Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vɔ̃ɖinyenye—Ðe Womate Ŋu Atsi Enu Oa?

Vɔ̃ɖinyenye—Ðe Womate Ŋu Atsi Enu Oa?

Vɔ̃ɖinyenye—Ðe Womate Ŋu Atsi Enu Oa?

Ŋutsuvi sue aɖe si mekpɔa naneke toa eŋu o la tsɔ nane le anyigba—tomebɔmb ye—eye wòzu ŋkuagbãtɔ kple wɔmetɔ le eƒe agbe me. Nyɔnu aɖe tsɔ vidzĩ si wòdzi la ɣla ɖe gbeɖuɖɔ me le mɔ to hegblẽe ɖi dzo. Dɔwɔla aɖe si ŋu woɖe asi le le dɔme la gbugbɔ yi dɔwɔƒea heda tu ame sia ame si wònya do goe ko, eye emegbe wòwu eɖokui. Dumevi aɖe si ŋu wodea bubui la dɔa ɖevi suewo gbɔ akpasesẽe.

NUBLANUITƆE la, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ siawo ŋuti nyatakakawo va bɔ le míaƒe ɣeyiɣiawo me ŋutɔ. Nu si gawɔ nublanui wue nye be, gbeɖekadolawo tsɔtsrɔ̃ ɖa kura, ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa ɖikaa, kple amewo dzi dzedze ŋɔdzitɔe ŋuti nyatakakawo sese nana míaƒe susu megava nɔa nudzɔdzɔ siwo ŋu míeƒo nu tsoe do ŋgɔ la dzi ale o. Wogblɔ le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si wota le ƒe 1995 me la me be, “Esi gavɔ̃ɖi wue nye be ƒe alafa 20 liae nye Satana tɔ. Amewo ƒe aɖaŋuwɔwɔ kple dzotsɔtsɔ ɖe ame miliɔn gbogbowo wuwu ɖe ŋutigbalẽ ƒe vovototo, subɔsubɔnyawo alo hadomeɖoƒe ta le ŋutinya katã me mede ŋgɔ de ale si wòle egbea nu o.”

Le ɣeyiɣi siawo katã me la, amegbetɔwo le ɖi ƒom ya si gbɔm míele, wole anyigbaa gblẽm, wole nu vevi siwo léa agbe ɖe te la dome gblẽm hele lã ƒomevi vovovo siwo xexlẽme meli na o la tsrɔ̃m ɖa. Ðe ameƒomea ate ŋu atsi nu vɔ̃ɖi siawo katã nu ahana xexea me nanyo ɖe edzi eye wòanye afi si míanɔ dedie le wua? Alo ɖee woƒe agbagbadzedze be yewoawɔ esia anye dagbadagba ɖe yamea? Nufialagã aɖe si ŋlɔ agbalẽ geɖe tso nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu la gblɔ be: “Medi vevie be madze agbagba ana xexea me natrɔ bene nuwo naka ɖe eme. Gake edze ƒãa be tɔtrɔ aɖeke mele vavam o.” Ðewohĩ wò hã èsena le ɖokuiwò me nenema.

Míate ŋu atsɔ ale si nuwo le edzi yim le xexea me la asɔ kple tɔdziʋu aɖe si le mɔ zɔm le ƒu aɖe si dzi ahom sesẽ aɖe le tutum le, si wɔe be ƒua ƒe agbodzedze nu le sesẽm ɖe edzi tso ŋkeke yi ŋkeke, eye wòate ŋu ana tɔdziʋua nanyrɔ bɔbɔe la dzi. Togbɔ be ʋua kulawo le agbagba dzem be yewoatrɔ mɔ na ʋua hã la, woƒe agbagbadzedzewo do kpo nu. Ðeko tɔdziʋua ɖo ta ahom dziŋɔ la me hegbe tɔtɔ.

Woate ŋu agblɔ le go aɖewo me be amegbetɔwo ƒe blibomademade gbɔe vɔ̃ɖinyenye ƒe nɔnɔme sia si le gbegblẽm ɖe edzi la tso. (Romatɔwo 3:23) Ke hã, ale si gbegbe vɔ̃ɖinyenye keke tae kple ale si enu gbea tsotso la na wòdze ƒãa be mate ŋu anye amegbetɔ ƒe blibomademade ɖeɖe gbɔ koe wòatso o. Ðe wòanye be ŋusẽ vɔ̃ɖi makpɔmakpɔ aɖee le ŋusẽ kpɔm ɖe ameƒomea dzia? Ne nenemae la, ŋusẽ ka ƒomevie wònye, eye aleke míate ŋu akpɔ mía ɖokuiwo tae? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia siawo ŋu.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

© Heldur Netocny/Panos Pictures