Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woʋu Go Ame Si Le Megbe Na Vɔ̃ɖinyenye!

Woʋu Go Ame Si Le Megbe Na Vɔ̃ɖinyenye!

Woʋu Go Ame Si Le Megbe Na Vɔ̃ɖinyenye!

LE ƑE alafa gbãtɔ me la, Yudatɔ geɖewo nɔ mɔ kpɔm na Mesia si ŋugbe wodo la ƒe vava. (Yohanes 6:14) Esime Yesu va la, efa akɔ na amewo eye wòkpe ɖe wo ŋu nugɔmesese geɖe va su wo si. Eda dɔ na dɔnɔwo, ena nuɖuɖu dɔwuitɔwo, etsi ahom nu, eye wòfɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. (Mateo 8:26; 14:14-21; 15:30, 31; Marko 5:38-43) Egblɔ Yehowa ƒe nyawo hã eye wòna agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na amewo. (Yohanes 3:34) Yesu to nya siwo wògblɔ kple nu siwo wòwɔ dzi ɖee fia kɔte be yee nye Mesia, ame si aɖe ameƒomea tso nu vɔ̃ kple emetsonu vɔ̃ɖiwo katã me.

Le nyateƒe me la, Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhaŋgɔnɔlawoe wòle na be woaxɔ Yesu gbã, aɖo to eyama ahabɔbɔ wo ɖokui ɖe eƒe mɔfiafia te dzidzɔtɔe hafi. Ke hã, womewɔe nenema o. Le esia teƒe la, wolé fui, ti eyome heɖo nugbe ɖe eŋu be yewoawui!—Marko 14:1; 15:1-3, 10-15.

Yesu bu fɔ ame gblẽku siawo wòsɔ nyuie. (Mateo 23:33-35) Gake ede dzesii be ame bubu aɖe li si hã woabu fɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye si le ame mawo ƒe dzime ta. Egblɔ na wo be: “Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ. Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.” (Yohanes 8:44) Togbɔ be Yesu kpɔe be amegbetɔwo ate ŋu awɔ nu vɔ̃ɖiwo hã la, etɔ asi ame si tututu gbɔ vɔ̃ɖinyenye tso la dzi—eyae nye Satana Abosam.

Esi Yesu gblɔ be Satana “mele tsitre ɖe nyateƒe la me o” la, eɖee fia be gbɔgbɔmenuwɔwɔ sia nye subɔla wɔnuteƒe na Mawu kpɔ, gake etra mɔ tso mɔ dzɔdzɔetɔ la dzi. Ke nu ka tae Satana dze aglã ɖe Yehowa ŋu ɖo? Elabena eva nɔ eɖokui ŋu dzem ale gbegbe be eva klẽ ŋu tadedeagu si Mawu ɖeɖe ko dze na la. *Mateo 4:8, 9.

Satana ƒe aglãdzedzea va dze le Eden bɔa me esime wòble Xawa wòɖu ati si ŋu wode se ɖo la ƒe tsetse. Satana to aʋatso gbãtɔ kekeake sia kple Yehowa ŋu gbegblẽ dzi wɔ eɖokui “aʋatsokafofo.” Gakpe ɖe eŋu la, esi wòble Adam kple Xawa de tomaɖomaɖonuwɔna me ta la, ena be nu vɔ̃ va kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi eye wòhe ku vɛ na woamawo kple na woƒe dzidzimeviwo mlɔeba. Aleae wòdzɔe be Satana va zu “amewula”—le nyateƒe me la, eyae nye amewula vɔ̃ɖitɔ kekeake le ŋutinya katã me!—Mose I, 3:1-6; Romatɔwo 5:12.

Satana kpɔ ŋusẽ vɔ̃ɖi ɖe gbɔgbɔmenuwɔwɔwo hã dzi hena mawudɔla bubuwo wɔ ɖeka kplii le eƒe aglãdzedzea me. (Petro II, 2:4) Abe ale si wònɔ le Satana gomee ene la, dzodzro vɔ̃ ɖo gbɔgbɔ vɔ̃ɖi siawo me ɖe amegbetɔwo ŋu. Gake le woawo ya gome la, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃e ɖo wo me, eye nu gbegblẽ vɔ̃ɖiwoe do tso eme.

