɔbɔe la me henɔ mamam le ame siwo gblɔna be yewonye Kristotɔwo la dome. Tso ɣemaɣi la, wota Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo, ɖekaɖeka biliɔn geɖe, ɖe blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo ƒe nɔnɔme nu.

Egbea la, mɔnu geɖewo va li siwo wɔe be wote ŋu kena ɖe mawumenunya siwo le Biblia me la ŋu bɔbɔe. Woate ŋu ake ɖe wo ŋu le kɔmpiutawo dzi, agba siwo dzi woléa nyawo ɖo dzi, kple agbalẽwo me. Mɔnu siawo dometɔ ka ke dzie nètona xlẽa Biblia o, yi edzi nàtsɔ atu wò lɔlɔ̃ na Mawu ƒe Nya la ɖo, eye nàde ŋugble le eŋu gbe sia gbe.—Psalmo 119:97, 167.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Kpɔ nyati si nye “The Early Christian Codex,” si dze le August 15, 1962 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, ƒe axa 501-5.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo wɔ akpa vevi aɖe le Biblia mama me