Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èle Yehowa Srɔ̃m Le Beléle Na Amewo Mea?

Èle Yehowa Srɔ̃m Le Beléle Na Amewo Mea?

Èle Yehowa Srɔ̃m Le Beléle Na Amewo Mea?

“MITSƆ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe [Mawu] dzi; elabena eyama léa be na mi.” (Petro I, 5:7) Amekpekpe lɔlɔ̃tɔe kae nye esi! Yehowa Mawu tsɔa ɖe le eme na eƒe amewo dometɔ ɖe sia ɖe vevie. Míate ŋu anɔ dedie le eƒe asiwo me.

Ele be míawo hã míatu beléname ƒe nɔnɔme ma ke ɖo ahanɔ eɖem fia. Esi míede blibo o ta la, ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe mɔtetre aɖewo ŋu ne míele ɖetsɔleme ɖem fia amewo. Hafi míaƒo nu tso wo dometɔ aɖewo ŋu la, mina míakpɔ mɔ siwo nu Yehowa léa be na eƒe amewo le la dometɔ aɖewo ɖa gbã.

Hakpala Dawid zã alẽkplɔla tsɔ wɔ Mawu ƒe beléname ƒe kpɔɖeŋu ale: “Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehiãam o. Lãnyiƒe damawo wòna metsyɔ akɔ ɖo; gbɔɖemeƒe tɔwo nu wòkplɔm yii. Ena nye luʋɔ gbɔ ɖe eme, . . . Ne mezɔ bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o, elabena wòe le gbɔnye; wò atikplɔ kple wò atizɔti faa akɔ nam.”—Psalmo 23:1-4.

Esi Dawid ŋutɔ nye alẽkplɔla ta la, enya nu si beléle na alẽwo lɔ ɖe eme. Alẽkplɔla kpɔa eƒe alẽwo ta tso lã lénuwo abe dzatawo, amegãxiwo, kple sisiblisiwo ene si me. Ekpɔa egbɔ be alẽawo meka hlẽ o, dia esiwo bu, kɔa esiwo ŋu ɖeɖi te la ɖe akɔnu, eye wòkpena ɖe esiwo dze dɔ kple esiwo xɔ abi la ŋu. Enaa tsi alẽawo gbe sia gbe. Esia mefia be alẽkplɔlaa kpɔa ŋusẽ ɖe alẽawo ƒe nuwɔna ɖe sia ɖe dzi o. Alẽawo vo evɔ wohele takpɔkpɔ te.

Nenemae Yehowa léa be na eƒe amewoe. Apostolo Petro gblɔ be: ‘Wole mia ŋu dzɔm le Mawu ƒe ŋusẽ me.’ Le afi sia la, nyagbɔgblɔ “wole mia ŋu dzɔm” fia le nya ŋutɔŋutɔ nu be wole mia dzi kpɔm. (Petro I, 1:5) Esi Yehowa tsɔ ɖe le eme na mí vavã ta la, eƒe ŋku nɔa mía ŋu ɣesiaɣi, enɔa klalo be yeana kpekpeɖeŋu mí ɣesiaɣi si míebia ye. Ke hã, Yehowa wɔ mí hena tiatiawɔblɔɖe mí, eya ta medea nu míaƒe nuwɔna kple nyametsotso ɖe sia ɖe me o. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa le go sia mee?

Srɔ̃ Mawu Le Beléle Na Viwòwo Me

“Ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ.” Eya ta, ele be dzilawo nakpɔ wo viwo ta ahalé be na wo. (Psalmo 127:3) Esia abia be woakpe ɖe ɖeviawo ŋu be woaɖe woƒe susuwo kple seselelãmewo agblɔ, eye woabu woƒe susu kple seselelãmewo ŋu ne wole nu wɔm kpli wo. Ne dzilawo dina be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe wo viwo ƒe nuwɔna ɖe sia ɖe dzi woƒe didiwo ŋu mabumabui la, ɖeko wòanɔ abe agbagbadzedze be woade ka alẽwo hafi akplɔ wo ene. Alẽkplɔla aɖeke makplɔ eƒe alẽwo nenema o; eye Yehowa hã mekplɔa mí nenema o.

Mariko * ʋu eme be: “Ƒe geɖewoe nye esia la, ɖeko menɔa gbɔgblɔm na vinyewo be, ‘miwɔ esia,’ eye ‘migawɔ ekemɛ o.’ Mexɔe se be nye agbanɔamedzie nye esia, esi nyee dzi wo ta. Nyemekafua wo gbeɖe o, eye nyemeɖoa dze gobi aɖeke kpli wo o.” Togbɔ be Mariko vinyɔnu ɖoa dze kple exɔlɔ̃wo le telefon dzi gaƒoƒo geɖe hã la, wo kple dadaa womeɖoa dze wòdidina o. Mariko yi edzi be: “Emegbe meva kpɔ vovototoa dze si. Ne vinyea le nu ƒom kple exɔlɔ̃wo la, egblɔa nya siwo ɖea nugɔmesename fiana, abe ‘Ɛ̃, melɔ̃ ɖe edzi’ alo ‘Nenema ko wòle le nye hã gonyemee’ ene. Mete nya mawo zazã tsɔ naa vinyea ɖea eƒe susuwo gblɔna, eye eteƒe medidi o míeva ɖoa dze viviwo wòdidina wu tsã.” Esia ɖe dzeɖoɖo nyuie ƒe vevienyenye fia, esi nyea ame eve dome dzeɖoɖo ɣesiaɣi, ke menye esi ame ɖeka xɔa nyaa katã gblɔna o.

Ele be dzilawo nana wo viwo naɖe woƒe susuwo agblɔ, eye ele na ɖeviwo be woase egɔme be yewo dzilawo ƒe ɖetsɔtsɔ le eme na yewo kpɔa yewo ta. Biblia ɖo aɖaŋu na ɖeviwo be woaɖo to wo dzilawo; eye wòɖe susu si tae la gblɔ ale: “Bene wòanyo na wò, eye nanɔ agbe didie le anyigba dzi!” (Efesotɔwo 6:1, 3) Toɖoɖo nɔa bɔbɔe na ɖevi siwo kana ɖe edzi vevie be ɖokuibɔbɔ ɖe yewo dzilawo te ɖea vi na yewo la.

Le Beléle Na Yehowa Ƒe Alẽha La Me

Yehowa ƒe ɖetsɔtsɔ le eme na mí lɔlɔ̃tɔe dzena le Kristo hamea me. Yesu Kristo si nye hamea ƒe Ta fiaa mɔ hamemetsitsiwo be woalé be na yeƒe alẽawo. (Yohanes 21:15-17) Helagbe me nya si gɔme woɖe be dzikpɔla do ƒome kple dɔwɔnya aɖe si fia “kpɔ nu dzi nyuie.” Esi Petro nɔ gbe tem ɖe ale si woawɔ esia dzi la, exlɔ̃ nu hamemetsitsiwo be: “Minyi Mawu ƒe alẽha, si le mia dome, eye mikpɔ edzi; menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu nu; menye le viɖe ƒoɖi ta o, ke boŋ kple dzi faa; menye abe amesiwo ɖu aƒetɔ ɖe hame, si wode asi na wo la, dzi ene o, ke boŋ abe amesiwo nye kpɔɖeŋu na hame la ene.”—Petro I, 5:2, 3.

Nyateƒee, hamemetsitsiwo ƒe dɔa le abe alẽkplɔlawo ƒe dɔ ene. Ele be Kristotɔ hamemetsitsiwo nalé be na ame siwo dze dɔ le gbɔgbɔ me ahaɖɔ wo ɖo bene woƒe agbenɔnɔ nawɔ ɖeka kple dzidzenu dzɔdzɔeawo. Hamemetsitsiwo ƒe agbanɔamedzie wònye be woawɔ ɖoɖo ɖe hamea me dɔwo kple kpekpewo ŋu, eye woakpɔ egbɔ be nuwo yi edzi nyuie le hamea me.—Korintotɔwo I, 14:33.

Ke hã, Petro ƒe nya siwo míeyɔ va yi la he míaƒe susu yi afɔku aɖe dzi—eyae nye hamemetsitsiwo ƒe ‘aƒetɔ ɖuɖu ɖe hame la dzi.’ Nu siwo ɖea esia fianae nye be hamemetsitsi aɖe nanɔ sewo dem madzemadzee. Hamemetsitsi ate ŋu awɔ nu wòagbɔ eme le eƒe didi vevie be yeakpɔ alẽhaa ta la ta. Le hame aɖe si le Asia ƒe ɣedzeƒenutowo me la, hamemetsitsiwo de se aɖewo ɖe ale si woado gbe na amewo le Fiaɖuƒe Akpata me—abe ame si ado gbea gbã ene—ŋu hexɔe se vevie be se siawo dzi wɔwɔ ana be ŋutifafa nanɔ hamea me. Togbɔ be ɖikeke mele eme o be susu nyuiwo tae wòde se siawo ɖo hã la, ɖe hamemetsitsi siawo le ale si Yehowa léa be na eƒe amewoe la srɔ̃m mahã? Eɖe dzesi ŋutɔ be apostolo Paulo ƒe tamesusu ƒe nɔnɔme dze le eƒe nya siawo me: “Menye bena, míeɖua aƒetɔ ɖe miaƒe xɔse dzi o, ke míenye hadɔwɔlawo na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ; elabena miele tsitre le xɔse me.” (Korintotɔwo II, 1:24) Yehowa kana ɖe eƒe amewo dzi.

Tsɔ kpe ɖe asaƒoƒo na se siwo metso Ŋɔŋlɔawo me o dede ŋu la, hamemetsitsi lébenamewo ɖea ɖetsɔleme vavã fiana ne womeʋua go amewo ƒe nya ɣaɣlawo o. Woƒe susu nɔa Mawu ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Megaʋu go ame tutɔ ƒe nya ɣaɣla [o].”—Lododowo 25:9.

Apostolo Paulo tsɔ Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame la sɔ kple amegbetɔ ƒe ŋutilã: “Mawu wɔ ŋutilã . . . bene mamã aɖeke naganɔ ŋutilã me o, ke ŋutinuwo nalé be na wo nɔewo sɔsɔe boŋ.” (Korintotɔwo I, 12:12, 24-26) Nu si Helagbe me nyagbe si gɔme woɖe be ‘woalé be na wo nɔewo sɔsɔe’ fia le nyagbea nue nye be ‘woatsi dzi ɖe wo nɔewo ŋu.’ Ele be Kristo hamea me tɔwo natsɔ ɖe le eme na wo nɔewo vevie.—Filipitɔwo 2:4.

Aleke Kristotɔ vavãwo ate ŋu aɖee afia be ‘yewotsia dzi ɖe yewo nɔewo ŋu’? Woate ŋu aɖee afia be yewotsɔa ɖe le eme na hamea me tɔ bubuwo to woƒe gbedodoɖawo kple kpekpeɖeŋu si hiã ŋutɔŋutɔ nana ame siwo hiã tu la dzi. Esia naa ame bubuwo hã ɖea woƒe nɔnɔme nyuiwo fiana. Bu ale si ɖetsɔleme lɔlɔ̃tɔe ʋã ame aɖewo wokpe ɖe Tadataka ŋu kpɔ. Esi wòxɔ nyɔnyrɔ le eƒe ƒe 17 lia xɔxɔ me la, eya ɖeka koe nye woƒe ƒomea me tɔ si nɔ Yehowa subɔm. Egblɔ be: “Ƒome aɖe si le hamea me kpeam zi geɖe yia woƒe aƒe me na nuɖuɖu kple kplɔ̃ɖoɖowo. Metoa wo gbɔ ŋdi sia ŋdi kloe ne meyina suku, eye míedzroa ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me. Woɖoa aɖaŋu nam le ale si makpɔ kuxi siwo medoa goe le suku gbɔe, eye míedoa gbe ɖa tso wo ŋu ɖekae. Mesrɔ̃ nunana ame tso ƒome sia gbɔ.” Tadataka tsɔ nu siwo wòsrɔ̃ la le dɔwɔwɔ me dem fifia to subɔsubɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo dometɔ ɖeka me.

Apostolo Paulo xlɔ̃ nu tso ɖetsɔtsɔ le eme na amewo ƒe mɔtetre bubu aɖe hã ŋu. Eƒo nu tso nyɔnu aɖewo siwo va zu “nu kpoloe ƒolawo kple yakanuwɔlawo hã henɔa nya madzetowo gblɔm” la ŋu. (Timoteo I, 5:13) Togbɔ be esɔ be míatsɔ ɖe le eme na amewo hã la, ele be míakpɔ nyuie be míagava nɔ nu dem amewo ŋutɔ ƒe nyawo me o. Ðetsɔtsɔ le ame bubuwo me si gbɔ eme dzena le ‘nya madzetowo gbɔgblɔ’ me, abe vodada didi le amewo ŋu ene me.

Anyo be míaɖo ŋku edzi be Kristotɔwo ate ŋu ato vovo le ale si wokpɔa woƒe nyawo gbɔe, nu si wotiana be yewoaɖu, kple modzakaɖeɖe ɖɔʋu si dzɔa dzi na wo me. Hamea me tɔ ɖe sia ɖe kpɔ mɔ atia nu si wòdi be yeawɔ zi ale si menya tsi tre ɖe Biblia me gɔmeɖosewo ŋu o ko. Paulo xlɔ̃ nu Roma Kristotɔwo be: “Migana míadrɔ̃ ʋɔnu mía nɔewo o. . . . Minɛ míanɔ nusiwo nye ŋutifafatɔ kple nusiwo woatsɔ atu ame nɔewo la yome.” (Romatɔwo 14:13, 19) Ele be míaƒe ɖetsɔtsɔ le eme na mía nɔewo le hamea me nadze le ale si míanɔ klalo ɣesiaɣi be míakpe ɖe wo ŋu me, ke menye be míanɔ nu dem ame bubuwo ƒe nya me dzodzro o. Ne míeléa be na mía nɔewo alea la, lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ gbaa go le ƒomea kple hamea siaa me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Na viwòwo naɖe woƒe susuwo agblɔ to wo kafukafu kple nugɔmesese na wo me