Vɔ̃ɖinyenye Xɔ Anyigbaa Dzi

Biblia gblɔ na mí be: “Esi amewo de asi agbɔsɔsɔ me . . . eye wodzi nyɔnuwo la, mawuviwo kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ, eye woɖe wo dometɔ, siwo katã dze wo ŋu.” (Mose I, 6:1, 2) Ame kawoe nye ‘mawuvi’ mawo? Gbɔgbɔmenuwɔwɔwoe wonye, menye amegbetɔwoe o. (Hiob 1:6; 2:1) Aleke míewɔ nya? Susu ɖekae nye be, amegbetɔwo dome srɔ̃ɖeɖe nɔ edzi yim hena ƒe 1,500 sɔŋ eye mehiã be woagblɔ nya tɔxɛ aɖeke le eŋu o. Eya ta esi wohe míaƒe susu yi ‘mawuvi’ siwo do amegbetɔŋutilã heva ɖe “amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo” ƒe gbɔdɔnuwɔnawo dzi la, edze ƒãa be nudzɔdzɔ sia nye nuwɔna manɔdzɔdzɔmenu aɖe si medzɔ kpɔ o.

Dzidzimevi siwo ƒomevi do tso woƒe ɖekawɔwɔa me la ɖo kpe edzi be woƒe nuwɔna sia mele dzɔdzɔme nu o. Wonye dzidehlɔ̃mevi siwo tsi va zu ame dzɔtsu siwo woyɔna be Nefilimwo. Wonye anyrawɔla vɔ̃ɖiwo hã. Le nyateƒe me la, “Nefilimwo” gɔmee nye “Ameƒuanyilawo,” alo “ame siwo léa ame bubuwo ƒua anyi.” Woɖɔ ŋutasẽla siawo be wonye “ame kako xɔŋkɔ, siwo nɔ agbe le blema.”—Mose I, 6:4.

Nefilim siawo kple wo fofowo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nye esi gbɔ eme ŋutɔ. Mose I, 6:11 gblɔ be: “Xexeame gblẽ le Mawu ƒe ŋku me, eye nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi.” Ɛ̃, amegbetɔwo va srɔ̃ ame tovo siwo va ɖo wo dome la ƒe nuwɔna ɖigbɔ vɔ̃ɖiawo.

Alekee Nefilim siawo kple wo fofowo wɔ te ŋu kpɔ ŋusẽ vɔ̃ɖi ma gbegbe ɖe amegbetɔwo dzi? Esi wònye be amegbetɔwo nye nuvɔ̃mewo ta la, woto woƒe nuwɔnawo dzi ble wo. Nu kae do tso eme? Ena “amegbetɔwo katã ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi.” Mlɔeba la, Yehowa tsɔ Tsiɖɔɖɔ tsrɔ̃ xexe ma me nɔlawo katã, negbe ame dzɔdzɔe Noa kple eƒe ƒomea koe tsi agbe. (Mose I, 6:5, 12-22) Gake mawudɔla siawo siwo do amegbetɔŋutilã la trɔ yi gbɔgbɔmenutowo me kple ŋukpe. Esi wonye gbɔgbɔ vɔ̃ siwo woɖi gbɔe ta la, woyia edzi tsia tre ɖe Mawu kple eƒe ƒome si me mawudɔla wɔnuteƒewo le la ŋu. Edze abe tso ɣemaɣi la Mawu xɔ ŋusẽ le gbɔgbɔ vɔ̃ siawo si be womagate ŋu ado amegbetɔŋutilã ake o ene. (Yuda 6) Ke hã, wogakpɔtɔ kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo dzi kokoko.

Woʋu Go Vɔ̃ɖitɔ La Keŋkeŋ!

Woƒo nu tso ale si gbegbe Satana kpɔa ŋusẽ vɔ̃ ɖe ameƒomea dzii la ŋu le Yohanes I, 5:19 be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” Abosam le asi tum ʋuɖome na ameƒomea ɖo ta afɔku gã, si le abe ahom si nu le sesẽm ene la me. Le nyateƒe me la, eɖoe kplikpaa be yeagblẽ nu le ameƒomea ŋu fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. Nu ka tae? Elabena wonya woa kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa tso dziƒo esime woɖo Mawu ƒe Fiaɖuƒea anyi le ƒe 1914 me. Esime Biblia nɔ nu ƒom tso wo nyanya ŋu la, egblɔ ɖi be: “Baba na anyigba . . . ; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” (Nyaɖeɖefia 12:7-12) Ekema, alekee Satana le ŋusẽ kpɔm ɖe ameƒomea dzi egbea?

Mɔ si koŋ dzi Satana tona wɔa esiae nye to gbɔgbɔ aɖe si kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe tamebubu kple nuwɔnawo dzi la ƒaƒã ɖe wo me me. Esia tae Efesotɔwo 2:2 yɔ Abosam be “yameŋusẽ ƒe fia, si nye gbɔgbɔ [alo, nɔnɔme gbegblẽ] si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me” ɖo. Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe “gbɔgbɔ” sia si xɔ aƒe ɖi la medea mawuvɔvɔ̃ kple nyuiwɔwɔ ƒe dzi ƒo o, ke boŋ ɖe wòƒlɔa dzo ɖe amewo te be woadze aglã ɖe Mawu kple eƒe dzidzenuwo ŋu. Eya ta Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃woe nana amegbetɔwo wɔa nu vɔ̃ɖi siwo mele gbɔgblɔ me o la hedona wo ɖe ŋgɔ hã.

“Dzɔ Wò Dzi Ŋu”

Mɔ siwo nu “gbɔgbɔ” sia dzena le dometɔ ɖekae nye amamaɖeɖenuwɔnawo ƒe afɔku, si na be gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro manɔsenuwo nu le sesẽm ɖe edzi le amewo me, eye wònana gbɔdɔnuwɔna siwo mele dzɔdzɔmenu o la va doa dzidzɔ na wo. (Tesalonikatɔwo I, 4:3-5) Amewo gbɔ dɔdɔ sesẽe, amewo gbɔ dɔdɔ ŋutasesẽtɔe, ame gbogbowo ƒe ame gbɔ dɔdɔ sesẽe, lãwo gbɔ dɔdɔ, kple ɖeviwo gbɔ dɔdɔ sesẽe nye nu siwo woɖena fiana abe modzakaɖenuwo ene le amamaɖeɖenuwɔnawo me la dometɔ aɖewo. Amamaɖeɖenuwɔna siwo dzena abe ɖe naneke megblẽ le wo ŋu o ene kura gɔ̃ hã te ŋu va zua numame na ame eye wògblẽa nu le ame siwo kpɔna wo alo xlẽa nu tsoa wo ŋu la ŋu, eye wonana hã be ame va kpɔa dzidzɔ ɖe ale si nu mawo kpɔkpɔ nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe eyama me la ŋu helɔ̃a ekpɔkpɔ ɣesiaɣi. * Enye nu vɔ̃ɖi aɖe si gblẽa amewo dome ƒomedodo kple ƒomedodo si le ame kple Mawu dome la me. Amamaɖeɖenuwɔna ɖea gbɔgbɔ vɔ̃ siwo donɛ ɖe ŋgɔ la ƒe tamesusu gbegblẽwo fiana—wonye aglãdzela siwo ƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro manɔsenua dze egɔme tso keke Noa ƒe ɣeyiɣia me ke, do ŋgɔ na xexea me katã ƒe Tsiɖɔɖɔa.

Eya ta susu nyuiwo tae nunyala Salomo xlɔ̃ nu be: “Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eya me agbe tsona.” (Lododowo 4:23) Nu siwo nàwɔ ŋutɔŋutɔ atsɔ akpɔ wò dzi ta tso amamaɖeɖenuwɔna ƒe afɔkua mee nye be nàtrɔ television dɔwɔƒe si ƒe ɖeɖefia kpɔm nèle la, alo nàtsi kɔmpiuta la nenye be ɖeɖefia gbegblẽ siwo ŋu wotrɔ asi le be woanyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me la va dze le edzi, eye ele vevie be nàtso nya me enumake ahawɔ nu kpata! Kpɔe ɖa le susume be ènye asrafo si le agbagba dzem be yeaxe mɔ na aŋutrɔ si woda be woava tɔ wò dzi. Satana ƒe taɖodzinue nye be yeagblẽ nu le wò kpɔɖeŋudzi—si nye afi si wò ameʋãŋusẽ kple didiwo tsona—la ŋu ahagblẽ edome.

Ele hã be nàkpɔ wò dzi ta tso ŋutasẽnuwo lɔlɔ̃ me, elabena Abosam nyae be ‘Yehowa léa fu ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la.’ (Psalmo 11:5) Mehiã be Satana nana nàzu hlɔ̃dola hafi ana nanye Mawu ƒe futɔ o; nu si ko wòdie nye be yeaƒã ŋutasẽnulɔlɔ̃ ɖe mewò. Eya ta menye nudogoɖenunue wònye be ŋutasẽnuwɔwɔ, siwo me gbɔgbɔyɔyɔ nɔna zi geɖe la, yɔa sinimawo kple television dzi wɔnawo me fũu o. Nefilimwo ku gbe aɖe gbe ke eye wo nu yi, gake nɔnɔme si woɖe fia kple woƒe nuwɔnawo ƒomevi gabɔ egbea ŋutɔ! Ðe modzakaɖeɖe siwo nètiana ɖenɛ fiana be nèƒoa asa na Satana ƒe mɔ̃tetrewoa?—Korintotɔwo II, 2:11.

Ale Si Míawɔ Aƒo Asa Na Satana Ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Vɔ̃ɖi La

Vɔ̃ɖinyenye ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ate ŋu adze nu si dzi womate ŋu aɖu o. Biblia na míenya be ame siwo le agbagba dzem be yewoadze Mawu ŋu la le “kame tem kple . . . vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ,” hekpe ɖe kametete kple woa ŋutɔwo ƒe ŋutilã madeblibo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia ŋu. Hafi míate ŋu aɖu dzi le kametete sia me eye míaƒe nu nadze Mawu ŋu la, ehiã be míana kpekpeɖeŋu geɖe siwo Mawu nana la naɖe vi na mí.—Efesotɔwo 6:12; Romatɔwo 7:21-25.

Kpekpeɖeŋu siawo dometɔ ɖekae nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, si nye ŋusẽ si ƒo ŋusẽ siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la ta. Apostolo Paulo ŋlɔ na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be: “Míawo la míexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o, hafi [gbɔgbɔ], si tso Mawu gbɔ la boŋ míexɔ.” (Korintotɔwo I, 2:12) Ame siwo Mawu ƒe gbɔgbɔa fiaa mɔe la lɔ̃a nu siwo Mawu lɔ̃na heléa fu nu siwo wòléa fui. (Amos 5:15) Mɔ ka dzie ame ato axɔ gbɔgbɔ kɔkɔea? Mɔ vevitɔawoe nye gbedodoɖa, Biblia—si woto gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ŋlɔ—la sɔsrɔ̃, kple ha tuameɖowo dede kple ame siwo lɔ̃a Mawu le nyateƒe me la.—Luka 11:13; Timoteo II, 3:16; Hebritɔwo 10:24, 25.

Ne míena kpekpeɖeŋu siawo siwo Mawu nana ɖea vi na mí la, ekema “Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã,” si nye nu ɖeka hɔ̃ si akpɔ mía ta míanɔ te ɖe “Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu” lae nye ema dom míele. (Efesotɔwo 6:11-18) Kpekpeɖeŋu siawo ŋu dɔ wɔwɔ bliboe hiã kpata fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. Nu ka tae?

Vɔ̃ɖinyenye Nu Ayi Kpuie!

Hakpala la gblɔ be: “Ne ame vɔ̃ɖiwo mie abe gbe ene, eye nu vlo wɔlawo katã le se ƒom hã la, tsɔtsrɔ̃ ge ko woala ɖikaa.” (Psalmo 92:8) Nyateƒee, abe ale si wònɔ le Noa ƒe ŋkekeawo me ene la, ale si gbegbe vɔ̃ɖinyenye va keke tae la nye kpeɖodzi be menye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo koe tu aƒe o, ke boŋ eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃ siwo woatsɔ aƒu gbe ɖe aʋli me bene woagakpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea dzi o, eye emegbe woatsrɔ̃ wo ɖikaa la hã tu aƒe. (Timoteo II, 3:1-5; Nyaɖeɖefia 20:1-3, 7-10) Ame kae Mawu atsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ sia ade asi na? Mate ŋu anye ame bubu aɖeke wu Yesu Kristo o, elabena míexlẽ tso eyama ŋu be: “Esia ŋuti Mawuvi la ɖe eɖokui fia, bene yeagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me.”—Yohanes I, 3:8.

Ðe nèdi vevie be vɔ̃ɖinyenye nu nayia? Ne nenemae la, ekema àte ŋu ana ŋugbedodo siwo le Biblia me la nafa akɔ na wò. Agbalẽ bubu aɖeke meʋu go ame si gbɔ vɔ̃ɖinyenye dzɔ tso, si nye Satana, eye agbalẽ bubu aɖeke meɖe ale si woawɔ aɖe eyama kple eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiwo katã ɖa mlɔeba la me o. Míele dzi dem ƒo na wò be nàna sidzedze vavãtɔ si le Biblia me la nasu asiwò ale be nàte ŋu akpɔ ɖokuiwò ta tso Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖiwo me fifia, eye be agbenɔnɔ le xexe si me vɔ̃ɖinyenye manɔ o ƒe mɔkpɔkpɔ nasu asiwò.—Psalmo 37:9, 10.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Ŋkɔ si ŋutɔŋutɔ woyɔna na mawudɔla si va zu Satana mele nyanya o. Nya siwo nye “Satana” kple “Abosam” la ƒe gɔmeɖeɖewoe nye “Tsitretsiɖeŋula” kple “Amegɔmezɔla.” Satana ƒe nɔnɔmewo sɔ kple blema Tiro fia tɔ le go aɖewo me. (Xezekiel 28:12-19) Fɔɖiɖi menɔ wo kple evea siaa ƒe zɔzɔme ŋu le gɔmedzedzea me o, gake woawo ŋutɔwo ɖokui dodo ɖe dzi va zu mɔ̃ ɖe wo.

^ mm. 17 Kpɔ nyati siwo wota ku ɖe amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ŋu, si dze le August 8, 2003 ƒe Nyɔ! ƒe axa 19-26, si Yehowa Ðasefowo ta la me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]

Xotutu Siwo Me Nyateƒenya Aɖewo Le

Ŋutinya siwo ku ɖe mawu afã amegbetɔ afã, ame kakowo, kple tsiɖɔɖɔ si tsrɔ̃ xexea me katã ŋu la dze le blemaxotutuwo me le xexea me godoo. Le kpɔɖeŋu me, Akkadtɔwo ƒe Gilgamesh Ƒe Xotutu Didi la ƒo nu tso tsiɖɔɖɔ aɖe, tɔdziʋu aɖe, kple agbetsila aɖewo ŋu. Wogblɔ le Gilgamesh ŋutɔ ŋu be enye mawu afã amegbetɔ afã, si nye gbɔdɔdɔ ƒe agbe bliba nɔla aɖe si sẽa ŋuta ŋutɔ. Woƒo nu tso blemaxexe aɖe si me ame kakowo nɔ, kple tsiɖɔɖɔ gã aɖe ŋu le Aztektɔwo ƒe blemaxotutu hã me. Woƒo nu tso ame kakowo ƒe dzidzime aɖe kple ŋutsu nyanu aɖe si woyɔna be Bergelmir, si kpa tɔdziʋu gã aɖe tsɔ ɖe eya ŋutɔ kple srɔ̃a ƒe agbe la, ŋu le Norsetɔwo ƒe xotutu me. Ðaseɖiɖi si dze le xotutu mawo katã me la ɖoa kpe nya si Biblia gblɔ be amegbetɔwo katã dzɔ tso ame siwo tsi agbe le tsiɖɔɖɔ aɖe, si tsrɔ̃ blemaxexe vɔ̃ɖi aɖe, me la ƒe nyateƒenyenye dzi.

[Nɔnɔmetata]

Kpe si dzi woŋlɔ Gilgamesh Ƒe Xotutu Didi la ɖo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

The University Museum, University of Pennsylvania (neg. # 22065)

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nɔnɔme siwo nɔ Nefilimwo si la gadzena le amewo me egbea

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Sidzedze vavãtɔ kpɔa mía ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖiwo me