Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woatse Ku Le Tsitsi Me Ke Hã

Woatse Ku Le Tsitsi Me Ke Hã

Woatse Ku Le Tsitsi Me Ke Hã

“Wodo wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la me, . . . Woatse ku le tsitsi me ke hã.”—PSALMO 92:14, 15.

1, 2. (a) Alekee woƒoa nu tsoa tsitsi ŋu zi geɖe? (b) Ŋugbedodo kawoe le Ŋɔŋlɔawo me ku ɖe Adam ƒe nu vɔ̃a me tsonuwo ŋu?

TSITSI—nu ka dzie wò susu yina ne èse nya ma? Ŋutilãa ƒe ayiléle yea? Numasemase nyuie yea? Ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ yea? Alo nu bubu siwo “ŋkeke vɔ̃wo,” siwo ŋu woƒo nu tsoe tsitotsito le Nyagblɔla 12:1-7 la gblẽna le ame ŋu ye? Ne nenemae la, ele vevie be wòanɔ susume na wò be menye ale si Wɔla, Yehowa Mawu, ɖoe le gɔmedzedzea me be tsitsi nanɔ la ŋue woƒo nu tsoe le Nyagblɔla ta 12 o, ke boŋ ŋusẽ gbegblẽ si Adam ƒe nu vɔ̃a kpɔna ɖe amegbetɔ ƒe ŋutilã dzi ŋue woƒo nu tso.—Romatɔwo 5:12.

2 Menye fiƒodee tsitsi ŋutɔ nye le eɖokui si o, elabena be nu gbagbewo nayi edzi anɔ agbe la, ehiã be ƒewo nava nɔ yiyim. Le nyateƒe me la, nu gbagbewo katã ƒe tsitsi nyuie nye nu si ŋu míekpɔa ŋudzedze ɖo. Eteƒe madidi o, nu siwo gbegbe nu vɔ̃ kple blibomademade gblẽ hena ƒe akpe ade sɔŋ, siwo dometɔ aɖewo teƒe kpɔm míele la ava zu gbe aɖe gbe nya, eye ameƒomea me tɔ toɖolawo katã ase agbe ƒe vivi abe ale si Mawu ɖoe le gɔmedzedzea me ene, tsitsi ƒe nugbegblẽ le ame ŋu kple ku manɔmee. (Mose I, 1:28; Nyaɖeɖefia 21:4, 5) Ɣemaɣi la, ‘ame aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.’ (Yesaya 33:24) Ame tsitsiwo agbugbɔ aɖo woƒe “ɖekakpuiŋkekewo me,” eye “dzo aɖo [woƒe] lãme abe ɖekakpui ene.” (Hiob 33:25) Gake le fifiɣeyiɣiawo me la, ele be mí katã míakpe akɔ kple nu vɔ̃ si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ la. Ke hã, yayra geɖewo sua Yehowa subɔlawo ya si le mɔ tɔxɛwo nu ne wole tsitsim gɔ̃ hã.

3. Mɔ kawo nue Kristotɔwo ate ŋu ayi edzi ‘atse ku le tsitsi me’ le?

3 Mawu ƒe Nya na kakaɖedzi mí be ame siwo ‘wodo ɖe Yehowa ƒe aƒe me la, ayi edzi atse ku le tsitsi me ke hã.’ (Psalmo 92:14, 15) Hakpalaa zã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia tsɔ ɖe nyateƒe vevi sia ɖe go be Mawu subɔla wɔnuteƒewo ate ŋu ayi edzi awɔ ŋgɔyiyi, atse ku ahanɔ dzidzedze kpɔm le gbɔgbɔ me, ne wɔna le vɔvɔm le wo ŋu le ŋutilã me gɔ̃ hã. Biblia me kpɔɖeŋuwo kple egbegbe tɔwo siaa ɖo kpe nya sia dzi.

Medzona Gbeɖe O’

4. Aleke nyɔnu nyagblɔɖila tsitsi Hana ɖe veviedodonu fia le mawusubɔsubɔ mee, eye alekee woɖo eteƒe nɛ?

4 Bu nyɔnu nyagblɔɖila Hana, si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ŋu kpɔ. Esime wòxɔ ƒe 84 gɔ̃ hã la, “medzona le mawuƒe la me o [henɔa] Mawu subɔm kple nutsitsidɔ kpakple kukuɖeɖe zã kple keli.” Esi Hana nye nyɔnu si tso “Aser-ƒome me” eye fofoa menye Lewi vi o ta la, mate ŋu atsi gbedoxɔa me adɔ o. Kpɔ agbagba si gbegbe wòanya dzena be wòava gbedoxɔa me hena ŋdisubɔsubɔ ahanɔ afi ma va se ɖe fiẽsubɔsubɔ wɔɣi la ɖa! Woyra Hana geɖe ŋutɔ le eƒe veviedodonu le mawusubɔsubɔ me ta. Mɔnukpɔkpɔ su esi be wòkpɔ eteƒe esime Yosef kple Maria wokɔ Yesu si nye vidzĩ la va gbedoxɔa me be woatsɔe aɖo Yehowa ŋkume abe ale si Sea bia ene. Esi Hana kpɔ Yesu la, ‘ede asi Aƒetɔ la kafukafu me, eye wòƒo nu le eŋuti na ame siwo katã le Yerusalem ƒe ɖeɖekpɔkpɔ lalam.’—Luka 2:22-24, 36-38; Mose IV, 18:6, 7.

5, 6. Mɔ kawo nue ame tsitsi geɖewo ɖea nɔnɔme si nɔ Hana si la tɔgbi fiana le egbea?

5 Egbea la, ame tsitsi geɖewo le mía dome siwo wɔa nu abe Hana ene; wodea kpekpeawo edziedzi, wodoa gbe ɖa vevie hena tadedeagu vavãtɔa ƒe ŋgɔyiyi, eye wodina vevie be yewoakpɔ gome le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me. Nɔviŋutsu aɖe si le eƒe ƒe 80-awo me eye woa kple srɔ̃a wodea Kristotɔwo ƒe kpekpeawo edziedzi la gblɔ be: “Míena kpekpeawo dede va zu numame na mí. Míedina be míanɔ afi bubu aɖeke o. Afi si Mawu ƒe amewo le la, afi mae míedina be míanɔ. Afi mae míaƒe dzi dzea eme le.” Kpɔɖeŋu dedziƒoname kae nye esi na mí katã!—Hebritɔwo 10:24, 25.

6 Nya si Jean, si nye Kristotɔ ahosi aɖe si le eƒe ƒe 80-awo me la gblɔna edziedzie nye be: “Ne wole nane wɔ ge si ku ɖe tadedeagu vavãtɔa ŋuti eye mate ŋu akpɔ gome le eme la, medina be maƒo ɖokuinye ɖe eme.” Egblɔ kpee be: “Enye nyateƒe be meléa blanui ɣeaɖewoɣi ya, gake ɖe wòle be amewo katã nalé blanui ne melé blanuia?” Esi eƒe ŋkuwo dzi le keklẽm kple dzidzɔ sɔŋ la, egblɔ be edoa dzidzɔ na ye ŋutɔ be yeaɖi tsa ayi dukɔ bubuwo me ahade gbɔgbɔmewɔna tuameɖowo wɔƒe. Nyitsɔ laa le woƒe tsaɖiɖi aɖe me la, egblɔ na eƒe mɔzɔhatiwo be, “Nyemedi be magaɖi tsa ayi ɖakpɔ blemafiasãwo ake o; medi be mayi gbeadzi!” Togbɔ be Jean mese gbe si wodona le nutoa me o hã la, edze agbagba na be amewo va tsɔ ɖe le Biblia me gbedeasia me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ekpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le hame aɖe si me hiahiã nɔ me hena ƒe geɖe, togbɔ be esia bia tso esi be wòasrɔ̃ gbe bubu eye wòazɔ gaƒoƒo ɖeka ƒe mɔ hafi ade kpekpeawo hã.

Susua Zazã Ɣesiaɣi

7. Esime Mose xɔ ƒe geɖe la, aleke wòɖee fia be yedi vevie be ye kple Mawu dome ƒomedodoa me nasẽ ɖe edzi?

7 Nunya geɖe sua ame si ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. (Hiob 12:12) Gake ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me ya mevana le eɖokui si ne ame le tsitsim o. Eya ta Mawu subɔla wɔnuteƒewo mekpɔa ŋudzedze ɖe nunya siwo wotu ɖo le ɣeyiɣi siwo va yi me la ɖeɖe ko ŋu o, ke boŋ wodzea agbagba vevie be yewoadzi yewoƒe “nunyanya ɖe dzi” esime ƒeawo va le yiyim. (Lododowo 9:9) Mose xɔ ƒe 80 esime Yehowa de dɔ asi nɛ. (Mose II, 7:7) Menye nu si bɔ be woanɔ agbe nenema gbegbe le eƒe ŋkekeawo me o, elabena eŋlɔ bena: “Míaƒe agbenɔƒewo nye ƒe blaadre, ne ede ƒã la, ƒe blanyi.” (Psalmo 90:10) Ke hã, Mose mese le eɖokui me be yetsi akpa na nusɔsrɔ̃ o. Togbɔ be Mose subɔ Mawu hena ƒe blananewo, eye subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo su esi, eye wòtsɔ agbanɔamedzi kpekpewo hã la, egaƒo koko na Yehowa be: “Na manya wò mɔwo, eye madze si wò.” (Mose II, 33:13) Mose di vevie be ye kple Yehowa dome ƒomedodoa me nanɔ sesẽm ɖaa.

8. Aleke Daniel zã eƒe susu le eƒe ƒe 90-awo me, eye nu kawoe do tso eme?

8 Togbɔ be nyagblɔɖila Daniel anya nɔ eƒe ƒe 90-awo me hã la, egakpɔtɔ dzroa ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo me kokoko. Nu siwo ŋu wòke ɖo le ‘agbalẽawo’—siwo anya lɔ Mose ƒe Agbalẽ III, Yesaya, Yeremya, Hosea, kple Amos ƒe agbalẽawo ɖe eme—me la ʋãe wòdi Yehowa le gbedodoɖa me vevie. (Daniel 9:1, 2) Wotsɔ nyatakaka siwo tso gbɔgbɔ me, siwo ku ɖe Mesia la ƒe vava kple ale si tadedeagu dzadzɛa anɔ le etsɔme ŋuti la, ɖo gbedodoɖa ma ŋui.—Daniel 9:20-27.

9, 10. Nu kae ame aɖewo wɔ bene woanɔ susua zãm ɣesiaɣi?

9 Abe Mose kple Daniel ene la, míate ŋu aku kutri anɔ susua zãm ɣesiaɣi ahana wòanɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu zi ale si ŋutete nya le mía ŋu ko. Ame geɖe le ewɔm nenema. Kristotɔ hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye, Worth, si le eƒe ƒe 80-awo me la dzea agbagba vevie ɖua gbɔgbɔmenuɖuɖu si “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” nana la ɖe ɣeyiɣi dzi. (Mateo 24:45) Egblɔ be: “Melɔ̃ nyateƒea ale gbegbe, eye edoa dzidzɔ nam ŋutɔ ne mekpɔ nyateƒea ƒe kekelia wòle kɔkɔm ɖe edzi.” (Lododowo 4:18) Fred, si zã ƒe siwo wu 60 le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me la, hã kpɔe be dzeɖoɖo kple haxɔsetɔwo tso Biblia me nyawo ŋu dea dzo ame me le gbɔgbɔ me. Egblɔ be: “Ehiã be mana Biblia me nyawo nanɔ agbe le nye susu me. Ne àte ŋu ana Biblia nanɔ agbe—alo be gɔmesese nanɔ emenyawo ŋu—eye ne àte ŋu ana nu siwo srɔ̃m nèle nawɔ ɖeka kple ‘nya, siwo le blibo’ la, ekema menye nyatakakawo koe anɔ susume na wò o. Àte ŋu akpɔ akpa tɔxɛ si koŋ nyateƒenya ɖe sia ɖe wɔna le eme la hã, abe kpe xɔasi siwo klẽna le kɔdzonu ŋuti ene.”—Timoteo II, 1:13.

10 Tsitsi mexea mɔ na ame kokoko be magate ŋu asrɔ̃ nu yeyewo kple nu sesẽwo o. Ame geɖe siwo le woƒe ƒe 60, 70, kple 80-awo kura gɔ̃ hã me te ŋu ɖu agbalẽmanyamanya ƒe kuxia dzi, alo te ŋu srɔ̃ gbe yeye aɖe gɔ̃ hã. Yehowa Ðasefowo dometɔ aɖewo wɔ esia kple susu be yewoakpɔ gome le nya nyuia gbɔgblɔ na dukɔ vovovo me tɔwo me. (Marko 13:10) Harry kple srɔ̃a wonɔ woƒe ƒe 60-awo me esime wotso nya me be yewoayi aɖakpe asi ɖe dɔa ŋu le Portugalgbedolawo ƒe anyigbamama aɖe me. Harry gblɔ be: “Le nyateƒe me la, dɔ ɖe sia ɖe wɔwɔ sesẽna ne wole tsitsim.” Ke hã, to agbagbadzedze kple veviedodonu me la, wote ŋu srɔ̃a Biblia kple amewo le Portugalgbe me. Ƒe geɖewoe nye esia la, Harry ƒoa nuƒowo le nutome gã takpekpewo me le gbe yeye si wòsrɔ̃ me.

11. Nu ka tae wòle be míadzro nu siwo ame tsitsi wɔnuteƒe aɖewo te ŋu wɔ me ɖo?

11 Enye nyateƒe be menye ame sia amee lãmesẽ alo nɔnɔmeawo ate ŋu aɖe mɔ na woawɔ nu siawo o. Ke, nu ka tae wòle be míadzro nu siwo ame tsitsi aɖewo te ŋu wɔ la me ɖo? Ka ɖe edzi be menye susuae nye be ele be ame sia ame nawɔ nu mawo ke o. Ke boŋ esia le ɖekawɔwɔ me kple nya si apostolo Paulo ŋlɔ na Hebri Kristotɔwo ku ɖe hamemetsitsi wɔnuteƒewo ŋu be: “Esi miele ŋku lém ɖe wo ŋu hele nu siwo dona tsoa woƒe agbenɔnɔ me kpɔm la, misrɔ̃ woƒe xɔse.” (Hebritɔwo 13:7, NW) Ne míeléa ŋku ɖe dzonɔameme ƒe kpɔɖeŋu mawo ŋu la, míate ŋu akpɔ dzideƒo asrɔ̃ xɔse si ʋã ame tsitsi siawo le woƒe subɔsubɔdɔwɔwɔ na Mawu me. Esi Harry, si xɔ ƒe 87 fifia, le nu si ʋãe me ɖem la, egblɔ be: “Medi be mazã nye ƒe susɔeawo nunyatɔe le mɔ nyuitɔ kekeake si mate ŋui la nu le Yehowa subɔsubɔ me.” Fred si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la kpɔa dzidzɔ geɖe le eƒe Betel dɔdeasiwo wɔwɔ me. Egblɔ be: “Ele be nànya nu si nàte ŋu awɔ le Yehowa subɔsubɔ me nyuie wu la, eye nàyi edzi anɔ ewɔm.”

Wosubɔ Kple Dzi Blibo Togbɔ Be Woƒe Nɔnɔmewo Trɔ Hã

12, 13. Alekee Barzilai wɔ etɔ sinua le mawusubɔsubɔ me togbɔ be ŋutete boo megava nɔ eŋu o hã?

12 Tenɔnɔ ɖe tɔtrɔ siwo vaa ame ƒe ŋutilã me le tsitsime nu ate ŋu asesẽ. Togbɔ be ele nenema hã la, ame tsitsiwo ate ŋu awɔ wotɔ sinua le mawusubɔsubɔ me. Gileadtɔ Barzilai ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le go sia me. Esime wòxɔ ƒe 80 la, eɖe amedzrowɔwɔ ƒe nɔnɔme ɖedzesi aɖe fia Dawid kple eƒe aʋakɔa, esi wòna nuɖuɖu kple dɔƒe wo le Absalom ƒe aglãdzeɣia. Esime Dawid trɔ yina Yerusalem la, Barzilai kplɔ eya kple eŋutimewo va ɖo ɖe Yordan Tɔsisia godo. Dawid gblɔ na Barzilai be wòava nɔ ye gbɔ le fiasãa me. Alekee Barzilai ɖo eŋu? Egblɔ be: “Ƒe blanyi mexɔ egbe siawo. . . . Ðe nusi wò dɔla ɖuna, eye wònona la, gavivia enua? Alo ɖe maganɔ hadzilaŋutsuwo kpe hadzilanyɔnuwo ƒe gbe sema? . . . Kpɔ ɖa, wò dɔla Kimham neyi kple nye aƒetɔ fia la, eye nàwɔ nusi nyo ŋuwò la nɛ!”—Samuel II, 17:27-29; 19:32-41.

13 Togbɔ be tsitsimetɔtrɔwo nɔ fu ɖem na Barzilai hã la, ewɔ nu si wòate ŋui tsɔ kpe asi ɖe fia si Yehowa ɖo la ŋu. Togbɔ be enyae be yemagate ŋu ase nu ƒe vivi alo ase nu nyuie abe ale si wònɔ tsã ene o hã la, mena esia do nuxaxa nɛ o. Ke boŋ ale si Barzilai lɔ̃ faa ɖokuitɔmadimaditɔe be Kimham naxɔ viɖe siwo wòle be yeaxɔ hafi la, ɖe eƒe amenyenye ememetɔa fia. Abe Barzilai ene la, ame tsitsi geɖewo ɖea ɖokuitɔmadimadi kple dɔmenyonyo ƒe gbɔgbɔ nyui sia ke fiana egbea. Wowɔa wotɔ sinua tsɔ kpea asi ɖe tadedeagu vavãtɔa ŋu, elabena wonyae be “nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu.” Yayra ka gbegbee nye esi wònye be nuteƒewɔla siawo le mía dome!—Hebritɔwo 13:16.

14. Alekee ale si Dawid tsi le ƒe me la na míegase nya siwo dze le Psalmo 37:23-25 la gɔme nyuie wu?

14 Togbɔ be Dawid to nɔnɔme vovovowo me esime ƒeawo va nɔ yiyim hã la, ekpɔtɔ ka ɖe edzi be ale si Yehowa léa be na esubɔla wɔnuteƒewo la metrɔna gbeɖe o. Le eƒe agbenɔƒe ƒe nuwuwu lɔƒo la, ekpa ha aɖe si va zu Psalmo 37 lia si míenya nyuie egbea. Wò ya bu eŋu kpɔ ko be Dawid le ŋugble dem vevie esime wònɔ kasaŋku ƒom henɔ ha sia dzim be: “Yehowa lia ke ŋutsu ƒe afɔɖeɖe, nenye be, eƒe mɔwo dze eŋu. Ne edze anyi la, maɖo baba ɖe anyi o, elabena Yehowa léa eƒe asi ɖe te. Menɔ ɖevime tsã, eye azɔ metsi, ke nyemekpɔ be, wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi, eye viawo ɖo abologbe kpɔ o.” (Psalmo 37:23-25) Yehowa kpɔe be esɔ be Dawid ƒe tsitsi ŋu nya nadze le psalmo sia si tso gbɔgbɔ me la me. Aleke gbegbee esia na nya ʋãdziname siawo gawɔa dɔ ɖe ame dzi wui enye esi!

15. Alekee apostolo Yohanes ɖo nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi ne nɔnɔmeawo va trɔ kple le amegãkuɣi ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi?

15 Ame bubu si hã ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi me, ne nɔnɔmeawo va trɔ kple le amegãkuku ƒe ɣeyiɣiwo me, lae nye apostolo Yohanes. Le Yohanes ƒe mawusubɔsubɔ hena ƒe 70 kloe megbe la, woɖe aboyoe yi ɖe Patmo ƒukpo la dzi “le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta.” (Nyaɖeɖefia 1:9) Ke hã, ema mena eƒe dɔa wu enu o. Le nyateƒe me la, Yohanes ƒe agbenɔƒe ƒe nuwuwue wòŋlɔ Biblia me nuŋlɔɖi siwo katã wòŋlɔ la. Esime wònɔ Patmo la, woɖe Nyaɖeɖefia ƒe ŋutega wɔnuku la fiae, eye wòŋlɔe ɖi pɛpɛpɛ. (Nyaɖeɖefia 1:1, 2) Ame geɖe susui be Roma Fiagã Nerva ƒe dziɖuɣie woɖe asi le Yohanes ŋu tso aboyo me. Le ema megbe, le ƒe 98 M.Ŋ. me, esime Yohanes xɔ abe ƒe 90 alo 100 ene la, eŋlɔ eƒe Nyanyuigbalẽa kple Biblia gbalẽ etɔ̃ bubu siwo ŋu eƒe ŋkɔ le.

Dzidodo Ŋuti Kpɔɖeŋu Si Anɔ Anyi Ðaa

16. Aleke ame siwo megate ŋu ƒoa nu o la ɖea woƒe lɔlɔ̃ na Yehowa fianae?

16 Nu vovovoe nana seɖoƒe va nɔa ame ƒe ŋutete ŋu, eye nu siawo kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo megate ŋu va ƒoa nu o. Ke hã, wogadea asixɔxɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve siwo dzi wogaɖoa ŋkui dzidzɔtɔe la ŋu. Togbɔ be seɖoƒe va li na woƒe nuƒoƒo ŋutete hã la, wogblɔna na Yehowa le woƒe dzi me be: “Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Nye ŋugbledede wònye ɖaa.” (Psalmo 119:97) Yehowa hã nya ame siwo “léa ŋku ɖe eƒe ŋkɔ ŋu,” eye wòdea dzesi ale si gbegbe ame siawo to vovo tso ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ siwo metsɔa ɖeke le eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ me o la gbɔe. (Maleaxi 3:16; Psalmo 10:4) Aleke gbegbe wòfaa akɔ na míi enye esi be míenyae be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe dzimesusuwo ŋu!—Kronika I, 28:9; Psalmo 19:15.

17. Nu kae ame siwo subɔ Yehowa hena ɣeyiɣi didi la wɔ, si le etɔxɛe?

17 Nu si mele be míaŋlɔ be o enye be ame siwo subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe hena ƒe blananewo la te ŋu wɔ nane si le etɔxɛ, si womate ŋu awɔ to mɔ bubu aɖeke nu o—woɖo dzidodo ŋuti kpɔɖeŋu si anɔ anyi ɖaa la ɖi. Yesu gblɔ be: “Le miaƒe dzigbɔɖanyi [alo dzidodo] me la miaɖe miaƒe luʋɔwo.” (Luka 21:19) Dzidodo hiã vevie bene agbe mavɔ nasu mía si. Mi ame siwo wɔ “Mawu ƒe lɔlɔ̃nu” hetsɔ miaƒe agbenɔnɔ ɖo kpe miaƒe nuteƒewɔwɔ dzi la, miate ŋu anɔ mɔ kpɔm hena ‘ŋugbedodo la xɔxɔ.’—Hebritɔwo 10:36.

18. (a) Nu kae doa dzidzɔ na Yehowa le ame tsitsiwo ŋu? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

18 Yehowa dea asixɔxɔ wò subɔsubɔ tso dzi blibo me la ŋu, ne nu si nàte ŋu awɔ la sɔ gbɔ alo le ʋɛ hã. Eɖanye nu ka kee le dzɔdzɔm ɖe ‘ame si míenye le gotagome’ dzi esime míele tsitsim o, woate ŋu awɔ ‘ame si míenye le ememe’ ya yeye gbe sia gbe. (Korintotɔwo II, 4:16) Ðikeke mele eme o be Yehowa dea asixɔxɔ nu siwo nèwɔ va yi la ŋu, eye eme kɔ ƒãa be ekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo wɔm nèle fifia le eƒe ŋkɔa ta la hã ŋu. (Hebritɔwo 6:10) Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro viɖe si gbegbe le nuteƒewɔwɔ ma tɔgbi me la me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Kpɔɖeŋu nyui kae Hana ɖo ɖi na Kristotɔ tsitsi siwo li egbea?

• Nu ka tae tsitsi mexea mɔ na ame godoo be wòawɔ etɔ sinua o?

• Alekee ame tsitsiwo ate ŋu ayi edzi anɔ wotɔ sinua wɔm le mawusubɔsubɔ me?

• Alekee Yehowa bua subɔsubɔ si ame tsitsiwo tsɔna nanɛ la?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Amegãɖeɖi Daniel lé ŋku ɖe “agbalẽwo” me henya ɣeyiɣi didi si Yuda anɔ aboyo me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Ame tsitsi geɖewo ɖoa kpɔɖeŋu nyui to kpekpeawo dede edziedzi, gbeƒãɖeɖe dzonɔamemetɔe, kple dzotsɔtsɔ ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu me